Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Kaisaro Si Mee Metsɔ Nye Nya Dee!”

“Kaisaro Si Mee Metsɔ Nye Nya Dee!”

“Kaisaro Si Mee Metsɔ Nye Nya Dee!”

NUVLOWƆHA aɖe lé ŋutsu wɔnamanɔŋuitɔ aɖe hedze eƒoƒo gɔme. Wobui be edze na ku. Esi wòva dze kɔte be ɖe wodi be woawui godoo la, asrafowo va do eye bebli hafi wote ŋu xɔ ŋutsua le ameha sẽŋuta ma si me. Ŋutsu lae nye apostolo Paulo. Yudatɔ siwo tsi tre ɖe Paulo ƒe gbeƒãɖeɖe ŋu vevie hebu fɔe be eƒo ɖi gbedoxɔ lae lée sesẽe. Romatɔ siwo aʋafiagã Klaudio Lisia nɔ ŋgɔ na lae nye amesiwo va xɔ nɛ. Le zitɔtɔa me la, wolé Paulo abe amesi nu wotso be enye nuvlowɔla ene.

Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa ƒe ta adre susɔeawo ƒo nu tso nudzɔdzɔ sia ŋu, tso esime wolée dzi. Paulo ƒe senyawo ŋuti nya, nutsotso siwo wotsɔ ɖe eŋu, eɖokuinuɖeɖe, kple Romatɔwo ƒe tohehemɔnuwo gɔmesese akpe ɖe mía ŋu be ta siawo me nyawo me nagakɔ na mí ɖe edzi.

Le Klaudio Lisia Si Me

Klaudio Lisia ƒe dɔdasiwo dometɔ aɖee nye be wòakpɔ egbɔ be wowɔ se dzi le Yerusalem. Roma-mɔmefia si le Yudea dzi ɖum, amesi te wòle, la le Kaisarea. Míate ŋu abu akpa si Lisia wɔ le Paulo ƒe nyaa me be enye ametakpɔkpɔ tso ŋutasesẽnuwɔlawo si me kple amesi he zitɔtɔ vɛ la léle da ɖi. Yudatɔwo ƒe nuwɔna na Lisia kplɔ eƒe gamenɔla la yi asrafowo nɔƒee le Antonia-mɔ me.—Dɔwɔwɔwo 21:27–22:24.

Ele be Lisia naku nu me akpɔ nusi Paulo wɔ. Mete ŋu se naneke tso eŋu le zitɔtɔa me o. Eyata ede se enumake be ‘woaɖe atam ɖe Paulo dzi ase eƒe numenya, bena yeanya nusi ŋuti wole ɣli dom ɖe eta ɖo.’ (Dɔwɔwɔwo 22:24) Esia nye nusiwo wowɔna be woatsɔ abia gbe hlɔ̃dolawo, kluviwo, kple ame tsɛ bubuwo. Ate ŋu anye be atam ɖeɖe ɖe ame dzi (flagrum) ana woase nya si dim wole bɔbɔe, gake enye ameƒonu dziŋɔ aɖe. Ga goɖogoɖoe aɖewo siwo wotɔ ɖe kɔsɔkɔsɔ ŋu nɔa atam siawo ŋu. Wodea ƒu ɖaɖɛ kple gaviwo atam bubuwo ƒe lãgbalẽ siwo wogbina me. Wodea abi ame ŋu vevie hevuvua ame ƒe ŋutilã ʋayaʋaya.

Ɣeyiɣi sia mee Paulo ɖe eƒe Romatɔnyenye gblɔ. Womate ŋu aƒo Romatɔ si meɖi fɔ o, eyata Paulo ƒe eɖokuitaʋiʋlia ɖe vi enumake. Ŋutasesẽ le Roma-dumevi ŋu alo tohehe nɛ ate ŋu ana Roma-dumegã ƒe ɖoƒe nage le esi. Eyata eme kɔ be tso ɣemaɣi la, wowɔa nu ɖe Paulo ŋu abe gameme tɔxɛ ene, wona mɔnukpɔkpɔe wòte ŋu xɔa amedzrowo gɔ̃ hã.—Dɔwɔwɔwo 22:25-29; 23:16, 17.

