Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Amewo Katã Ƒe Tasɔsɔ Ate Ŋu Adzɔ Vavãa?

Amewo Katã Ƒe Tasɔsɔ Ate Ŋu Adzɔ Vavãa?

Amewo Katã Ƒe Tasɔsɔ Ate Ŋu Adzɔ Vavãa?

J OHN ADAMS, amesi va zu United States ƒe dukplɔla evelia, nɔ amesiwo de asi Ðokuisinɔnɔ Xɔxɔ Nuŋlɔɖi xɔŋkɔa te la dome, eye emenya aɖewoe nye esiawo siwo me nunya le, be: “Míexɔe se be nyateƒenya siawo dze ƒã le wo ɖokui si be wowɔ amewo katã le tasɔsɔ me.” Ke hã la, edze ƒã be ɖikeke nɔ susu me na John Adams be amewo le tasɔsɔ me nyateƒe, eye esia na wòŋlɔ ɖi be: “Susu kple Ŋutilã me Tamasɔmasɔ nye nusi Mawu Ŋusẽkatãtɔ la Wɔ De Amegbetɔwo Me ale be aɖaŋudɔ alo ɖoɖo aɖeke mate ŋu atrɔe bene amewo katã nasɔ gbeɖe o.” To vovo na ema la, Britaintɔ ŋutinyaŋlɔla H. G. Wells te ŋu wɔ amewo ƒe ƒuƒoƒo si me mama manɔ o ƒe nɔnɔmetata ɖe susu me si nɔ te ɖe nu etɔ̃ dzi: xexeame katã ƒe subɔsubɔha si le dzadzɛ eye womeƒo ɖii o, hehenana ɖeka si anɔ anyi na amesiame, eye asrafowo manɔ anyi o.

Vaseɖe fifia la, amewo ƒe ƒuƒoƒo si wɔ ɖeka si ƒe nɔnɔmetata Wells wɔ la meva eme le ŋutinya me kpɔ o. Amegbetɔwo mesɔ ta kpɔ o, eye mamadedeameme nye nɔnɔme si xɔ aƒe ɖe amewo me. Ðe mama si wode amewo me alea he viɖe vɛ na amegbetɔƒomea? Ao. Hadomeɖoƒe ƒe vovototodedeameme na amewo me ma eye wòhe ŋuʋaʋã, fuléle, dzigbagbã, kple ʋukɔkɔɖi geɖe vɛ. Ebubu be yevuwo le ŋgɔ ƒe nukpɔsusu si nɔ anyi tsã le Afrika, Australia, kple Dziehe Amerika he ameyibɔwo de nɔnɔme wɔnublanuiwo me—siwo ƒe ɖe enye Dumevidzidzi ŋutɔŋutɔ siwo nɔ Van Diemen-nyigba (si nye Tasmania fifia) dzi la tsɔtsrɔ̃ ɖa kura. Le Europa la, Yudatɔwo bubu be wonye ame tsɛwoe he Ametsɔtsrɔ̃ Gã la vɛ. Kesinɔnu gbogbo siwo nɔ dziɖuɖu me ame ŋkutawo si kple dzidzɔmakpɔmakpɔ si nɔ ame tsɛwo kple amesiwo le vedomesi me lae he Franseawo ƒe Tɔtrɔ Kpata la vɛ le ƒe alafa 18 lia me kpakple Bolshevik ƒe Tɔtrɔ Kpata la le ƒe alafa 20 lia me le Russia.

Nunyala aɖe si nɔ anyi le blema ŋlɔ be: “Amegbetɔ ɖua fia ɖe ame bubuwo dzi hena woƒe dzɔgbevɔ̃e.” (Nyagblɔla 8:9) Eƒe nyawo nye nyateƒe eɖanye be amesiwo le dzi ɖum nye ame ɖekaɖekawo loo alo hatsotso aɖe o. Ne amewo ƒe hatsotso aɖe do wo ɖokui ɖe dzi be yewole ŋgɔ na bubu aɖe la, ehea nɔnɔme wɔnublanui kple fukpekpe vɛ godoo.

