Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðokuitsɔtsɔna ƒe Gbɔgbɔe Naa Amewo Yia Gilead

Ðokuitsɔtsɔna ƒe Gbɔgbɔe Naa Amewo Yia Gilead

Ðokuitsɔtsɔna ƒe Gbɔgbɔe Naa Amewo Yia Gilead

HEHENANA ŋutsu kple nyɔnu siwo tsɔ wo ɖokui na hena dutanyanyuigbɔgblɔdɔ wɔwɔ tae Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Biblia Sukua li ɖo. Amekawoe yia Gilead? Amesiwo me ɖokuitsɔtsɔna ƒe gbɔgbɔ lee. (Psalmo 110:3) Gbɔgbɔ sia tututue dze le September 8, 2001 dzi, esime klass 111 lia wu woƒe hehexɔxɔ nu.

Sukuviawo dometɔ aɖewo lɔ̃ faa gblẽ woƒe ƒometɔwo, xɔlɔ̃wo, kple wo dedukɔ ɖi hesubɔ le afisi hiahiã lolo le wu xoxo. Woto ema me tee kpɔ ne tɔtrɔ ɖe nuto yeye me nɔnɔ ŋu anya wɔ na yewo. Le kpɔɖeŋu me, Richer kple Nathalie wɔ ɖoɖo ʋu yi Bolivia, Todd kple Michelle yi Dominican Republic, eye David kple Monique yi Asia-dukɔ aɖe me ɖakaka Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia. Sukuviawo dometɔ bubuwo subɔ le Nicaragua, Ecuador, kple Albania va yi.

Wode dzi ƒo na Christy be wòasrɔ̃ Spaingbe le kɔledzi, si kpe ɖe eŋu wòte ŋu nɔ Ecuador ƒe eve hafi ɖe srɔ̃. Bubuwo ge ɖe dutagbe-hamewo me le wo dedukɔwo me. Kuxi bubu si ɖe fu na Saul kple Priscilla enye Eŋlisigbea, eye woɖe ɖokuitsɔtsɔna ƒe gbɔgbɔ fia heku kutri vevie wɔ ŋgɔyiyi le eme hafi yi sukua.

Eteƒe medidi kura hafi kwasiɖa 20 ƒe dutanyanyuigbɔgblɔ hehexɔxɔa wu enu o. Sukunuwugbea ɖo, eye sukuviawo, xɔlɔ̃wo, kple ƒometɔwo ƒo ƒu nɔ to ɖom nuxlɔ̃amenya vavã kple kaklãnya dedziƒonamewo.

Theodore Jaracz, amesi de Gilead Sukua ƒe klass adrelia, eye wònye Yehowa Ðasefowo ƒe Dziɖuha me tɔ lae nɔ zi me na wɔnaa. Ehe susu yi edzi be habɔbɔa meŋe aɖaba ƒu hehenana sukuviwo le Gilead ƒe taɖodzinu, si nye be woaɖe gbeƒã Fiaɖuƒea ŋuti nyanyuia le anyigba katã dzi, la dzi kpɔ gbeɖe o le eƒe ŋgɔdonyawo me. (Marko 13:10) Gilead dzraa sukuvi siwo dze la ɖo be woawɔ gbeƒãɖeɖedɔa le mɔ si keke ta wu alesi wowɔnɛ tsã nu, le xexeame ƒe akpa siwo wohiã dutanyanyuigblɔla xɔhehewo koŋ le. Nɔviŋutsu Jaracz xlɔ̃ nu sukuviawo be woawɔ hehe si woxɔ le Gilead ŋudɔ nyuie ne woyi ɖakpe ɖe dutanyanyuigblɔla siwo le subɔsubɔm xoxo le dukɔ 19 siwo me woɖo wo ɖo la ŋu.

