Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Teƒe Bubue Nye Esia Nèyɔ”

“Teƒe Bubue Nye Esia Nèyɔ”

Fiaɖuƒe Gbeƒãɖelawo Ka Nya Ta

“Teƒe Bubue Nye Esia Nèyɔ”

LE Johannesburg, South Africa la, Leslie kple Caroline nɔ ɖase ɖim le telefon dzi, le dzudzɔxɔlawo ƒe nuto aɖe si me wodzɔa agbowo ŋu le vevie me. Ame ʋɛ aɖewo ko ŋue woke ɖo le aƒeawo me eye wometsɔ ɖe le woƒe Kristotɔwo ƒe gbedasia me boo o, eyata dzi ɖo Caroline ƒo esime aƒenɔ aɖe tsɔ telefon la.

Caroline bia be: “Aƒenɔ B—ye nye maa?”

Gbe bɔbɔe aɖe xɔ edzi be: “Ao, ŋkɔnye enye Aƒenɔ G—. Teƒe bubu enye esia nèyɔ.”

Esi Caroline se alesi nyɔnua ƒo nu xɔlɔ̃wɔwɔtɔe la, egblɔ be: “Enyo, ke na maɖe nya si medi be magblɔ na Aƒenɔ B—la dzi na wò.” Eyi edzi ƒo nu nɛ tso yayra siwo Mawu ƒe Fiaɖuƒe si gbɔna ahe vɛ la ŋu. Esi wòwɔ ɖoɖo kplii be yeatsɔ agbalẽ gbadza si nye Nukae Mawu Di tso Mía Si? ayi nɛ vɔ la, Aƒenɔ G— bia be: “Mabia lo, subɔsubɔha ka mee nèle?”

Caroline ɖo ŋu be: “Yehowa Ðasefowoe míenye.”

“Tsoo, nyemele subɔsubɔha ma gbɔ o! Nyemeka ɖe edzi be mele mia dim o.”

Caroline ƒo koko nɛ be: “Gake Aƒenɔ G—, le aɖabaƒoƒo 20 siwo va yi me la, meƒo nu tso mɔkpɔkpɔ wɔnukutɔ kekeake ŋu na wò, eye meɖe nusi Mawu ƒe Fiaɖuƒea ava wɔ na ameƒomea kpuie la fia wò tso Biblia me. Dzi dzɔ wò ŋutɔ esi nèse nya siawo—eye nègli kple dzidzɔ—hedi vevie be yeasrɔ̃ nu geɖe akpee. Ðe nènya nu geɖe tso Yehowa Ðasefowo ŋua? Ameka gbɔe nàyi ne èdze dɔ, ʋudzraɖola gbɔ loo?” Ðe màna maɖe Yehowa Ðasefowo ƒe dzixɔse me na wò oa?

Etɔ sẽe heɖo eŋu be: “Ewɔ nam be tɔwò dzɔ. Anyo be nàva. Gake eme nekɔ na wò be màte ŋu atrɔm akpɔ gbeɖe o!”

Caroline ɖo eŋu be: “Aƒenɔ G—, ne medi be matrɔ wò gɔ̃ hã la, nyemate ŋui gbeɖe o. Yehowa ɖeka koe ate ŋu awɔ esia.”

Ete ŋu yi egbɔ ɖatsɔ agbalẽ gbadza la nae, eye Aƒenɔ G— (Betty) lɔ̃ be wòagava srã ye kpɔ ɣebubuɣi. Esi Caroline trɔ yi la, Betty gblɔ nɛ be yegblɔ na amesiwo ɖua nu kple ye le kplɔ̃ ŋu be Yehowa Ðasefowo le nu me dzrom kple ye. Wokpla asi ta hebia be: “Nukata nèɖe mɔ na wo ɖo? Ame mawo mexɔ Yesu dzi se gɔ̃ hã o!”

Enumake Caroline ɖo ŋku nya vevi aɖe si wosrɔ̃ le woƒe numedzodzro mamlɛtɔ tso Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu me na Betty.

Caroline biae be: “Amekae anye eƒe Fia la?”

Betty ɖo eŋu be “Aleke wɔ, Yesue ɖe.”

Caroline gblɔ be: “Nenema tututue.” Eyi edzi ɖe nu me nɛ be Yehowa Ðasefowo xɔe se be Yesu nye Mawu ƒe Vi, gake mesɔ kple Mawu henye Mawuɖekaetɔ̃ aɖe ƒe akpa aɖeke o.—Marko 13:32; Luka 22:42; Yohanes 14:28.

Le sasrãkpɔ ʋɛ aɖewo megbe la, eva dze kɔte be susu nyui le Betty si, eye dzi le edzɔm, gake lãmegbegblẽ nɔ fu ɖem nɛ. Le nyateƒe me la, kansa nɔ eŋu eye wònɔ vɔvɔ̃m be yeava ku. Eʋu eme be: “Ame aɖe kpɔ be ɖe mese nya siawo ƒe aɖewo va yi eye mexɔ Mawu dzi se alea.” Caroline fa dzi nɛ kple ŋɔŋlɔawo ƒe akpa siwo ɖɔ ku be ele abe alɔ̃ si wodɔ yi eme ʋĩ si me ame ate ŋu afɔ le to tsitretsitsi me ene. (Yohanes 11:11, 25) Esia de dzi ƒo na Betty ŋutɔ, eye fifia ele gome kpɔm le Biblia-nusɔsrɔ̃ me edziedzi. Eƒe lãme si le gbegblẽm ɖe edzi koe xe mɔ nɛ be wòava kpekpewo le Fiaɖuƒe Akpata me.

Caroline gblɔ be: “Mekpɔe dze si be mawudɔlawoe le mɔ fiam dɔ sia. ‘Menye Betty ye wonɔ kaa ƒom na hafi o,’ gawu la, ƒe 89 ye wòxɔ!—Nyaɖeɖefia 14:6.