Wo Katã Sɔ le Mawu Ŋkume

Ðe ameha aɖewo li koŋ siwo de ŋgɔ wu bubuawo le dzɔdzɔme nua? Menye le Mawu ŋkume o. Biblia gblɔ be: ‘Mawu wɔ bena, amewo ƒe dukɔ sia dukɔ tso ʋu ɖeka me le anyigba la ƒe ŋku me.’ (Dɔwɔwɔwo 17:26) Azɔ hã, Wɔla la “medea amegãwo dzi o, eye meɖia kesinɔtɔwo ƒe nya wua ame dahewo tɔ o, elabena wo katã la eƒe asinudɔwɔwɔwo wonye.” (Hiob 34:19) Amegbetɔwo katã do ƒome, eye le Mawu gbɔ la, wodzi wo katã sɔsɔe.

Gaɖo ŋku edzi hã be, ne ame ku la, eƒe adegbeƒoƒo ɖesiaɖe be yele ŋgɔ na ame bubuwo la nu yina. Blema Egiptetɔwo mexɔ nya sia dzi se o. Ne Farao aɖe ku la, wotsɔa nu xɔasiwo dea eƒe yɔdo me be wòava zã le esi wògakpɔtɔ le eƒe ɖoƒe kɔkɔa le ku megbe ta. Ðe wòwɔa wo ŋudɔa? Ao. Amesiwo fiaa yɔdowo me nuwo si me koe kesinɔnu siawo ƒe akpa gãtɔ va tsina, eye woate ŋu akpɔ nusiwo adzodalawo mefi o la le blemanudzraɖoƒewo egbea.

Esi wònye be Farao ku ta la, mate ŋu awɔ nu xɔasi siawo ŋudɔ gbeɖe o. Le ku me la, ame ŋkuta kple ame tsɛ, kesinɔnu alo ahedada, meli o. Biblia gblɔ be: “Nunyalawo kuna, bometsilawo kple abunetɔwo nu yina, eye wogblẽa woƒe nuwo ɖi na ame bubuwo. Ke amegbetɔ, si le agbe le atsyɔ̃ɖoɖo me la, mali ke o; esɔ kple lã, eye nuƒoƒo abu ɖee.” (Psalmo 49:11, 13) Míeɖanye fiawo alo kluviwo o, nya siawo siwo tso gbɔgbɔ me la nye nyateƒe le mí katã gome be: “Kukuawo menya naneke o, fetu aɖeke megali na wo o . . . Nuwɔwɔ alo tamebubu, sidzedze alo nunya mele tsieƒe, afisi yi ge nala o.”—Nyagblɔla 9:5, 10.

Wodzi mí katã sɔsɔe le Mawu ŋkume, eye mí katã míegatrɔna yia ku me sɔsɔe. Ekema aleke wòanye tofloko be woado ƒuƒoƒo aɖe ɖe dzi wu bubu aɖe le agbeme enye esi!

Habɔbɔ si me Vovototodedeameme Mele O—Aleke Wòadzɔe?

Gake ɖe mɔkpɔkpɔ aɖe li be habɔbɔ aɖe ava anɔ anyi gbaɖegbe si me vovototodedeameme manɔ oa? Ẽ, mɔkpɔkpɔ aɖe li. Anɔ ƒe 2,000 enye esi va yi esime Yesu nɔ anyigba dzi la, eɖo gɔmeɖoanyi si ana be habɔbɔ ma tɔgbe nava la anyi. Yesu tsɔ eƒe agbe na wònye tafevɔsa ɖe amegbetɔƒomea me tɔ siwo katã xɔna sena la ta ale be “amesiame, si xɔa edzi sena la, mele tsɔtrɔ̃ ge o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.”—Yohanes 3:16.

Esi Yesu nɔ nu fiam be mele be ye yomedzela aɖeke nado eɖokui ɖe dzi wu haxɔsetɔ bubu o la, egblɔ be: “Migana woayɔ mi be Rabi o, elabena ame ɖeka koe nye miaƒe nufiala, eye mi katã la nɔviwo mienye. Eye migayɔ ame aɖeke be mia Fofo le anyigba dzi o; elabena ame ɖeka koe nye mia Fofo, eyae le dziƒo. Eye womegayɔ mi be kplɔlawo o; elabena ame ɖekae nye miaƒe kplɔla, eyae nye Kristo. Ke amesi nye gãtɔ le mia dome la, nanye miaƒe subɔla. Eye amesi ke lado eɖokui ɖe dzi la, woabɔbɔe ɖe anyi.” (Mateo 23:8-12) Le Mawu ŋkume la, Yesu ƒe nusrɔ̃la vavãwo katã sɔ le nyateƒe subɔsubɔha la me.

