Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nɔ Dɔmenyowɔwɔ Dzi Ðaa

Nɔ Dɔmenyowɔwɔ Dzi Ðaa

Nɔ Dɔmenyowɔwɔ Dzi Ðaa

“Kekeli ƒe kutsetse la le dɔmenyonyo kple dzɔdzɔenyenye kple nyateƒe katã me.”—EFESOTƆWO 5:9.

1. Aleke ame miliɔn geɖe ɖenɛ fiana be yewowɔ ɖeka kple Psalmo 31:20?

NU NYUITƆ kekeake si amegbetɔ ɖesiaɖe ate ŋu awɔe nye be wòahe ŋutikɔkɔe vɛ na Yehowa. Egbea ame miliɔn geɖe kafua Mawu ɖe eƒe dɔmenyonyo ta le esia wɔwɔ me. Esi míenye Yehowa ƒe Ðasefo wɔnuteƒewo ta la, míetsɔ dzi blibo wɔ ɖeka kple hakpala la, amesi dzi ha be: “Wò dɔmenyo, si nètu ɖo na amesiwo vɔ̃a wò la, . . sɔ gbɔ loo!”—Psalmo 31:20.

2, 3. Nukae ate ŋu adzɔ ne míetsɔ agbenyuinɔnɔ kpe ɖe míaƒe nusrɔ̃lawɔwɔdɔa ŋu o?

2 Yehowa vɔvɔ̃ bubutɔe ʋãa mí be míekafunɛ ɖe eƒe dɔmenyonyo ta. Eʋãa mí hã be ‘míada akpe na Yehowa, akafui, ahaɖe gbeƒã le eƒe fiaɖuƒe ƒe bubu ŋu.’ (Psalmo 145:10-13) Susu sia tae míedoa vevie Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawɔwɔ dɔa. (Mateo 24:14; 28:19, 20) Nyateƒee, ele be agbenyuinɔnɔ nakpe ɖe míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu. Ne menye nenema o la, míahe vlodoame ava Yehowa ƒe ŋkɔ kɔkɔea dzi.

3 Ame geɖe gblɔna be mawusubɔlawoe yewonye, gake woƒe agbenɔnɔ mesɔ ɖe dzidzenu siwo woŋlɔ ɖe eƒe Nya si tso gbɔgbɔ me la dzi o. Apostolo Paulo ŋlɔ le amesiwo gblɔnɛ kple nu be yewonye nyuiwɔlawo evɔ womenɔa agbe nyui o ŋu be: “Wò amesi fia nu ame bubuwo la, ɖe mèfia nu ɖokuiwò oa? Wò amesi ɖe gbeƒã bena, womegafi fi o la, wòe fi fia? Wò amesi gblɔ bena womegawɔ ahasi o la, wòe wɔ ahasia? Elabena le miawo ŋuti la wogblɔa busunya ɖe Mawu ƒe ŋkɔ ŋuti le trɔ̃subɔlawo dome, abe alesi woŋlɔ ɖi ene.”—Romatɔwo 2:21, 22, 24.

4. Dɔ kae míaƒe agbenyuinɔnɔ wɔna?

4 Le esi míahe vlodoame ava Yehowa ƒe ŋkɔa dzi teƒe la, míedzea agbagba be míatsɔ míaƒe agbenyuinɔnɔ akɔ eŋui. Esia wɔa dɔ nyui ɖe amesiwo le Kristo-hamea godo dzi. Nusita wòle alea dometɔ ɖeka enye be enaa míetsia nya ɖe tsitretsiɖeŋulawo nu. (Petro I, 2:15) Gawu la, míaƒe agbenyuinɔnɔ hea amewo vaa Yehowa ƒe habɔbɔa me, heʋua mɔnukpɔkpɔ na wo be woakafui eye woakpɔ agbe mavɔ.—Dɔwɔwɔwo 13:48.

5. Biabia kawo mee míadzro fifia?

5 Esi míenye ame madeblibowo ta la, aleke míawɔ aƒo asa na agbenɔnɔ si ate ŋu ahe vlodoame ava Yehowa dzi eye wòaɖia nyateƒe dilawo nu? Le nyateƒe me la, aleke míawɔ akpɔ dzidzedze le nyuiwɔwɔ me?

