‘Gbeƒãɖeɖe Nya la’ Naa Dzudzɔ Ame
“Mite Va Gbɔnye, . . . Eye Nye La Mana Dzudzɔ Mi”
‘Gbeƒãɖeɖe Nya la’ Naa Dzudzɔ Ame
ENYE ame deblibo si wodɔ be wòava wɔ dɔ vevi aɖe. Alesi wòfiaa nui la wɔa dɔ ale gbegbe be “kufia ɖo amehawo le eƒe nufiafia la ŋuti.” (Mateo 7:28) Enye gbeƒãɖela si ŋu ɖeɖi metena o hã. Ezã eƒe ɣeyiɣi, ŋusẽ, kple nunɔamesiwo katã ɖe gbeƒãɖeɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒea koŋ ŋu. Le nyateƒe me la, Yesu Kristo zɔ mɔ de wo denyigba ƒe afisiafi wònye gbeƒãɖela kple nufiala si ɖeke mesɔ kplii o.—Mateo 9:35.
Dɔ vevi si ta koŋ wodɔ Yesu ɖoe nye be wòaɖe “gbeƒã fiaɖuƒeŋutinya nyui” la na eŋɔlimetɔwo ahana hehe eƒe nusrɔ̃lawo ɖe dɔ sia wɔwɔ le xexe bliboa katã me ŋu. (Mateo 4:23; 24:14; 28:19, 20) Ðe gbeƒãɖeɖedɔa ƒe agbanɔamedzi kpekpea, alesi wòhiã kpatae, kpakple alesi dɔa loloe agbã lãme na eƒe nusrɔ̃la madeblibo siwo mede ha oa?
Kura o! Esi Yesu xlɔ̃ nu eƒe nusrɔ̃lawo be woado gbe ɖa abia Yehowa Mawu amesi nye “nuŋeŋe ƒe aƒetɔ la” be wòaɖo dɔwɔla gbogbo aɖewo ɖa vɔ la, edɔ wo ɖo ɖa be woayi aɖafia nu ameawo. (Mateo 9:38; 10:1) Ena kakaɖedzi wo be yeƒe nusrɔ̃lanyenye ƒe agbanɔamedzia—si ŋu gbeƒãɖeɖedɔa kpe ɖo—ana dzudzɔ kple akɔfafa vavã wo. Yesu gblɔ be: “Mite va gbɔnye, . . . eye nye la mana dzudzɔ mi.”—Mateo 11:28.
Dzidzɔ Tsoƒe
Aleke gbegbe nublanuikpɔkpɔ, lɔlɔ̃, kple dɔmenyonyo dze le amekpekpe sia mee nye esi! Eɖe alesi Yesu tsɔ ɖe le eme na eyomedzelawo vevie fia. Eƒe nusrɔ̃lawo kpɔ gbɔdzɔe le gbeƒaɖeɖe ‘Mawu Fiaɖuƒeŋutinya nyui’ la ƒe agbanɔamedzia tsɔtsɔ me. Esia na wokpɔ dzidzɔ kple dzidzeme vavãtɔ.—Yohanes 4:36.
Ɣeyiɣi didi aɖe do ŋgɔ na Yesu ƒe anyigba dzi vava la, Ŋɔŋlɔawo te gbe ɖe edzi be subɔsubɔ kɔkɔe tsɔtsɔ na Mawu ahe dzidzɔ vɛ. Esia dze ƒã esi hakpala la dzi ha be: “Anyigbawo katã, mitso aseye ɖe Yehowa ŋu! Misubɔ Yehowa kple dzidzɔ, eye mitsɔ aseyetsotso do ɖe eŋku me!” (Psalmo 100:1, 2) Egbea amesiwo tso dukɔwo katã me le aseye tsom ɖe Yehowa ŋu eye woƒe kafukafunyawo de dzi hoo abe asrafo aʋadziɖulawo ene. Amesiwo tsɔ wo ɖokuiwo ke Mawu le nyateƒe me la dona ɖe eŋku me ‘kple aseyetsotso.’ Le nyateƒe me la, esia sɔ elabena Yehowae nye “dzidzɔ Mawu” si di be ye subɔlawo nakpɔ dzidzɔ le woƒe adzɔgbeɖeɖe na ye dzi wɔwɔ me.—Timoteo I, 1:11, NW.
Subɔla Siwo Kpɔa Gbɔɖeme
Aleke wòate ŋu adzɔe be dɔwɔwɔ sesĩe le gbeadzisubɔsubɔdɔa me metea ɖeɖi mía ŋu o ke boŋ wònaa gbɔɖeme ŋutɔŋutɔ mí? Yehowa ƒe dɔ wɔwɔ nɔ na Yesu abe nuɖuɖu si doa ŋusẽ ame ene. Egblɔ be: “Nye nuɖuɖu enye bena, mawɔ amesi dɔm ɖa la ƒe lɔlɔ̃nu, eye mawu eƒe dɔwɔwɔ la nu.”—Yohanes 4:34.
