Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Ŋkutike be Nasi ɖe Wò Ŋkuwo”

“Ŋkutike be Nasi ɖe Wò Ŋkuwo”

“Ŋkutike be Nasi ɖe Wò Ŋkuwo”

YESU KRISTOE kafui na ƒe alafa gbãtɔ me Kristo-hame si nɔ Laodikea, le Asia Sue.

Yesu gblɔ be: ‘Ƒle ŋkutike, be nàsi ɖe wò ŋkuwo, be nàkpɔ nu.’ Eyata menye ŋkudɔ ŋutɔŋutɔe wòle be woada o, ke boŋ gbɔgbɔmeŋkudɔe. Ŋutilãmekesinɔnuwo didi ƒe gbɔgbɔ si bɔ ɖe Laodikea dugã si me kesinɔnu sɔ gbɔ ɖo la kpɔ ŋusẽ ɖe Kristotɔ siwo nɔ dua me la dzi eye womegava tsɔ ɖeke le woƒe gbɔgbɔmenuhiahiã vavãwo me o.

Esi Yesu nɔ nu ƒom tso esia ŋu be eyae na womete ŋu nɔ nu kpɔm nyuie o la, egblɔ be: ‘Ègblɔna bena, yenye kesinɔtɔ, eye kesinɔnuwo le ye si, eye naneke mehiãa ye o, eye mènyae be, hiãtɔ kple nublanuitɔ kple kotɔ kple ŋkuagbãtɔ kpakple amamanɔla nènye o.’ Togbɔ be hamea me tɔwo menya o hã la, wohiã na “ŋkutike” si ate ŋu asu wo si to wo ɖokuiwo bɔbɔ na Yesu Kristo ƒe nufiafia kple amehehe. Yesu gblɔ be: ‘Ƒlee le asinye.’Nyaɖeɖefia 3:17, 18.

Abe alesi wònɔ le Laodikeatɔ mawo gome ene la, ehiã be Kristotɔ vavã siwo li egbea nanɔ ŋudzɔ be nuto siwo me wole si me nɔlawo tia ŋutilãmenuwo kple dzidzɔkpɔkpɔ yome fũ la nagakpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi madzemadzee eye ɖewohĩ le manyamanya me o. Mɔfiame si wona si awɔe be míalé gbɔgbɔmenukpɔsusu nyui me ɖe asi la dze le nuxlɔ̃ame sia me be: “Nàƒle . . . ŋkutike [le Yesu si], be nàsi ɖe wò ŋkuwo, be nàkpɔ nu.”

Nusi ɖe dzesii enye be ele be woaƒle “ŋkutike” sia. Ebia be woatsɔ nane aƒlee. Ele be woazã ɣeyiɣi atsɔ asrɔ̃ Mawu ƒe Nya la ahade ŋugble le eŋu. Hakpala la ka ɖe edzi na mí be Nya sia “dza, wonana [gbɔgbɔ me] ŋku dzi kɔna.”—Psalmo 19:9.