Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Gbɔdzɔekpɔkpɔ Tso Nuteɖeamedzi Me—Eƒe Mɔnu Nyui Aɖe

Gbɔdzɔekpɔkpɔ Tso Nuteɖeamedzi Me—Eƒe Mɔnu Nyui Aɖe

Gbɔdzɔekpɔkpɔ Tso Nuteɖeamedzi Me—Eƒe Mɔnu Nyui Aɖe

“Mite va gbɔnye, mi amesiwo katã le agbagba dzem, eye agba le mia wum la, eye nye la, mana dzudzɔ mi.”—MATEO 11:28.

1, 2. (a) Nukawoe le Biblia me si ate ŋu aɖe nuteɖeamedzi dzi akpɔtɔ? (b) Aleke Yesu ƒe nufiafiawo ɖe vii?

ANƆ eme be àlɔ̃ ɖe edzi be egblẽa nu le ame ŋu ne nu tena ɖe ame dzi ɣesiaɣi; enaa ame ƒe agbe wɔa nublanui ale gbegbe. Biblia ɖee fia be agbawo va te ɖe amegbetɔƒomea katã dzi ale gbegbe be ame geɖe le gbɔdzɔe dim vevie tso nuteɖeamedzi siwo xɔ agbe me egbea la me. (Romatɔwo 8:20-22) Gake Ŋɔŋlɔawo ɖe alesi míawɔ akpɔ gbɔdzɔe gã aɖe tso nuteɖeamedziwo me fifia la hã fia. Ðekakpui aɖe si nɔ anyi ƒe alafa 20 enye esia va yi la ƒe nuxlɔ̃ame dzi wɔwɔ kple eƒe kpɔɖeŋu sɔsrɔ̃ mee míato akpɔ gbɔdzɔe sia. Atikpalae wònye, gake amewoe wòlɔ̃ wu. Eƒo nu wòwɔ dɔ ɖe amewo ƒe dzi dzi, ekpɔ woƒe nuhiahiãwo gbɔ, ekpe ɖe gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo ŋu eye wòfa akɔ na blanuilélawo. Gawu la, ekpe ɖe ame geɖe ŋu woɖo woƒe gbɔgbɔmeŋutetewo gbɔ. Esia na be wokpɔ gbɔdzɔe tso nuteɖeamedziwo me, abe alesi wò hã nàte ŋu akpɔe ene.—Luka 4:16-21; 19:47, 48; Yohanes 7:46.

2 Menye suku kɔkɔ si ame aɖewo de le Roma, Atene, alo Alexandria ye ŋutsu sia, Yesu Nazaretetɔ la, de o. Ke hã eƒe nufiafiawo de du. Nyati vevi aɖe dze le wo katã me: eyae nye, fiaɖuƒe si dzi Mawu ato aɖu anyigba la dzi nuwo nanyo. Yesu ƒo nu tso agbenɔnɔ ŋuti gɔmeɖose vevi aɖewo hã ŋu—wonye gɔmeɖose siwo hiã vevie ale gbegbe egbea. Amesiwo srɔ̃a Yesu ƒe nufiafiawo hewɔa wo dzi la kpɔa viɖewo fifi laa, eye wokpɔa gbɔdzɔe tso nuteɖeamedzi hã me. Màdi be woaɖe vi na ye hã oa?

3. Amekpenya wɔdɔɖeamedzi kae Yesu gblɔ?

3 Ðewohĩ wò susu anɔ wɔwòm evevevee. ‘Ðe ame aɖe si nɔ anyi gbaɖegbe ʋĩ ke ate ŋu akpɔ ŋusẽ gã ma ɖe nye agbe dzi fifia?’ Se Yesu ƒe amekpenya siawo ɖa ko: “Mite va gbɔnye, mi amesiwo katã le agbagba dzem, eye agba le mia wum la, eye nye la, mana dzudzɔ mi. Mitsɔ nye kɔkuti la ɖo mia ɖokui dzi, eye miasrɔ̃ nu tso gbɔnye, elabena nye dɔme fa, eye mebɔbɔ ɖokuinye ɖe anyi le dzi me, eye miakpɔ dzudzɔ na miaƒe luʋɔwo. Elabena nye kɔkuti la le bɔbɔe, eye nye agba la le wodzoe.” (Mateo 11:28-30) Eƒe nyaa gɔme ɖe? Mina míadzro nya siawo me ayi ŋgɔ vie akpɔ alesi woate ŋu akpe ɖe mía ŋu míakpɔ gbɔdzɔe tso nuteɖeamedzi mee.