Esi nutsotsoa me mekɔ na Lisia o ta la, ekplɔ Paulo va Sanhedrin la ŋkume be yease nusi gbɔ zitɔtɔa tso. Gake Paulo de ʋiʋli wo dome esi wògblɔ be tsitretsitsi ƒe nya la tae wole ʋɔnu drɔ̃m ye ɖo. Nyaʋiʋlia nu sẽ ale gbegbe be Lisia vɔ̃ be woava vuvu Paulo, eye wògana Lisia ʋlii sesẽe le Yudatɔ siwo dzi nɔ kukum helĩhelĩ la si me.—Dɔwɔwɔwo 22:30–23:10.

Lisia medi be woawu Romatɔ ɖe akɔ na ye o. Esi wòse nugbe si woɖo ɖe eŋu be woawui la, ena wokplɔ eƒe gamenɔla la yi Kaisarea enumake. Se bia be woatsɔ nyatakaka siwo ku ɖe nyaa ŋu akpe ɖe gamenɔlawo ŋu ne wokplɔ wo yina ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔ aɖee. Nusiwo anɔ nyatakaka mawo me ƒe ɖewoe nye nya siwo wose le numekuku gbãtɔ me, nusiwo ta wowɔ afɔɖeɖe sia, kple nusi numekula susu tso nya la ŋu. Lisia ŋlɔ le Paulo ŋu be ‘wole enu tsom ɖe Yudatɔwo ƒe Se la ƒe nyaʋiʋliwo ta, menye le naneke si dze na ku alo babla ta o,’ eye wògblɔ na Paulo nutsolawo hã be woava gblɔ woƒe nutsotsowo na mɔmefia Felike.—Dɔwɔwɔwo 23:29, 30.

Mɔmefia Felike Do Kpo Afiatsotso

Felike si mee nutowo me dziɖuŋusẽ le. Ate ŋu atsɔ nutoa me kɔnuwo adrɔ̃ nya lae ne edze eŋu, alo ate ŋu atsɔ dukɔa ƒe hlɔ̃dodo ŋu sewo—siwo wozãna na ame ŋkutawo kple dziɖuɖumegãwo—adrɔ̃e. Woyɔa se ma be ordo, alo ɖoɖo. Ate ŋu azã ʋɔnudrɔ̃se bubu si woyɔna be extra ordinem hã, si nye se wote ŋu tsɔ drɔ̃a dziɖuŋusẽ me hlɔ̃donya ɖesiaɖee. Wodina tsoa nutomedziɖulawo si be ‘menye nusi wowɔna le Roma ŋue wòabu o, ke boŋ nusi wòle be wòawɔ na amesiame ŋue wòabu.’ Eyata wogblẽ nu geɖe ɖe esi me.

Menye blema Roma-senyawo katãe míenya o, gake wobu Paulo ƒe nya la be enye “nutome toheʋɔnu si nye extra ordinem la ƒe kpɔɖeŋu tɔxɛ aɖe.” Aɖaŋudelawo kpena ɖe mɔmefia la ŋu sea nutsotsowo tso ame bubuwo gbɔ. Woyɔa amesi nu wotso la be wòakpe kple enutsola, eye ate ŋu aʋli eɖokui ta, gake enutsola ƒe agbae wònye be wòaɖo kpe eƒe nutsotsoa dzi. Ʋɔnudrɔ̃la la hea to si wòkpɔ be edze la na agɔdzelaa. Ate ŋu atso nya me zi ɖeka ma alo ahee ɖe megbe kura, eye ne edzɔ alea la, wosikana amesi nu wotso la ɖi. Agbalẽnyala Henry Cadbury gblɔ be: “Ðikeke mele eme o be nudzeameŋuwɔŋusẽ sia si nɔa dziɖula si la naa ‘wokpɔa ŋusẽ gbegblẽ’ ɖe edzi be wòaxɔ zãnu—be wòaɖe asi le ame ŋu loo, wòabu fɔ ame loo, alo wòahe nya ɖe megbe.”

Nunɔlagã Anania, Yudatɔwo ƒe ame tsitsiwo, kple Tertulo tso Paulo nu le Felike ŋkume be enye ‘nugblẽla si dea zi Yudatɔwo katã dome.’ Wogblɔ be enye “Nazaretɔwo ƒe kɔmamã” ƒe amegã eye wòdi be yeaƒo ɖi gbedoxɔa.—Dɔwɔwɔwo 24:1-6.