Nenema ke Kristotɔ gbeƒãɖela veviedolawo kpɔa dzidzɔe ne wole ‘gbeƒã ɖem nya la’ egbea. (Timoteo II, 4:2) Nyɔnu Kristotɔ tsitsi si ŋkɔe nye Connie, amesi zãa gaƒoƒo siwo wu 70 ɣleti sia ɣleti le gbeƒãɖeɖedɔa me gblɔ be: “Ne mekpã le gbeadzi la, nye dzi dzea eme eye dzi dzɔam ŋutɔ ne ɖeɖi te ŋunye kura gɔ̃ hã.”
Ke ne amewo meɖo to Fiaɖuƒegbedasia o ɖe? Connie yi edzi be: “Amewo ɖaɖo to alo womeɖaɖo to o, mevem ɣeaɖekeɣi kpɔ be mekpɔ gome le gbeadzisubɔsubɔdɔ me o. Tsɔ kpe ɖe enyanya be mele nusi dzea Yehowa ŋu wɔm la, enyea dzidzɔ
nam be maƒo nu tso nyateƒea ŋu, elabena ne mele esia wɔm la, enaa megakana ɖe Biblia me mɔkpɔkpɔ wɔnukuwo dzi wu le nye dzi me.”Ame bubuwo kpɔe be kpekpe ɖe amewo ŋu be Mawu ŋuti sidzedze vavãtɔ nasu wo si naa gɔmesese nɔa woawo ŋutɔ woƒe agbe ŋu. Ðetugbi aɖe si ŋkɔe nye Meloney, amesi zãa gaƒoƒo si wu 50 ɣleti sia ɣleti tsɔ ɖea gbeƒã gblɔ be: “Gbeƒãɖeɖedɔa na mekpɔa gbɔɖeme ale gbegbe elabena ena taɖodzinu le nye agbe ŋu eye wòtoa mɔ ɖeka. Meŋlɔa nye kuxiwo kple gbesiagbe dzimaɖitsitsiwo be ne mele gbeƒãɖeɖedɔa wɔm.”
Yehowa Ðasefo veviedola bubu si ŋkɔe nye Millicent gblɔ be: “Asixɔxɔ nɔa ŋkeke ɖesiaɖe si mezã le gbeadzi tsɔ ƒo nu tso Mawu ƒe tameɖoɖo na ameƒomea kple numeɖeɖe na amewo le alesi anyigbaa agatrɔ azu Paradisoe ŋu ŋutɔ. Enaa Yehowa zua ame ŋutɔŋutɔ nam gbesiagbe eye mekpɔa tomefafa kple dzidzɔ si nyemate ŋu akpɔ le nu bubu aɖeke wɔwɔ me o.”
Nyasela Siwo Kpɔa Gbɔɖeme
Nyateƒee, Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ tua Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo ɖo, eye gbedasi si naa agbe la faa akɔ na amesiwo xɔnɛ la hã. Togbɔ be nufiala aɖe si le Portugal xɔ hehe le nyɔnu saɖagaxɔmenɔlawo kple osɔfowo gbɔ hã la, ese le eɖokui me be yeƒe sɔlemehaa mete ŋu kpɔ yeƒe gbɔgbɔ me nuhiahiãwo gbɔ na ye o. Womete ŋu ɖo eƒe Biblia me biabiawo ŋu nɛ o. Biblia-nusɔsrɔ̃ si Yehowa Ðasefo aɖe wɔ kpli edziedzi na wòle ŋgɔyiyi wɔm le Ŋɔŋlɔawo gɔmesese me. Dzi dzɔ nufiala la ale gbegbe. Egblɔ be: “Mekpɔa mɔ na nye nusɔsrɔ̃a vevie Kuɖa ɖesiaɖe elabena woɖoa nye biabiawo ŋu nam ɖeka ɖeka eye wotsɔa Biblia ɖoa kpe wo dzii.” Egbea, nyɔnu sia nye Yehowa subɔla ɖeadzɔgbe eye eya hã hea gbɔdzɔe vɛ na ame bubuwo to Biblia me nyateƒeawo gbɔgblɔ na wo me.
Eyata edze ƒã be gbeƒãɖeɖedɔ si wode Yehowa Ðasefowo si ƒe vevienyenye alo alesi dɔ sia si woawɔ le xexeame katã loloe la megloa wo o. Ðekematsɔleme alo tsitretsiɖeŋu meɖea dzi le wo ƒo o. Wokua kutri be yewoawu Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔ si wode asi na wo la nu. Wogblɔa nyanyuia na amewo le afisiafi si woakpɔ wo le—eɖanye le United States ƒe agbatsɔʋutɔɖoƒe aɖe (1), le Koreatɔwo ƒe yameʋudzeƒe aɖe (2), le Andes (3), alo le London ƒe fiase aɖe me (4), gɔ̃ hã o. Yesu yomedzela siwo li egbea le woƒe dɔ si hea viɖe vɛ dzi dzidzɔtɔe le xexeame katã. Yesu wɔ eƒe ŋugbedodoa dzi vavã hele gbɔdzɔe nam wo eye wòle wo zãm le dzudzɔ nam ame bubu geɖewo.—Nyaɖeɖefia 22:17.