Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Èle Amesiwo Mawu Lɔ̃ Domea?

Èle Amesiwo Mawu Lɔ̃ Domea?

Èle Amesiwo Mawu Lɔ̃ Domea?

“Amesi si nye seawo le, eye wòlé wo me ɖe asi la, ame ma enye amesi le lɔ̃yem; amesi lɔ̃am la, Fofonye alɔ̃e.”—YOHANES 14:21.

1, 2. (a) Aleke Yehowa ɖe eƒe lɔlɔ̃ na ameƒomea fiae? (b) Nukae Yesu ɖo anyi le Nisan 14, ƒe 33 M.Ŋ. ƒe fiẽ?

YEHOWA lɔ̃ eƒe nuwɔwɔ siwo nye amegbetɔwo. Le nyateƒe me, elɔ̃ ameƒomea ƒe xexeame “ale gbegbe . . . bena, wòtsɔ ye ŋutɔ ƒe Tenuvi hena, bena amesiame, si xɔa edzi sena la, mele tsɔtsrɔ̃ ge o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.” (Yohanes 3:16) Esi Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia ɖuɣi le aƒe tum la, ele be wòanɔ susu me na Kristotɔ vavãwo fifia wu tsã be Yehowa “lɔ̃ mí, eye wòdɔ Via ɖo ɖa, bena wòanye avuléle le mía nuvɔ̃wo ta.”—Yohanes I, 4:10.

2 Le Nisan 14, ƒe 33 M.Ŋ. ƒe fiẽ la, Yesu kple eƒe apostolo 12-awo ƒo ƒu ɖe dziƒoxɔ aɖe dzi le Yerusalem be yewoaɖu Ŋutitotoŋkekenyuia, aɖo ŋku Israel-viwo ƒe ɖeɖe tso Egipte dzi. (Mateo 26:17-20) Le Yudatɔwo ƒe ŋkekenyui sia ɖuɖu megbe la, Yesu na Yuda Iskariot do go eye wòɖo ŋkuɖodzi ƒe fiẽnuɖuɖu aɖe si ava nye Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzizã si Kristotɔwo aɖu la anyi. * Yesu na apostolo 11 kpɔtɔeawo ɖu abolo heno wein dzĩ si wòtsɔ wɔ eƒe ŋutilã kple ʋu ƒe kpɔɖeŋunuwoe la ɖekae. Nyanyuiŋlɔla Mateo, Marko, kple Luka, kpakple apostolo Paulo, amesi yɔ azãa be ‘Aƒetɔ la ƒe fiẽnuɖuɖu,’ gblɔ alesi wòwɔe ŋuti nyatakakawo tsitotsito.—Korintotɔwo I, 11:20; Mateo 26:26-28; Marko 14:22-25; Luka 22:19, 20.

3. Mɔ vevi kawo nue apostolo Yohanes ƒe nuŋlɔɖi tso Yesu ƒe ɣeyiɣi mamlɛ si wònɔ anyi kple eƒe nusrɔ̃lawo le dziƒoxɔa dzi ŋu la to vovo tso nuŋlɔɖi bubuawo gbɔe le?

3 Nukutɔe la, apostolo Yohanes megblɔ nya aɖeke tso abolo kple wein tsɔtsɔ tsae ŋu o, elabena, ɖewohĩ, le ɣeyiɣi si me wòŋlɔ eƒe Nyanyuia (anye le ƒe 98 M.Ŋ.) la, Kristotɔ gbãtɔwo nya nu tso alesi woɖua azã siae ŋu nyuie. (Korintotɔwo I, 11:23-26) Gake Yohanes ɖeka koe gbɔgbɔa fia mɔe wòna míenya nya vevi aɖewo siwo Yesu gblɔ do ŋgɔ na ɣeyiɣi si me wòɖo Eƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia anyi kple emegbe teti. Nyatakaka dodzidzɔname siawo xɔ Yohanes ƒe Nyanyuia ƒe ta atɔ̃ kple edzivɔwo. Woɖe amesiwo ƒomevi Mawu lɔ̃ la fia kɔte. Mina míadzro Yohanes ƒe agbalẽa ƒe ta 13 va ɖo ta 17 lia me.

