Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dzadzɛnyenye—Nuka Tututue Wòfia?

Dzadzɛnyenye—Nuka Tututue Wòfia?

DzadzɛnyenyeNuka Tututue Wòfia?

ŊUNYƆNU si nɔ edzi yim le Europa kple United States le ƒe alafa 18 lia kple 19 lia mee na be mawunyadɔgbedela siwo nɔ anyi ɣemaɣi ɖe gbeƒã nusi woayɔ be “dzadzɛnyenye ƒe nufiafia.” Nufiafia sia gblɔ be ŋunyɔnuwɔwɔ sɔ kple nuvɔ̃wɔwɔ, ke dzadzɛnyenye naa wotena ɖe Mawu ŋu. Ðewohĩ nusiae na wodoa lo be “Dzadzɛnyenye kple mawuvɔvɔ̃e zɔna.”

Salvation Army, si William kple Catherine Booth ɖo hã da asi ɖe nukpɔsusu sia dzi. Agbalẽ si nye Health and Medicine in the Evangeilcal Tradition, gblɔ be boblodonya gbãtɔ siwo wodona dometɔ ɖeka enye: “Adzalẽ, Detsi, kple Xɔxɔ.” Emegbe esi Louis Pasteur kple ame bubuwo va ɖo kpe kadodo si le dɔléle kple dɔlékuiwo dome dzi wòdze ƒã la, ɖeko wògade amewo dzi be woadi mɔnu siwo dzi woato akpɔ lãmesẽnyawo gbɔ wòanyo wu.

Afɔɖeɖe gbãtɔ siwo wowɔ dometɔ aɖewoe nye be woagabia tso ɖasefo aɖeke si be wòaɖuɖɔ Biblia le ʋɔnudrɔ̃ƒe o kple be woadzudzɔ tsinokplu ɖeka zazã le sukuwo alo ketekedzeƒewo. Wodze agbagba gɔ̃ hã be woatsɔ kpluwo vɛ na amesiame ɖe weinnokplu ɖeka si wozãna le sɔlemewo me teƒe. Nyateƒee, edze abe susu yeye gɔmeɖoanyila gbãtɔ siawo te ŋu kpɔ dzidzedze aɖe le nɔnɔme si nɔ amewo si ɖe dzadzɛnyenye ŋu tɔtrɔ me ene. Etrɔ amewo ƒe nɔnɔme ale gbegbe be nuŋlɔla aɖe gblɔ le emetsonua ŋu be “woku ɖe dzadzɛnyenye ŋu abe alesi lɔlɔ̃tɔwo kuna ɖe wo nɔewo ŋui ene.”

Gake edze ƒã be gota mɔ aɖe nu koe “woku ɖe dzadzɛnyenye” ŋu le ene. Eteƒe medidi hafi asitsalawo va trɔ adzalẽ si wonya xoxoxo la wòzu atsyɔ̃nu o. Boblododo si wotsɔ aɖaŋudzedze wɔ va na be nuƒlelawo xɔe se be nusiwo wotsɔ dzraa ame ɖokui ɖo siawo zazã nana be wotsɔa bubu tɔxɛ naa ezãla si ana ame bubuwo naʋã ŋui. Television dzi nukpɔkpɔwo doa nuŋububu sia ɖe ŋgɔ. Esesẽna hafi woakpɔ nudzedziname tɔwo kple tugbefia siwo woɖena fiana le boblododo wɔnawo kple fefewo me be wole aƒeme dzram ɖo, alo le xɔxɔnu kplɔm, alo le gbeɖuɖɔ fɔm le anyigba, alo le dadi kple avu siwo nɔa wo ŋu ƒe afɔdziwo lɔm.

Ame aɖewo hã li siwo susuna be dɔmededee kpɔa yewo ƒe gazazãwo gbɔ, ke aƒemedɔ alo dzadzɛnyenye dɔ bubuwo ya mehea ga vɛ o. Eye esi wònye be womekpɔa ga tso eme o la, nukatae wòle be woatsɔ ɖe le wo ɖokui gbɔ dzadzraɖo me? Nusiawo me tsonu ɖeka enye be ame aɖewo va bunɛ egbea be ameɖokui dzadzraɖo koe dzadzɛnyenye nye.