Kekelia ƒe Kutsetse

6. “Dɔwɔwɔ siwo metsea ku o” ƒe ɖewo ɖe, gake kutsetse kawoe wòle be woakpɔ le Kristotɔwo dome?

6 Nane si kpena ɖe mí Kristotɔ ɖeadzɔgbewo ŋu be míeƒoa asa na “viviti me dɔwɔwɔ, siwo metsea ku o” la le mía si. Viviti me dɔwɔwɔ siawo ƒe ɖewoe nye nuwɔna siwo doa vlo Mawu abe aʋatsokaka, fififi, dzugbewo zãza, gbegblẽnyawo gbɔgblɔ, ŋukpenanuwo wɔwɔ, atsaƒoƒo siwo medze o, kple ahamumu. (Efesotɔwo 4:25, 28, 31; 5:3, 4, 11, 12, 18) Be míakpɔ gome le nuwɔna siawo me teƒe la, míeyia edzi ‘zɔna abe alesi dze kekeliviwo ene.’ Apostolo Paulo gblɔ be “kekeli ƒe kutsetse la le dɔmenyonyo kple dzɔdzɔenyenye kple nyateƒe katã me.” (Efesotɔwo 5:8, 9) Eyata ne míele zɔzɔm le kekelia me hafi míate ŋu anɔ dɔme nyom. Gake kekeli ka tɔgbee nye esia?

7. Nukawoe wòle be míawɔ be míanɔ dɔmenyonyo kuwo tsem?

7 Togbɔ be míede blibo o hã la, míate ŋu dɔmenyawo ne míezɔ le gbɔgbɔ me kekeli me. Hakpala la dzi ha be: “Wò nya enye akaɖi na nye afɔ kple kekeli na nye toƒe.” (Psalmo 119:105) Ne míedi be miayi edzi anɔ “kekeli ƒe kutsetse la” tsem to “dɔmenyonyo katã me” la, ele be míawɔ gbɔgbɔ me kekeli si dze le Mawu ƒe Nya la me, si me woɖe nyuie le Kristotɔwo ƒe agbalẽwo me, eye wodzroa eme edziedzi le subɔsubɔkpekpewo me la ŋudɔ ɣesiaɣi. (Luka 12:42; Romatɔwo 15:4; Hebritɔwo 10:24, 25) Ele be míaƒe susu nanɔ kpɔɖeŋu si Yesu Kristo, “xexeame ƒe kekeli la” kple “amesi nye [ Yehowa] ƒe ŋutikɔkɔe ƒe keklẽ” ɖo, kpakple nusiwo wòfia ŋu etɔxɛe.—Yohanes 8:12; Hebritɔwo 1:1-3.

Gbɔgbɔ la ƒe Kutsetse

8. Nukatae míate ŋu anyo dɔme?

8 Nyateƒee, gbɔgbɔme kekeli kpena ɖe mía ŋu be míanyo dɔme. Gakpe ɖe eŋu la, míete ŋu ɖea nɔnɔme sia fiana elabena Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea, alo eƒe dɔwɔŋusẽ, le mía kplɔm. Dɔmenyonyo nye ‘gbɔgbɔa ƒe kutsetse.’ (Galatiatɔwo 5:22, 23) Ne míewɔna ɖe Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe mɔfiafia dzi la, ana míatse eƒe ku si nye dɔmenyonyo.

