Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Àte Ŋu Aƒo Asa na Gbɔgbɔmedzidɔ

Àte Ŋu Aƒo Asa na Gbɔgbɔmedzidɔ

Àte Ŋu Aƒo Asa na Gbɔgbɔmedzidɔ

Xexeame katã ƒe lãmesẽfefewɔla xɔŋkɔ si bi nyuie le lãmesẽfefewɔwɔ me eye eƒe gotagome dzedzeme le abe amesi le lãmesẽ me nyuie la dze anyi le vome esime wònɔ dzadzraɖo wɔm eye wòku. Lãmesẽfefewɔla lae nye Sergei Grinkov, snodzihoʋlila aɖe si xɔ Olimpik sikanunana zi eve, si ƒe agbemedɔ tsi akpo dzi esime wòte dzidzedzekpɔkpɔ—le eƒe ƒe 28 xɔxɔ me. Afɔku kae nye esi! Nuka gbɔe wòtso? Dzidɔe. Amewo gblɔ be womekpɔ mɔ na eƒe kua kura o elabena dzesi aɖeke kura medze le eŋu si fia be ele dzidɔ lém o. Gake amesiwo doe kpɔ de dzesii be eƒe dzi te eye wòxe mɔ na ʋuka gãwo vevie.

TOGBƆ be adze abe dzidɔ dzea ame geɖe dzi eŋu dzesi aɖeke makpɔmakpɔ do ŋgɔe ene hã la, dɔnɔdzikpɔlawo gblɔ be esia mebɔ o. Nyateƒeae nye be woŋea aɖaba ƒua dzesi kple nusiwo henɛ vɛ abe gbɔgbɔtsixe, lolo akpa, kple akɔtave dzi zi geɖe. Nusi dona tsoa eme enye be nenye be womeku esime dzidɔa dze wo dzi o gɔ̃ hã la, wo dometɔ geɖe va zua wɔametɔwo le woƒe agbenɔƒe mamlɛawo me.

Nukpɔsusu si dzi dɔnɔdzikpɔlaawo va lɔ̃ ɖo egbea enye be mɔxexe ɖe dzidɔ nu bia be ame nalé ŋku ɖe eƒe nuɖuɖu kple agbenɔnɔ ŋu ɣesiaɣi eye wòade kɔdzi edziedzi woadoe akpɔ. * Afɔ siawo ɖeɖe, tsɔ kpe ɖe lɔlɔ̃ faa be woawɔ tɔtrɔwo le afisiwo wòahiã le, awɔ akpa vevi aɖe le mɔxexe ɖe dzidɔ me tsonu wɔnublanuiwo nu.

Gake nu bubu aɖe li si ku ɖe míaƒe dzi ŋu wòle be míalé ŋku ɖo nyuie wu. Biblia xlɔ̃ nu mí be: “Dzɔ wò dzi ŋu wu nuwo katã, elabena eya me agbe tsona.” (Lododowo 4:23) Nyateƒee wònye be kpɔɖeŋudzi la ŋue mawunyakpukpui sia ku ɖo koŋ. Ebia ŋudzɔnɔnɔ be míakpɔ míaƒe dzi ŋutɔŋutɔ ta, gake be míakpɔtɔ anɔ ŋudzɔ ne míedi be míakpɔ míaƒe kpɔɖeŋudzi ta tso dɔléle siwo ate ŋu ana míaku le gbɔgbɔme si me ya gale vevie wu.

Ŋkuléle Ðe Kpɔɖeŋudzidɔ Ŋu

Abe alesi wòle le dzi ŋutɔŋutɔ gome ene la, mɔ siwo ŋu kakaɖedzi le si dzi míate ŋu ato axe mɔ ɖe dzidɔ nu le gbɔgbɔmegɔmesese nu dometɔ ɖekae nye nusiwo henɛ vɛ la nyanya kple afɔɖeɖe atsɔ awɔ nane le wo ŋu. Eyata mina míalé ŋku ɖe nu vevi aɖewo siwo ƒoa ƒu hea—dzi ŋutɔŋutɔ kple kpɔɖeŋutɔ siaa ƒe kuxiwo vɛ ŋu.

