Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Aleke Dzadzɛnyenye Le Vevie?

Aleke Dzadzɛnyenye Le Vevie?

Aleke Dzadzɛnyenye Le Vevie?

AME geɖe sea dzadzɛnyenye gɔme le mɔ vovovo nu. Le kpɔɖeŋu me, ne vidada gblɔ na via be wòayi aɖaklɔ asiwo kple mo la, asusui be asidede tsi me kple tsi wɔwɔ ɖe nuto sɔ gbɔ. Gake Dada nya nusi nyo wu. Agakplɔe ayi tsia gbɔ eye wòatsɔ adzalẽ kple tsi aklɔ eƒe asiwo kple mo—togbɔ be anɔ ɣli dom sesĩe hã!

Nyateƒee, dzadzɛnyenye ŋuti dzidzenu mesɔ le xexeame ƒe akpa ɖesiaɖe o, eye dzadzɛnyenye ŋuti nukpɔsusu vovovo nɔa amewo si wotsɔ tsinae. Tsã la, sukukpo siwo dzi le dzadzɛ siwo me wowɔa nuwo ɖe ɖoɖo nu le dukɔ geɖe me la kpena ɖe sukuviwo ŋu be dzadzɛnyenye ƒe nɔnɔme nyuiwo sua wo si. Egbea la, sukukpo aɖewo dzi yɔ fũ kple gbeɖuɖɔ kpakple nu gbagbãwo ale gbegbe be woɖi aɖukpo wu afisi woafe alo ade kame le. Ke sukuxɔ me ya ɖe? Darren, amesi nye aƒedzikpɔla le sukukɔkɔ aɖe le Australia gblɔ be: “Fifia míekpɔa gbeɖuɖɔ le sukuxɔwo hã me.” Sukuvi aɖewo bua nuxlɔ̃ame “Fɔe le anyigba” alo “Dzra teƒea ɖo” be enye tohehe. Kuxia enye be nufiala aɖewo tsɔa teƒe aɖe wɔwɔ wòanɔ dzadzɛ hea toe na ame.

Le go bubu me la, ame tsitsiwo meɖoa kpɔɖeŋu nyuiwo le nuwɔwɔ le dzadzɛnyenye me ɣesiaɣi le gbesiagbegbenɔnɔ me loo alo le dɔwɔƒewo o. Le kpɔɖeŋu me, wogblẽa amenɔƒe geɖe woƒoa ɖi hetɔa ŋku. Adzɔnuwɔƒe aɖewo ƒoa ɖi nutoame. Gake menye dɔwɔƒe kple asiƒleƒe ŋutɔwoe hea ɖiƒoƒoa vɛ o, ke boŋ amewoe. Togbɔ be anye ŋukeklẽ gbɔ koŋ kuxi si nye xexeame katã ƒe ɖiƒoƒo kple emetsonu gbegblẽawo tso hã la, eƒe akpa aɖe tso amewo ƒe makɔmakɔnyenye gbɔ. Dukɔwo Dome Sewɔtakpekpe si le Australia ƒe dɔdzikpɔlagã da asi ɖe nyataƒoƒo sia dzi esi wògblɔ be: “Lãmesẽ si me amewo anɔ atso alesi ame ɖekaɖekawo atsɔ ɖe le nuwɔwɔ le dzadzɛnyenye me gbɔ.”

Ke hã, ame aɖewo sena le wo ɖokui me be dzadzɛnyenye nye ame ŋutɔ ƒe nya eye meka ame bubu aɖeke o. Nenemae nyaa le ŋutɔŋutɔa?

Dzadzɛnyenye hiã ale gbegbe vevietɔ le míaƒe nuɖuɖu gome—eɖanye asimee míeƒlee le, nuɖuɖudzraƒe aɖee míeɖui le, alo xɔlɔ̃a aɖe ƒemee woɖo kplɔ̃ na mí le o. Wokpɔ mɔ be dzadzɛnyenye ƒe dzidzenu kɔkɔwo nanɔ amesiwo wɔa nuɖuɖu ŋudɔ alo dzrana nuɖuɖu siwo míeɖuna la si. Asi ƒoɖiwo—eɖanye wo tɔ alo mía tɔwoe o—ate ŋu ana míaxɔ dɔléle geɖe. Ke dɔdaƒewo—siwo nye afisi míekpɔa mɔ be nuwo nanɔ dzadzɛ le wu teƒe ɖesiaɖe ya ɖe? Agbalẽ si nye New England Journal of Medicine ka nya ta be anye ɖɔktawo kple dɔnɔdzikpɔla aɖewo ƒe asi maklɔmaklɔ tae dɔnɔ siwo yi dɔdaƒewo xɔa dɔlékui siwo dada ŋu wogblẽa ho si ɖoa dɔlar biliɔn ewo ɖo le ƒe ɖeka me. Mía tɔ dzɔ be míakpɔ mɔ be ame aɖeke matsɔ eƒe ŋunyɔnuwɔwɔ ade míaƒe lãmesẽ afɔku me o.

Eganyea ŋkubiãnya ne ame aɖe ƒo ɖi tsi si míezãna—eɖanye ɖe woɖoe koŋ loo alo le manyamanya me o. Eye ɖe menye afɔku ŋutɔ be woatsɔ afɔ ƒuƒlu azɔ le ƒuta ƒe afisi atikevɔ̃ɖizãla aɖewo alo ame bubuwo tsɔ abidonu siwo wozã la ƒu gbe ɖoe oa? Ðewohĩ biabia si ka mí wu enye be: Ðe míewɔa nu le dzadzɛnyenye me le aƒemea?

Suellen Hoy bia le eƒe agbalẽ si nye Chasing Dirt me be: “Ðe míele dzadzɛ abe alesi míenɔ tsã enea?” Eɖo eŋu be: “Ðewohĩ mele nenema o.” Egblɔ be agbenyuinɔnɔ ƒe gɔmeɖose siwo le tɔtrɔm gbɔe wòtso. Esi amewo megate ŋu nɔa aƒe me zi geɖe o ta la, ɖeko woxea fe na ame aɖe be wòadzra aƒeme ɖo na yewo. Mlɔeba la, ameɖokui gbɔ dzadzraɖo meganyea nusi amewo buna nu vevitɔ o. Ŋutsu aɖe gblɔ be: “Nyemeklɔa tsilekpɔa me o—ɖokuinyee metutuna. Ne aƒenye me ƒo ɖi hã la, nye ametia ya ŋu kɔ.”

Gake dzadzɛnyenye bia nu geɖe wu gotagome dzedzeme ko. Elɔ lãmesẽmenɔnɔ ƒe akpa sia akpa ɖe eme. Egaku ɖe míaƒe susu kple dzi ƒe nɔnɔme ŋu si lɔ míaƒe agbenyuinɔnɔ kple tadedeagu hã ɖe eme. Mina míakpɔ alesi wòle ɖa.