Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yesu Naa Xɔxɔ—Mɔ Ka Nu?

Yesu Naa Xɔxɔ—Mɔ Ka Nu?

Yesu Naa Xɔxɔ—Mɔ Ka Nu?

“Yesu naa xɔxɔ!” “Yesue nye mía Ðela!” Le dukɔ geɖe me le xexeame godoo la, woŋlɔa nya siawo ƒomevi ɖe xɔwo ŋu kple amenɔƒe bubuwo. Ame miliɔn geɖe ka ɖe edzi vevie be Yesue nye yewo Ðela. Ne èbia wo be, “Aleke Yesu ɖe míe?” la, ɖewohĩ woaɖo eŋu be, “Yesu ku ɖe mía ta” alo, “Yesu ku ɖe míaƒe nuvɔ̃wo ta.” Ẽ, Yesu ƒe ku na wòle bɔbɔe na mí be míakpɔ xɔxɔ. Gake aleke ame ɖeka ƒe ku ate ŋu axe fe ɖe ame gbogbowo ƒe nuvɔ̃ tae? Ne wobia wò be, “Aleke Yesu ƒe kua ate ŋu aɖe míi?” la, aleke nàɖo eŋui?

ALESI Biblia ɖo biabia sia ŋui le bɔbɔe gake eme kɔ eye vevienyenye geɖe le eŋu. Gake be míate ŋu akpɔ eƒe vevienyenye la, gbã la, ehiã be míabu Yesu ƒe agbe kple ku be enye kuxi sesẽ aɖe gbɔ kpɔnu. Ema ko hafi míate ŋu anya asixɔxɔ gã si le Yesu ƒe kua ŋu.

Le nana be Yesu natsɔ eƒe agbe ana me la, Mawu nɔ nɔnɔme aɖe si do mo ɖa esime Adam wɔ nuvɔ̃ la gbɔ kpɔm. Afɔku ka gbegbee nye si nuvɔ̃ ma he vɛ! Ame gbãtɔa kple srɔ̃a, Xawa, nye ame deblibowo. Eden-bɔ dzeani lae nye woƒe aƒe. Mawu de dɔ vavã aɖe asi na wo be woakpɔ woƒe aƒe si nye abɔa dzi. Wobia tso wo si hã be woakpɔ nu gbagbe bubu siwo le anyigba dzi la dzi lɔlɔ̃tɔe. Eye ne amegbetɔwo le agbɔ sɔm ɖe edzi eye wo vi miliɔn geɖe le anyigba dzi yɔm la, woanɔ paradisoa kekem ɖe enu wòaɖo anyigbaa ƒe seƒewo. (Mose I, 1:28) Dɔ vivi dedzolãmename kae nye si wona wo! Gawu la, woanye kpeɖeŋutɔ lɔ̃amewo na wo nɔewo. (Mose I, 2:18) Naneke mehiã wo o. Dzidzɔgbenɔnɔ tegbetegbe nɔ ŋgɔ na wo.

Nusitae Adam alo Xawa wɔ nuvɔ̃ gɔme menya sena o. Gake ame eve gbãtɔwo dze aglã ɖe amesi wɔ wo—Yehowa Mawu—ŋu. Gbɔgbɔmenuwɔwɔ Satana Abosam to da dzi ble Xawa wògbe wɔwɔ ɖe Yehowa ƒe se dzi, eye Adam dze srɔ̃a yome.—Mose I, 3:1-6.

Ðikeke aɖeke mele nusi Wɔla la awɔ na Adam kple Xawa ŋu o. Egblɔ nusi ado tso tomaɖomaɖo me na wo xoxo be: “Ðu abɔmetiawo katã ƒe tsetse faa; ke ati, si na wodzea si nyui kple vɔ̃ la, megaɖu eya ƒe tsetse aɖeke o; gbesigbe naɖu eƒe ɖe, ku ke naku.” (Mose I, 2:16, 17) Fifia ahiã be woadi ŋuɖoɖo na biabia vevi aɖe.

Ameƒomea Dze Ŋgɔ Kuxi Sesẽ Aɖe

Nuvɔ̃ gbãtɔa kplɔ ameƒomea de kuxi sesẽ aɖe me. Ame debliboe Adam nye le eƒe agbe gɔmedzeɣi. Eyata ɖe wòle be viawo nanɔ agbe deblibo tegbee hafi. Gake Adam wɔ nuvɔ̃ hafi dzi vi gbãtɔ gɔ̃ hã. Amegbetɔƒome bliboa kpɔtɔ nɔ eƒe alime hafi wotso afia nɛ be: “Fifia ate wò, hafi nakpɔ abolo aɖu, vaseɖe esime nagatrɔ azu anyi, elabena eya mee woɖe wò tsoe. Anyi nènye, eye anyi ke nagatrɔ azu!” (Mose I, 3:19) Eyata esi Adam wɔ nuvɔ̃ hedze ku mɔ dzi abe alesi Mawu gblɔe nɛ ene la, wotso kufia na ameƒomea katã kplii.

