Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Misrɔ̃ Nu Tso Gbɔnye”

“Misrɔ̃ Nu Tso Gbɔnye”

“Misrɔ̃ Nu Tso Gbɔnye”

“Mitsɔ nye kɔkuti la ɖo mia ɖokui dzi, eye miasrɔ̃ nu tso gbɔnye, elabena nye dɔme fa, eye mebɔbɔ ɖokuinye ɖe anyi le dzi me, eye miakpɔ dzudzɔ na miaƒe luʋɔwo.”—MATEO 11:29.

1. Nukatae nusɔsrɔ̃ tso Yesu gbɔ ate ŋu ado dzidzɔ na ame eye wòatu ame ɖo?

YESU KRISTO ƒe nuŋububu, nufiafia, kple nuwɔwɔ sɔ ɣesiaɣi. Ɣeyiɣi kpui aɖe koe wònɔ anyigba dzi, ke hã ese vivi le dɔ si hea teƒeɖoɖo kple dzidzeme vɛ wɔwɔ me, eye wònye dzidzɔme ɣeawokatãɣi. Eƒo nusrɔ̃lawo nu ƒu hefia alesi woade ta agu na Mawu, alɔ̃ amewo, kple alesi woaɖu xexeame dzii la wo. (Yohanes 16:33) Ena mɔkpɔkpɔ su wo si eye ‘wòto nyanyui la me na kekeli klẽ ɖe agbe kple magblẽmagblẽ dzi.’ (Timoteo II, 1:10) Ne eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖekae nènye la, nukae nèbu be nusrɔ̃lanyenye fia? Ne míede ŋugble le nusi Yesu gblɔ le nusrɔ̃lanyenye ŋu la, míate ŋu asrɔ̃ alesi míana míaƒe agbewo naɖɔ ʋu wu. Esia bia be míaxɔ eƒe nukpɔsusuwo awɔ mía tɔe ahatsɔ gɔmeɖose vevi aɖewo anɔ dɔ wɔmee.—Mateo 10:24, 25; Luka 14:26, 27; Yohanes 8:31, 32; 13:35; 15:8.

2, 3. (a) Nukae Yesu ƒe nusrɔ̃la nyena? (b) Nukatae wòle vevie be míabia mía ɖokui be, ‘Ameka ƒe nusrɔ̃lae menye?’

2 Le Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me la, nya si gɔme woɖe be “nusrɔ̃la” gɔmeɖeɖe ŋutɔŋutɔe nye ame aɖe si tsɔa eƒe susu ɖoa nane dzi, alo amesi srɔ̃a nu. Nya aɖe si do ƒome kplii dze le mawunyakpukpui si dzi wotu míaƒe nyatia ɖo, Mateo 11:29 me be: ‘Mitsɔ nye kɔkuti la ɖo mia ɖokui dzi, eye miasrɔ̃ nu tso gbɔnye, elabena nye dɔme fa, eye mebɔbɔ ɖokuinye ɖe anyi le dzi me, eye miakpɔ dzudzɔ na miaƒe luʋɔwo.’ Ẽ, nusrɔ̃la nyea amesi srɔ̃a nu. Zi geɖe le Nyanyuigbalẽawo me la, wozãa nya “nusrɔ̃la” na Yesu yomedzela, siwo nɔ eŋu kplikplikpli le eƒe gbeƒãɖeɖe mɔzɔzɔwo me, amesiwo wòfia nui tẽ. Ame aɖewo anya lɔ̃ ɖe Yesu ƒe nufiafiawo dzi ya eye wowɔnɛ le adzame kura gɔ̃ hã. (Luka 6:17; Yohanes 19:38) Nyanyuigbalẽa ŋlɔlawo hã ƒo nu tso “Yohanes [Amenyrɔɖetsimela] ƒe nusrɔ̃lawo kple farisitɔwo ƒe nusrɔ̃lawo” ŋuti. (Marko 2:18) Le esi Yesu xlɔ̃ nu eyomedzelawo be “woakpɔ wo ɖokui dzi nyuie . . . le farisitɔwo . . . ƒe nufiafia la ŋuti” ta la, míate ŋu abia mía ɖokuiwo be, ‘Ameka ƒe nusrɔ̃lae menye?’—Mateo 16:12.

