Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dzilawo—Mikpɔ Mia Viwo ƒe Nuhiahiãwo Gbɔ!

Dzilawo—Mikpɔ Mia Viwo ƒe Nuhiahiãwo Gbɔ!

Dzilawo—Mikpɔ Mia Viwo ƒe Nuhiahiãwo Gbɔ!

ÐEVIWO hiã mɔfiafia kple hehe si wonana le lɔlɔ̃ me, vevietɔ tso wo dzilawo gbɔ. Braziltɔ nufiala Tania Zagury gblɔ le nya sia ŋu be: “Ðevi ɖesiaɖe ƒe didie nye be yeanɔ dzidzɔ kpɔm ɖaa. Ele vevie be woaɖo seɖoƒe na wo. Dzilawoe wòle be woakpɔ esia gbɔ. Ne womewɔe o la, ɖeviawo dzea go.”

Ke hã le dukɔ geɖe me la, mɔɖeɖe ɖe nusianu ŋu faa ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi si dea dzi ƒo be woawɔ nusi dze ame ŋu la ate ŋu ana be aɖaŋuɖoɖo sia dzi wɔwɔ nasesẽ. Ekema afikae dzilawo ate ŋu akpɔ kpekpeɖeŋu le? Dzila siwo vɔ̃a Mawu nya be ɖeviwo nye “domenyinu tso Yehowa gbɔ.” (Psalmo 127:3) Eyata wodia wo viwo nyinyi ƒe mɔfiamewo tso Mawu ƒe Nya, Biblia me. Le kpɔɖeŋu me, Lododowo 13:24 gblɔ be: “Amesi vea nu le eƒe ameƒoti gbɔ la, léa fu via; ke amesi lɔ̃nɛ la, tsona ɖe tohehe ŋu bla.”

Mele be míase “ameƒoti” si Biblia zã gɔme be efia ameƒoƒo ko o; efia ɖɔɖɔɖo le mɔ vovovowo nu. Le nyateƒe me zi geɖe la, mokaka koe hiã be woatsɔ aɖɔ ɖevi ƒe nɔnɔme gbegblẽ aɖe ɖo. Lododowo 29:17 gblɔ be: “He to na viwò, ekema ana gbɔɖeme wò, eye wòado vivi na wò luʋɔ.”

Ðeviwo hiã amehehe le lɔlɔ̃ me bene woaɖe asi le nɔnɔme gbegblẽwo ŋu. Ðɔɖɔɖo si wotɔ afɔ to sesĩe wɔ le dɔmenyonyo me alea la ɖenɛ fiana be dzila tsɔ ɖe le via me. (Lododowo 22:6) Eyata dzilawo, dzi megaɖe le mia ƒo o! Ne miewɔ ɖe aɖaŋu nyui si le Biblia me dzi la, miadze Yehowa Mawu ŋu eye mia viwo ade bubu mia ŋu.