Emegbe apostolo Paulo ŋlɔe wòsɔ be: “To ame ɖeka [Adam] dzi nuvɔ̃ la va xexeame, eye to nuvɔ̃ me ku la va, eye nenema ku la va to amewo katã dzi yi, esi wo katã wɔ nuvɔ̃ ŋuti la.” (Romatɔwo 5:12) Ẽ, le nuvɔ̃ gbãtɔa taa, wodzi vi siwo wòle be woadzi woanye ame deblibo siwo anɔ agbe tegbetegbe hafi la ɖe dɔléle, tsitsi, kple ku ƒe mɔkpɔkpɔ me.

Ame aɖe agblɔ be, “Ema medzɔ o. Menye míawoe tiae be míagbe toɖoɖo Mawu o—Adam ye. Nukatae wòle be míaƒe agbe mavɔ nɔnɔ kple dzidzɔkpɔkpɔ nabu ɖe mí?” Míenyae be ne ʋɔnudrɔ̃ƒe aɖe ade ɖevi aɖe mɔ le esi fofoa fi ʋu ta la, ɖevia agblɔ wòasɔ be: “Esia medzɔ o! Nyemewɔ nugbegblẽ aɖeke o.”—Mose V, 24:16.

Le ŋutsu kple nyɔnu gbãtɔa nubeble de nuvɔ̃ me la, Satana anya bui be yede Mawu nɔnɔme si ŋu mate ŋu awɔ naneke le o me. Abosam dze ameƒomea dzi kaba le woƒe ŋutinya me—hafi wodzi viwo. Esi Adam nya wɔ nuvɔ̃ ko la, nyabiase vevi si fɔ ɖe tee nye, Nuka wɔgee Yehowa le tso vi siwo Adam kple Xawa adzi ŋu?

Yehowa Mawu wɔ nusi le eteƒe hesɔ. Ame dzɔdzɔe Elihu gblɔ be: “Nede megbe xaa be, Mawu nawɔ nu vɔ̃ɖi, eye ŋusẽkatãtɔ nawɔ nu madzɔmadzɔ.” (Hiob 34:10) Eye nyagblɔɖila Mose ŋlɔ tso Yehowa ŋu be: “Agakpe wònye, eƒe nuwɔwɔ de blibo; elabena eƒe mɔwo katã dzɔ. Mawu nyateƒetɔ wònye, eye alakpa mele eme o, nuteƒewɔla kple dzɔdzɔetɔ wònye.” (Mose V, 32:4) Kuxi si Adam ƒe nuvɔ̃a he vɛ gbɔ kpɔnu si Mawu vavã la na mexɔ agbe mavɔ nɔnɔ le paradisonyigba dzi ƒe mɔnukpɔkpɔa le mía si o.

Mawu na Egbɔkpɔnu Deblibo

Bu nyaa gbɔ kpɔnu si Mawu gblɔ le afia si wòtso na Satana Abosam me la ŋu kpɔ. Yehowa gblɔ na Satana be: “Made adikã mia kple nyɔnu [Mawu ƒe dziƒohabɔbɔ] la dome, wò dzidzime [xexe si le Satana ƒe ŋusẽ te] kple nyɔnu la ƒe dzidzime [Yesu Kristo] dome, eya la agbã ta na wò [Satana], eye wò la, àɖu afɔkpodzi nɛ [Yesu ƒe ku].” (Mose I, 3:15) Le Biblia ƒe nyagblɔɖi gbãtɔ sia me la, Yehowa ƒo nu tso tame si wòɖo be yeana yeƒe Gbɔgbɔmevi si le dziƒo nava anyigba dzi anye ame deblibo aku—be woaɖu afɔkpodzi nɛ—nuvɔ̃ manɔŋui.