3 Ne Yesu ƒe nusrɔ̃lawoe míenye, eye míesrɔ̃ nu tso egbɔ la, ke ele be amewo ƒe dzi nadze eme le gbɔgbɔ me ne wole mía gbɔ. Ele be woakpɔe be míenye amesiwo ƒe dɔme fa, eye míebɔbɔ mía ɖokui ɖe anyi le dzi me le nu geɖe me. Ne míenye dɔdzikpɔlawo le dɔwɔƒe, ne dzilawoe míenye, alo alẽkpɔkplɔdɔ ƒe agba le mía dzi le Kristo-hamea me la, ɖe amesiwo le míaƒe dzikpɔkpɔ te sena le wo ɖokui me be míewɔa nu ɖe yewo ŋu abe alesi Yesu wɔ nui ɖe amesiwo nɔ eƒe dzikpɔkpɔ te ŋu la enea?

Alesi Yesu Wɔ Nu Ðe Amewo Ŋui

4, 5. (a) Nukatae alesi Yesu wɔ nui ɖe amesiwo ŋu kuxi sesẽwo le nyanya mesesẽ o? (b) Nukae dzɔ ɖe Yesu dzi esime wònɔ nu ɖum le Farisitɔ aɖe ƒe me?

4 Ehiã be míanya alesi Yesu wɔ nui ɖe amewo ŋu, vevietɔ amesiwo kuxi sesẽwo ɖe fu na. Mele be ema nyanya nasesẽ na mí o; alesi Yesu wɔ nu kple amewo, amesiwo dometɔ aɖewo to nɔnɔme sesẽwo me, ƒe nyatakaka geɖe le Biblia me. Azɔ hã mina míade dzesi alesi subɔsubɔhakplɔlawo, vevietɔ Farisitɔwo, wɔ nui ɖe nɔnɔme sesẽ mawo ke me tolawo ŋu. Vovototoa akɔ nu geɖe me na mí.

5 Le ƒe 31 M.Ŋ. me, esime Yesu nɔ gbeƒã ɖem le Galilea nutoa me la, ‘Farisitɔ aɖe kpe Yesu be wòaɖu nu kple ye.’ Yesu mehe ɖe megbe le amekpekpea xɔxɔ ŋu o. “Eye esi wòyi ɖe farisitɔ la ƒe me la, ebɔbɔ nɔ kplɔ̃ ŋuti. Eye kpɔ ɖa, nyɔnu nuvɔ̃wɔla aɖe le dua me, eye esi wònyɛ bena, ele kplɔ̃ ŋuti le farisitɔ la ƒe me la, etsɔ alabastrogoe, si me ami le la vɛ, eye wòtsi tre ɖe emegbe le eƒe afɔ nu hele avi fam, eye wòde asi aɖatsifafa me ɖe eƒe afɔwo dzi, eye wòtutu wo kple taɖa, eye wòɖuɖɔ eƒe afɔwo ŋuti, eye wòtsɔ ami la hesi na wo.”—Luka 7:36-38.

6. Anɔ eme be nukae na nyɔnu “nuvɔ̃wɔla” la va Farisitɔa ƒe me?

6 Àte ŋu akpɔ nudzɔdzɔa le susu mea? Numekugbalẽ aɖe gblɔ be: “Nyɔnua (kpukpui 37) wɔ hadomekɔnu si ɖe mɔ na hiãtɔwo be woate ŋu ade kplɔ̃ɖoƒe mawo tɔgbe ava xɔ nuɖuɖu siwo susɔna la ŋudɔ heyi teƒea.” Ema kɔ nu me le alesi amesi womekpe o ate ŋu age ɖe teƒe siawoe la ŋu. Anɔ eme be ame bubuwo nɔ anyi siwo nɔ mɔ kpɔm be yewoava lɔ nuɖuɖu siwo atsi anyi la ƒe ɖe le kplɔ̃ɖoɖoa megbe. Gake nyɔnu sia ƒe nuwɔnaa to vovo kura. Melé ŋku ɖe ame bubu siwo nɔ lalam be kplɔ̃ɖoɖoa nawu enu hafi la ŋu o. Enye agbemaɖɔʋunɔla, si nye “nuvɔ̃wɔla” nyanyɛ, si ta Yesu gblɔ le eŋu be yenya be ‘eƒe nuvɔ̃wo, sɔ gbɔ.’—Luka 7:47.