9. Aleke míate ŋu awɔ nu le ɖekawɔwɔ me kple Yesu ƒe nya si woŋlɔ ɖi le Luka 11:9-13?

9 Ele be míaƒe didi vevie be míadze Yehowa ŋu to gbɔgbɔa ƒe ku si nye dɔmenyonyo tsetse me la naʋã mí be míawɔ ɖe Yesu ƒe nya si wògblɔ dzi be: “Mibia nu, eye woana mi; midi nu, eye miakpɔ; miƒo ʋɔa, eye woaʋui na mi. Elabena amesiame, si le nu biam la, exɔna; eye amesiame si le nu dim la ekpɔna; eye amesiame si le ʋɔa ƒom la, woʋunɛ nɛ. Ke fofo ka le mia dome, si via abia aboloe, eye wòana kpee, alo tɔmelã, eye wòana dae ɖe tɔmelã teƒe mahã? Alo ne abia koklozi la, wòana dziɖegbee mahã? Azɔ mi, amesiwo nye ame [madeblibo si na miewɔa nu] vɔ̃ɖiwo, mienya alesi miana nunana nyui mia viwo, ʋuu keke Fofo, si le dziƒo la, mana Gbɔgbɔ kɔkɔe amesiwo bianɛ la o mahã?” (Luka 11:9-13) Mina míawɔ ɖe Yesu ƒe nuxlɔ̃amea dzi ado gbe ɖa na Yehowa abia eƒe gbɔgbɔa ƒe kpekpeɖeŋu be míate ŋu anɔ eƒe ku si nye dɔmenyonyo tsem.

‘Nɔ Nyuiwɔwɔ Dzi’

10. Yehowa ƒe nyuiwɔwɔ ƒe akpa kawoe woyɔ le Mose II, 34:6, 7?

10 Ne míena gbɔgbɔmekekeli si tso Mawu ƒe Nya me kple Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea kpe ɖe mía ŋu la, míate ŋu ‘anɔ nu nyui wɔwɔ dzi.’ (Romatɔwo 13:3) To Biblia sɔsrɔ̃ edziedzi me la, míesrɔ̃a nu geɖe ku ɖe alesi míasrɔ̃ Yehowa ƒe dɔmenyonyo ŋu. Míedzro Mawu ƒe nyuiwɔwɔ ƒe akpa vovovo siwo woɖe gbeƒãe na Mose le nyati si do ŋgɔ me si woŋlɔ ɖe Mose II, 34:6, 7 me si xlẽ be: ‘Yehowa, Yehowa, nublanuikpɔla kple Mawu ameŋubula, amesi gbɔa dzi blewu, eye eƒe amenuveve kple nuteƒewɔwɔ sɔ gbɔ, amesi dzra amenuveve ɖo na ame akpe nanewo, eye wòtsɔa vodada, dzidada, kple nuvɔ̃ kena; ke megbea tohehe o, boŋ etua fofowo ƒe vodada ŋuti fe na viwo kple wo viwo ƒe viwo, vaseɖe dzidzime etɔ̃lia kple enelia dzi.’ Ŋkuléle ɖe Yehowa ƒe nyuiwɔwɔ ƒe akpa vovovo siawo ŋu akpe ɖe mía ŋu be ‘míanɔ nyuiwɔwɔ dzi.’

11. Aleke wòle be Yehowa ƒe nublanuikpɔkpɔ kple ameŋububu si míenya la nakpɔ ŋusẽ ɖe mía dzii?

11 Mawu ŋuti gbeƒãɖeɖe sia na míekpɔ alesi wòhiãe be míasrɔ̃ Yehowa to nublanuikpɔkpɔ kple ameŋububu me. Yesu gblɔ be: “Woayra amesiwo le nublanui kpɔm na amewo la; elabena woawoe woakpɔ nublanui na.” (Mateo 5:7; Luka 6:36) Esi míenya be Yehowa bua ame ŋu ta la, eʋãa mí be míabu ame ŋu ahawɔ nusi dzea ame ŋu le nuwɔwɔ kple amewo me, amesiwo míeɖea gbeƒã na hã le eme. Esia wɔ ɖeka kple Paulo ƒe nuxlɔ̃ame si gblɔ be: “Mina amenuveve kple dze nanɔ miaƒe nya me ɖaasi, bena mianya alesi wòdze be, miaɖo nya ŋuti na amesiame.”—Kolosetɔwo 4:6.

12. (a) Esi Mawu gbɔa dzi blewu ta la, aleke wòle be míawɔ nu ɖe amewo ŋui? (b) Nukae Yehowa ƒe amenuveve ʋãa mí be míawɔ?