4. Amekawoe Yesu ƒo nu na, eye nukatae nusi wobia tso eƒe nyaselawo si la wɔwɔ ate ŋu asesẽ na wo ɖo?

4 Yesu ƒo nu na ame geɖe siwo nɔ agbagba dzem anukwaretɔe be yewoawɔ se dzi gake ‘agba nɔ wo wum’ le esi Yudatɔwo ƒe kplɔlawo na mawusubɔsubɔ zu agba kpekpe wole tsɔtsɔm ta. (Mateo 23:4) Wowɔ se gbogbo aɖewo ɖe agbe ƒe akpa sia akpa kloe ŋu. Ðe mate ɖe dziwò ne woanɔ gbɔgblɔm na wò ɣesiaɣi be “mègawɔ” nusi alo nu kemɛ oa? Gake amewo kpɔkplɔ yi nyateƒe, dzɔdzɔenyenye, kple agbe si nyo wu gbɔ tae Yesu le amewo kpem be woaɖo to ye ɖo. Ẽ, toɖoɖo Yesu Kristo dzie woato anya nyateƒe Mawu la, elabena eya dzie amewo to te ŋu nya amesi Yehowa nye—eya dzi kee woagato egbea ate ŋu anyae. Yesu gblɔ be: “Amesi ke kpɔm la, ekpɔ Fofo la [hã].”—Yohanes 14:9.

Ðe Nu Te Ðe Dziwò Akpa le Agbe Mea?

5, 6. Ne wotsɔ wo sɔ kple wo nɔewo la, aleke nɔnɔme siwo me amewo wɔa dɔ le le Yesu ŋɔli kple fe si woxena na wo kpakple míaƒe ŋkekea me tɔwo le?

5 Ðewohĩ àtsɔ ɖe le nya sia me elabena dɔ si wɔm nèle alo nɔnɔme si me wò ƒomea le ƒe agba ate ŋu anɔ tetem ɖe dziwò ale gbegbe. Alo ɖewohĩ agbanɔamedzi bubuwo ate ŋu awu tsɔtsɔ na wò. Ne nenemae la, ke wò nya la ɖi dzianukwaretɔ siwo Yesu do goe eye wòkpe ɖe wo ŋu la tɔ. Le kpɔɖeŋu me, de ŋugble le dɔwɔɖuinyawo ŋu kpɔ. Enye taɖui na ame geɖe egbea, eye nenema ke wònɔ na ame geɖe le Yesu ŋɔli.

6 Ɣemaɣi la, dɔwɔlawo tsoa hloloe gaƒoƒo 12 gbesiagbe, ŋkeke 6 le kwasiɖa me, eye zi geɖe la, denario ɖeka koe woxɔna ɖe ŋkeke bliboa ƒe dɔwɔwɔ ta. (Mateo 20:2-10) Vovototo kae le fetu ma kple esi nèxɔna alo xɔ̃wòwo xɔna dome? Asesẽ be woatsɔ blematɔwo ƒe fetu asɔ kple míaƒe ɣeyiɣia me tɔ. Mɔ siwo nu míate ŋu ato atsɔ wo asɔ kple wo nɔewo ƒe ɖee nye be míabu nusi fetua ate ŋu aƒle ŋu. Agbalẽnyala aɖe gblɔ be le Yesu ŋɔli la, abolo ɖeka si wotsɔ luwɔ kplu ene mee ƒe home anɔ gaƒoƒo ɖeka ƒe dɔwɔwɔ ƒe fetu. Bubu gblɔ be wein nyui kplu ɖeka ƒe home anye gaƒoƒo eve ƒe dɔwɔwɔ ƒe fetu. Àte ŋu akpɔe le numekuku siawo me be amewo wɔa dɔ sesẽ ɣeyiɣi didi ɣemaɣi hafi kpɔa nu ɖuna. Wohiã gbɔdzɔe kple dzidzeme abe alesi míawo hã míehiãe ene. Ne ame aɖe ƒe dɔ mee woxɔ wò ɖo la, ɖewohĩ àse le ɖokuiwò me be wozia ye dzi be yeawɔ dɔ geɖe. Zi geɖe la, ɣeyiɣi menɔa mía ŋu míete ŋu bua nuwo ŋu nyuie hafi tsoa nya me o. Àlɔ̃ ɖe edzi be yele gbɔdzɔe dim vevie.

7. Aleke amewo xɔ nya si Yesu gblɔe?

7 Edze ƒã be alesi Yesu kpe amesiwo katã ‘agba wu’ la avivi na nyasela geɖe ŋutɔ ɣemaɣi. (Mateo 4:25; Marko 3:7, 8) Eye ɖo ŋku edzi be Yesu do ŋugbe kpe ɖe eŋu be “mana dzudzɔ mi.” Ŋugbedodo ma ke gali egbea hã. Ne míawo hã míele ‘agbagba dzem eye agba wu mí’ la, ŋugbedodo ma ate ŋu anye míawo hã mía tɔ. Eye ate ŋu anye míaƒe lɔlɔ̃tɔ siwo le nɔnɔme mawo tɔgbe me hã tɔ.