7, 8. (a) Anye aleke míawɔ nui le nɔnɔme siwo ŋu woƒo nu tsoe le Luka 7:36-38 me? (b) Aleke Simon wɔ nui?

7 Tsɔe be yenɔ agbe ɣemaɣi, eye be yee nye Yesu. Anye aleke nàwɔ nui? Ðe nàtsi mavomavo esi nyɔnu sia te ɖe ŋuwòa? Aleke nɔnɔme ma tɔgbe awɔ dɔ ɖe dziwòe? (Luka 7:45) Ðe wòana nàlulua?

8 Ne ɖe nènɔ ame kpekpe bubuawo dome la, ɖe wò nuŋububu ade sɔsɔ ge kple Farisitɔ Simon tɔa? “Ke esi farisitɔ, si [kpe Yesu] kpɔ esia la, egblɔ le ye ŋutɔ ɖokui me bena: Ðe amesia nye nyagblɔɖila la, anya amesi kple amesi ƒomevi nye nyɔnu sia, si le asi dem eŋu; elabena nuvɔ̃wɔla wònye.” (Luka 7:39) Gake Yesu ya nye ŋutsu si ame ƒe nu wɔa nublanui na ŋutɔ. Ese nɔnɔme donuxaxaname si me tom nyɔnua nɔ gɔme eye wòkpɔ eƒe blanuilélea dze sii. Womegblɔ alesi wòdzɔe be wòva ge ɖe nuvɔ̃gbenɔnɔ me la na mí o. Ne gboloe wònye vavã la, ke edze ƒã be ŋutsu siwo nɔ dua me, Yudatɔ veviedonulawo, mena kpekpeɖeŋu aɖekee o.

9. Aleke Yesu wɔ nui, eye ɖewohĩ nukae va nye emetsonu?

9 Gake Yesu di be yeakpe ɖe eŋu. Egblɔ nɛ be: “Wotsɔ wò nuvɔ̃wo ke wò!” Eye wògblɔ kpee be: “Wò xɔse la ɖe wò; yi [le] ŋutifafa me!” (Luka 7:48-50) Aleae ŋutinyaa wu enui. Ðewohĩ ame aɖewo agblɔ be Yesu mewɔ nu boo aɖeke nɛ o. Ðeko wòyrae hedo mɔe. Ðe nèbui be ɖewohĩ agatrɔ ayi eƒe agbebaɖanɔnɔ dzia? Togbɔ be míate ŋu agblɔe nenema kakaɖedzitɔe o hã la, de dzesi nusi Luka gagblɔ. Egblɔ be Yesu yi ɖato “duawo kple kɔƒeawo me, hele mawufiaɖuƒe ŋu nyanyui gblɔm fia.” Luka ka nya ta hã be “nyɔnu aɖewo” nɔ Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo ŋu, “[nyɔnu] siwo tsɔ woƒe nuwo subɔ woe.” Ðewohĩ ate ŋu adzɔ be nyɔnu sia si trɔ dzime si akpedada yɔ fũ la nɔ wo dome, hetsɔ dzitsinya dzadzɛ dze mawusosroɖagbenɔnɔ gɔme, amesi si taɖodzinu yeye va nɔ, eye eƒe lɔlɔ̃ na Mawu gade to ɖe edzi.—Luka 8:1-3.

Vovototo si Le Farisitɔwo Kple Yesu Dome

10. Nukatae viɖe le eme be míade ŋugble le Simon ƒe aƒeme nudzɔdzɔ si ku ɖe Yesu kple nyɔnua ŋu la ŋuti?

10 Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso nudzɔdzɔ ɖedzesi sia me? Ðe mewɔ dɔ ɖe mía dzi oa? Tsɔe be yenɔ Simon ƒe aƒea me. Aleke nàse le ɖokuiwò me? Ðe nàwɔ nu abe alesi Yesu wɔe enea, alo ɖe nàse le ɖokuiwò me vie abe Farisitɔ si kpee la enea? Yesu nye Mawu ƒe Vi, eyata míaƒe seselelãme kple nuwɔna mate ŋu asɔ pɛpɛpɛ kple etɔ o. Ke hã ɖewohĩ míadi be míabu mía ɖokui abe Simon, Farisitɔ la ene o. Ame ʋɛ aɖewo koe ada ɖe Farisitɔnyenye dzi.