12 Esi Mawu gbɔa dzi blewu ta la, míaƒe didi be ‘míanɔ nyuiwɔwɔ dzi’ ʋãa mí be míado dzi atsɔ mía nɔvi xɔsetɔwo ƒe vodadawo eye míaƒe susu nanɔ woƒe nɔnɔme nyuiwo dzi. (Mateo 7:5; Yakobo 1:19) Yehowa ƒe amenuveve ʋãa mí be míaɖe nuteƒewɔwɔ ƒe lɔlɔ̃ afia le tetekpɔ sesẽtɔ kekeake gɔ̃ hã me. Esia nyoa ame ŋu vavã.—Lododowo 19:22.

13. Aleke wòle be míawɔ nu aɖee fia be Yehowa ƒe ‘nuteƒewɔwɔ sɔ gbɔ’?

13 Esi mía Fofo si le dziƒo ƒe nuteƒewɔwɔ sɔ gbɔ ta la, míedzea agbagba ‘ɖea mía ɖokui fiana abe alesi dze Mawu subɔlawo le anukwarenya me.’ (Korintotɔwo II, 6:3-7) Nu adre siwo Yehowa lé fui dometɔ aɖewoe nye “aʋatsoɖe” kple “amesi ɖua aʋatsoɖasefo hedaa alakpa.” (Lododowo 6:16-19) Eyata míaƒe didi be míadze Mawu ŋu ʋãa mí ‘míeɖe aʋatsokaka ɖi, eye míetoa nyateƒe.’ (Efesotɔwo 4:25) Megadzɔ gbeɖe be míada ƒu le nu nyui wɔwɔ me le mɔ vevi sia nu o.

14. Nukatae wòle be míatsɔ ake?

14 Ele be Mawu ŋuti gbeƒã si woɖe na Mose naʋã mí hã be míatsɔ ake amewo elabena Yehowa le klalo be yeatsɔe ake. (Mateo 6:14, 15) Nyateƒee, Yehowa hea to na nuvɔ̃wɔla matrɔdzimewo. Eyata ele be míalé eƒe nyuiwɔwɔ ƒe dzidzenuwo me ɖe asi be míakpɔ hamea ƒe gbɔgbɔ me dzadzɛnyenye ta.—Mose III, 5:1; Korintotɔwo I, 5:11, 12; Timoteo I, 5:22.

“Mikpɔ Nyuie”

15, 16. Mɔ ka nue Paulo ƒe nuxlɔ̃amenya si woŋlɔ ɖe Efesotɔwo 5:15-19 akpe ɖe mía ŋu be míanɔ dɔmenyowɔwɔ dzi le?

15 Be míate ŋu anɔ nyuiwɔwɔ dzi esime nugbegblẽwɔwɔ ƒo xlã mí la, ele be Mawu ƒe gbɔgbɔ nayɔ mía me eye míakpɔ míaƒe zɔzɔme dzi. Paulo xlɔ̃ nu Kristotɔwo le Efeso wòsɔ be: “Mikpɔ nyuie be, miazɔ pɛpɛpɛ; menye abe numanyamanyatɔwo ene o, ke boŋ abe nunyalawo ene, amesiwo wɔa ɣeyiɣi la ŋuti dɔ blibo; elabena ŋkekeawo nye vɔ̃. Eyaŋuti la migazu bometsilawo o, ke boŋ midze si nusi nye Aƒetɔ la ƒe lɔlɔ̃nu. eye mitsɔ Psalmowo kple kafukafuhawo kpakple gbɔgbɔ me hawo ƒo nu kple mía nɔewo; midzi ha, eye miƒo ha na Aƒetɔ la le miaƒe dzi me.” (Efesotɔwo 5:15-19) Nyateƒee, nuxlɔ̃amenya sia sɔ na mí le ŋkeke mamlɛ vɔ̃ siawo me.—Timoteo II, 3:1.