Nuɖuɖu. Ame geɖe nya be togbɔ be nuɖuɖu si me nunyiame mele o, vivina ŋutɔ hã la, medea ame ƒe lãmesẽ dzi tututu o alo medea edzi kura o. Nenema ke susu ƒe nuɖuɖu si me nunyiame mele o la bɔ eye wòdzroa sidzenuwo, gake enye afɔku na ame ƒe gbɔgbɔmelãmesẽ. Wotsɔ ayedzedze tsɔ nyatakaka gbogbo aɖewo siwo yɔ fũ kple gbɔdɔdɔmanɔsenu kple atike vɔ̃ɖiwo zazã, ŋutasesẽ, kple vivimenuwɔna ɖo asii to nyakakamɔnuwo dzi. Nu mawo tsɔtsɔ de ame ƒe susume gblẽa nu le kpɔɖeŋudzia ŋu. Mawu ƒe Nya la xlɔ̃ nu be: “Elabena nusianu, si le xexeame: ŋutilã ƒe nudzodzro kple ŋkuwo ƒe ŋubiabiã kple agbe ƒe adegbe ƒuƒlu ƒoƒo la, metso Fofo la gbɔ o, ke boŋ xexeame wotso. Eye xexeame va yina kple eƒe nudzodzrowo; ke amesi wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, nɔa anyi yi ɖe mavɔmavɔ me.”—Yohanes I, 2:16, 17.

Nuɖuɖu siwo me nunyiame le, abe atikutsetsewo kple amagbewo ene, mevivia amesi nuɖuɖu siwo me nunyiame mele o ɖuɖu ma la nu o. Nenema ke gbɔgbɔmenuɖuɖu sesẽ si nyo mavivi amesi xexeame ƒe nuwo tsɔtsɔ ayɔ susu kple dzi me zu numame na nu tututu o. Egakpɔtɔ kuna ɖe Mawu ƒe Nya ƒe “notsi” ko ŋu hena ɣeyiɣi aɖe. (Hebritɔwo 5:13) Mlɔeba la, metua gbɔgbɔmetsitsinyenye si hiã be ame nate ŋu atsɔ eya ŋutɔ ƒe gbɔgbɔmegbanɔamedzi veviwo le Kristo-hamea kple le gbeadzisubɔsubɔdɔa me ɖo o. (Mateo 24:14; 28:19; Hebritɔwo 10:24, 25) Ame aɖewo siwo le nɔnɔme ma me na woƒe gbɔgbɔmeŋusẽ dzi ɖe kpɔtɔ ale gbegbe be wova zu Ðasefo alɔgblɔdɔwɔlawo!

Afɔku bubu enye be dzedzeme ate ŋu able ame. Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ ate ŋu atsyɔ kpɔɖeŋudzi si le gbɔdzɔgbɔdzɔm ɖe edzi la ƒe lɔlɔ̃ ɖe xexeame ƒe nukpɔsusu le ŋutilãmenunɔamesiwo, modzakaɖeɖe siwo dea agbegbegblẽnɔnɔ dzi, ŋutasesẽ, alo vivimenuwɔna siwo nɔa ŋusẽ kpɔm ɖe ame dzi le adzame la dzi. Adze abe gbɔgbɔmenuɖuɖu gbegblẽ mawo magblẽ nu boo le ame ƒe gbɔgbɔmemenyenye ŋu o ene, gake woate ŋu agblẽ nu le kpɔɖeŋudzia ŋu vevie abe alesi nuɖuɖu si me nunyiame mele o la ate ŋu ana ʋuka me naxe eye wòagblẽ nu le dzi ŋutɔŋutɔ ŋui ene. Yesu xlɔ̃ nu ku ɖe asiɖeɖe le ame ƒe dzi ŋu be dzodzro vɔ̃wo naɖo eme ŋu. Egblɔ be: “Amesiame, si ke kpɔ nyɔnu aɖe wòdzroe la, ewɔ ahasi kplii xoxo le eƒe dzi me.” (Mateo 5:28) Ẽ, gbɔgbɔmenu maɖumaɖu nyuie ate ŋu ana woaxɔ gbɔgbɔmedzidɔ. Gake nu geɖe li siwo ŋu wòahiã be míade ŋugble le.