Mawu ƒe Nukpɔsusu le Dzadzɛnyenye Ŋu

Ðikeke mele eme o be agbagba siwo wodze le dzadzɛnyenye fiafia le gɔmedzedzea me na amewo ƒe nɔnɔme nyo ɖe edzi. Eye esia le eteƒe, elabena Mawu kɔkɔe si le dzadzɛ ye Yehowa nye eye egbɔe dzadzɛnyenye dzɔ tso. Efia nu mí be míanɔ kɔkɔe ahanɔ dzadzɛ le nusianu me be wòaɖe vi na mía ŋutɔwo.—Yesaya 48:17; Petro I, 1:15.

Yehowa Mawue nye kpɔɖeŋu nyuitɔ kekeake ɖola le go sia me. Dzadzɛnyenye kple nɔnɔme bubu siwo womekpɔna o la dzena kɔte le Mawu ƒe nuwɔwɔ siwo wokpɔna me. (Romatɔwo 1:20) Míekpɔnɛ be eƒe nuwɔwɔwo ŋutɔ mehea ɖiƒoƒo si nɔa anyi ɖaa vɛ o. Anyigba la kple alesi eme nuwo trɔna ŋutɔ nye ɖikplɔmɔnu wɔnuku aɖe le eɖokui si, eye wowɔe be woanɔ eme le dzadzɛnyenye kple lãmesẽ me. Aɖaŋuwɔla si lɔ̃a dzadzɛnyenye ɖeka kolia ko gbɔe nusi wɔa dɔ alea la ate ŋu atso. Eyata esia ate ŋu ana míaƒo nya ta be ele be Mawu subɔlawo nanɔ dzadzɛ le woƒe agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa.

Dzadzɛnyenye ƒe Akpa Eneawo

Biblia la fia asi dzadzɛnyenye ƒe akpa ene siwo gbɔ wòle be Mawu subɔlawo nadze agbagba aɖo. Na míale ŋku wo ŋu ɖekaɖeka.

Gbɔgbɔme. Woate ŋu abu dzadzɛnyenye sia be enye vevitɔ wu ɖesiaɖe, elabena elɔ ame ƒe agbe mavɔ si wòava nɔ le etsɔme la ɖe eme. Gake zi geɖe la, esiae nye dzadzɛnyenye ƒe akpa si dzi woŋea aɖaba ƒuna wu. Ne míagblɔe kpuie ko la, gbɔgbɔmedzadzɛnyenye me nɔnɔ fia be woagagbɔ se si Mawu de ku ɖe nyateƒe subɔsubɔ kple alakpa subɔsubɔ ŋu o, elabena Mawu bua alakpasubɔsubɔ ɖesiaɖe be enye nu makɔmakɔ. Apostolo Paulo ŋlɔ be: “Mido go le wo dome, eye miɖe mia ɖokui ɖa, Aƒetɔ la gblɔe, eye migaka asi nu makɔmakɔ ŋuti o, eye nye la maxɔ mi.” (Korintotɔwo II, 6:17) Nusrɔ̃la Yakobo hã gblɔ eƒe nya eme kɔ le go sia me be: “Mawusubɔsubɔ, si ŋuti kɔ, eye ɖiƒoƒo aɖeke mele eŋu le Mawu Fofo la ŋku me o la, enye si bene . . . woadzra ame ɖokui ɖo ɖi maƒomaƒoe tso xexeame.”—Yakobo 1:27.

Mawu gblɔ alesi wòléa fu alakpasubɔsubɔ tsɔtsɔ tsaka eƒe nyateƒesubɔsubɔ eme kɔ kɔte. Zi geɖe la, alakpasubɔsubɔ lɔa kɔnu makɔmakɔwo kple legba kple mawuwo subɔsubɔ nyɔŋu ɖe eme. (Yeremya 32:35) Eyata woxlɔ̃ nu nyateƒe Kristotɔwo be woagaƒo wo ɖokuiwo ɖe tadedeagu makɔmakɔwo me o.—Korintotɔwo I, 10:20, 21; Nyaɖeɖefia 18:4.

