Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Aleke srɔ̃nyɔnu Kristotɔ ate ŋu ada asɔ le nuteƒewɔwɔ na Mawu kple eɖokui bɔbɔ na srɔ̃aŋutsu dzimaxɔsetɔ me ne srɔ̃ŋutsua ɖua subɔsubɔzãwo?

Abia aɖaŋudzedze kple ŋuɖɔɖɔɖo hafi wòate ŋu ada asɔ. Gake anyo ne edzea agbagba be yeada asɔ le agbanɔamedzi evea tsɔtsɔ me. Yesu ɖo aɖaŋu le nɔnɔme aɖe si sɔ kplii ŋu be: “Mitsɔ nusi enye kaisaro tɔ la, na kaisaro eye nusi enye Mawu tɔ la, na Mawu.” (Mateo 22:21) Ele eme be dziɖuɖu siwo wova gblɔ na Kristotɔwo emegbe be woabɔbɔ wo ɖokui na ƒe gome si woatsɔ ana wo ŋu nya gblɔm wònɔ ya. (Romatɔwo 13:1) Ke hã, eƒe aɖaŋuɖoɖoa sɔ le alesi wòle be srɔ̃nyɔnu nada asɔ le Mawu ƒe sewo dzi wɔwɔ kple eɖokui bɔbɔ na srɔ̃aŋutsua, si Ŋɔŋlɔawo bia tso esi hã gome ne dzimaxɔsetɔe wònye gɔ̃ hã.

Biblia-nyala aɖeke meli si agbe be Biblia mete gbe ɖe edzi be Mawu Ŋusẽkatãtɔe nye ame gbãtɔ si dze be Kristotɔ naɖo toe ahawɔ nuteƒe na ɣeawokatãɣi o. (Dɔwɔwɔwo 5:29) Ke hã, le go geɖe me la, tadeagula vavãtɔ ate ŋu ade bubu dzimaxɔsetɔ si nye tatɔ ƒe biabia ŋu si manye Mawu ƒe se si kɔ wu dzi dada o.

Míakpɔ nufiame kpɔɖeŋu ɖeka tso Hebrivi etɔ̃ siwo ƒe ŋutinya woŋlɔ ɖe Daniel ta 3 lia me. Nebukadnezar, si te wole le dziɖunyawo me la ɖe gbe be woa kple wo tɔ bubuwo woava Dura bali me. Esi Hebrivi etɔ̃awo kpɔ be alakpasubɔsubɔnuwɔnawo le ɖoɖoa me la, woanya di be yewoaƒo asa na afima yiyi hafi. Ðewohĩ Daniel te ŋu do taflatse le afima yiyi ŋu, gake ame etɔ̃ siawo mete ŋui o. * Eyata woɖo to heyi teƒea, gake menye be woakpɔ gome le nu gbegblẽ aɖeke wɔwɔ me tae o—eye womewɔe hã o.—Daniel 3:1-18.

Nenema ke wòate ŋu adzɔ be le azãɖuɣiwo dzi la, srɔ̃ŋutsu dzimaxɔsetɔ abia tso srɔ̃anyɔnu Kristotɔ si be wòawɔ nusi madi be yeawɔ o. Bu kpɔɖeŋu siawo ŋu kpɔ: Srɔ̃ŋutsua bia tso esi be wòaɖa nuɖuɖu aɖe le ŋkeke si dzi woa kple ame bubuwo woaɖu azãa. Alo ebia be ƒomea (srɔ̃anyɔnu hã le eme) nava srã yeƒe ƒometɔwo kpɔ gbemagbe be woaɖu nu alo ɖe sasrãkpɔ ta ko. Alo hafi azã ɖuɣi naɖo gɔ̃ hã la, ate ŋu agblɔ na srɔ̃anyɔnua be ne wòyina asi ɖi ge la, wòaƒle nanewo na ye—nuɖuɖu tɔxɛ aɖewo siwo wotsɔ ɖua azã lae loo, alo nusiwo wòatsɔ awɔ nunanae loo, alo agbalẽ siwo wotsɔ blaa nunanae kpakple gbedonamegbalẽviwo be yeatsɔ akpe ɖe nunana siawo ŋu.