Nukatae Yehowa bia ame deblibo ƒe ku? To kae Yehowa Mawu be yeahe na Adam ne ewɔ nuvɔ̃? Menye kue oa? (Mose I, 2:16, 17) Apostolo Paulo ŋlɔ bena, “Nuvɔ̃ la ƒe fetue nye ku.” (Romatɔwo 6:23) Adam ƒe kua nye fe si wòxe ɖe eƒe nuvɔ̃a ta. Wona agbee, etiae be yeawɔ nuvɔ̃, eye kue nye eƒe nuvɔ̃a ŋuti tohehe. (Mose I, 3:19) Ke fɔbuame si nuvɔ̃ ma he va amegbetɔƒome bliboa dzi ya ɖe? Ehiã be ame aɖe naku ne woatsɔ alé avu woƒe nuvɔ̃woe. Gake ameka ƒe kue ate ŋu alé avu ameƒomea ƒe dzidadawo wòasɔ?

Mawu ƒe Se si wòna blema Israel-dukɔa bia “agbe ɖe agbe teƒe.” (Mose II, 21:23) Le se sia ƒe gɔmeɖosewo nu la, ele be asixɔxɔ si anɔ amesi ƒe ku woatsɔ alé avu ameƒomea ƒe dzidadawo nasɔ kple esi Adam bu. Ame deblibo bubu ƒe ku koe ate ŋu axe nuvɔ̃ ƒe fetua. Yesu nye amesia tɔgbe. Le nyateƒe me la, Yesu nye ‘tafe si sɔ’ be woatsɔ aɖe Adam ƒe dzidzimea me tɔ siwo dze na agbe kpɔkpɔ la katã.—Timoteo I, 2:6; Romatɔwo 5:16, 17.

Asixɔxɔ Gã Le Yesu ƒe Ku Ŋu

Asixɔxɔ aɖeke mele Adam ƒe kua ŋu o; edze be wòaku ɖe eƒe nuvɔ̃a ta. Gake asixɔxɔ gã le Yesu ƒe ku ŋu elabena menye nuvɔ̃mee wònye ku o. Yehowa Mawu xɔ asixɔxɔ si le Yesu ƒe agbe debliboa ŋu wònye tafe si woxe ɖe nuvɔ̃me Adam ƒe dzidzimevi toɖolawo ta. Eye menye nuvɔ̃ siwo míewɔ va yi ta ko Yesu ƒe vɔsaa ƒe asixɔxɔ te ŋu xe fe ɖo o. Ne eya ŋuti fe koe wòxe la, etsɔme aɖeke manɔe na mí o. Esi wònye nuvɔ̃ mee wofɔ míaƒe fu ɖo ta la, míagawɔ vodada godoo. (Psalmo 51:7) Aleke míate ŋu ada akpee nye si be Yesu ƒe kua ʋu mɔ na mí be míaɖo blibodede si Yehowa ɖo le gɔmedzedzea me na Adam kple Xawa ƒe dzidzimeviwo la gbɔ!

Míate ŋu atsɔ Adam asɔ kple vifofo aɖe si ku gblẽ fe gbogbo aɖe (nuvɔ̃) ɖi na mí si míate ŋu ato mɔ aɖeke dzi axe gbeɖegbeɖe o. Ke Yesu ya le abe vifofo aɖe si ku gblẽ domenyinu xɔasi si menye fe nyadri si Adam dro ɖe mía dzi me koe wòɖe mí tsoe o ene eye wògblẽ nu gbogbo aɖe si ate ŋu akpɔ mía dzi yi ɖe mavɔmavɔ me hã ɖi na mí. Yesu ƒe kua menye flitete ɖe nuvɔ̃ siwo míewɔ va yi dzaa ko me o; enye nunana wɔnuku aɖe hã na míaƒe etsɔme.

Yesu xɔ na mí elabena eku ɖe mía ta. Eye nunana xɔasi kae nye si eƒe kua nye! Ne míebui be enye kuxi nyadri si Adam ƒe nuvɔ̃a he vɛ gbɔ kpɔnu si Mawu na la, edoa ŋusẽ alesi míexɔ Yehowa kple mɔ si nu wòwɔa nu ɖo dzi see la. Ẽ, Yesu ƒe kua nye mɔ si dzi wotona ɖea “amesiame, si xɔa” eyama dzi “sena” tso nuvɔ̃, dɔléle, tsitsi, kple ku gɔ̃ hã me. (Yohanes 3:16) Èdaa akpe na Mawu ɖe ɖoɖo sia wɔwɔ lɔlɔ̃tɔe hena míaƒe ɖeɖekpɔkpɔ taa?

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Adam he nuvɔ̃ kple ku va ameƒomea dzii

[Nɔnɔmetata si le axa 6]

Yehowa na egbɔkpɔnu deblibo