Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Ðe Mawu ƒe mɔfiame si woŋlɔ ɖe Yeremya 7:16 fia be mele be Kristotɔwo nado gbe ɖa ɖe ame aɖe si woɖe le Kristo-hamea me ta o le esi wònye nuvɔ̃wɔla matrɔdzime taa?

Esi Yehowa drɔ̃ ʋɔnu Yuda mawɔnuteƒea megbe la, egblɔ na Yeremya be: “Wò la megaɖe kuku ɖe dukɔ sia ta o, megaƒo koko ɖe wo ta o, megado gbe ɖa ɖe wo ta o, eye megaƒoe ɖe nunye o, elabena nyemasee na wò o.”—Yeremya 7:16.

Nukatae Yehowa gbe na Yeremya be wòagado gbe ɖa ɖe Israel-viwo ta o? Edze ƒã be, esi wodaa eƒe Sea dzi gaglã la tae. Wonɔ ‘fifim, nɔ ame wum, nɔ ahasi wɔm, nɔ atam dzodzro kam, hedo dzudzɔ na mawu tutɔwo’ gaglãa ŋumakpemakpee. Eyata Yehowa gblɔ na Yudatɔ xɔsemanɔsitɔawo be: “Matsɔ mi aƒu gbe atso nye ŋku ta, abe alesi metsɔ mía nɔviwo katã, siwo nye Efrayim ƒe ƒome blibo la ƒu gbee ene.” Le nyateƒe me la, masɔ be Yeremya, alo ame bubu aɖe, nado gbe ɖa na Yehowa be wòatrɔ Eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃a o.—Yeremya 7:9, 15.

Le ɖekawɔwɔ me kple esia la, apostolo Yohanes ŋlɔ nu tso gbe si sɔ dodo ɖa na Mawu ŋu. Gbã la, eka ɖe edzi na Kristotɔwo be: “[Nusianu si míabiae] le eƒe lɔlɔ̃nu la, aɖo to mí.” (Yohanes I, 5:14) Emegbe Yohanes yi edzi gblɔ ku ɖe gbedodoɖa ɖe amewo ta ŋu be: “Ne ame aɖe kpɔ nɔvia wɔ nuvɔ̃, si mahe ame ayi ku me o la, neɖe kuku, eye wòana agbe amesiwo mewɔ nuvɔ̃, si ahe ame ayi ku me o. Nuvɔ̃ aɖe li, si ahe ame ayi ku me; nyemegblɔ be, woaɖe kuku ɖe eya ta o.”(Yohanes I, 5:16) Yesu hã ƒo nu tso nuvɔ̃ si ‘womatsɔ ake o,’ si nye nuvɔ̃wɔwɔ ɖe gbɔgbɔ kɔkɔea ŋu la ŋuti.—Mateo 12:31, 32.

Ðe esia fia be amesiwo katã woɖe le Kristo-hamea me le nuvɔ̃wɔwɔ dzimematrɔmatrɔ ta la wɔ nuvɔ̃ siwo “ahe ame ayi ku me” si tae mele be woado gbe ɖa ɖe wota oa? Mafia nenema kokoko o elabena le go aɖewo me la, dzidada siawo menyea nuvɔ̃ siwo ahe ame ayi ku me o. Le nyateƒe me la, esia nyanya mele bɔbɔe o. Esia ƒe kpɔɖeŋu nyanyɛ aɖee ku ɖe Yuda-fia Manase ŋu. Eɖi vɔsamlekpui na alakpamawuwo, fɔ eya ŋutɔ viawo sa vɔe, ƒo eɖokui ɖe gbɔgbɔyɔyɔ me, hefɔ legbawo yi ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔa me. Le nyateƒe me la, Biblia gblɔ be Manase kple dukɔ la wɔ “nu vɔ̃ɖi wu dukɔ, siwo Yehowa tsrɔ̃ ɖa le Israel-viwo ŋgɔ.” Yehowa he to na Manase le esiawo katã ta esi wòna wode kɔsɔkɔsɔe hekplɔe yi aboyo me le Babilon.—Fiawo II, 21:1-9; Kronika II, 33:1-11.

Togbɔ be Manase ƒe nuvɔ̃wo lolo hã la, ɖe wonye esiwo hea ame yia ku mea? Edze ƒã be mele nenema o, elabena nuŋlɔɖia yi edzi gblɔ tso eyama ŋu be: “Eye esi wòɖo xaxa me la, eƒo koko le Yehowa, eƒe Mawu la ŋku me, eye wòbɔbɔ eɖokui ɖe anyi vevie le fofoawo ƒe Mawu la ŋku me. Edo gbe ɖa nɛ, eye wòsee nɛ, eɖo to eƒe kokoƒoƒo, eye wògakplɔe va Yerusalem le eƒe fiaɖuƒe la me. Tete Manase dze sii be, Yehowa ye nye Mawu.”—Kronika II, 33:12, 13.

Eyata mele be míaƒo nya ta enumake be nuvɔ̃ si hea ame yia ku me ƒe fɔ si ame ɖi tae woɖee le hamea me ɖo o. Ate ŋu axɔ ɣeyiɣi hafi amea ƒe dzi ƒe nɔnɔme ŋutɔŋutɔ nava dze. Le nyateƒe me la, wogblɔ edziedzi be ameɖeɖe le hame ƒe taɖodzinuwo dometɔ ɖekae nye be wòana nuvɔ̃wɔla la nanyɔ le eɖokui me kple mɔkpɔkpɔ be wòatrɔ dzime ahatrɔ agbenɔnɔ.

Esi amea megale hamea me o ta la, amesiwo akpɔ tɔtrɔ aɖe le eƒe dzi kple nɔnɔme ŋu gbãe nye amesiwo te ɖe eŋu kplikplikpli, abe esrɔ̃a alo ƒomea me tɔ ene. Amesiwo le tɔtrɔ siawo kpɔm la aƒo nya ta be nuvɔ̃wɔla la mewɔ nuvɔ̃ si ahe ame ayi ku me o. Ate ŋu aʋã wo be woado gbe ɖa be wòaxɔ ŋusẽdodo tso Mawu ƒe Nya si tso gbɔgbɔ me la me eye be Yehowa awɔ nu kple nuvɔ̃wɔla la le ɖekawɔwɔ me kple Eƒe lɔlɔ̃nu.—Psalmo 44:21; Nyagblɔla 12:14.

Togbɔ be mɔnukpɔkpɔ ate ŋu asu ame aɖewo si be woakpɔ kpeɖodzi geɖe si ana woaxɔe ase be nuvɔ̃wɔla la trɔ dzime hã la, manɔ alea le hame bliboa ya gome o. Ne wokpɔ ame aɖe wòle gbe dom ɖa ɖe vodala la ta le gaglãgbe la, woatɔtɔ eye wòaɖe fu, ahazu nukikli gɔ̃ hã na wo. Le susu sia ta, ele be amesiwo wòaʋã be woado gbe ɖa ɖe nuvɔ̃wɔla la ta nadoe ɖa le ɣaɣlaƒe ahagblẽ alesi nuwo ava yii ɖe hamemegã siwo dzi agba le le hamea me la si.

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Wotsɔ Manase ƒe nuvɔ̃ gãwo kee esime wòbɔbɔ eɖokui le Yehowa ŋkume

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 30]

Reproduced from Illustrirte Pracht - Bibel/Heilige Schrift des Alten und Neuen Testaments, nach der deutschen Uebersetzung D. Martin Luther’s