Kamedede. Enye nusi ame geɖe nya nyuie be teƒeɖekanɔnɔ ate ŋu ana dzidɔ nadze ame dzi. Nenema ke afɔku gãwo ate ŋu atso gbɔgbɔmeteƒeɖekanɔnɔ hã me. Le kpɔɖeŋu me, ame aɖe ate ŋu anɔ gome kpɔm le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa ƒe afisiwo sɔ nɛ me eye wòanɔ agbagba vi aɖe alo manɔ agbagba boo aɖeke dzem o be yeava zu “dɔwɔla, si mehiã be, ŋu nakpee o, kpakple amesi mã nyateƒenya la me pɛpɛpɛ.” (Timoteo II, 2:15) Alo ame ade Kristotɔwo ƒe kpekpewo gake madze agbagba aɖeke adzra ɖo do ŋgɔ ahakpɔ gome le wo me o. Gbɔgbɔmetaɖodzinu aɖeke alo didi aɖeke alo dzonɔameme aɖeke manɔ amea me ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu o. Esi megale gbɔgbɔ me kame dem o ta la, xɔse si nɔ esi tsã kura gɔ̃ hã va gbɔdzɔna ʋɛʋɛʋɛ, eye wòva kuna mlɔeba. (Yakobo 2:26) Apostolo Paulo de dzesi afɔku sia esime wònɔ agbalẽ ŋlɔm na Hebri Kristotɔ siwo dometɔ aɖewo dze abe ɖe gbɔgbɔmeteƒeɖekanɔnɔ tɔgbe aɖe nɔ fu ɖem na ene. De dzesi alesi wòxlɔ̃ nu le alesi esia ate ŋu agblẽ nu le woƒe gbɔgbɔmemenyenye ŋu bɔbɔe la ɖa. “Nɔviwo, mikpɔ nyuie be, dzi vɔ̃ɖi maxɔse naganɔ mia dometɔ aɖeke me o, bene wòagatrɔ atso Mawu gbagbe la gbɔ o, ke mixlɔ̃ nu mia nɔewo gbesiagbe boŋ, ŋkeke alesi woyɔ egbegbe, bene nuvɔ̃ ƒe beble nagasẽ mia dometɔ aɖeke ƒe dzime o.”—Hebritɔwo 3:12, 13.

Nuxaxa. Ke hã nu vevi bubu si nana dzidɔ dzea ame dzi enye nuxaxa si gbɔ eme. Nenema ke nuxaxa, alo ‘dzimaɖitsitsi ɖe agbe ŋu,’ ate ŋu anye afɔku na kpɔɖeŋudzia bɔbɔe eye wòana amea nadzudzɔ Mawu subɔsubɔ kura gɔ̃ hã. Yesu ƒe nuxlɔ̃amea sɔ le go sia me be: “Ke mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie, bena nutsuɖuɖu kple ahamumu kple dzimaɖitsitsi ɖe nuɖuɖu ŋu nagate miaƒe dzi ɖe to o, eye ŋkeke ma nagalili mi abe mɔ̃ ene o.” (Luka 21:34, 35) Nuxaxa hã ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe kpɔɖeŋudzia dzi vevie ne nuvɔ̃ ɣaɣla aɖe le fu wɔm mí hena ɣeyiɣi didi aɖe. Fia Dawid srɔ̃ nu tso vevesese si nuxaxa vɔ̃ɖi mawo hena vɛ me esime wògblɔ be: “Agbagbeƒe aɖeke mele nye lãme o le wò dɔmedzoe la ta; ŋutifafa aɖeke mele nye ƒuwo me o le nye nuvɔ̃ ta. Elabena nye vodadawo gbɔ tanye, eye wole kpeyem ŋutɔ abe agba kpekpe ene.”—Psalmo 38:4, 5.

Kakaɖeameɖokuidzi akpa. Amesiwo dzi dzidɔ dze la kana ɖe wo ɖokui dzi akpa le woƒe lãmesẽmenɔnɔ ŋu do ŋgɔ teti hafi dzidɔa dzea wo dzi. Zi geɖe la, woŋea aɖaba ƒua kɔdzi yiyi be woado wo akpɔ dzi alo bunɛ fefenu aɖe si mele vevie o. Nenema ke, ame aɖewo asusui be esi ɣeyiɣi aɖee nye sia si yewo nye Kristotɔwo ta la, naneke mate ŋu adzɔ ɖe yewo dzi o. Woaŋe aɖaba aƒu gbɔgbɔmedodokpɔ wɔwɔ na wo ɖokui alo ɖokuimedzodzro dzi vaseɖe esime afɔku aɖe nadzɔ. Ele vevie be aɖaŋu nyui si apostolo Paulo ɖo ku ɖe kakaɖeameɖokuidzi akpa ŋu la nanɔ susu me na mí be: “Eyata amesi ke susuna be, yele tsitre la, nakpɔ nyuie bena wòagadze anyi o.” Enye nusi me nunya le be míalɔ̃ ɖe míaƒe blibomademade ƒe nɔnɔme dzi eye míanɔ mía ɖokui me dzrom le gbɔgbɔme ɣesiaɣi.—Korintotɔwo I, 10:12; Lododowo 28:14.