8. Aleke vinyinyi kple tsitsi naa agba gatena ɖe amewo dzii?

8 Nu bubuwo hã li siwo zu agba kpekpe na amewo. Vinyinyi nye kuxi gã aɖe. Vinyenye gɔ̃ hã ate ŋu anye kuxi. Tagbɔdɔ kple lãmesẽkuxiwo ɖea fu na amesiwo ƒe agbɔsɔsɔ le dzidzim ɖe edzi, ƒe ka kee woxɔ o. Eye togbɔ be amewo ate ŋu anɔ agbe wòadidi wu hã la, kuxi tɔxɛwo li siwo me ame tsitsiwo tona, togbɔ be wowɔ ŋgɔyiyi le atikenyawo me hã.—Nyagblɔla 12:1.

Kɔkuti la Tsɔtsɔ

9, 10. Nuka ƒe dzesie kɔkuti nye le blema, eye nukatae Yesu kpe amewo be woatsɔ yeƒe kɔkuti aɖo wo ɖokui dzi?

9 Ède dzesii be le nya siwo míeyɔ tso Mateo 11:28, 29 me la, Yesu gblɔ be: ‘Mitsɔ nye kɔkuti la ɖo mia ɖokui dzi, eye miasrɔ̃ nu tso gbɔnyea’? Ɣemaɣi la, ame tsɛwo ase le wo ɖokui me abe kɔkuti tee yewole dɔ wɔm le ene. Tso blema ke la, kɔkuti nye kluvimenɔnɔ alo ame subɔsubɔ ƒe dzesi. (Mose I, 27:40; Mose III, 26:13; Mose V, 28:48) Kɔkuti ŋutɔŋutɔ nɔ dɔwɔla siwo Yesu do goe dometɔ geɖe ƒe kɔ wotsɔ nɔ agba kpekpewo tsɔmee. Le alesi wowɔ kɔkutiae nu la, ate ŋu anɔ kɔ alo abɔta na ame evɔ amea mase veve boo o, alo ate ŋu ana wòase veve vevie. Esi Yesu nye atikpala ta, ɖewohĩ ekpaa kɔkuti, eye anya alesi wòakpae wòanɔ “bɔbɔe,” mave abɔta na ame o. Ðewohĩ etsɔa lãgbalẽ alo avɔ fana ɖe kɔkutia ƒe teƒe siwo aka ame ƒe ŋutilã bene etsɔtsɔ kɔ agbae naka bɔbɔ na ame alesi woanya wɔe.

10 Esi Yesu gblɔ be, “Mitsɔ nye kɔkuti la ɖo mia ɖokui dzi” la, anye ɖe wòtsɔ eɖokui nɔ sɔsɔm kple amesi kpaa kɔkuti nyuie ale be wòanɔ “bɔbɔe” na dɔwɔla siwo wotsɔ wo de kɔ kple abɔta na. Eyata Yesu gblɔ kpee be: “Nye agba la le wodzoe.” Esia fia be kɔkutia mevea abɔta na ame o, eye dɔ si woawɔ hã menye kluvidɔ o. Ele eme be menye ɖe Yesu nɔ gbɔgblɔm na eƒe nyaselawo be yeana woakpɔ gbɔdzɔe tso nuteɖeamedzi siwo katã nɔ anyi ɣemaɣi la me enumake esime wòkpe wo be woatsɔ yeƒe kɔkuti la ya o. Ke hã nukpɔsusu bubu si wòtsɔ ɖo woƒe ŋkume ana woakpɔ gbɔɖeme geɖe. Tɔtrɔ siwo woawɔ le agbenɔnɔ kple alesi wowɔa nui me hã ana woakpɔ gbɔdzɔe. Vevietɔ mɔkpɔkpɔ sẽŋu si me kɔ nyuie akpe ɖe wo ŋu be nu mate ɖe wo dzi fũ le agbe me o.

Àte Ŋu Akpɔ Gbɔdzɔe

11. Nukatae menye kɔkutiwo tsɔtsɔ ɖɔ li wo nɔewo ƒe nya gblɔm Yesu nɔ o?

11 Taflatse de dzesii be menye ɖe Yesu le gbɔgblɔm be amewo natsɔ kɔkuti aɖe aɖɔ li bubui o. Romatɔwo akpɔtɔ aɖu dukɔa dzi, abe alesi egbegbe dziɖuɖuwo le dukɔ siwo me Kristotɔwo le dzi ɖumee ene. Womaɖe adzɔ siwo Romatɔwo xɔna le amewo si le ƒe alafa gbãtɔ me la ɖa o. Lãmesẽ kple ga kuxiwo akpɔtɔ anɔ anyi. Blibomademade kple nuvɔ̃ ayi edzi anɔ ŋusẽ kpɔm ɖe amewo dzi. Ke hã ne woxɔ Yesu ƒe nufiafia la, woakpɔ gbɔdzɔe, abe alesi míawo hã míate ŋu akpɔe egbea ene.

12, 13. Nuka dzie Yesu te gbe ɖo be eyae ana gbɔdzɔe, eye aleke ame aɖewo wɔ nui esi wosee?