Agbenyuinɔnɔ. Mawu gade vovototo nusi le kɔkɔe kple nusi mele kɔkɔe o dome eme kɔ. Ne míagblɔe gbadzaa la, xexeame va le abe alesi woɖɔe le Efesotɔwo 4:17-19 ene be: “Amesiwo ƒe nyasã do viviti, eye wonye amedzrowo le Mawu ƒe agbe la gome le numanyamanya, si le wo me la ŋuti . . ., amesiwo, esi woƒe dzitsinya ku atri la, wotsɔ wo ɖokui na hadzedze, bene woanɔ makɔmakɔnyenye katã dzi le ŋukeklẽ me.” Agbe gbegblẽ ƒe nukpɔsusu sia dzena le mɔ geɖe nu, le esiwo dzena gaglã kple esiwo menya kpɔna dzea si bɔbɔe o me, eyata ele na Kristotɔwo be woanɔ ŋudzɔ.

Amesiwo lɔ̃a Mawu nyae be gbolowɔwɔ, amesiwo si vidzinu ɖeka le ƒe wo nɔewo gbɔ dɔdɔ, gbɔdɔdɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe, kple gbɔdɔdɔ ƒe nuwɔnawo ɖeɖefia katã nye dada le Yehowa ƒe agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenuwo dzi. Gake nuwɔna siawo bɔ ɖe modzakaɖeɖe kple xexeame ƒe nuwɔnawo me. Eyata ele be Kristotɔwo nanɔ ŋudzɔ ɖe nɔnɔme mawo ŋu. Awu kpui siwo nana ame ƒe ŋutinuwo dzena dodo va Kristotɔwo ƒe kpekpe alo hadomekpekpewo hea susu yia ŋutinuwo dzi madzemadzee eye wòɖena amea ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ le go sia me fiana. Tsɔ kpe ɖe xexeame ƒe nukpɔsusu gbegblẽ si wòahe va Kristotɔwo ƒe hadede me ŋu megbe la, awudodo alea ate ŋu aƒã tamebubu makɔmakɔ ɖe ame bubuwo me. Nusiawo mee wòle na Kristotɔwo be woadze agbagba aɖe “nunya, si tso dziƒo” afia le.—Yakobo 3:17.

Susume. Mele be ame ƒe susu ƒe gogloeƒe nanye tamesusu makɔmakɔ dzraɖoƒe o. Yesu xlɔ̃ nu ku ɖe nu makɔmakɔ ŋu bubu ŋu esi wògblɔ be: “Amesiame, si ke kpɔ nyɔnu aɖe wòdzroe la, ewɔ ahasi kplii xoxo le eƒe dzi me.” (Mateo 5:28; Marko 7:20-23) Nya sia sɔ ŋutɔŋutɔ na amamaɖeɖe fotowo kple sinimawo kpɔkpɔ, gbɔdɔdɔnuwɔna ŋu nya xexlẽ, kple toɖoɖo ha me nya siwo nyɔa gbɔdɔdɔ ɖe ame me siaa ŋu. Eyata ele na Kristotɔwo be woaƒo asa na ɖiƒoƒo wo ɖokui kple tamesusu makɔmakɔ siwo ana be míagblɔ nya alo awɔ nu madzemadzewo kple nu makɔmakɔwo.—Mateo 12:34; 15:18.

Ŋutilãme. Wotsɔa kɔkɔenyenye kple ŋutilãmedzadzɛnyenye sɔna kple wo nɔewo le Biblia me. Le kpɔɖeŋu me, Paulo ŋlɔ be: “Lɔlɔ̃tɔwo, mina míakɔ mía ɖokui ŋuti tso ŋutilã kple gbɔgbɔ ƒe ɖiƒoƒo sia ɖiƒoƒo me, bena míawu kɔkɔenyenye nu le mawuvɔvɔ̃ me.” (Korintotɔwo II, 7:1) Eyata ele be nyateƒe Kristotɔwo nado vevie be woadzra woƒe ametia, woƒe aƒeme, kple wo ɖokui gbɔ ɖo wòanɔ dzadzɛ ahanɔ kɔkɔe, le alesi nɔnɔmeawo aɖe mɔ na woe nu. Le afisiwo tsi siwo woatsɔ anyã nu alo tsi si woale vena le kura gɔ̃ hã la, ele be Kristotɔwo nawɔ wo tɔ sinua alesi woate ŋui be wo ŋu nakɔ anya kpɔ.