Nuxlɔ̃ame si Sɔ Ðe Ɣeyiɣia Nu na Sukunuwulaawo

Nuƒo vovovowo kplɔ wo nɔewo ɖo. William Van De Wall, United States Alɔdzekɔmiti me tɔ, ƒo nu tso nyati si nye “Dutanyanyuigbɔgblɔ ƒe Dzo—Enye Kristotɔ Vavãwo ƒe Dzesi” ŋu. Ehe susu yi ‘nusrɔ̃lawo wɔwɔ’ ƒe dɔdasi si woŋlɔ ɖe Mateo 28:19, 20 la dzi, eye wòde dzi ƒo na sukuviawo be: “Misrɔ̃ Yesu, amesi wɔ eƒe dutanyanyuigbɔgblɔdɔa kple dzonɔameme.” Be wòakpe ɖe dutanyanyuigblɔla yeyeawo ŋu be dzo nakpɔtɔ anɔ wo me woatsɔ ava wɔ dutanyanyuigbɔgblɔdɔa la, ede dzi ƒo na wo be: “Milé fɔ ɖe ɖoɖo nyuiwo wɔwɔ ŋu; ɖokuisinusɔsrɔ̃ wɔwɔ nyuie nazu numame na mi, teokrasi ŋu nya yeyewo nanɔ nyanya na mi ɣesiaɣi; eye miaƒe susu nanɔ nusita woɖo mi ɖe teƒe si miele la dzi ɣesiaɣi.”

Amesi kplɔe ɖo enye Guy Pierce, si nye Dziɖuha la me tɔ. Eƒo nu tso nyati si nye “Miyi Dzi Mianɔ Miaƒe ‘Tamebubu Ŋutete Tum Ðo’” ŋu. (Romatɔwo 12:1) Eɖo aɖaŋu nyuiwo na sukunuwulaawo, eye wòde dzi ƒo na wo be woazã ŋutete si Mawu na wo la abu tamee. Egblɔ be: “Miyi edzi mianɔ tame bum le nya si gblɔm Yehowa le na mi to eƒe Nya dzi la ŋu vevie. Esia akpɔ mia ta.” (Lododowo 2:11) Nɔviŋutsu Pierce gaxlɔ̃ nu klass la be woaganye amesiwo léa woƒe nukpɔsusuwo me ɖe asi kpaɖii o, be wòagaxe mɔ na woƒe ‘tamebubu ŋutete’ o. Ðikekemanɔmee la ŋkuɖodzinya siawo siwo sɔ ɖe ɣeyiɣia nu aɖe vi ŋutɔ ne sukunuwulaawo va le dutanyanyuigbɔgblɔdɔa wɔm.

Emegbe zimenɔla yɔ Lawrence Bowen, Gilead nufialawo dometɔ ɖeka, amesi ƒo nu tso nyati si nye “Ðoe be Yemaxɔ Nufiafia Tutɔ Aɖeke O” ŋu. Eɖee fia be le apostolo Paulo ƒe dutanyanyuigbɔgblɔ le Korinto me la ‘eɖoe be yemaxɔ nufiafia bubu aɖeke o negbe Yesu Kristo amesi wohe ɖe ati ŋu la ƒe nufiafia ko.’ (Korintotɔwo I, 2:2) Paulo nya be gbɔgbɔ kɔkɔea, si nye ŋusẽ gãtɔ kekeake le xexeame, le megbe na gbedasi si dze le Biblia bliboa me: si nye Yehowa ƒe dziɖulanyenye taʋiʋli to Dzidzimevi si ŋugbe wodo la dzi. (Mose I 3:15) Woxlɔ̃ nu sukunuwula 48 la be woanɔ abe Paulo kple Timoteo ene, eye be woanye dutanyanyuigblɔla kpɔdzidzedzewo, amesiwo ‘léa nya siwo le blibo me ɖe asi.’—Timoteo II, 1:13.