11. Nukatae míadi be woabu mí ɖe Farisitɔwo me o?

11 Kpeɖodzi siwo dze le Biblia kple xexemegbalẽwo sɔsrɔ̃ me na míate ŋu aƒo nya ta be Farisitɔwo bua wo ɖokui ame deŋgɔ siwo nye amewo ƒe ʋuɖɔɖɔ kple dukɔa ƒe dedienɔnɔ takpɔlawoe. Womelɔ̃ ɖe edzi be Mawu ƒe Sea ŋutɔ me kɔ ƒã eye egɔmesese le bɔbɔe o. Afisiwo wòdze le be Sea metɔ asi nuwo dzi tẽ o la, wotea kpɔ wɔa se kple numeɖeɖe bubuwo kpenɛ tsɔ xea mɔ na ame ƒe dzitsinya ŋudɔwɔwɔ. Subɔsubɔhakplɔla siawo te kpɔ to nufiafia aɖe vɛ be woatsɔ akpɔ ŋusẽ ɖe nuwɔna ɖesiaɖe, nya suesuewo gɔ̃ hã, * dzi.

12. Aleke Farisitɔwo bua wo ɖokuiwoe?

12 Ƒe alafa gbãtɔ me Yudatɔ ŋutinyaŋlɔla Josephus na eme kɔ ƒã be Farisitɔwo bua wo ɖokui dɔmenyotɔwo, ame fatuwo, ame dzɔdzɔewo, eye be yewodze na dɔ si wode yewo si. Ðikeke mele eme o be, amenyenye sia de wo dometɔ aɖewo si nɔ ge. Ðewohĩ Nikodemo ƒe nya ava susu me na wò. (Yohanes 3:1, 2; 7:50, 51) Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, wo dometɔ aɖewo va xɔ Kristotɔwo ƒe mɔa. (Dɔwɔwɔwo 15:5) Kristotɔ apostolo Paulo ŋlɔ tso Yudatɔ aɖewo, abe Farisitɔwo ene, ŋu be: “wole ŋu ʋãm ɖe Mawu ŋu, gake menye kple sidzedze [vavãtɔ] o.” (Romatɔwo 10:2) Azɔ hã Nyanyuigbalẽawo ƒo nu tso wo ŋu abe alesi ame tsɛwo bua woe ene—dadalawo, ɖokuidoɖedzilawo, ɖokuiŋudzelawo, vodadadileameŋulawo, senyahelawo, gbɔɖiamelawo

Yesu ƒe Nukpɔsusu

13. Nukae Yesu kpɔ gblɔ le Farasitɔwo ŋu?

13 Yesu yɔ agbalẽfialawo kple Farisitɔwo be alakpatɔwo. “Wodoa agba kpekpe, siwo wu tsɔtsɔ la, hetsɔna ɖoa amewo ƒe abɔta; gake woawo ŋutɔ melɔ̃na be, woƒe asibide ɖeka naka wo ŋu o.” Ẽ, agbaa kpe, eye kɔkuti si woɖo dukɔa dzi wɔ fu wo. Yesu yi edzi yɔ agbalẽfialawo kple Farisitɔawo be “movitɔwo.” Movitɔ nyea afɔku le hadome. Yesu gayɔ agbalẽfialawo kple Farisitɔwo be ‘mɔfiala ŋkuagbãtɔwo’ eye wògblɔ be ‘wogblẽ nusiwo le kpekpem wu le Sea me siwo nye: ʋɔnudɔdrɔ̃ kple nublanuikpɔkpɔ kple xɔse la ɖi.’ Amekae adi be Yesu nabu ye be yenye Farisitɔ?—Mateo 23:1-4, 16, 17, 23.

14, 15. (a) Nukae Yesu ƒe nuwɔwɔ ɖe Mateo Lewi ŋu ɖe fia le Farisitɔwo ƒe nɔnɔme ŋu? (b) Nufiame vevi kae míate ŋu asrɔ̃ tso nudzɔdzɔ sia me?