16 Ne míakpɔtɔ anye nyuiwɔlawo la, ele be míakpɔ nyuie be míezɔ abe alesi dze amesiwo léa mawumenunya me ɖe asi ene. (Yakobo 3:17) Ele be míaƒo asa na nuvɔ̃ gãwo wɔwɔ, míana gbɔgbɔ kɔkɔea nayɔ mí fũ, eye míana wòafia mɔ mí. (Galatiatɔwo 5:19-25) Ne míewɔ gbɔgbɔmenufiame si wonana le Kristotɔwo ƒe kpekpewo, kple takpekpe suewo kpakple gãwo me ŋudɔ la, míate ŋu anɔ nyuiwɔwɔ dzi. Paulo ƒe nya si wògblɔ na Efesotɔwo aɖo ŋku edzi na mí hã be le míaƒe ƒuƒoƒo akpa gãtɔ me na tadedeagu la, ‘gbɔgbɔ me ha’ siwo míedzina tso dzime ɖea vi na mí—wo dometɔ geɖe hea susu yia gbɔgbɔmenɔnɔme veviwo abe dɔmenyonyo ene dzi.

17. Kakaɖedzi kae ate ŋu anɔ Kristotɔ siwo le dɔ lém vevie eye woƒe nɔnɔmea meɖea mɔ na wo be woade Kristotɔwo ƒe kpekpewo edziedzi o la si?

17 Ke mía nɔvi xɔsetɔ siwo mate ŋu ayi Kristotɔwo ƒe kpekpewo edziedzi o le dɔmavɔleameŋu sesẽ aɖe ta ya ɖe? Dzi ate ŋu aɖe le wo ƒo elabena womate ŋu akpe kple woƒe gbɔgbɔ me nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo tẽ ɣesiaɣi asubɔ Yehowa o. Gake woate ŋu aka ɖe dzi be Yehowa sea woƒe nɔnɔmewo gɔme, akpɔ wo ta le kekelia me, ana eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe wo, eye wòakpe ɖe wo ŋu be woanɔ nyuiwɔwɔ dzi.—Yesaya 57:15.

18. Nukae akpe ɖe mía ŋu be míanɔ dɔmenyowɔwɔ dzi?

18 Be míanɔ nyuiwɔwɔ dzi bia be míakpɔ mía ɖokui dzi le hadede me, eye míate ɖa le amesiwo “melɔ̃a nu nyui o gbɔ.” (Timoteo II, 3:2-5; Korintotɔwo I, 15:33) Nuxlɔ̃ame siawo dzi wɔwɔ akpe ɖe mía ŋu be míaƒo asa na “nusi ave Mawu ƒe [gbɔgbɔ] kɔkɔe la” wɔwɔ, si nye nusiwo tsia tre ɖe eƒe mɔfiafiawo ŋu. (Efesotɔwo 4:30) Gawu la, akpe ɖe mía ŋu be míawɔ dɔmenyo ne míede ha kplikplikpli kple amesiwo ɖenɛ fiana be nu nyui lɔ̃lawo yewonye eye Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe le yewo kplɔm.—Amos 5:15; Romatɔwo 8:14; Galatiatɔwo 5:18.

Dɔmenyowɔwɔ Ðea Vi

19-21. Gblɔ nuteƒekpɔkpɔ siwo fia alesi dɔmenyowɔwɔ wɔa dɔ ɖe ame dzii.

19 Zɔzɔ le gbɔgbɔmekekeli me, wɔwɔ ɖe Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe mɔfiafia dzi, kple míaƒe zɔzɔme dzi kpɔkpɔ nyuie akpe ɖe mía ŋu be míatsri nusi nye vɔ̃ eye be ‘míanɔ nyuiwɔwɔ’ dzi. Viɖewo doa go tsoa esia wɔwɔ me. De ŋugble le Zongezile, Yehowa Ðasefowo dometɔ ɖeka si le South Africa, ƒe nuteƒekpɔkpɔ ŋu kpɔ. Esi wòyina suku gbeɖeka ŋdi la, eva to eƒe gakɔnta me kpɔ le gadzraɖoƒe. Dzesi si le agbalẽvi si woɖe le akɔntabumɔ̃a me nɛ dzi la fia vodadatɔe be R42,000 (United States dɔlar 6,000) le eƒe ga dzi. Gadzraɖoƒe ŋu dzɔla aɖe kple ame bubuwo ƒoe ɖe enu be wòaɖe gaa ava dzra ɖo na eɖokui ɖe gadzraɖoƒe bubu. Srɔ̃tɔ Ðasefo siwo gbɔ wòle koe de dzi ƒo nɛ be wòagava ɖe ga aɖeke o.