Srɔ̃ Nu tso Lɔlɔ̃ ƒe Kpɔɖeŋu si Yesu Ðo Me

4. (a) Aleke Yohanes te gbe ɖe nya vevi si ɖe dzesi esime Yesu kpe kple eƒe nusrɔ̃lawo le Ŋkuɖodzia ɖoɖo anyi me la dzii? (b) Susu vevi siwo ta Yehowa lɔ̃a Yesu la dometɔ ɖekae nye ka?

4 Nya vevi si dze le kaklã nuxlɔ̃ame si Yesu na eyomedzelawo si dze le ta siawo katã mee nye lɔlɔ̃. Le nyateƒe me la, nya “lɔlɔ̃” ƒomevi vovovowo dze le afima zi 31 sɔŋ. Lɔlɔ̃ deto si nɔ Yesu me na Fofoa, Yehowa, kple na eƒe nusrɔ̃lawo megadze ƒã le teƒe bubu aɖeke wu ta siawo me o. Míate ŋu akpɔ Yesu ƒe lɔlɔ̃ na Yehowa adze sii le eƒe agbe ŋuti nuŋlɔɖi siwo le Nyanyuigbalẽawo katã me la me, gake Yohanes ɖeka koe ŋlɔ bena Yesu gblɔe tẽ be: “Melɔ̃a Fofo la.” (Yohanes 14:31) Yesu gblɔ hã be Yehowa lɔ̃ ye, eye eɖe nusitae me. Egblɔ be: “Sigbe alesi Fofo la lɔ̃am ene la, nenema ke nye hã melɔ̃a mi; minɔ nye lɔlɔ̃ la me! Ne mielé nye seawo me ɖe asi la, mianɔ nye lɔlɔ̃ la me, abe alesi nye hã melé Fofonye ƒe seawo me ɖe asi, eye menɔ eƒe lɔlɔ̃ la me ene.” (Yohanes 15:9, 10) Ẽ, Yehowa lɔ̃ Via le alesi wòɖoa toe le nusianu me ta. Kpɔɖeŋu nyui ka gbegbee nye si wònye na Yesu Kristo yomedzelawo katã!

5. Aleke Yesu ɖe lɔlɔ̃ si le eme na eƒe nusrɔ̃lawo fiae?

5 Wote gbe ɖe lɔlɔ̃ deto si nɔ Yesu me na eyomedzelawo dzi le kpekpe mamlɛa si Yesu wɔ kple apostoloawo me le Yohanes ƒe nuŋlɔɖia ƒe gɔmedzedze tututu. Yohanes gblɔ be: “Eye hafi ŋutitotoŋkekenyui la naɖo, esi Yesu nya bena, yeƒe gaƒoƒo la ɖo vɔ, bena yeadzo le xexe sia me ayi ɖe Fofoa gbɔ, esi wòlɔ̃ etɔ, siwo le xexeame la, elɔ̃ wo vaseɖe nuwuwu.” (Yohanes 13:1) Le fiẽ vevi ma si dzi woaɖo ŋkui me la, eɖo amewo subɔsubɔ lɔlɔ̃tɔe ƒe kpɔɖeŋu aɖe si womaŋlɔ be akpɔ o ɖi na wo. Eklɔ afɔ na wo. Esia nye nusi wòle be wo dometɔ ɖesiaɖe nalɔ̃ be yeawɔ na Yesu kple wo nɔviwo hafi, gake womewɔe o. Yesu wɔ dɔ tsɛ sia eye wògblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Ne nye, si nye Aƒetɔ kple nufiala la, meklɔ miaƒe afɔwo ŋuti la, ele na miawo hã be, miaklɔ mia nɔewo ƒe afɔwo ŋuti. Elabena mena kpɔɖeŋu mi, bena miawo hã miawɔ, abe alesi nye la mewɔ na mi ene.” (Yohanes 13:14, 15) Ele be nyateƒe Kristotɔwo nalɔ̃ asubɔ wo nɔviwo kple dzidzɔ.—Mateo 20:26, 27, NW ƒe etenuŋɔŋlɔ; Yohanes 13:17.