Nuƒo vovovo siwo wotsɔ ʋu wɔnaa nui ƒe mamlɛtɔ ƒe tanyae nye “Mikpɔ Ŋudzedze ɖe Mɔnukpɔkpɔ, si Mawu Na Mi la Ŋu.” Wallace Liverance, amesi nye Gilead Sukuviwo ƒe ŋkɔŋlɔla kpe ɖe sukunuwulaawo ŋu wose egɔme be Mawu ƒe amenuvevee subɔsubɔmɔnukpɔkpɔwo nye ke menye nane si wodze na alo wokpɔ to woƒe agbagbadzedzewo me o. Nɔviŋutsu Liverance zã apostolo Paulo ƒe kpɔɖeŋu tsɔ ɖee fia be: “Menye Paulo ƒe dɔwɔwɔ dzie Yehowa nɔ te ɖo tiae be wòanye apostolo na dukɔwo o, ne wòanye be gomekpɔkpɔe dɔdasia nye na Paulo alo ɖe wòdze nɛ o. Eye menye tsitsi ɖe dɔme alo nuteƒekpɔkpɔ dzie wònɔ te ɖo o. Le amegbetɔ ƒe nukpɔsusu nu la, Barnabae dze amesi wòle be woatia. Menye ŋutete si le ame si dzie wònɔ te ɖo o; edze ƒã be Apolo nye nuƒola bibi wu Paulo. Amenuvevee wònye Mawu ɖe fiae.” (Efesotɔwo 3:7, 8) Nɔviŋutsu Liverance de dzi ƒo na sukunuwulaawo be woazã woƒe nunana, alo subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ, atsɔ akpe ɖe ame bubuwo ŋu be woava zu Mawu xɔlɔ̃wo kple ‘Mawu ƒe nunana, si nye agbe mavɔ le Kristo Yesu, mía Aƒetɔ me’ xɔlawo.—Romatɔwo 6:23.

Esia megbe la, Mark Noumair, Gilead nufiala bubu, wɔ numedzodzro ʋãme aɖe kple sukuviawo dometɔ aɖewo tso nyati si nye “Nu Nyuiwo Dona Tsoa Dzadzraɖowɔwɔ Me” Ŋu. (Lododowo 21:5) Nuteƒekpɔkpɔawo ɖee fia be ne gbeƒãɖela dzra ɖo nyuie ɖe gbeadzisubɔsubɔdɔa ŋu, vevietɔ ne edzra eƒe dzi ɖo la, ɖetsɔleme vavã nɔa eme ɖe amewo ŋu. Maxaxa le nya si wòagblɔ ŋu akpɔ gbeɖe o. Ke boŋ agblɔ nya siwo akpe ɖe wo ŋu le gbɔgbɔ me eye wòawɔ nusi akpe ɖe wo ŋu. “Esia gbɔe dutanyanyuigblɔla kpɔdzidze nyenye tsona,” aleae Nɔviŋutsu Noumair ƒe dutanyanyuigbɔgblɔdɔa me nuteƒekpɔkpɔ si su eya ŋutɔ si le Afrika-nyigba dzi, ɖee fiae nye si.

Dutanyanyuigbɔgblɔ—Dɔ si Naa Dzidzeme

Ralph Walls kple Charles Woody bia gbe dutanyanyuigblɔla bibi aɖewo siwo hã va hehe tɔxɛ aɖe xɔƒe le Patterson Hehexɔƒea. Gbebiameawo ɖo kpe edzi be lɔlɔ̃ na ame bubuwoe naa wokpɔa dzidzɔ le dutanyanyuigbɔgblɔdɔa me. Ede dzi ƒo na sukuviawo kple woƒe ƒometɔ kple xɔlɔ̃ siwo nɔ nyaselawo dome ale gbegbe esi wosee dutanyanyuigblɔla bibi siawo ŋutɔ ɖe nusita dutanyanyuigbɔgblɔdɔa naa dzidzeme la me.

