Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Amekae Amewo Gblɔna Bena, Menye Mahã?”

“Amekae Amewo Gblɔna Bena, Menye Mahã?”

“Amekae Amewo Gblɔna Bena, Menye Mahã?”

KRISTMAS ɖuɣi gaɖo ake. Amesiwo le xexeame katã dina be yewoaɖu dzigbezã aɖe. Ameka ƒe dzigbezã? Mawu ƒe Vi la tɔe loo alo Yudatɔ veviedonula aɖe si ɖoe be yeagbugbɔ asi atrɔ le mawusɔbɔsubɔ si nɔ anyi le eƒe nutoa me ŋu le ƒe alafa gbãtɔa me tɔ yea? Ame dahewo taʋlila alo aglãdzela aɖe si do ŋɔdzi na Roma Fiaɖuƒea ale gbegbe be wowui la ƒe dzigbezãea, alo ɖewohĩ nunyala deŋgɔ aɖe si tea gbe ɖe sidzedze ame ɖokui kple nunya lɔlɔ̃ dzi yea? Esɔ be nàbia be, ‘Ameka tututue Yesu Kristo nye?’

Yesu ŋutɔ tsɔ ɖe le alesi amewo aɖo biabia ma ŋu me. Ebia eƒe nusrɔ̃lawo ɣeaɖeɣi be: “Amekae amewo gblɔna bena, menye mahã?” (Marko 8:27) Nukatae wòbia nya sia? Ame geɖe trɔ le eyome xoxo. Edze ƒã be ame bubuwo tɔtɔ eye dzi ɖe le wo ƒo esime wògbe agbagba siwo wodze be yewoaɖoe fiae. Gakpe ɖe eŋu la, esime Yesu ƒe futɔwo tɔ gbee la, mewɔ dzesi aɖeke tso dziƒo tsɔ ɖo kpe amesi wònye dzi o. Eyata le biabia ma ŋu ɖoɖo me la, nukae eƒe apostolowo gblɔ le amesi wònye ŋu? Wogblɔ nukpɔsusu siwo nɔ ameawo si dometɔ aɖewo: “Ðewo bena, Yohanes [amenyrɔɖetsimelae], ke bubuwo

bena, Eliya ye, eye ame aɖewo hã gblɔ bena, Yeremya, alo nyagblɔɖilawo dometɔ ɖekae.” (Mateo 16:13, 14) Womeyɔ gbɔɖiamenya geɖe siwo bɔ le Palestina ɣemaɣi ku ɖe Yesu ŋu—be enye busunyagblɔla, ameblela, aʋatsonyagblɔɖila, kple aɖaʋatɔ gɔ̃ hã—kpe ɖe eŋu o.

Nɔnɔme Vovovo Siwo Nɔ Yesu Si

Ne ɖe Yesu abia nya ma ke egbea la, ɖewohĩ agbugbɔe abia gɔ̃ hã be: “Amekae agbalẽnyalawo be menye?” Ðewohĩ ŋuɖoɖoa koe nye: Nukpɔsusu vovovowoe li. Dawid Tracy, si le Chicago ƒe Yunivɛsiti, gblɔ be: “Yesu nye sɔ aɖe si ame vovovowo do to mɔ vovovowo dzi.” Le ƒe alafa si va yi me la, agbalẽnyalawo zã hadomeŋutinunya, amegbetɔŋutinunya, kple agbalẽnyanya mɔnuwo le amesi tututu Yesu nye la ƒe biabiaa ŋuɖoɖo didi me. Mlɔeba, ameka tututue wosusuna be eyae Yesu nye?

Agbalẽnyala aɖewo gakpɔtɔ gblɔna be Yesu si nɔ anyi le ŋutinya me la nye Yudatɔ xexeame ƒe nuwuwu ŋuti nyagblɔɖila aɖe si nɔ biabiam tso amewo si be woatrɔ dzi me. Gake wogbe be yewomayɔe be Mawu ƒe Vi, Mesia, kple Ðela o. Wo dometɔ akpa gãtɔ ɖea ɖeklemi Biblia ƒe nuŋlɔɖi si ku ɖe eƒe dziƒo tsotso kple eƒe tsitretsitsi ŋu. Le ame bubuwo gome la, ame aɖe si to eƒe agbenyuinɔnɔ kple nufiafia me ƒã mawusubɔsubɔ geɖe siwo wova ƒo ƒu emegbe de Kristotɔnyenye me koe Yesu nye. Eye abe alesi wogblɔe ɖe Theology Today me ene la, amewo gakpɔtɔ bua Yesu be enye “vodadadileameŋula, nunyala tsaglãlatsala, alo vivimenukpɔla manyagbalẽ; amewo nuƒoƒula, nutovowɔla si ɖea ɖeklemi hadomeɖoɖowo, alo amesi bi ɖe ayemenuwɔwɔ me, heƒã eƒe nukpɔsusuwo ɖe amewo me, eye wòdea zi Palestina-kɔƒe siwo sa ɖe aga me nɔlawo dome.”