Wɔ Ðe Se Yeye la Dzi

6, 7. (a) Numeɖeɖe vevi kae Yohanes na le Ŋkuɖodzia ɖoɖo anyi ŋu? (b) Se yeye kae Yesu na eƒe nusrɔ̃lawo, eye nukae nye nu yeye le eme?

6 Yohanes ƒe nuŋlɔɖi si ku ɖe nusi yi edzi le dziƒoxɔa dzi le Nisan 14 lia dzi ŋu koe ƒo nu tso Yuda Iskariot ƒe gododo le xɔa me ŋu. (Yohanes 13:21-30) Nyanyuiawo tsɔtsɔ sɔ kple wo nɔewo ɖee fia be esi yomemɔfiala sia dzo vɔ megbee Yesu ɖo Eƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia anyi. Emegbe eƒo nu kple eƒe apostolo wɔnuteƒeawo gaƒoƒo geɖe hena kaklã nuxlɔ̃ame kple mɔfiamewo wo. Esi míele dzadzram ɖo ɖe Ŋkuɖodzia ɖuɖu ŋu la, ele be míatsɔ ɖe le nya siwo Yesu gblɔ le ŋkeke ma dzi me vevie, eye vevietɔ esi míedi le nyateƒe me be míanɔ amesiwo Mawu lɔ̃ dome ta.

7 Mɔfiame gbãtɔ si Yesu na eƒe nusrɔ̃lawo le Ŋkuɖodzia ɖoɖo anyi megbe la nye nu yeye kura. Egblɔ be: “Se yeye mena mi bena, mialɔ̃ mia nɔewo, sigbe alesi melɔ̃a mi ene, bena miawo hã mialɔ̃ mia nɔewo nenema ke. Esia me amewo katã woanyae le bena, nye nusrɔ̃lawo mienye, ne lɔlɔ̃ le mia dome.” (Yohanes 13:34, 35) Nu yeye kae le se sia me? Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe le fiẽ ma la, Yesu kɔ nyaa me be: “Esia nye nye se la bena, mialɔ̃ mia nɔewo, sigbe alesi melɔ̃a mi ene. Lɔlɔ̃ gã wu esia megale ame aɖeke si bena, wòatsɔ eƒe agbe aɖo anyi ɖe xɔlɔ̃awo ta o.” (Yohanes 15:12, 13) Mose ƒe Sea bia tso Israel-viwo si be ‘woalɔ̃ wo havi abe wo ɖokui ene.’ (Mose III, 19:18) Gake Yesu ƒe sededea yi ŋgɔ wu ema. Ele be Kristotɔwo nalɔ̃ wo nɔewo abe alesi Kristo lɔ̃ woe ene, woalɔ̃ faa atsɔ woƒe agbe ŋutɔŋutɔ aɖo anyi ɖe wo nɔviwo ta.

8. (a) Nukae ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe lɔlɔ̃ bia? (b) Aleke Yehowa Ðasefowo ɖea ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe lɔlɔ̃ fiana egbeae?

8 Ŋkuɖodziɣeyiɣia enye ɣeyiɣi nyuitɔ si me mí ame ɖekaɖekawo kple hamewo míadzro mía ɖokui me le, akpɔ be nyateƒe Kristotɔnyenye ƒe dzesi sia—si nye Kristo ƒe lɔlɔ̃—le mía ŋu hã. Ðokuitsɔtsɔsavɔ ƒe lɔlɔ̃ sia ate ŋu abia, eye wòbiana ɣeaɖewoɣi, be Kristotɔ natsɔ eƒe agbe ade afɔku me ɖe nɔviawo ta tsɔ wu be wòade wo asi. Gake nusi wòbiana zi geɖe enye be míalɔ̃ atsɔ mía ŋutɔwo ƒe nudidiwo asa vɔe ale be míate ŋu akpe ɖe mía nɔviwo kple ame bubuwo ŋu eye míasubɔ wo. Apostolo Paulo ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe le go sia me. (Korintotɔwo II, 12:15; Filipitɔwo 2:17) Wonya Yehowa Ðasefowo le xexeame godoo le ɖokuitsɔtsɔsavɔgbɔgbɔ si wotsɔ kpena ɖe wo nɔviwo kple wo haviwo ŋui kpakple alesi wotsɔa Biblia ƒe nyateƒea yina na wo haviwo kutrikukutɔe ta. *Galatiatɔwo 6:10.