14 Nyanyuigbalẽawo xlẽlawo katã kloe ate ŋu akpɔ Farisitɔwo ƒe nɔnɔme vɔ̃ɖi la adze sii. Esi Yesu yɔ Mateo Lewi, amesi nye nudzɔla, be wòava zu yeƒe nusrɔ̃la la, Lewi ɖo kplɔ̃ gã aɖe nɛ. Nuŋlɔɖia gblɔ be: “Eye farisitɔwo kple woƒe agbalẽfialawo li liʋiliʋi ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋuti gblɔ bena: Nukaŋuti mieɖua nu, eye mienoa nu kple nudzɔlawo kpakple nuvɔ̃wɔlawo mahã? Eye Yesu ɖo eŋu gblɔ na wo bena: . . . Nyemeva ame dzɔdzɔewo yɔ ge o, negbe nuvɔ̃wɔlawo ko hena dzimetɔtrɔ.”—Luka 5:27-32.

15 Lewi ŋutɔ se nu bubu aɖe si Yesu gblɔ le wɔnaa wɔɣi la me: “Ke miyi ɖasrɔ̃ nusia gɔme: ‘Nublanuikpɔkpɔ dim mele, menye numeme o.’” (Mateo 9:13) Togbɔ be Farisitɔwo gblɔ be yewoxɔ Hebri-nyagblɔɖilawo ƒe nyawo dzi se hã la, womelɔ̃ ɖe nya sia si dze le Hosea 6:6 la dzi o. Se kluikluiwo me léle ɖe asi goŋgoŋ le vevie na wo wu nublanuikpɔkpɔ. Mía dometɔ ɖesiaɖe ate ŋu abia eɖokui be, ‘Ðe wonyam be menye amesi léa ɖoɖo aɖewo, abe esi de nye ŋutɔ nye nukpɔsusu dzi alo nusi mekpɔ be enyo ene ɖe asi kpaɖiia? Alo nu gbãtɔ si amewo nya le ŋunye enye nublanuikpɔkpɔ kple dɔmenyonyoa?’

16. Nɔnɔme kae ɖe dzesi le Farisitɔwo ŋu, eye aleke míawɔ atsri nuwɔwɔ abe woawo ene?

16 Vodadadidi, vodadadidi, vodadadidi le ame ŋu. Aleae Farisitɔwo le. Farisitɔwo dia vodada le nusianu ŋu—agɔ ŋutɔŋutɔe amea ɖadze alo ɖe wosusui nenema o. Wonaa amewo dea dzi ɖe ge ɖi doa kpoe henɔa ŋku ɖom woƒe vodadawo dzi na wo. Enye dada na Farisitɔwo be yewona amagbe wuwluitɔwo kekeake abe ahame, sikɔni kple tsyo gɔ̃ hã ƒe ewolia ene. Wohea amewo ƒe susu yia wo ɖokui kple woƒe mawusɔbɔsubɔ dzii to woƒe awudodo me eye wotea kpɔ be yewoanye mɔfiala na dukɔa. Nyateƒee, ne míedi be míaƒe nuwɔna nasɔ ɖe Yesu ƒe kpɔɖeŋu nu la, ke ele be míatsri vodada didi le amewo ŋu vivivo ƒe nuwɔna.

Aleke Yesu Kpɔ Kuxiwo Gbɔe?

17-19. (a) Ðe alesi Yesu kpɔ nɔnɔme aɖe si ate ŋu anye ŋkubiãnya hafi la gbɔ me. (b) Nukae na nudzɔdzɔa ana woatsi dzi eye wòado nuxaxa na ame? (d) Ðe nènɔ afima esime nyɔnua te ɖe Yesu ŋu la, aleke nàwɔ nui?

17 Alesi Yesu kpɔa kuxiwo gbɔe to vovo sã na alesi Farisitɔwo wɔnɛ. Bu alesi Yesu kpɔ nɔnɔme aɖe si ate ŋu anye ŋkubiãnya hafi gbɔe ŋu kpɔ. Eku ɖe nyɔnu aɖe si ŋu ʋu nɔ sisim le ƒe 12 sɔŋ la ŋu. Àte ŋu axlẽ nudzɔdzɔa le Luka 8:42-48.

18 Marko ƒe nuŋlɔɖia gblɔ be nyɔnua nɔ “vɔvɔ̃m, eye wòle dzodzom nyanyanya.” (Marko 5:33) Nukatae? Ðikeke mele eme o be enya be yeda Mawu ƒe Se dzi. Le Mose III, 15:25-28 ƒe nya nu la, ne ʋu le dodom le nyɔnu ŋu evɔ menye asie wòɖo anyi o la, ke eŋu mekɔ o, ŋkeke alesi ʋua le dodom le eŋu hekpe ɖe kwasiɖa ɖeka bubu ŋu la, eŋu mekɔ o. Nusianu si ŋu wòka asii kple amesiame si ka asi eŋu la ŋuti mekɔ o. Hafi nyɔnu sia nate ŋu ate ɖe Yesu ŋu la, ele nɛ be wòaʋli ato amehaa dome. Le ŋkuléle ɖe nudzɔdzɔ sia ŋu ƒe 2,000 megbe la, nyɔnu sia ƒe nu wɔ nublanui na mí ŋutɔ.