12 Kɔkuti ƒe kpɔɖeŋu si Yesu wɔ la ƒe akpa vevi aɖe ku ɖe nusrɔ̃lawo wɔwɔ dɔa ŋu. Ðikekemanɔmee la, Yesu ƒe dɔ vevitɔe nye nufiafia amewo, vevietɔ le Mawu Fiaɖuƒea ŋuti. (Mateo 4:23) Eyata esi wògblɔ be, “Mitsɔ nye kɔkuti la ɖo mia ɖokui dzi” la, ɖikeke mele eme o be eyomedzedze le dɔ ma ke wɔwɔ me hã anɔ eme godoo. Nuŋlɔɖi siwo le Nyanyuigbalẽawo me fia be Yesu ʋã anukwaretɔwo wotrɔ woƒe dɔwɔɖuiwo, esi nye nusi ŋu ame akpa gãtɔ tsia dzi ɖo vevie. Ðo ŋku alesi wòyɔ Petro, Andrea, Yakobo, kple Yohanes dzi, be: “Miva nɔ yonyeme, eye mawɔ mi miazu ameɖelawo.” (Marko 1:16-20) Efia alesi tɔƒodela mawo ƒe dzi adze emee ne wowɔ dɔ si wòtsɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ le eƒe agbe me, eye wowɔe le eƒe mɔfiafia te kple eƒe kpekpeɖeŋu me.

13 Yudatɔ siwo se eƒe nyawo la dometɔ aɖewo se eme eye wotsɔe de dɔwɔwɔ me. Tsɔ susu kpɔ ƒuta nudzɔdzɔ si ŋu míexlẽ nu le le Luka 5:1-11 la ɖa. Tɔƒodela ene dagba zã bliboa katã gake womekpɔ lã aɖeke ɖe o. Kasia ko woƒe ɖɔwo yɔ! Menye nudogoɖenunue o; esi Yesu de asi nya la me tae. Esi wonyè kɔ kpɔ ƒua ta ɖa la, wokpɔ ame gbogbo aɖe siwo Yesu ƒe nufiafiawo nya nɔ sesem na ale gbegbe. Esia na nusi Yesu gblɔ na ame ene mawo be, “Tso esia dzi yina la èle amewo ɖe ge” la me kɔ. Nukae wowɔ? ‘Woku ʋuawo va ƒo ɖe go, eye wogblẽ nusianu ɖi va dze eyome.’

14. (a) Aleke míawɔ akpɔ gbɔdzɔe egbea? (b) Nyanyui si naa gbɔɖeme ame kae Yesu ɖe gbeƒãe?

14 Ne míagblɔe tututu la, wò hã àte ŋu awɔ nu nenema. Biblia me nyateƒea fiafia amewo ƒe dɔa gale edzi yim fifia. Yehowa Ðasefo siwo ade miliɔn ade le xexeame katã wɔ ɖe Yesu ƒe amekpekpea be ‘woatsɔ yeƒe kɔkuti la aɖo wo ɖokui dzi’ la dzi va zu ‘ameɖelawo.’ (Mateo 4:19) Ame aɖewo tsɔe wɔ woƒe ɣeyiɣiawo katã ƒe dɔe, ame bubuwo zãa ɣeyiɣi agbɔsɔsɔ si woate ŋui ɖe ewɔwɔ ŋu. Amesiawo katã kpɔa gbɔdzɔe le dɔ sia me, eye esia wɔnɛ be nuteɖeamedzi dzi ɖena kpɔtɔna na wo le woƒe agbenɔnɔ me. Nusiwo esia wɔwɔ bia ƒe ɖee nye be woawɔ nusi doa dzidzɔ na wo, si nye nyanyuia—“fiaɖuƒe la ƒe nyanyui” la—gbɔgblɔ na amewo. (Mateo 4:23) Nyanyui gbɔgblɔ nyea dzidzɔ ɣesiaɣi vevietɔ nyanyui sia koŋ. Nu vevi siwo míehiã bene míatsɔ akpe ɖe amewo ŋu be woakpɔe be woate ŋu anɔ agbe si me nuteɖeamedziwo magasɔ gbɔ ɖo fũ o la le Biblia me.—Timoteo II, 3:16, 17.

15. Aleke nàwɔ nusiwo Yesu fia le alesi míanɔ agbee ŋu naɖe vi wò?

15 Nusiwo Yesu fia le alesi míanɔ agbee ŋu ɖe vi na amesiwo fifi laa koe wodze nusɔsrɔ̃ tso Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu la gɔ̃ hã vaseɖe afi aɖe. Ame geɖe ate ŋu agblɔe nyateƒetɔe be Yesu ƒe nufiafiawo na gbɔdzɔe yewo eye wòna yewotrɔ yewoƒe agbenɔnɔ kura. Wò ŋutɔ àte ŋu akpɔ nya sia ƒe nyateƒenyenye ne èlé ŋku ɖe gɔmeɖose siwo dze le Yesu ƒe agbenɔnɔ kple subɔsubɔdɔ me nuŋlɔɖiwo me, vevietɔ esiwo le Nyanyui siwo Mateo, Marko, kple Luka ŋlɔ me.