Ƒomedodo Siwo Ŋu Woade Asixɔxɔe

9. Be míalé mía kple Mawu kpakple Via dome ƒomedodo xɔasia ɖe te la, nuka wɔwɔe nyea dzidzɔ na mí?

9 Naneke mate ŋu axɔ asi na mí wu be Yehowa kple Via, Yesu Kristo, nalɔ̃ mí o. Gake be míakpɔ lɔlɔ̃ sia eye míase le mía ɖokui me be wolɔ̃ mí la, ele be míawɔ nane. Le zã mamlɛ ma si me Yesu nɔ anyi kple eƒe nusrɔ̃lawo la, egblɔ be: “Amesi si nye seawo le, eye wòlé wo me ɖe asi la, ame ma enye amesi le lɔ̃yem; amesi lɔ̃am la, Fofonye alɔ̃e, eye nye hã malɔ̃e, eye maɖe nye ŋutɔ ɖokuinye afiae.” (Yohanes 14:21) Esi Mawu kple Via dome ƒomedodo xɔ asi na mí ta la, míewɔa woƒe sededewo dzi kple dzidzɔ. Se siawo dometɔ aɖewoe nye se yeye si nye be míaɖe ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe lɔlɔ̃ afia kpakple se si Kristo de le eƒe tsitretsitsi megbe be ‘míaɖe gbeƒã na amewo, eye míaɖi ɖase tsitotsito’ ahadze agbagba be ‘míawɔ’ amesiwo xɔ nyanyui la ‘nusrɔ̃lawoe.’—Dɔwɔwɔwo 10:42; Mateo 28:19, 20.

10. Ƒomedodo xɔasi kawoe ʋu ɖi na amesiaminawo kple ‘alẽ bubuawo’?

10 Emegbe le zã ma me esime Yesu nɔ nya aɖe si apostolo wɔnuteƒe Yuda (Tadeo) biae ŋu ɖom la, egblɔ be: “Ne ame aɖe le lɔ̃yem la, alé nye nya la me ɖe asi, eye Fofonye alɔ̃ eyama, eye míava egbɔ, eye míawɔ nɔƒe ɖe egbɔ.” (Yohanes 14:22, 23) Ne Kristotɔ amesiaminawo, siwo wokpe be woava ɖu fia kple Kristo le dziƒo, gakpɔtɔ le anyigba dzi gɔ̃ hã la, ƒomedodo kplikplikpli tɔxɛ aɖe nɔa woa kple Yehowa kpakple Via dome. (Yohanes 15:15; 16:27; 17:22; Hebritɔwo 3:1; Yohanes I, 3:2, 24) Gake ƒomedodo xɔasi anɔ woƒe zɔhɛ ‘alẽ bubuawo,’ siwo le mɔ kpɔm be yewoanɔ anyigba dzi tegbee kple woƒe ‘kplɔla ɖeka,’ si nye Yesu Kristo, kpakple woƒe Mawu, Yehowa, hã dome ne woyi edzi nye toɖolawo ko.—Yohanes 10:16; Psalmo 15:1-5; 25:14.