Ŋutilãmedzadzɛnyenye me nɔnɔ bia hã be woaƒo asa na atama zazã le mɔ ɖesiaɖe nu, ahasesẽ nono fũ, kple atikevɔ̃ɖi ɖesiaɖe zazã, si ƒoa ɖi ŋutilãa hegblẽa nu le ame ŋu. Alẽkplɔla si ŋu nya wogblɔ le Hawo ƒe Ha me la kpɔ dzidzɔ ɖe Sulamit-nyɔnuvia ƒe avɔ siwo nɔ ʋeʋẽm lilili la ŋu. (Hawo ƒe Ha 4:11) Beléle na ametia nye nu nyui si wòle be míawɔ, esi míadi be míagaɖe ya ʋeʋẽ si ana mía gbɔ nɔnɔ nasesẽ na amesiwo te ɖe mía ŋu la o ta. Amiʋeʋĩwo zazã anyo, gake mele be woaxɔ ɖe tsilele edziedzi kple awu dzadzɛwo dodo teƒe o.

Nukpɔsusu si Da Sɔ ƒe Amesinɔnɔ

Amewo te ŋu wɔa nu wògbɔa eme le beléle na ameɖokui gome. Gake dzitsitsi fũ ɖe dzadzɛnyenye ŋu ate ŋu ana dzidzɔkpɔkpɔ nabu ɖe mí le agbe me. Ate ŋu axɔ míaƒe ɣeyiɣi veviwo gɔ̃ hã. Le go bubu me hã la, gbeɖuɖɔ kple aƒe si womeléa be na nyuie o ate ŋu ana woagblẽ ga geɖe. Go eve siawo mee wòle be míada asɔ le ku ɖe alesi míeléa be na míaƒe aƒewo me ŋu be wòanɔ dzadzɛ anya kpɔ.

Na nuwo nanɔ kpokploe. Aƒe alo xɔ siwo me nuwo sɔ gbɔ ɖo fũ dzadzraɖo sesẽna, eye womate ŋu akpɔ ɖi si anɔ wo me la bɔbɔe o. Ɣeyiɣi ʋɛ aɖe koe xɔ siwo me nuwo mesɔ gbɔ ɖo fũ o dzadzraɖo xɔna. Wokafu agbe tsɛ nɔnɔ na mí vevie le Biblia be: “Ne nunyiame kple avɔtata le mía si la, mina nusiawo nasɔ gbɔ na mí.”—Timoteo I, 6:8.

Na woanɔ ɖoɖo nu. Aƒe si le dzadzɛ ƒe agba le emenɔla dzi. Zi geɖe la, xɔme ƒoɖiwoe va zua aƒe ƒoɖiwo. Nuwo ƒe ɖoɖonunɔnɔ fia be nusianu nanɔ eteƒe pɛpɛpɛ. Le kpɔɖeŋu me, mele be woada nudodo ƒoɖiwo ɖe xɔdɔme me o. Eye esi gale vevie wu enye be fefenu kple dɔwɔnu siwo wokaka ɖi ate ŋu ade abi ame ŋu. Afɔku siwo dzɔna le aƒeme dometɔ geɖe tsoa numawɔmawɔ ɖe ɖoɖo nu gbɔ.

Eme kɔ ƒã be dzadzɛnyenye kple Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ zɔna aduadu. Nyagblɔɖila Yesaya gblɔ ku ɖe agbenɔnɔ ɖe mawuvɔvɔ̃ nu be enye “Mɔ tata Kɔkɔe.” Eye wògblɔ nya si na wobua tame kpee be “ame makɔmakɔ aɖeke mato edzi o.” (Yesaya 35:8) Ẽ, dzadzɛnyenye ƒe nɔnɔme nyuiwo tutuɖo fifia ɖoa kpe míaƒe Mawu ƒe ŋugbedodo dzixɔsea dzi vevie be ahe paradiso si le dzadzɛ ava anyigba dzi kpuie. Ɣemaɣi la, amesiwo katã anɔ anyigba dzeani ma ƒe afisiafi la akafu Yehowa Mawu to wɔwɔ ɖe eƒe dzidzenu kɔkɔ deblibo siwo ku ɖe dzadzɛnyenye ŋu dzi bliboe.—Nyaɖeɖefia 7:9.

[Nɔnɔmetata si le axa 6]

Aƒe si le dzadzɛ nyea emenɔlawo katã ƒe agbanɔamedzi

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Anyigba la ŋutɔ trɔa asi le eme ɖinuwo ŋu le nukumɔ nu