Ðe Kristotɔ gbãtɔwo bu wo ɖokui be yewosɔa? Amesiwo se Yesu ƒe nufiafiawo gɔme la bui nenema. Wobu wo nɔewo be wosɔ le xɔse la me eye woɖe esia fia esi woyɔa wo nɔewo be “nɔvi.” (Filemon 1, 7, 20) Mɔɖeɖe meli be ame aɖeke nabu eɖokui gã wu ame bubuwo o. Le kpɔɖeŋu me, de ŋugble le alesi Petro yɔ eɖokui ɖokuibɔbɔtɔe le eƒe agbalẽ evelia me ŋu kpɔ: “Simon Petro, Yesu Kristo ƒe dɔla kple apostolo, ŋlɔ ɖo ɖe amesiwo kpɔ xɔse xɔasi [ƒe mɔnukpɔkpɔ] ma ke kpli mí [sɔsɔe].” (Petro II, 1:1) Petro ŋutɔ srɔ̃ nu tso Yesu gbɔ, eye esi wònye apostolo ta la, wotsɔ agbanɔamedzi vevi aɖe de esi. Ke hã la, ebu eɖokui subɔlae eye enya be mɔnukpɔkpɔ ma kee le Kristotɔ bubuwo hã si le xɔsea me.

Ame aɖewo agblɔ be tasɔsɔ ƒe gɔmeɖosea tsi tre ɖe eɖokui ŋu elabena do ŋgɔ na Kristotɔwo ƒe ɣeyiɣiawo la, Mawu wɔ Israel wònye dukɔ tɔxɛ. (Mose II, 19:5, 6) Woagblɔ be esia nye ameƒomevi aɖe siwo kɔ wu bubuawo ƒe kpɔɖeŋu, gake menye nenemae nye nya la o. Nyateƒee wònye be esi Israel-viwo nye Abraham ƒe dzidzimeviwo ta la, kadodo tɔxɛ aɖe nɔ wo kple Mawu dome eye wòzã wo wonye domenɔla siwo dzi woto tsɔ Mawu ƒe ɖeɖefiawo na ya. (Romatɔwo 3:1, 2) Gake menye taɖodzinua enye be woado wo ɖe dzi o. Ke boŋ be ‘dukɔwo katã nayra wo ɖokui’ tae.—Mose I, 22:18; Galatiatɔwo 3:8.

Eva eme be Israel-viwo dometɔ akpa gãtɔ mesrɔ̃ wo tɔgbui Abraham ƒe xɔse o. Womewɔ nuteƒe o eye wogbe Yesu si nye Mesia la. Esia ta Mawu gbe wo. (Mateo 21:43) Gake ameƒomea me tɔ siwo nye ame fafawo megbe ŋugbedodoa ƒe yayrawo xɔxɔ o. Woɖo Kristo-hamea le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste dzi. Woyɔ Kristotɔwo ƒe habɔbɔ sia si wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe si ami na la be “Mawu ƒe Israel,” eye wova nye amesiwo dzi woato ahe yayra mawo vɛ.—Galatiatɔwo 6:16.

Ehiã be woafia tasɔsɔ ŋuti nufiame hamea me nɔla aɖewo. Le kpɔɖeŋu me, nusrɔ̃la Yakobo xlɔ̃ nu amesiwo nɔ bubu dem Kristotɔ siwo nye kesinɔtɔwo ŋu wu hiãtɔwo. (Yakobo 2:1-4) Ema mesɔ o. Apostolo Paulo ɖee fia be Trɔ̃subɔla siwo zu Kristotɔwo mele tsɛ wu Yudatɔ Kristotɔwo gbeɖe o, eye Kristotɔ nyɔnuwo mebɔbɔ ɖe anyi wu ŋutsuwo le mɔ aɖeke nu o. Eŋlɔ be: “Elabena mi katã mienye mawuviwo to Kristo dzixɔxɔse me. Elabena mi ame alesi nu [wona nyɔnyrɔ mi] ɖe Kristo me la, miedo Kristo. Azɔ la Yudatɔ kple Helatɔ megali o; kluvi alo ablɔɖevi megali o; atsu alo asi megali o; elabena mi katã ɖeka miele le Kristo Yesu me.”—Galatiatɔwo 3:26-28.