Megaŋe Aɖaba Ƒu Dzesiawo Dzi O

Susu nyui aɖe tae Ŋɔŋlɔawo lé ŋku ɖe kpɔɖeŋudzia ƒe nɔnɔme ŋu vevie ɖo. Le Yeremya 17:9, 10 la, míexlẽ be: “Ame ƒe dzi la, alakpatɔ wònye wu nuwo katã, nu gbegblẽ wònye, ameka ahadze sii ma? Nye Yehowa ye dzroa dziwo me, eye medoa ayikuwo me kpɔna; maɖo eteƒe na amesiame ɖe eƒe zɔzɔ kple eƒe nuwɔnawo ƒe kutsetse nu.” Gake tsɔ kpe ɖe ŋkuléle ɖe míaƒe dzi ŋu la, Yehowa hã wɔa ɖoɖowo lɔlɔ̃tɔe be wòakpe ɖe mía ŋu míawɔ ɖokuimedzodzro siwo hiã.

Wonaa ŋkuɖodzinya siwo sɔ ɖe ɣeyiɣia dzi la mí to “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” dzi. (Mateo 24:45) Le kpɔɖeŋu me, mɔ vevi siwo dzi míaƒe kpɔɖeŋudzia ate ŋu ato able mí enye alesi wòana míaƒo mía ɖokui ɖe xexeame ƒe nususukpɔwo me. Esiawoe nye nususukpɔ siwo mate ŋu ava eme o, nudzroamewo ŋu susu, kple susu ƒe tsaglãlatsatsa. Esiawo ate ŋu ava gblẽ nu le ame ŋu, vevietɔ ne wonyɔa tamesusu makɔmakɔwo ɖe ame me. Eyata ele be míagbe wo keŋkeŋ. Ne míelé fu numadzɔmadzɔ abe alesi Yesu lé fui ene la, míadzɔ míaƒe dziwo ŋu be xexeame ƒe nudzodzrowo nagaɖo eme o.—Hebritɔwo 1:8, 9.

Gakpe ɖe eŋu la, hamemegã lɔ̃amewo le Kristo-hamea me siwo akpe ɖe mía ŋu. Togbɔ be míekpɔa ŋudzedze ɖe ame bubuwo ƒe ɖetsɔleme ŋu hã la, beléle na míaƒe kpɔɖeŋudzia ƒe agbanɔamedzia gakpɔtɔ le mía dometɔ ɖesiaɖe dzi. Ekpo ɖe mía dometɔ ɖesiaɖe gbɔ be ‘míado nuwo katã kpɔ’ eye ‘míayi edzi anɔ mía ɖokui tem kpɔ be míele xɔse la me hã.’—Tesalonikatɔwo I, 5:21; Korintotɔwo II, 13:5.

Dzɔ Dzia Ŋu

Biblia ƒe gɔmeɖose si nye “nusi ke ame ƒãna la, esia ke wòaŋe” la sɔ na kpɔɖeŋudzia ƒe lãmesẽmenɔnɔ hã. (Galatiatɔwo 6:7) Zi geɖe la, nusi dzena abe gbɔgbɔmefɔku si dzɔna le vome la nyea ameɖokui ƒoƒo ɖe adzame nuwɔnawo abe gbɔdɔdɔ ƒe nuwɔnawo kpɔkpɔ, dzitsitsi fũ ɖe ŋutilãmenuwo ŋu, kple ŋkɔxɔxɔ alo gãnyenye didi ene me ɣeyiɣi didi aɖe siwo gblẽa nu le ame ƒe gbɔgbɔmemenyenye ŋu la me tsonu.

Eyata be ame nakpɔ dzia ta la, ele vevie be wòalé ŋku ɖe alesi wòɖua gbɔgbɔmenu ŋu. Tsɔ Mawu ƒe Nya la nyi wò susu kple dzii. Tsri susu ƒe nuɖuɖu siwo me nunyiame mele o siwo bɔ ɖe afisiafi eye wòdzroa ŋutilã gake wònana kpɔɖeŋudzia kua atri la. Hakpala la gblɔ nuxlɔ̃amenya sia si le eteƒe—eye wòde le atikewɔwɔmɔnu—be: “Woƒe dzi ku atri abe ami ene, ke nyea mekpɔ dzidzɔ le wò seawo ŋu.”—Psalmo 119:70.