“Mienye Xexeame ƒe Akpa Aɖeke O”

11. Nuxɔxlɔ̃ dedzigbɔname kae Yesu na eƒe nusrɔ̃lawo?

11 Le kpekpe mamlɛtɔ sia si Yesu wɔ kple eƒe nusrɔ̃la wɔnuteƒewo hafi wòaku me la, ena nuxɔxlɔ̃ dedzigbɔname aɖe be: Ne ame aɖe lɔ̃ Mawu la, xexeame alé fui. Egblɔ be: “Ne xexeame lé fu mi la, minyae bena, nyee wòtre fulélee. Ðe mietso xexeame la, ne xexeame alɔ̃ ye ŋutɔ tɔ; ke esi mietso xexeame o, hafi boŋ nye la metia mi tso xexeame la, eyaŋuti xexeame le fu lém mi ɖo. Miɖo ŋku nya, si megblɔ na mi la dzi bena: Dɔla mewua eƒe aƒetɔ o. Ne woti yonyeme la, woati miawo hã yome, ne wolé nye nya me ɖe asi la, woalé miawo hã tɔ me ɖe asi.”—Yohanes 15:18-20.

12. (a) Nukatae Yesu xlɔ̃ nu eƒe nusrɔ̃lawo be xexeame alé fu wo? (b) Nuka ŋue viɖe le be mí katã míade ŋugble le esime Ŋkuɖodzia le aƒe tum?

12 Yesu na nuxɔxlɔ̃ sia bena dzi nagaɖe le apostolo 11 siawo kple nyateƒe Kristotɔ siwo katã ava ɖe wo yome la ƒo ne woana ta le xexeame ƒe fuléle ta o. Egblɔ kpee be: “Esiawo megblɔ na mi, bena woagaɖia mia nu o. Woaɖe mi le woƒe ha me, ẽ, gaƒoƒo li gbɔna bena, amesiame, si awu mi la, abu xa bena, yele subɔsubɔdɔ wɔm na Mawu. Eye woawɔ esiawo, elabena womenya Fofo la kple nye hã o.” (Yohanes 16:1-3) Biblia gɔmeɖegbalẽ aɖe ɖe nu me be dɔwɔnya si ƒomevi gɔme woɖe be ‘woaɖia ame nu’ fia be “woana ɖikeke nate ame me ɖoɖo le amesi dzi wòle be wòaka ɖo ahaɖo toe ŋu ahana wòatrɔ le eyome; wòana ame nagbugbɔ ɖe megbe.” Esi Ŋkuɖodzia ɖuɣi le aƒe tum la, ele be amesiame nade ŋugble le nuteƒewɔla siwo nɔ anyi va yi kple esiwo li fifia ƒe agbenɔnɔ ŋu, eye woasrɔ̃ woƒe tenɔnɔ sesĩe le dodokpɔ me ƒe kpɔɖeŋu. Mègaɖe mɔ yometiti alo tsitretsiɖeŋu nana nàgbugbɔ le Yehowa kple Yesu yome o, ke boŋ ɖoe kplikpaa be yeaka ɖe wo dzi ahaɖo to wo.

13. Nukae Yesu bia ɖe eyomedzelawo ta le gbe aɖe si wòdo ɖa na Fofoa me?

13 Yesu gblɔ na Fofoa le gbe si wòdo ɖa le dziƒoxɔ ma dzi tsɔ kpã kpekpeae me be: “Nye la metsɔ wò nya la na wo, eye xexeame lé fu wo, elabena wometso xexeame o, abe alesi nye hã nyemetso xexeame o ene. Nyemele biabiam be, naɖe wo tso xexeame o, ke boŋ bena, nadzra wo ɖo tso vɔ̃ɖitɔ la si me. Wometso xexeame o, abe alesi nye hã nyemetso xexeame o ene.” (Yohanes 17:14-16) Míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa léa ŋku ɖe amesiwo wòlɔ̃ la ŋu, be yeado ŋusẽ wo esime woɖe wo ɖokui ɖa le xexeame ŋu.—Yesaya 40:29-31.

Minɔ Fofo la Kple Vi la ƒe Lɔlɔ̃a Me

14, 15. (a) Nukae Yesu tsɔ eɖokui sɔ kplii, si to vovo na ‘weinti manyomanyo’ ka? (b) Amekawoe nye “weinka nyuitɔ” ƒe “alɔwo”?