20 Le dɔwɔŋkeke si kplɔe ɖo dzi la, Zongezile va gblɔ vodadaa si wowɔ na amesiwo le dɔ wɔm le gadzraɖoƒea. Wokpɔe be eƒe gakɔnta ƒe xexlẽdzesiwo ɖi asitsala kesinɔtɔ aɖe tɔ si na kesinɔtɔa tsɔ eƒe ga va de ɖekakpuia ƒe akɔnta me vodadatɔe. Esi wòwɔ nuku na asitsala la be Zongezile mezã gaa ƒe ɖeke o la, ebia be: “Subɔsubɔha ka mee nèle?” Zongezile ɖo eŋu nɛ be Yehowa Ðasefowo dometɔ ɖekae yenye. Gadzraɖoƒea dzikpɔlawo kafui vividoɖeameŋutɔe eye wogblɔ be: “Anyo ŋutɔ ne ɖe amesiame ɖia anukware abe Yehowa Ðasefowo ene.” Nyateƒee, anukwareɖiɖi kple dɔmenyonyo ate ŋu ana amewo nakafu Yehowa.—Hebritɔwo 13:18.

21 Mehiã be dɔmenyowɔwɔ nanɔ etɔxɛ hafi wòakpɔ ŋusẽ nyui ɖe ame dzi o. Kpɔɖeŋu aɖee nye esi: Eva hiã be ɖekakpui Ðasefo si nye ɣeyiɣia katã ƒe nyanyuigblɔla aɖe si le Samoa ƒukpowo dzi nayi kɔdzi le woƒe nutoa me. Amewo nɔ lalam le fli me be ɖɔkta nakpɔ yewo gbɔ, eye Ðasefoa kpɔe be nyɔnu tsitsi si le emegbe la dze dɔ vevie. Ena be aƒenɔa tre yiyi nɛ ale be woate ŋu akpɔ egbɔ kaba. Ɣebubuɣi Ðasefoa do go nyɔnu tsitsi sia le asi me. Ekpɔe dze sii heɖo ŋku dɔmenyo si wòwɔ nɛ le kɔadzi la dzi. Egblɔ be: “Fifia mekpɔ be Yehowa Ðasefowo lɔ̃a wo haviwo vavã.” Togbɔ be meɖoa to Fiaɖuƒegbedasia tsã o hã la, dɔmenyo si wowɔ nɛ wɔ dɔ ɖe edzi nyuie. Elɔ̃ ɖe edzi be woawɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ kpli ye eye wòdze Mawu ƒe Nya la sɔsrɔ̃ gɔme.

22. Mɔ tɔxɛ ka koŋ dzie míato ‘anɔ nyuiwɔwɔ dzi’?

22 Ðewohĩ àte ŋu agblɔ nuteƒekpɔkpɔ aɖewo siwo afia viɖe siwo le dɔmenyowɔwɔ me. Mɔ tɔxɛ aɖe si dzi míato ‘anɔ nyuiwɔwɔ dzi’ enye gomekpɔkpɔ le gbeƒãɖeɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒeŋutinya nyuia me. (Mateo 24:14) Mina míayi edzi anɔ gome kpɔm le dɔ vevi sia me dzonɔamemetɔe esi míenya be dɔmenyowɔwɔ ƒe mɔnu ɖeka enye esia, vevietɔ na amesiwo ɖoa to nyanyuia. Ƒo wo katã ta la, míaƒe subɔsubɔdɔa kple agbenyuinɔnɔ naa wokafua Yehowa, amesi nye dɔmenyo dzɔtsoƒe la.—Mateo 19:16, 17.