Amesiwo tsɔ nya ɖe Paulo ŋu gbã la susu be ekplɔ Trɔ̃subɔla Trofimo yi xɔxɔnu si wotso ɖi na Yudatɔwo ɖeɖe dzaa. * (Dɔwɔwɔwo 21:28, 29) Ne míagblɔe tututu la, amesi wosusu be eda se dzi enye Trofimo. Gake ne Yudatɔwo ɖe nusi wobu xaa be Paulo wɔ me be enye nugbegblẽwɔwɔ dzidede la, woate ŋu abui agɔdzedze si dze na ku. Eye edze abe ɖe Roma de kufiatsotso na ame ɖe nuvɔ̃ sia ta dzi ene. Eyata ne ɖe wònye be Yudatɔwo ƒe gbedoxɔmekpovitɔwoe lé Paulo ke menye Lisia ye o la, anye ne Sanhedrin la te ŋu drɔ̃ ʋɔnui eye woabu fɔe bɔbɔe.

Yudatɔwo bui be nusi Paulo nɔ fiafiam menye Yuda-subɔsubɔ, alo subɔsubɔ si le se nu (religio licita) o. Ke ele be woabui boŋ be mele se nu o, alo enye aglãdzedze ɖe dziɖuɖu ŋu gɔ̃ hã.

Wotso Paulo nu hã be ‘edea zi Yudatɔwo katã dome le xexeame godoo.’ (Dɔwɔwɔwo 24:5) Fiagã Klaudio bu fɔ Yudatɔ siwo le Aleksandria ɣeyiɣi kpui aɖe do ŋgɔ be ‘wokaka dɔvɔ̃ ɖe xexeame godoo.’ Nutsotso eve siawo ɖi wo nɔewo ŋutɔ. Ŋutinyaŋlɔla A. N. Sherwin-White gblɔ be: “Nutsotso sia tɔgbe tututue wòsɔ be woatsɔ ɖe Yudatɔ ŋu le Klaudio ƒe Dziɖuɣi alo Nero ƒe ƒe gbãtɔwo me. Yudatɔwo nɔ agbagba dzem be yewoana mɔmefia la nabu Paulo ƒe gbeƒãɖeɖea be esɔ kple zidede Yudatɔ siwo le Fiaɖuƒea me la me. Wonya be mɔmefiawo medi be yewoabu fɔ ame ɖe subɔsubɔnyawo ɖeɖeko ta o eyata wodze agbagba be yewoana mawusubɔsubɔ me nutsotso si yewotsɔ ɖe eŋu la nadze abe dunyahehe me nutsotso ene.”

Paulo tsɔ nya siwo wotsɔ ɖe eŋu la ɖekaɖekae eye wòʋli eɖokui ta le wo me. Egblɔ be, ‘Nyemede zitɔtɔ aɖeke amewo me o. Nyateƒee, mele ha si yɔm wole be “kɔmamã” la me baa, gake nusi wòfiae nye be mewɔa Yudatɔwo ƒe se dzi. Yudatɔ aɖewo siwo le Asia ye de zitɔtɔa amewo me. Ne nutsotso aɖe le wo si ɖe ŋunye la, ke ɖe wòle be woanɔ afisia ana nutsotsoa.’ Le nyateƒe me, ɖeko Paulo na woƒe nutsotsoawo va zu mawusubɔsubɔ me nyaʋiʋli ɖe Yudatɔwo dome, eye enye nya si menya drɔ̃na na Roma o. Esi Felike nya Yudatɔwo xoxo be aglãdzelawoe wonye ta la, ehe nyadɔdrɔ̃a yi ŋgɔe, si na be ʋɔnudrɔ̃nyaa tɔ ɖe afima. Womeɖe asi le Paulo ŋu na Yudatɔwo, amesiwo be yewoe ate ŋu adrɔ̃ nyaa o, wometsɔ Roma-se hã drɔ̃ nya nɛ o, eye womeɖe asi le eŋu hã o. Womate ŋu azi Felike dzi be wòatso afia o, eye tsɔ kpe ɖe alesi wòdi be yeadze Yudatɔwo ŋui ŋuti la, nu bubu hã nɔ susu me nɛ si tae wòhe nya la ɖe megbe—esusu be Paulo ana zãnu ye.—Dɔwɔwɔwo 24:10-19, 26. *

Eƒe Sesẽaƒe le Porkio Festo Si Me

Ƒe eve megbe, esi mɔmefia yeye si nye Porkio Festo va Yerusalem la, Yudatɔwo gafɔ woƒe nutsotsoa ake, eye wobia be wòaɖe asi le Paulo ŋu na yewo ne yewodrɔ̃ nya nɛ. Gake Festo gbe kura be: “Menye Romatɔwo ƒe kɔ bena, woatsɔ ame aɖe ade asi, hafi amesi nu wotso kple nutsolawo nakpe ŋku me kple ŋku me, eye wòakpɔ mɔ aɖe eɖokui nu le nutsotso la ŋuti o.” Ŋutinyaŋlɔla Harry W. Tajra gblɔ be: “Festo kpɔe enumake be wonɔ nugbe ɖom be yewoato nyadɔdrɔ̃a me awu Roma-vidzidzi aɖe.” Eyata egblɔ na Yudatɔwo be woatsɔ woƒe nya la ava Kaisarea.—Dɔwɔwɔwo 25:1-6, 16.