Alesi Nàwɔ Akpɔ Gbɔdzɔe

16, 17. (a) Afikae nàte ŋu akpɔ Yesu ƒe nufiafia veviawo dometɔ aɖewo le? (b) Nukae wòle be míawɔ bene míakpɔ gbɔdzɔe si tsoa Yesu ƒe nufiafiawo tsɔtsɔ wɔ dɔe me?

16 Le ƒe 31 M.Ŋ. ƒe adame la, Yesu ƒo nuƒo ɖedzesi aɖe si ŋu xexeame katã nya nu tsoe va de asi na egbegbe gɔ̃ hã. Wolɔ̃a eyɔyɔ be Todzimawunya la. Woŋlɔe ɖe Mateo ta 5 vaseɖe ta 7 kple Luka ta 6, eye eƒe nufiafiawo dometɔ geɖe dze kpokploe le eme. Àte ŋu akpɔ Yesu ƒe nufiafia bubuwo le Nyanyuigbalẽawo ƒe akpa bubuwo. Togbɔ be nya siwo wògblɔ tsɔtsɔ wɔ dɔe le míaƒe agbenɔnɔ me ate ŋu anye nu sesẽ hã la, wo dometɔ geɖe gɔmesese le bɔbɔe. Nukata màtsɔ ŋugblemeyiyi axlẽ ta mawo fɔléleɖeŋutɔe o? Na ŋusẽ si le eƒe nyawo me nawɔ dɔ ɖe wò tamebubu kple nɔnɔme dzi.

17 Edze ƒã be woate ŋu aɖo Yesu ƒe nufiafiawo ɖe mɔ vovovo nu. Mina míaɖo eƒe nufiafia veviwo ɖe hatsotso me ale be míate ŋu axlẽ wo dometɔ ɖeka gbesiagbe le ɣletia me, kple susu be nàtsɔ wo ade dɔwɔwɔ me le wò agbenɔnɔ me. Le mɔ ka nu? Mègaƒu du to wo me dzradzradzra o. Ðo ŋku dziɖula kesinɔtɔ si bia Yesu Kristo be, “Nuka mawɔ, be manyi agbe mavɔ la dome mahã?” la dzi. Esi Yesu gbugbɔ gblɔ Mawu ƒe Sea me nudidi veviwo nɛ vɔ la, ŋutsu sia gblɔ be yele wo dzi wɔm xoxo. Ke hã enya be ele be yeagawɔ nusi de ŋgɔ wu ema. Yesu bia tso esi be wòagadze agbagba ayi ŋgɔ wu atsɔ Mawu ƒe gɔmeɖosewo ade dɔwɔwɔ me, be wòazu nusrɔ̃la si me dzo le. Edze ƒã be ema ya wɔwɔ glo ŋutsua. (Luka 18:18-23) Eyata ehiã be amesi di be yeasrɔ̃ Yesu ƒe nufiafiawo egbea la naɖo ŋku edzi be vovototo le dzidzɔkpɔkpɔ ɖe nufiafiaawo ŋu kple wo tsɔtsɔ de dɔwɔwɔ me ŋutɔŋutɔ, si ɖea nuteɖeamedzi dzi kpɔtɔna, la dome.

18. Wɔ alesi nàte ŋu azã aɖaka si le nyati sia me wòaɖe vi na wò la ƒe kpɔɖeŋu.

18 Be nàtsɔ adze ŋkuléle ɖe Yesu ƒe nufiafiawo ŋu eye nàtsɔ wo adze dɔwɔwɔ gɔmee la, lé ŋku ɖe nyati gbãtɔ si dze le aɖaka si le nyati sia me ŋu. Woyɔ Mateo 5:3-9 le afisia. Le nyateƒe me, mía dometɔ ɖesiaɖe míate ŋu atsɔ ɣeyiɣi didi aɖe ade ŋugble le nuxlɔ̃amenya nyui deŋgɔ siwo le kpukpui mawo me ŋu. Gake ne èda ŋku ɖe kpukpui mawo me la, nukae nàgblɔ tso nɔnɔme si wòle be wòanɔ mía si ŋu? Ne le nyateƒe me, èdi be yeakpɔ ta na nusiwo wòagblẽ le ŋuwò ne nu te ɖe dziwò akpa le agbe me la, nukae ate ŋu akpe ɖe ŋuwò? Vi kae wòaɖe na wò ne èdzi alesi nèbua gbɔgbɔmenuwo ŋui ɖe edzi eye nèna nusiawo xɔ wò tamesusu ƒe akpa gãtɔ? Ðe agbemedzimaɖitsitsi aɖewo le dziwò siwo ŋu mele be nàtsi dzi ɖo boo o bene nàkpɔ vovo ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu wua? Ne èwɔe nenema la, adzi wò dzidzɔkpɔkpɔ ɖe edzi.