Ne vodada xoxo aɖewo ɣla ɖi la, dze agbagba vevie nàɖe wo ɖa ne menye nenema o la woava xe wò kpɔɖeŋu ʋukawo me. Ne xexeame va le dzrowòm eye wòdze abe dzidzɔkpɔkpɔ kple vivisese geɖe le eme la, ke de ŋugble le apostolo Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖo si me nunya le la ŋu. Eŋlɔ be: “Ke esia gblɔm mele, nɔviwo, bena ɣeyiɣi la le kpuie; eyata azɔ la amesiwo . . . wɔa xexe sia me ŋuti dɔ la, nanɔ abe ɖe womele eŋuti dɔ wɔm o ene; elabena xexe sia me ƒe nɔnɔme nu va yina.” (Korintotɔwo I, 7:29-31) Eye ne ŋutilãmekesinɔnuwo di be yeahe wò la, wɔ ɖe Hiob ƒe nya siawo dzi be: “Ne meɖo dzi ɖe sika ŋu, eye megblɔ na sika nyuitɔ be: wò ŋue mele ŋu ɖom ɖo; ekema esia hã anye se me dzedze le ʋɔnudrɔ̃lawo ŋku me; elabena meda alakpa na Mawu le dzi.”—Hiob 31:24, 28; Psalmo 62:10; Timoteo I, 6:9, 10.

Biblia xlɔ̃ nu ku ɖe ŋkubiã si le aɖabaŋeŋe ƒu Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo dzi edziedzi ŋu be: “Amesi woka mo na zi geɖe, ke wòsẽ ta me la, agbã zi ɖeka gudugudu, eye gbedada manɔ eŋu o.” (Lododowo 29:1) Ðe ema teƒe la, ne míelé be na míaƒe kpɔɖeŋudzia nyuie la, míate ŋu akpɔ dzidzɔ eye susu ƒe akɔdzeanyi asu mía si le agbe bɔbɔe kple esi dza nɔnɔ ta. Esiae nye agbe si wokafu na nyateƒe Kristotɔwo ɣesiaɣi. Gbɔgbɔ ʋã apostolo Paulo wòŋlɔ be: “Ke mawusosroɖa kpakple ŋudzedzekpɔkpɔ enye viɖenu gã. Elabena míetsɔ naneke va xexe sia me o, eye edze ƒã bena, míate ŋu atsɔ naneke ayii hã o; ke ne nunyiame kple avɔtata le mía si la, mina nusiawo nasɔ gbɔ na mí.”—Timoteo I, 6:6-8.

Nyateƒee, hehenana mía ɖokui kple kamedede le mawusosroɖa mɔnu ana kpɔɖeŋudzi si le lãmesẽ blibo me kple esi ŋu ŋusẽ le nasu mía si. Ne míeléa ŋku ɖe alesi míeɖua míaƒe gbɔgbɔmenu ŋu nyuie la, míaɖe mɔ na xexeame ƒe mɔ vɔ̃ɖiwo kple tamebubu nagblẽ nu alo ade abi míaƒe gbɔgbɔmemenyenye ŋu o. Vevietɔ wu la, Yehowa ƒe ɖoɖo siwo wòwɔ to eƒe habɔbɔa dzi zɔzɔ nena míanɔ míaƒe kpɔɖeŋudzia dom kpɔ edziedzi. Esia wɔwɔ veviedodotɔe akpe ɖe mía ŋu ŋutɔ le asaƒoƒo na gbɔgbɔmedzidɔ ƒe emetsonu gbegblẽwo me.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 4 Be nàkpɔ nyatakaka bubuwo la, taflatse kpɔ “Dzidɔ—Nukae Woate Ŋu Awɔ le Eŋu?” ƒe nyati siwo kplɔ wo nɔewo ɖo le December 8, 1996 ƒe Nyɔ!, si Yehowa Ðasefowo ta me.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 10]

GBƆGBƆMENUÐUÐU GBEGBLẼ ATE ŊU AGBLẼ NU LE KPƆÐEŊUDZIA ŊU ABE ALESI NUÐUÐU GBEGBLẼ NANA ƲUKAGÃWO MIÃNA EYE WÒGBLẼA NU LE DZI ŊU ENE

[Nya si ɖe dzesi si le axa 10]

GBƆGBƆMETEƑEÐEKANƆNƆ ATE ŊU AHE EMETSONU DZIŊƆWO VƐ

[Nya si ɖe dzesi si le axa 11]

“DZIMAÐITSITSI ÐE AGBE ŊU” ATE ŊU AHE AFƆKU VA KPƆÐEŊUDZIA DZI BƆBƆE

[Nɔnɔmetata si le axa 11]

Aɖabaŋeŋe ƒu míaƒe gbɔgbɔmelãmesẽ dzi ate ŋu ana míase veve vevie

[Nɔnɔmetata siwo le axa 13]

Gbɔgbɔmenumame nyuiwo dzɔa kpɔɖeŋudzia ŋu

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 9]

AP Photo/David Longstreath