14 Le dzeɖoɖo kplikplikpli si yi edzi le Yesu kple eƒe nusrɔ̃la wɔnuteƒeawo dome le Nisan 14 lia ƒe zãa me me la, etsɔ eɖokui sɔ kple “weinti vavã la,” si to vovo na Israel-vi mawɔnuteƒeawo, si nye ‘wein manyomanyo’ la. Egblɔ be: “Nyee nye weinti vavã la, eye Fofonyee nye agbledela la.” (Yohanes 15:1) Ƒe alafawo do ŋgɔ la, nyagblɔɖila Yeremya ŋlɔ Yehowa ƒe nya siawo siwo wògblɔ na eƒe ame dzeaglãawo ɖi be: “Weinka nyuitɔ . . . nènye metsɔ do, ke aleke wɔ nètrɔ zu ʋuka ƒe alɔwo nam?” (Yeremya 2:21) Eye nyagblɔɖila Hosea ŋlɔ bena: ‘Weinti manyomanyoe Israel nye. Ku si dze eŋue wòtsena. Woƒe dzi dze eve.’—Hosea 10:1, 2.

15 Le esi teƒe be Israel-dukɔa natse nyateƒe tadedeagu ƒe kuwo la, eva zu xɔsegbela hetse ku siwo dze eya ŋutɔ ŋu. Ŋkeke etɔ̃ do ŋgɔ na Yesu ƒe kpekpe mamlɛa wɔwɔ kple eƒe nusrɔ̃la wɔnuteƒeawo la, egblɔ na Yudatɔwo ƒe kplɔla alakpanuwɔlaawo be: “Mele egblɔm na mi bena: woaxɔ mawufiaɖuƒe la le mia si, eye woatsɔe ana dukɔ, si atse ku la.” (Mateo 21:43) Dukɔ yeye mae nye “Mawu ƒe Israel,” si me Kristotɔ amesiamina 144,000 le, amesiwo wotsɔ sɔ kple “weinka nyuitɔ,” Yesu Kristo, ƒe “alɔwo.”—Galatiatɔwo 6:16; Yohanes 15:5; Nyaɖeɖefia 14:1, 3.

16. Nukae Yesu xlɔ̃ nu apostolo wɔnuteƒe 11 la be woawɔ, eye nukae míate ŋu agblɔ le amesiamina susɔe nuteƒewɔlawo ŋu le nuwuɣi sia me?

16 Yesu gblɔ na apostolo 11 siwo nɔ egbɔ le dziƒoxɔa dzi be: “Alɔ sia alɔ, si le ŋutinye, eye metsena o la, elãnɛ, eye ɖesiaɖe, si tsena la, eɖea eŋu, bena wòatse geɖe awu. Minɔ menye, eye nye hã manɔ mia me. Alesi alɔ la mate ŋu atse le eɖokui si, ne menɔ weinti la ŋuti o la, nenema ke miawo hã, ne mienɔ menye o la, miele eŋute ge atse o.” (Yohanes 15:2, 4) Yehowa ƒe amewo ƒe egbegbe ŋutinya ɖee fia be Kristotɔ amesiamina susɔea nuteƒewɔlawo yi edzi nɔ Yesu Kristo, si nye Ta na wo la me. (Efesotɔwo 5:23) Wolɔ̃ wokɔ wo ŋu eye woɖe wo ŋu. (Maleaxi 3:2, 3) Tso ƒe 1919 me la, wotse Fiaɖuƒeku geɖe, gbãtɔwo nye Kristotɔ amesiamina bubuwo, eye tso ƒe 1935 me la, woƒe zɔhɛ “ameha gã” si le dzidzim ɖe edzi gbawotsyogbe la.—Nyaɖeɖefia 7:9; Yesaya 60:4, 8-11.