19 Ne ɖe nènɔ teƒea gbemagbe la, aleke nàbu nɔnɔmeae? Anye nya kae nàgblɔ? De dzesii be Yesu wɔ nu ɖe nyɔnu sia ŋu le dɔmenyo, lɔlɔ̃, kple ameŋububu me, mehe susu yi kuxi siwo wòanya he vɛ la dometɔ aɖeke dzi gɔ̃ hã o.—Marko 5:34.

20. Ne ɖe Mose III, 15:25-28 nye nudidi na Kristotɔwo egbea la, nukae wòabia tso mía si?

20 Ðe míate ŋu asrɔ̃ nane tso nudzɔdzɔ sia mea? Tsɔe be yenye hamemegã le Kristo-hamea me egbea. Eye gatsɔe be Mose III, 15:25-28 nye nudidi na Kristotɔwo egbea eye nyɔnu Kristotɔ aɖe da se sia dzi, hetsi dzodzodzoe wɔnamanɔŋutɔe. Aleke nàwɔ nui? Ðe nàhe nya ɖe eŋu vevie le dutoƒo atsɔ ado ŋukpeea? Àgblɔ be “Ao, yemawɔ nu nenema gbeɖe o! Le Yesu ƒe kpɔɖeŋu sɔsrɔ̃ me la, mawɔ nusianu si mate ŋui aɖe dɔmenyonyo, lɔlɔ̃, nugɔmesese, kple ameŋububu afia.” Enyo ŋutɔ! Gake ewɔwɔ ŋutɔŋutɔ yenye nyaa, be míasrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋu.

21. Nukae Yesu fia amewo le Sea ŋu?

21 Vevietɔ wu la, amewo kpɔ gbɔdzɔe le Yesu gbɔ, etu wo ɖo eye ede dzi ƒo na wo. Afisiwo Mawu ƒe Sea le tẽ le la, nusi wòfia ye wònyena. Ke ne wometɔ asi naneke dzi tẽ o la, abia dzitsinya ŋudɔwɔwɔ geɖe wu eye woate ŋu aɖe woƒe lɔlɔ̃ na Mawu afia to nyametsotso si woawɔ me. Sea na ablɔɖe wo, menɔ kpaɖii o. (Marko 2:27, 28) Mawu lɔ̃ eƒe amewo, ewɔa nu ɣeawokatãɣi be eme nanyo na wo, eye wòlɔ̃ faa ɖea nublanuikpɔkpɔ fiana ne wodze agɔ. Nenemae Yesu hã wɔ nui.—Yohanes 14:9.

Yesu ƒe Nufiafiawo Me Tsonuwo

22. Nusɔsrɔ̃ tso Yesu gbɔ kpe ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu be nɔnɔme ka va su wo si?

22 Amesiwo ɖo to Yesu hezu eƒe nusrɔ̃lawo kpɔ asixɔxɔ si le eƒe nya siawo ŋu be: “Nye kɔkuti la le bɔbɔe, eye nye agba la le wodzoe.” (Mateo 11:30) Womese le wo ɖokui me kpɔ be wodo agba kpekpe na yewo, tafa yewo, alo zi yewo dzi gbeɖe o. Wovo wu, dzi dzɔ wo wu, eye kakaɖedzi geɖe wu su wo si le woa kple Mawu dome ƒomedodo kple wo nɔewo dome ƒomedodo me. (Mateo 7:1-5; Luka 9:49, 50) Eyama gbɔe wosrɔ̃e tso be ŋgɔxɔxɔ le gbɔgbɔ me bia be woanye amesi naa gbɔdzɔe amewo, anye ɖokuibɔbɔla le dzi kple susu me.—Korintotɔwo I, 16:17, 18; Filipitɔwo 2:3.

