Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Sikasededea—Nusi Wofiana le Xexeame Katã

Sikasededea—Nusi Wofiana le Xexeame Katã

Sikasededea—Nusi Wofiana le Xexeame Katã

“Nusianu, si mielɔ̃na bena, amewo nawɔ na mi la, miawo hã miwɔ nenema ke na wo.”—Mateo 7:12.

YESU KRISTO ye gblɔ nya mawo anye ƒe akpe eve enye esia le eƒe Todzimawunya xɔŋkɔa me. Esi ƒe alafawo va nɔ yiyim la, wogbugbɔ gblɔ nya ma heŋlɔ nu geɖe tso nyagbe ʋɛ mawo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, wokafui be “eyae nye nusi koŋ ŋu Ŋɔŋlɔa ƒo nu tsoe” “nusi wòle be Kristotɔ nawɔ na ehavi si woto ɖe eme,” kple “agbenyuinɔnɔ ŋuti gɔmeɖose vevi aɖe.” Wonyae ale gbegbe be woyɔnɛ edziedzi be Sikasedede.

Ke hã menye amesiwo woyɔna be Kristotɔwo dome koe Sikasededea ƒe nyaa tsi o. Yuda kple Buddha subɔsubɔ kpakple Hela xexemenunya katã ɖea agbenyuinɔnɔ ŋuti se sia gɔme ɖe mɔ vovovowo nu. Nusi amesiwo le Ɣedzeƒeʋĩ nya nyuie enye Konfusio, amesi wobuna le Ɣedzeƒe agbalẽnyalagãe kple nufiala la ƒe nya aɖe si wògblɔ. Le The Analects, si nye Konfusio ƒe Four Books (Agbalẽ Eneawo) ƒe etɔ̃lia me la, susu sia dze zi etɔ̃ sɔŋ. Esi Konfusio nɔ biabia siwo eƒe nusrɔ̃viwo biae ŋu ɖom la, egblɔ zi eve be: “Nusi mèdi be woawɔ ɖe ye ŋu o la, mègawɔe ɖe ame bubuwo ŋu o.” Ɣebubuɣi la, esi eƒe sukuvi Zigong gblɔ dadatɔe be “Nusi nyemedi be amewo nawɔ ɖe ŋunye o la, nye hã nyemadi be mawɔe ɖe wo ŋu o” la, nufialaa tsɔ nya sia ɖo eŋu tufafatɔe be, “Ẽ, gake nusiae menya le wɔwɔm na wò o.”

Nya siawo xexlẽ ana nàkpɔe be Konfusio ƒe nyawo mewɔa dɔ abe esiwo Yesu va gblɔ emegbe ene o. Vovototo si dze ƒã enye be Sikase si Yesu de la bia nusiwo sɔ la wɔwɔ na ame bubuwo. Tsɔe be amewo le wɔwɔm ɖe Yesu ƒe nya ʋãme mawo dzi, le ɖe tsɔm le eme na amewo hele afɔwo ɖem be yewoakpe ɖe wo ŋu woanɔ agbe nɔm ɖe se sia nu. Èbu be ema ana egbe ƒe xexea anyo ɖe edzia? Nenema tututue.

Eɖanye mɔ wɔdɔɖeamedzi nue wogblɔ sea le o, alo esi mewɔa dɔ ɖe ame dzi o ye o, alo mɔ bubu aɖe nue o, nusi ɖe dzesi enye be ame siwo nɔ anyi le ɣeyiɣi vovovowo me kple le teƒe vovovo siwo si nɔnɔme vovovowo nɔ la xɔ Sikasededea ƒe nyaa de eme. Esia fia kpuie ko be nya si Yesu gblɔ le Todzimawunyaa me la nye xexeame katã ƒe nufiafia si kpɔa ŋusẽ ɖe amewo ƒe agbe dzi le afisiafi le ɣeyiɣi ɖesiaɖe me.

Bia ɖokuiwò be: ‘Ðe madi be woawɔ nu ɖe ŋunye le bubu, ameŋkumemakpɔmakpɔ, kple anukwareɖiɖi mea? Ðe madi be manɔ xexe aɖe si me vovototodedeameme, hlɔ̃dodo, kple aʋawɔwɔ mele o mea? Ðe madi be manɔ ƒome aɖe si me wotsɔa ɖe le amesiame ƒe seselelãme kple nyonyo me la mea?’ Le nyateƒe me la, amekae agblɔ be yemedi nɔnɔme deamedzi siawo o? Nublanuitɔe la, ame ʋɛ aɖewo koe le nɔnɔme siawo me. Le ame akpa gãtɔ gome la, asesẽ na wo ŋutɔŋutɔ be woakpɔ mɔ na nusiawo.

Wogblẽ Kɔ Ðo na Sikasededea

Wowɔ nuvlo geɖe ɖe ameƒomea ŋu si me woŋe aɖaba ƒu amewo ƒe gomenɔamesiwo dzi keŋkeŋ le le ŋutinya katã me. Esiawo dometɔ aɖewoe nye kluvisitsatsa le Afrika, amewuwu le Nazi fuwɔamegaxɔwo me, ɖeviwo ƒe dɔsesẽwɔwɔ, kple ameƒomevi aɖewo tsɔtsrɔ̃ ɖa ŋutasesẽtɔe le teƒe geɖe. Woate ŋu agaƒo nu tso nu dziŋɔ bubuwo ŋu.

Egbea la, míaƒe xexe si de ŋgɔ le mɔ̃ɖaŋununya me la wɔa nusi dzea eŋu. Ame ʋɛ aɖewo koe bua ame bubuwo ŋu ne nusi asɔ na wo alo nusi wosusu be enye yewo tɔ la ɖo afɔku me. (Timoteo II, 3:1-5) Nukatae ame geɖe va zu ɖokuitɔdilawo, ŋutasẽlawo, vevemaseɖeamenulawo, kple ɖokuiŋudzelawo? Togbɔ be wogakpɔtɔ nya Sikasededea le afisiafi hã la, ɖe menye alesi wole aɖaba ŋem ƒu edzi hele ebum be megasɔ o, eye be ezu agbenɔnɔse si megale vevie o tae oa? Nublanuitɔe la, aleae wòle le amesiwo gblɔna be yewoxɔ Mawu dzi se gɔ̃ hã dome. Eye ŋkuléle ɖe alesi nuwo le yiyimee ŋu nyuie fia be ɖeko amewo agakpɔtɔ anye ɖokuiŋudzelawo ɖe edzi.

Eyata biabia vevi siwo ŋu wole be míade ŋugble le enye: Nukae agbenɔnɔ ɖe Sikasededea nu fia? Ðe ame aɖe gale agbe nɔm ɖe enua? Eye ɖe ɣeyiɣi aɖe ava si me ameƒomea katã anɔ agbe ɖe Sikasededea nua? Be nàkpɔ ŋuɖoɖo vavãwo na biabia siawo la, taflatse xlẽ nyati siwo kplɔe ɖo.

[Nɔnɔmetata si le axa 3]

Konfusio kple ame bubuwo fia Sikasededea ɖe mɔ vovovowo nu