Nukpɔsusu masɔmasɔ geɖewo hã li. Wote Yesu ŋu nya gbɔgblɔ le rap hawo, nutatawo, kple ɣeɖuɖu gɔ̃ hã me be enye ameyibɔ. * Ame bubuwo susunɛ be nyɔnue Yesu nye. Le ƒe 1993 ƒe dzomeŋɔli la, wokpɔ “Kristi,” si nye “Kristo” nyɔnutɔ si le amama, le atitsoga ŋu, le Orange Nutome Adzɔnuɖeɖefia si wowɔ le California me. Le ɣeyiɣi ma ke lɔƒo me la, woɖe “Krista”—si nye “Yesu” nyɔnutɔ si woklã ɖe atitsoga ŋu—ɖe go le New York. Kpememe evea siaa fɔ nyaʋiʋli geɖe ɖe tsitre. Le ƒe 1999 ƒe gɔmedzedze la, asitsalawo te ŋu kpɔa agbalẽ “siwo ƒo nu tso lɔlɔ̃ si nɔ Ŋutsuvi Yesu kple eƒe avu Mawudɔla, dome na wo nɔewo la ŋu.” Woɖɔ woƒe ƒomedodoa be enye esi “ʋãa ame le gbɔgbɔ me eye wòɖe alesi ŋutsuvi kple avu le klalo be yewoatsɔ yewoƒe agbe asa vɔe ɖe yewo nɔewo ta la fia.”

Ðe Wòle Vevie Ŋutɔŋutɔa?

Nukatae wòle be nàtsi dzi ɖe amesi Yesu nye eye wògakpɔtɔ nye la ŋu? Nusita wòle aleae nye be, le Napoleon ƒe nyawo nu la, “Yesu Kristo kpɔ ŋusẽ ɖe Eƒe amewo dzi eye woɖo toe togbɔ be mele wo gbɔ o hã.” Yesu to eƒe nufiafia wɔdɔɖeamedziwo kple alesi wònɔ agbee dzi kpɔ ŋusẽ ɖe ame biliɔn gbogbo aɖewo dzi anye ƒe akpe eve kloe enye sia. Agbalẽŋlɔla aɖe gblɔe wòsɔ be: “Ne wotsɔ asrafo siwo katã nɔ anyi kpɔ, kple ƒudziʋawɔla siwo katã nɔ anyi kpɔ, kple sewɔtakpekpe siwo katã de adaŋu kpɔ, kpakple fia siwo katã ɖu dzi kpɔ la katã ƒo ƒu la, womekpɔ ŋusẽ triakɔ ɖe ame ƒe agbenɔnɔ dzi le anyigba sia dzi nenema gbegbe kpɔ o.”

Gawu la, ehiã be nànya amesi Yesu nye va yi eye wògakpɔtɔ nye elabena akpɔ ŋusẽ ɖe wò etsɔme dzi tẽ. Mɔnukpɔkpɔ su asiwò be nava zu dziƒodziɖuɖu aɖe si woɖo anyi—si nye Mawu ƒe Fiaɖuƒe si dzi ɖum Yesu le—la tevi. Woagbugbɔ míaƒe ɣletinyigba si ɖo xaxa me la ƒe nu gbagbe ƒomevi vovovoawo kple wo nɔƒewo ƒe ŋutikɔkɔe ado nɛ le Yesu ƒe mɔfiafia nu. Biblia ƒe nyagblɔɖiwo ka ɖe edzi na mí be Yesu ƒe Fiaɖuƒe ana nuɖuɖu dɔwuitɔwo, akpɔ ame dahewo ta, ada gbe le dɔnɔwo ŋu, ahagbɔ agbe ame kukuwo.

Àdi be yeanya amesi ƒomevi anye dziɖuɖu sia si míehiã vevie la ƒe dziɖula godoo. Nyati si kplɔe ɖo akpe ɖe ŋuwò nàse amesi tututu Yesu nye la gɔme.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 8 Ku ɖe Yesu ƒe dzedzeme ŋutɔŋutɔ ŋu la, kpɔ nyati si nye “Aleke Yesu ƒe Dzedzeme Le?,” le December 8, 1998 ƒe Eŋlisigbe me Nyɔ! me.