23. Nufiame vevi kae Yesu ŋu nɔnɔ na nusrɔ̃lawo srɔ̃, eye aleke wòkpe ɖe wo ŋu woƒo nya tae?

23 Gawu la, alesi wòle vevie be ame nawɔ ɖeka kple Kristo ahaɖe eƒe nɔnɔmewo afia wɔ dɔ ɖe ame geɖe dzi ale gbegbe. Egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Sigbe alesi Fofo la lɔ̃am ene la, nenema ke nye hã melɔ̃a mi; minɔ nye lɔlɔ̃ la me! Ne mielé nye seawo me ɖe asi la, mianɔ nye lɔlɔ̃ la me, abe alesi nye hã melé Fofonye ƒe seawo me ɖe asi, eye menɔ eƒe lɔlɔ̃ la me ene.” (Yohanes 15:9, 10) Ne wodi be yewoakpɔ dzidzedze le woƒe subɔsubɔdɔa kple Mawu ƒe subɔla nyenye me la, ke ele na wo be woado vevie nu atsɔ nusiwo wosrɔ̃ tso Yesu gbɔ la ade nuwɔna me, le gbeƒãɖeɖe kple nufiafia tso Mawu ƒe nya nyui wɔnukuwo ŋu le dutoƒo kple le nuwɔwɔ ɖe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo ŋu siaa me. Ne woƒe nɔvihabɔbɔa le ta kekem va le hamewo zum la, ahiã be woanɔ ŋku ɖom edzi na wo ɖokui edziedzi be Yesu ƒe mɔ enye nyuitɔ. Nusi wòfiae nye nyateƒea, eye agbe si wònɔ wokpɔe nye agbe si tɔgbe wòle be woanɔ.—Yohanes 14:6; Efesotɔwo 4:20, 21.

24. Nukawo ŋue wòle be míade ŋugble le vevie le Yesu ƒe kpɔɖeŋua me?

24 Fifia esi nède ŋugble tso nusiwo me dzrom míele dometɔ aɖewo ŋu la, ɖe nèkpɔ nusiwo me nàwɔ asitɔtrɔ lea? Ðe nèlɔ̃ ɖe edzi be Yesu ƒe nuŋububu, nufiafia, kple nuwɔwɔ sɔ ɣesiaɣia? Ekema esia nede dzi ƒo na wò. Ede dzi ƒo na mí le nya siawo me be: “Ne mienya nusiawo, eye miewɔ wo la, woayra mi.”—Yohanes 13:17.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 11 “Vovototo si tututu [le Yesu kple Farisitɔwo] dome dze ƒã le Mawu ƒe amenyenye ŋuti gɔmesese eve siwo tsi tre ɖe wo nɔewo ŋu la koŋ me. Le Farisitɔwo gome la, Mawu nye amedzizila koŋ; evɔ le Yesu gome la, Mawu nye amenuvela kple nublanuikpɔla. Ke hã Farisitɔwo megbe lɔlɔ̃ ɖe Mawu ƒe dɔmenyonyo kple lɔlɔ̃ dzi o, gake le woawo gome la, dɔmenyonyo kple lɔlɔ̃ ɖeɖefia siawo dze le nunana si le Torah [Se] la me eye nusiwo wobia le Sea me dzi wɔwɔ dzi wònɔ te ɖo. . . . Kɔnyinyi si wogblɔ kple nu, kple alesi wozãnɛ tsɔ ɖea sea mee, me léle ɖe asi nye nusi Farisitɔwo bu be enye wɔwɔ ɖe Torah la dzi. . . . Alesi Yesu da lɔlɔ̃ ƒe se eve ƒokplia (Mateo 22:34-40) ɖe kɔkɔƒe be wòanye esi me woalé ɖe asi kple alesi wògbe kɔnyinyi si blaa ame kpaɖii si wogblɔ kple nui . . . na be masɔmasɔ nɔ woa kple Farisitɔwo ƒe nufiafia dome.”—The New International Dictionary of New Testament Theology.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Nukae wòfia na wò be nànye Yesu ƒe nusrɔ̃la?

• Aleke Yesu wɔ nu ɖe amewo ŋui?

• Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso alesi Yesu fia nui me?

• Vovototo kae le Farisitɔwo kple Yesu dome?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata siwo le axa 18, 19]

Aleke gbegbe Yesu ƒe nuwɔwɔ ɖe amewo ŋu to vovo na Farisitɔwo tɔe enye si!