19. Nukae nàte ŋu awɔ adzi wò nugɔmesese ɖe edzi?

19 Mègatɔe ɖe afima o. Nukata màdzro kpukpui mawo me kple Mawu subɔla bubu o? Ate ŋu anye srɔ̃wò, wò ƒometɔ kplikplilkpli loo, alo xɔ̃wò aɖe. (Lododowo 18:24; 20:5) Ðo ŋku edzi be ame bubu aɖee dziɖula si nye kesinɔtɔ la bia nya si do ƒome kple esiae—eyae nye Yesu. Nyaŋuɖoɖo si wòxɔ ate ŋu adzi eƒe dzidzɔkpɔkpɔ kple agbe didi nɔnɔ ɖe edzi hafi. Hati tadeagula si nàdzro kpukpui mawo me kplii mede Yesu nu ya o; gake dzeɖoɖo tso Yesu ƒe nufiafiawo ŋu aɖe vi na mia kplii siaa. Mègahe esia wɔwɔ ɖe megbe o.

20, 21. Ðoɖo ka dzie nàte ŋu azɔ ɖo asrɔ̃ nu tso Yesu ƒe nufiafiawo ŋu, eye aleke nàwɔ akpɔ alesi nèle ŋgɔ yimee le ewɔwɔ me?

20 Galé ŋku ɖe aɖaka si le nyati sia me si nye “Nufiafia Siwo Akpe Ðe Ŋuwò” la ŋu ake. Woɖo nufiafia siawo ɖe hatsotso me be ne eglo la, nàde ŋugble le nufiafia ɖeka ya teti ŋu gbesiagbe. Gbã la, àte ŋu axlẽ nusi Yesu gblɔ le kpukpui siwo woyɔ la me. Emegbe bu eƒe nyaawo ŋu. De ŋugble tso alesi nàte ŋu atsɔ wo ade dɔwɔwɔ mee le wò agbenɔnɔ me ŋu. Ne èkpɔ be yele ewɔm xoxo la, ke kpɔe ɖa be nukae yeagate ŋu awɔ akpee be yeanɔ agbe ɖe Mawu ƒe nufiafia ma nu hã. Wɔ dɔ le eŋu gbemagbe. Ne ehiã agbagbadzedze be nàse egɔme alo nàkpɔ alesi nàtsɔe ade dɔwɔwɔ mee la, ke gazã ŋkeke bubu ɖe eŋu. Gake nenɔ susu me na wò be mele be nàtsɔe awɔ dɔe wòama wò vɔ keŋkeŋ hafi ayi bubu dzi o. Ŋufɔke bubu la, àte ŋu ade ŋugble tso nufiafia bubu ŋu. Le kwasiɖaa ƒe nuwuwu la, àte ŋu adzro alesi nète ŋu tsɔ Yesu ƒe nufiafia ene alo atɔ̃ wɔ dɔe me. Tsɔ bubuwo kpee le kwasiɖa si kplɔe ɖo me, wɔe gbesiagbe. Ne èkpɔ be yemete ŋu tsɔ nufiafia aɖe wɔ dɔe wòde go o la, dzi megaɖe le ƒowò o. Adzɔ ɖe Kristotɔ ɖesiaɖe dzi nenema. (Kronika II, 6:36; Psalmo 130:3; Nyagblɔla 7:20) Yi edzi nenema kwasiɖa etɔ̃lia kple enelia.

21 Le abe ɣleti ɖeka me ene la, àwu nyati 31 la katã nu. Èɖawu enu ɣemaɣi alo emegbe vie o, aleke nàse le ɖokuiwò me ne èwɔ esia? Ðe mana nàkpɔ dzidzɔ ɖe edzi vie, ɖewohĩ nàvo le ɖokuiwò me wu oa? Ne menye ŋgɔyiyi boo aɖekee nèwɔ o hã la, anɔ eme be anɔ bɔbɔe na wò wu be nànɔ te ɖe nuteɖeamedzi nu, eye nàkpɔ mɔ si nu nàto ayi edzi anɔ te nɔm ɖe enu. Mègaŋlɔ be be nya vevi nyui bubuwo le Yesu ƒe nufiafia me siwo medze le nyaɖoɖo sia me o. Nukata màdi eƒe ɖewo eye nàdze agbagba atsɔ wo ade dɔwɔwɔ me o?—Filipitɔwo 3:16.