Yudatɔwo va gblɔ le afima be ‘medze be Paulo naganɔ agbe o,’ ke hã womete ŋu tɔ asi naneke dzi si tae wogblɔe nenema ɖo o, eye Festo kpɔ be Paulo mewɔ naneke si dze ku o. Festo ɖe nu me na amegã bubu be: “Wotsɔ biabia aɖewo le woa ŋutɔwo ƒe mawusubɔsubɔ ŋuti kple Yesu aɖe, si ku, amesi Paulo ka ɖe dzi be, ele agbe la ƒe nya vɛ.”—Dɔwɔwɔwo 25:7, 18, 19, 24, 25.

Edze ƒã be Paulo meɖi fɔ le dunyahehe ƒe nutsotso siwo wotsɔ ɖe eŋu me o, gake le mawusubɔsubɔ nyaʋiʋlia me la, Yudatɔawo gblɔ be yewoƒe ʋɔnu koe ate ŋu adrɔ̃ nya la wòasɔ. Ðe Paulo ayi Yerusalem ɖe nya siawo dɔdrɔ̃ taa? Festo bia Paulo be ayi hã, gake le nyateƒe me, mesɔ nenema o. Ne wogbugbɔ Paulo ɖo ɖe Yerusalem be enutsolawo ke naganye eƒe nyadrɔ̃lawo la, ke efia be ɖe wotsɔe de asi na Yudatɔwoe nye ma. Paulo gblɔ be: “Kaisaro ƒe ʋɔnudrɔ̃zikpui ŋgɔe nye si mele tsitre ɖo, afisi wòle be, woadrɔ̃ ʋɔnum le; nyemewɔ vɔ̃ aɖeke Yudatɔwo o. . . . Ame aɖeke mate ŋu atsɔm ade asi na wo o. Kaisaro si me metsɔ nye nya dee!”—Dɔwɔwɔwo 25:10, 11, 20.

Ne Romatɔ aɖe gblɔ nya ma la, ke nutoa me dziɖuɖu aɖeke magate ŋu awɔ naneke le nyaa ŋu o. Gome si le esi be wòabia be woagbugbɔ nya adrɔ̃ na ye (provocatio) la nye “nu ŋutɔŋutɔ, ede blibo eye menye fefee o.” Eyata esi Festo yi aɖaŋu me kple eƒe aɖaŋudelawo la, egblɔ be: “Kaisaro si mee nètsɔ wò nya dee, kaisaro gbɔ kee nayi.”—Dɔwɔwɔwo 25:12.

Edzɔ dzi na Festo be Paulo do le ye si me. Abe alesi wòlɔ̃ ɖe edzi na Herodes Agripa II ŋkeke aɖewo megbe ene la, nya la tɔtɔe. Fifia ele be Festo naŋlɔ nane tso nya la ŋu aɖo ɖe fiagã la, gake nutsotsoawo nye Yudatɔwo ƒe se la me nya siwo gɔmesese sẽ akpa na Festo. Gake Agripa ya nya nu tso nya mawo ŋu tsitotsito, eyata ebia tso esi be wòakpe ɖe ye ŋu le lɛtaa ŋɔŋlɔ me. Esi Festo mete ŋu se nya siwo Paulo gava gblɔ le Agripa ŋkume gɔme o la, edo ɣli be: “Èle tsu kum, Paulo, agbalẽsɔsrɔ̃ geɖe wɔ wò nèzu tsukunɔ.” Gake Agripa ya se eƒe nyawo me keŋ. Egblɔ be: “Esusɔ ʋɛ, naƒoe ɖe nunye, be nawɔm mazu Kristotɔ.” Eɖanye aleke Festo kple Agripa se le wo ɖokui me le Paulo ƒe nyawo ŋu o, wolɔ̃ ɖe edzi be Paulo meɖi fɔ o eye be yewoate ŋu aɖe asi le eŋu hafi ne menye ɖe wòbia be Kaisaro nadrɔ̃ nya na ye o.—Dɔwɔwɔwo 25:13-27; 26:24-32.