Yi EDzi ‘Nàwɔ Nyui’

23. Nukae na Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa nye dɔ nyui ɖo?

23 Nyateƒee, dɔ nyui aɖee míaƒe subɔsubɔdɔa nye. Ate ŋu ana mía kple amesiwo ɖoa to Biblia me gbedasia nakpɔ xɔxɔ si ana be míanɔ agbe mavɔ mɔa dzi. (Mateo 7:13, 14; Timoteo I, 4:16) Ne ele be míawɔ nyametsotso aɖe la, ekema didi be míawɔ nu nyuitɔ aʋa mí míabia mía ɖokui be: ‘Aleke nyametsotso sia akpɔ ŋusẽ ɖe nye Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa dzii? Ðe nusi mebe mawɔ aɖe via? Ðe wòakpe ɖe ŋunye be makpe ɖe amewo ŋu woaxɔ ‘nyanyui mavɔ la’ ale be woa kple Yehowa Mawu dome ƒomedodo nanɔ kplikplikplia? (Nyaɖeɖefia 14:6) Dzidzɔ gã atso nyametsotso si nana wowɔa geɖe le Fiaɖuƒedɔa me la me.—Mateo 6:33; Dɔwɔwɔwo 20:35.

24, 25. Mɔ siwo dzi míato awɔ nyui le hamea me dometɔ aɖewo ɖe, eye nuka dzie míate ŋu aka ɖo ne míeyi dzi le dɔmenyowɔwɔ ɖem fia?

24 Migana míabu viɖe siwo doa go tso dɔmenyowɔwɔ me nu tsɛ o. Míate ŋu anɔ nɔnɔme nyui sia ɖem fia ne míekpea asi ɖe Kristo-hamea ŋu eye míewɔa nusianu si míate ŋui be nuwo nadze edzi. Nyateƒee, míewɔa nyui ne míedea Kristotɔwo ƒe kpekpewo ɣesiaɣi hekpɔa gome le wo me. Míaƒe kpekpea vava dzaa gɔ̃ hã dea dzi ƒo na hatitadeagulawo, eye míaƒe nyaŋuɖoɖo si ŋu míedzra ɖo le nyuie la tua wo ɖo le gbɔgbɔ me. Míewɔa dɔmenyo hã ne míetsɔ míaƒe nunɔamesiwo nana be woatsɔ adzra Fiaɖuƒe Akpata ɖo eye míekpea asi ɖe eŋu be míalé be nɛ nyuie. (Fiawo II, 22:3-7; Korintotɔwo II, 9:6, 7) Nyateƒee, ‘zi alesi asinukpɔkpɔ le mía si la, mina míawɔ nu nyui na amesiame, ke vevietɔ na haxɔsetɔwo.’—Galatiatɔwo 6:10.

25 Míate ŋu anya nɔnɔme siwo katã me nyuiwɔwɔ ahiã le ado ŋgɔ o. Ekema ne míedo go kuxi yeyewo la, mina míadi numekɔkɔ tso Ŋɔŋlɔawo me, ado gbe ɖa abia Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea, eye míawɔ míaƒe ŋutete ɖesiaɖe be míawɔ eƒe lɔlɔ̃nu deblibo si nyo la. (Romatɔwo 2:9, 10; 12:2) Míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa ayra mí geɖe ne míeyi edzi le nyui wɔm hele dɔme nyom.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Aleke míate ŋu awɔ nusi nye nu nyuitɔ kekeake?

• Nukatae woyɔ dɔmenyowɔwɔ be “kekeli ƒe kutsetse”?

• Nukatae woyɔ dɔmenyonyo be ‘gbɔgbɔa ƒe kutsetse’?

• Ŋusẽ kae míaƒe nɔnɔme nyuiwo kpɔna ɖe amewo dzi?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Mawu ƒe Nya la kple eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea kpena ɖe mía ŋu míeɖea nyuiwɔwɔ fiana

[Nɔnɔmetata siwo le axa 18]

Viɖe dona tsoa dɔmenyowɔwɔ me