22. Nukae ate ŋu ado tso Yesu ƒe nufiafiawo dzi wɔwɔ me, gake nya la ƒe akpa ka ŋue wòle be míagasrɔ̃ nu le?

22 Àte ŋu akpɔe be togbɔ be menye ɖe Yesu ƒe kɔkutia mekpena kura o hã la, le nyateƒe me, enye kɔkuti bɔbɔe. Agba si le eƒe nufiafiawo xɔxɔ kple eƒe nusrɔ̃lanyenye me le wodzoe. Yesu xɔlɔ̃ vevi apostolo Yohanes lɔ̃ ɖe edzi le eya ŋutɔ ƒe ƒe 60 kple edzivɔ ƒe nuteƒekpɔkpɔ me be: “Lɔlɔ̃ na Mawu enye si bena, míalé eƒe seawo me ɖe asi, eye eƒe seawo mesesẽ o.” (Yohanes I, 5:3) Kakaɖedzi ma ke ate ŋu anɔ wò hã asiwò. Ɣeyiɣi didime sinu nètsɔ Yesu ƒe nufiafiawo wɔ dɔe la, nenemae nàkpɔe be nusiwo nana be nuwo tena ɖe ame geɖe dzi kakaka le agbe me egbea la dzi aka aɖe akpɔtɔ na wò. Àkpɔe be yekpɔ gbɔdzɔe gã aɖe. (Psalmo 34:9 ) Ke hã Yesu ƒe kɔkuti bɔbɔe la ƒe akpa aɖe li si ŋu wòle be nàbu. Yesu gblɔ hã be yeƒe ‘dɔme fa, eye yebɔbɔ ye ɖokui ɖe anyi le dzi me.’ Aleke nya sia do ƒome kple nusi srɔ̃m míele tso Yesu gbɔ kple alesi míele eyama srɔ̃mee? Míadzro eme le nyati si kplɔe ɖo me.—Mateo 11:29.

Aleke Nàɖo Wò Ŋui?

• Nukatae wòle be míava Yesu gbɔ ne míele gbɔdzɔe dim tso nuteɖeamedzi siwo wu tsɔtsɔ na mí me?

• Nuka ƒe kpɔɖeŋue kɔkuti nye, eye nukatae?

• Nukatae Yesu kpe amewo be woava tsɔ yeƒe kɔkuti la?

• Aleke nàwɔ akpɔ gbɔdzɔe le gbɔgbɔ me?

[Biabiawo]

[Nya si ɖe dzesi si le axa 14]

Yehowa Ðasefowo ƒe ƒe 2002 ƒea ƒe mawunyakpukpui anye: “Mite va gbɔnye, . . . eye nye la, mana dzudzɔ mi.”—Mateo 11:28.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 12, 13]

Nufiafia Siwo Akpe Ðe Ŋuwò

Nu nyui kawoe nàte ŋu akpɔ le Mateo ta 5 vaseɖe ta 7 me? Àkpɔ nusiwo Nufiala Gã Yesu fia le Galilea-to aɖe ŋu la le ta siawo me. Taflatse xlẽ kpukpui siwo dze le ete le wò ŋutɔ wò Biblia me, eye nàbia nya siwo ku ɖe wo ŋu la ɖokuiwò.

1. 5:3-9 Nuka gblɔm kpukpui siawo le nam tso nɔnɔme si meɖena fiana ŋu? Aleke mawɔ adzi nye dzidzɔkpɔkpɔ ɖe edzi? Aleke mawɔ alé fɔ ɖe nye gbɔgbɔmenuhiahiãwo ŋu geɖe wu?

2. 5:25, 26 Nuka wɔwɔe nyo wu dzrehehegbɔgbɔ si le ame geɖe me la sɔsrɔ̃?—Luka 12:58, 59.

3. 5:27-30 Nuka dzie Yesu ƒe nyawo te gbe ɖo le nana be gbɔdɔdɔ nuwɔnawo nayɔ susu me na mí ŋu? Aleke tamebubu sia tsitsri adzi nye dzidzɔkpɔkpɔ kple ŋutifafa ɖe edzii?

4. 5:38-42 Nukatae wòle be madze agbagba atsri nyahehe kple wɔɖenuiwɔwɔ si bɔ ɖe amewo me egbea?

5. 5:43-48 Aleke wòaɖe vii nam wu be manya hatinye siwo anye ne mabu wo ketɔwoe hafi la nyuie? Nukae wòate ŋu adzɔ bɔbɔe be nusia wɔwɔ ahe vɛ le fuléle si anɔ mía kple wo dome la dzi ɖeɖe kpɔtɔ alo eɖeɖeɖa kura me?

6. 6:14, 15 Ne ɣeaɖewoɣi nyemete ŋu tsɔa nya kena bɔbɔe o la, ɖe wòate ŋu anye ŋubiabiã alo nyaléleɖedɔme gbɔ koŋue wòatsoa? Aleke mawɔ atrɔ nɔnɔme ma?

7. 6:16-18 Ðe metsia dzi ɖe alesi medzenae le amewo ŋkume ŋu wu amesi menye le ememe ŋutɔŋutɔa? Nuka ŋue wòle be malé fɔ ɖo wu?