17, 18. (a) Yesu ƒe nya kawoe kpe ɖe amesiaminawo kple alẽ bubuawo ŋu be woayi edzi anɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃ me? (b) Aleke Ŋkuɖodzia yiyi akpe ɖe mía ŋui?

17 Nya siwo Yesu gagblɔ la yi na Kristotɔ amesiaminawo katã kple woƒe zɔhɛwo be: “Esia me wokɔ Fofonye ŋuti le, bena mietsea ku geɖe, eye miazu nye nusrɔ̃lawo. Sigbe alesi Fofo la lɔ̃am ene la, nenema ke nye hã melɔ̃a mi; minɔ nye lɔlɔ̃ la me! Ne mielé nye seawo me ɖe asi la, mianɔ nye lɔlɔ̃ la me, abe alesi nye hã melé Fofonye ƒe seawo me ɖe asi, eye menɔ eƒe lɔlɔ̃ la me ene.”—Yohanes 15:8-10.

18 Mí katã míedi be míayi edzi anɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me, eye esia ʋãa mí míenyea Kristotɔ tsekuwo. Míewɔa esia to mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe ŋudɔwɔwɔ atsɔ aɖe gbeƒã “fiaɖuƒeŋutinya nyui” lae me. (Mateo 24:14) Míewɔa míaƒe ŋutete ɖesiaɖe be míaɖe ‘gbɔgbɔ ƒe kutsetsewo’ afia le míaƒe agbenɔnɔ me hã. (Galatiatɔwo 5:22, 23) Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia ɖuƒe yiyi ado ŋusẽ tame si míeɖo kplikpaa be míawɔ esia, elabena woaɖo ŋku Mawu kple Kristo ƒe lɔlɔ̃ gãtɔ si woɖe fia mí la dzi na mí.—Korintotɔwo II, 5:14, 15.

19. Nyaxɔɖakɔla bubu ka ŋue míalé ŋku ɖo le nyati si kplɔe ɖo me?

19 Le Ŋkuɖodzia ɖoɖo anyi megbe la, Yesu do ŋugbe be ye Fofo aɖo ‘nyaxɔɖakɔla, si nye gbɔgbɔ kɔkɔea’ ɖe ye yomedzela nuteƒewɔlawo. (Yohanes 14:26) Míadzro alesi gbɔgbɔ sia kpena ɖe amesiaminawo kple alẽ bubuawo ŋu be woayi edzi anɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃ me la me le nyati si kplɔe ɖo me.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 2 Le ƒe 2002 me la, Nisan 14 lia dze egɔme le Yawoɖa, March 28, ƒe ɣeɖoto le Biblia ƒe akɔntabubu nu. Fiẽ ma la, Yehowa Ðasefowo akpe ta le xexeame godoo aɖo ŋku Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe kua dzi.

^ mm. 8 Kpɔ agbalẽ si nye Jehovah’s Witnesses—Proclaimers of God’s Kingdom, si Yehowa Ðasefowo ta ƒe ta 19 kple 32.

Numetotobiabiawo

• Amewo subɔsubɔ lɔlɔ̃tɔe ƒe kpɔɖeŋu ŋutɔŋutɔ kae Yesu wɔ na eƒe nusrɔ̃lawo?

• Nukata Ŋkuɖodzia ɖuɣi nye ɣeyiɣi nyui aɖe na ameɖokuimedzodzro?

• Nukata mele be Yesu ƒe nuxɔxlɔ̃ tso xexeame ƒe fuléle mí kple mía yome titi ŋu naɖe dzi le mía ƒo o?

• Amekae nye “wein nyuitɔ” la? Amekawoe nye ‘alɔawo,’ eye nukae wodi tso wo si?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Yesu wɔ amewo subɔsubɔ lɔlɔ̃tɔe ƒe kpɔɖeŋu aɖe si womaŋlɔ be akpɔ o na eƒe apostolowo

[Nɔnɔmetata siwo le axa 16, 17]

Kristo ƒe nusrɔ̃lawo wɔa se si wòde na wo be woaɖe ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe lɔlɔ̃ afia la dzi