Le go sia me hã la, ele na srɔ̃nyɔnu Kristotɔa be wòaɖoe kplikpaa be yemakpɔ gome le alakpasubɔsubɔnuwɔnawo me o, gake nukae wòate ŋu awɔ tso nusiawo siwo wobia tso esi ŋu? Srɔ̃ŋutsuae nye ƒomea ƒe ta, eye Mawu ƒe Nya gblɔ be: “Mi nyɔnuwo la, mibɔbɔ mia ɖokui na mia srɔ̃wo, abe alesi wòdze le Aƒetɔ la me ene.” (Kolosetɔwo 3:18) Ðe wòate ŋu abɔbɔ eɖokui na srɔ̃a le go siawo me abe alesi dze srɔ̃nyɔnuwo ene agakpɔtɔ awɔ nuteƒe na Mawua? Ele nɛ be wòatso nya me le alesi wòada asɔ le srɔ̃aŋutsua bubu kple toɖoɖo Yehowa si le vevie wu me.

Le ɣeyiɣi bubuwo me la, srɔ̃aŋutsua ate ŋu abia tso esi be wòaɖa nuɖuɖu aɖe, ɖewohĩ esi wòvivia enu tae loo alo esi wònye eyae wòlɔ̃a ɖuɖu ɣeyiɣi mawo tae. Adzɔ dzi na srɔ̃nyɔnua be yeaɖe lɔlɔ̃ afiae ahade bubu eƒe tanyenyea ŋu. Ðe wòate ŋu aɖa nua nɛ ne srɔ̃aŋutsua bia nusia tututu le azã ɖuɣia? Srɔ̃nyɔnu Kristotɔ aɖewo ate ŋu awɔe kple dzitsinya nyui, abui ko be enye gbesiagbe nuɖaɖa dzro ko. Ðikeke mele eme o be Kristotɔ nuteƒewɔla aɖeke mabui ŋkeke tɔxɛ aɖeke o ne srɔ̃aŋutsua ya bui nenemae gɔ̃ hã. Nenema ke srɔ̃ŋutsua ate ŋu abia tso esi ɣeaɖewoɣi le ɣletia me alo le ƒea me be woa kplii woayi aɖasrã yeƒe ƒometɔwo kpɔ. Ðe srɔ̃nyɔnua ate ŋu ayi kplii ne azãɖuɣi aɖe dzie wòdzea? Alo ɖe wòalɔ̃ aƒle nusiwo wòadɔ la nɛ dzro abe alesi wòƒlea nuwo nɛ ne wòyi asi ɖi ge ene eye matɔ gbee be yeanya nusiwo wòbe yeatsɔ nuawo awɔe oa?

Godoo la, ele be srɔ̃nyɔnu Kristotɔ nabu ame bubuwo ŋu—alesi eƒe nuwɔnawo akpɔ ŋusẽ ɖe wo dzii. (Filipitɔwo 2:4) Adi be yeaƒo asa na nuwɔna si afia be yele azã ɖum, abe alesi ko wòanɔ eme be Hebrivi etɔ̃awo adi be ame aɖeke nagakpɔ yewo be yewo yina Dura balia me o ene. Eyata ate ŋu aɖɔ ŋu ɖo asusu nuwo ŋu kple srɔ̃aŋutsua akpɔe ɖa be abu yeƒe seselelãmewo ŋu ale be eya ŋutɔ nawɔ nanewo siwo ku ɖe azãɖuɖua ŋu na eɖokui be wòatsɔ ade bubu srɔ̃anyɔnu si lɔ̃e hedea bubu eŋu la ŋuti mahã. Ðewohĩ ase egɔme be anyo wu be yewoaƒo asa na nɔnɔme si ate ŋu ahe ŋukpe vɛ na woa kple evea siaa nenye be srɔ̃anyɔnua gbe be yemakpɔ gome le alakpasubɔsubɔnuwɔnawo me o. Ẽ, nyamedzodzro do ŋgɔ kple gbe ɖɔɖɔe ate ŋu akpɔ kuxiwo gbɔ le ŋutifafa me.—Lododowo 22:3.

Le nya siwo katã míegblɔ megbe la, ele be Kristotɔ nuteƒewɔla la nada nuwo kpɔ atso nya me le nusi wòawɔ ŋu. Ele be toɖoɖo Mawu naxɔ nɔƒe gbãtɔ, abe alesi Hebrivi etɔ̃awo wɔe ene. (Korintotɔwo I, 10:31) Gake esi nya sia le susu me na Kristotɔ la, ele nɛ be wòatso nya me le nusiwo wòawɔ si manye tanana o ŋuti, ne ele amesi nye ta nɛ le ƒomea me alo le nutoa me ƒe didiwo dzi wɔm.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 5 Kpɔ “Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ” si dze le August 1, 2001 ƒe Gbetakpɔxɔ me.