8. 6:19-32 Nukae wòate ŋu agblẽ ne metsi dzi akpa ɖe ga kple nunɔamesiwo ŋu? Nukawo ŋu bubue akpe ɖe ŋunye be mada asɔ le go sia me?

9. 7:1-5 Aleke mesena le ɖokuinye me ne mele amesiwo lɔ̃a fɔbubu ame, eye wodia vodada le ame ŋu, amesiwo megbea gbegblẽƒe kpɔkpɔ le ame ŋu o gbɔ? Nukata wòle vevie be matsri amesiawo sɔsrɔ̃?

10. 7:7-11 Ne kutrikuku le nubiabia Mawu me nyo la, ke le agbemenuwɔna bubuwo hã me ɖe?—Luka 11:5-13.

11. 7:12 Togbɔ be menya Sikasededea hã la, zi nenie metsɔa nuxlɔ̃ame sia wɔ dɔe le nuwɔwɔ ɖe amewo ŋu me?

12. 7:24-27 Esi wònye nye agbanɔamedzie wònye be mafia mɔ ɖokuinye la, nukae mate ŋu awɔ atsɔ anɔ dzadzram ɖo ɖe yaƒoƒo siwo nye kuxiwo kple tɔɖɔɖɔ siwo nye xaxawo ŋu? Nukatae wòle be manɔ nusia ŋu bum fifia?—Luka 6:46-49.

Nufiafia bubu siwo ŋu mate ŋu ade ŋugble le:

13. 8:2, 3 Aleke mate ŋu aɖe veveseseɖeamenu afia amesiwo dzi nuwo medee o, abe alesi Yesu wɔe zi geɖe ene?

14. 9:9-38 Ðe nublanuikpɔkpɔ nye nye agbenɔnɔ ƒe akpa vevi aɖea, eye aleke mawɔ aganye nublanuikpɔla wu?

15. 12:19 Esi mesrɔ̃ nu tso nyagblɔɖi si ku ɖe Yesu ŋu la, ɖe medzea agbagba be matsri nyaʋiʋlia?

16. 12:20, 21 Nu nyui kae mate ŋu awɔ ne nyemetsɔa nye nyagbɔgblɔ kple nuwɔna doa nuxaxa na amewoe o?

17. 12:34-37 Nuka ŋue melɔ̃a nuƒoƒo le zi geɖe? Menya be mefia aŋuti la, aŋutitsie dona, eyata nukatae wòle be mabu nusiwo le menye, nusi le nye dzi me ŋu?—Marko 7:20-23.

18. 15:4-6 Nukae mesrɔ̃ tso Yesu ƒe nyawo me le beléIe na ame tsitsiwo lɔlɔ̃tɔe gome?

19. 19:13-15 Nukae wòle be magbɔ dzi ɖi awɔ?

20. 20:25-28 Nukatae viɖe mele eme be míazã ŋuse le esi ŋusẽ ma le mía si ko ta o? Aleke mawɔ asrɔ̃ Yesu le esia me?

Nufiafia bubuwo, le Marko ƒe nuŋlɔɖia me:

21. 4:24, 25 Aleke gbegbe alesi mewɔa nu ɖe amewo ŋu le vevie?

22. 9:50 Ne nye nyagbɔgblɔ kple nuwɔna ɖɔ ʋu la, nu nyui kawoe ate ŋu ado tso eme?

Mlɔeba, nufiafia siwo Luka ŋlɔ ɖi dometɔ ʋɛ aɖewo:

23. 8:11, 14 Ne mena dzitsitsi, hokpɔkpɔ, kple vivisesedidi xɔ nɔƒe vevitɔ le nye agbe me la, nukae wòate ŋu ahe vɛ?

24. 9:1-6 Togbɔ be dɔdaŋusẽ le Yesu si hã la, nukae wòda ɖe nɔƒe gbãtɔ na esia?

25. 9:52-56 Ðe dzi kuam kabakabaa? Ðe metsri wɔɖenui wɔwɔa?

26. 9:62 Aleke wòle be mabu nye agbanɔamedzi si nye be maƒo nu tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu lae?

27. 10:29-37 Aleke mawɔ aɖee afia be havie menye, ke menye amesi metsɔ ɖeke le amewo ƒe nya me o?

28. 11:33-36 Tɔtrɔ kawoe mate ŋu awɔ be nuwo nanɔ bɔbɔe wu le nye agbenɔnɔ me?

29. 12:15 Ƒomedodo kae le agbe kple nunɔamesiwo dome?

30. 14:28-30 Ne megbɔ dzi ɖi da nyametsotsowo kpɔ nyuie la, nukae mate ŋu aƒo asa na, eye vi kae wòaɖe nam?

31. 16:10-12 Vi kawoe nuteƒewɔwɔgbenɔnɔ aɖe nam?

[Nɔnɔmetata siwo le axa 10]

Agbeɖeɖedɔ si míewɔna le Yesu ƒe kɔkutia tsɔtsɔ me la naa gbɔdzɔe ame