John E. Barr, amesi nye Dziɖuha la me tɔ lae ƒo wɔnaa ƒe nuƒo vevitɔ, si ƒe tanyae nye “Midzi Ha Yeye na Yehowa.” (Yesaya 42:10) Nɔviŋutsu Barr ɖe nu me be nya “ha yeye” dze le Biblia me zi asieke. Ebia be, “Nuka ŋue ha yeye sia ku ɖo?” Emegbe eɖo eŋu be: “Nya siwo ƒo xlãe ɖee fia be wodzia ha yeye le nu yeye siwo dona tsoa Yehowa ƒe aʋadziɖuɖu me ta.” Exlɔ̃ nu sukuviawo be woayi edzi akpe asi ɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒe si ɖu aʋa dzi le Mesia Fia, Kristo Yesu te la ƒe kafukafuha dzidzi ŋu. Nɔviŋutsu Barr gblɔ be hehe si yewoxɔ le Gilead kpe ɖe yewo ŋu yewova se “ha yeye” sia ƒe akpa vovovoawo katã gɔme wòde to wu tsã. “Sukua he susu yi alesi wòle vevie na mi be miawɔ ɖeka kple mia nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnuwo ‘adzi’ kafukafuha na Yehowa le afisiafi si miayi dzi; mina ɖekawɔwɔ nanɔ mia kple ame bubuwo dome ɣesiaɣi le teƒe siwo woɖo mi ɖo.”

Esi wotsɔ sukuviawo ƒe ɖaseɖigbalẽwo na wo vɔ la, klass la teƒenɔla xlẽ lɛta ʋãdziname aɖe tsɔ da akpee ɖe hehe si woxɔ le Gilead la ta.

Ðe nàte ŋu adzi wò subɔsubɔ ɖe dzi na Mawu ahana wòatse ku wua? Ne nenamae la, ke tsɔ ɖokuiwò na abe alesi sukunuwula siawo wɔe ene. Esiae kpe ɖe wo ŋu wodze na dutanyanyuigbɔgblɔdɔ wɔwɔ. Dzidzɔ manyagblɔe wokpɔna ne wotsɔ ame ɖokui na faa le Mawu ƒe subɔsubɔdɔa me.—Yesaya 6:8.

[Aɖaka si le axa 25]

SUKUVIAWO ŊUTI NYATAKAKA

Dukɔ siwo me wotso ƒe xexlẽme: 10

Dukɔ siwo me woɖo wo ɖo ƒe xexlẽme: 19

Sukuviawo ƒe xexlẽme: 48

Ƒe si woxɔ le mama dedie nu: 33.2

Ƒe si wole nyateƒea me le mama dedie nu: 16.8

Ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔƒewo le mama dedie nu: 12.6

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Biblia Suku ƒe Klass 111 lia Nuwulawo

Le amesiwo ƒe ŋkɔ woŋlɔ ɖe ete me la, woxlẽ fliawo tso ŋgɔgbe yi megbee eye woŋlɔ ŋkɔawo tso miame yi ɖusime le fli ɖesiaɖe dzi.

(1) Yeomans, C.; Toukkari, A.; Nuñez, S.; Phillips, J.; Dawkin, M.; Silvestri, P. (2) Morin, N.; Biney, J.; López, M.; Van Hout, M.; Cantú, A.; Szilvassy, F. (3) Williams, M.; Itoh, M.; Van Coillie, S.; Levering, D.; Fuzel, F.; Geissler, S. (4) Yeomans, J.; Moss, M.; Hodgins, M.; Dudding, S.; Briseño, J.; Phillips, M. (5) López, J.; Itoh, T.; Sommerud, S.; Kozza, C.; Fuzel, G.; Moss, D. (6) Williams, D.; Dudding, R.; Geissler, M.; Morin, R.; Biney, S.; Cantú, L. (7) Dawkin, M.; Hodgins, T.; Levering, M.; Silvestri, S.; Van Hout, D.; Briseño, A. (8) Van Coillie, M.; Nuñez, A.; Kozza, B.; Sommerud, J.; Toukkari, S.; Szilvassy, P.