Ʋɔnunya Didi aɖe ƒe Nuwuwu

Esi Paulo va ɖo Roma la, ena woyɔ Yudatɔwo ƒe amegãwo vɛ nɛ, menye be yeaɖe gbeƒã na wo ko ta o ke boŋ be yease nusi wonya tso ye ŋu hã. Ema ate ŋu ana wòanya nane le amesiwo tsɔ nya ɖe eŋu ƒe susu ŋu. Ebɔ ɣemaɣi be amegã siwo le Yerusalem nabia be Yudatɔ siwo le Roma nakpe ɖe yewo ŋu le nyadɔdrɔ̃ me, gake Paulo se be womegblɔ nya aɖeke tso ye ŋu na wo o. Esime Paulo nɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ lalam la, woɖe mɔ nɛ wòhaya xɔ aɖe henɔ eme eye wòte ŋu ɖea gbeƒã faa. Alesi wometsɔ asi sesẽ kplɔ Paulo alea o la ate ŋu afia be Romatɔwo bui be meɖi fɔ o.—Dɔwɔwɔwo 28:17-31.

Wosika Paulo ɖe afisia wòwu ƒe eve. Nukatae? Biblia meɖe eme o. Wosikana amesi bia be woagbugbɔ nya adrɔ̃ na ye dana ɖi vaseɖe esime eƒe nyatɔwo gava fɔ nya la ake, gake ɖewohĩ esi Yudatɔ siwo le Yerusalem kpɔ be kpekpeme mele yewoƒe nutsotsoawo ŋu o ta la, wogbe vava kura. Ðewohĩ mɔ nyuitɔ kekeake si dzi woate ŋu ato Paulo nadzudzɔ gbeƒãɖeɖe ɣeyiɣi didi aɖee nye be woagbe nyaa fɔfɔ ɖe te. Eɖanye kae o, edze abe ɖe Paulo va tsi tre ɖe Nero ŋkume, eye wòtso afia nɛ be meɖi fɔ o ene, eye emegbe wògava dze eƒe dutanyanyuigbɔgblɔdɔa gɔme ake—esiawo katã xɔ ade ƒe atɔ̃ sɔŋ tso esime wolée.—Dɔwɔwɔwo 27:24.

Tso gbaɖegbe kee nyateƒea ƒe futɔwo ‘to se dzi ɖo nugbe’ be yewoado kplamatse Kristotɔwo ƒe gbeƒãɖeɖedɔa. Mele be nusia nawɔ nuku na mí o. Yesu gblɔ be: “Ne woti yonyeme la, woati miawo hã yome.” (Psalmo 94:20; Yohanes 15:20) Ke hã Yesu ɖe mɔ na mí be míagblɔ nyanyuia na xexeame katã faa. (Mateo 24:14) Eyata abe alesi apostolo Paulo nɔ te ɖe yometiti kple tsitretsiɖeŋu nu sesĩe ene la, egbea Yehowa Ðasefowo hã ‘ʋlia nyanyuia ta eye woɖonɛ anyi le se nu.’—Filipitɔwo 1:7.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 14 Adzrala si wotsɔ atsyɔ̃ɖokpe wɔe si kɔkɔ abɔklugui etɔ̃ la ma Dukɔwo ƒe Xɔxɔnu tso xɔxɔnu ememe tɔ gbɔ. Woŋlɔ nuxlɔ̃amenyawo ɖe gli sia ƒe teƒeteƒewo, ɖewo le Helagbe me eye ɖewo hã le Latingbe me, be: “Amedzro aɖeke megato mɔxekpɔ si wotɔ ɖe kɔkɔeƒea ŋu age ɖe eme o. Woawu amesiame si woalé be ege ɖe eme la godoo, eye amea ŋutɔe wu eɖokui.”

^ mm. 17 Le nyateƒe me, nusia mele se nu ya o. Agbalẽ aɖe gblɔ be: “Le adzodadasea, Lex Repetundarum la, me la, se meɖe mɔ na amesi le ŋusẽnɔƒe alo dziɖuɖumegã aɖeke be wòabia zãnu alo axɔe, ale be wòabla ame alo atu ame, be wòadrɔ̃ ʋɔnu alo madrɔ̃e o alo be wòaɖe asi le gamenɔla ŋu o.”