Amesiwo Dome Mama Mele O Egbea

Yehowa Ðasefowo dzena agbagba be yewoanɔ agbe ɖe Ŋɔŋlɔawo ƒe gɔmeɖosewo nu. Wonya be mamadedeameme menye naneke le Mawu ŋkume o. Eyata nunɔla kple hamevi dome mama aɖeke mele wo dome o, eye womedea mama wo dome le ŋutigbalẽ ƒe amadede alo kesinɔnuwo ƒe amesinɔnɔ ta o. Togbɔ be kesinɔnuwo ate ŋu anɔ wo dometɔ aɖewo si hã la, womehea susu yia “agbe ƒe adegbe ƒuƒlu ƒoƒo” dzi o, elabena wonyae be ɣeyiɣi ʋɛ aɖewo koe nusiawo anɔ anyi. (Yohanes I, 2:15-17) Ke boŋ wo katã wowɔa ɖeka le tadedeagu na Xexeame Katã ƒe Dziɖulagã, Yehowa Mawu, me.

Wo dometɔ ɖesiaɖe xɔa agbanɔamedzi si nye gomekpɔkpɔ le gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒeŋutinya nyuia na wo haviwo me. Abe Yesu ene la, wodea bubu amesiwo wote ɖe anyi kple amesiwo ame bubuwo gbe la ŋu to wo sasrãkpɔ le woƒe aƒewo me, kple Mawu ƒe Nya la fiafia wo me. Wo dometɔ siwo dzi nu mede o la wɔa dɔ aduadu kple amesiwo ame aɖewo abu be wode ŋgɔ le agbe me. Gbɔgbɔmenɔnɔmewoe nye nu vevitɔ, ke menye hadomeɖoƒe si ame aɖe le o. Abe alesi wònɔ le ƒe alafa gbãtɔ me ene la, wo katã nye nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo le xɔse la me.

Tasɔsɔ Ðea Mɔ Ðe Vovototo Ŋu

Ele eme baa be tasɔsɔ mefia be nɔnɔme ɖeka ŋugbe nanɔ amewo katã si o. Ŋutsuwo kple nyɔnuwo, ame tsitsiwo kple ɖeviwoe le Kristotɔwo ƒe habɔbɔ sia me, eye eme tɔwo nye ameƒomevi vovovowo, gbe vovovo dolawo, dukɔ vovovowo me tɔwo, kple amesiwo ƒe ganyawo le vovovo. Esi wonye ame vovovowo ta la, susu kple ŋutilã ƒe ŋutete vovovowoe le wo si. Gake vovototo siawo mena ame aɖewo de ŋgɔ alo le tsɛ wu o. Ke boŋ ɖeko vovototo sia naa nuwo nɔa hamehame wòdzɔa dzi na ame. Kristotɔ mawo nyae be dzɔdzɔmeŋutete ɖesiaɖe si le wo si la nye nunana si tso Mawu gbɔ eye manye nusita woase le wo ɖokui me be yewode ŋgɔ o.

Vovototodedeameme nye amegbetɔ ƒe agbagbadzedze be yeaɖu ye ɖokui dzi le esi teƒe be wòazɔ ɖe Mawu ƒe mɔfiafiawo nu la me tsonu. Madidi o, Mawu ƒe Fiaɖuƒe axɔ ɖe egbegbe dziɖuɖu siwo le anyigba dzi teƒe, eye wòahe mama siwo amewo dea wo nɔewo dome, tsɔ kpe ɖe nu bubu siwo he fukpekpe vɛ le ŋutinya katã me ŋu la ava nuwuwui. Ekema le gɔmesesea ŋutɔŋutɔ nu la, ‘ame fafawo anyi anyigba la dome.’ (Psalmo 37:11) Nusiwo katã nana amewo dana hebuna be yewode ŋgɔ la nu ayi. Womagaɖe mɔ be vovototo dede amewo me nama xexeame katã ƒe nɔvisiléle me akpɔ gbeɖe o.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 5]

Wɔla la “medea amegãwo dzi o, eye meɖia kesinɔtɔwo ƒe nya wua ame dahewo tɔ o, elabena wo katã la eƒe asinudɔwɔwɔwo wonye.”— Hiob 34:19.

[Nɔnɔmetata si le axa 6]

Yehowa Ðasefowo dea bubu wo haviwo ŋu

[Nɔnɔmetata siwo le axa 7]

Gbɔgbɔmenɔnɔmewoe nye nu vevitɔ le Kristotɔ vavãwo dome