Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Woawo Hã ƒe Nunya Li

Woawo Hã ƒe Nunya Li

Woawo Hã ƒe Nunya Li

NIGERIATƆWO ƒe lododo aɖe gblɔ be: “Nunya le ame tsitsiwo si, gake ɖeviwo hã ƒe nunya li.” Edwin, si nye Kristotɔ hamemegã le Nigeria, kpɔe be esia nye nyateƒe.

Gbeɖeka la, Edwin kpɔ gaɖaka aɖe le eƒe kplɔ̃ te le aƒeme.

Edwin bia via etɔ̃awo be: “Ameka tɔe?”

Emmanuel, si xɔ ƒe enyi la ɖo eŋu be: “Tɔnyee.” Egblɔ kpee enumake be Yehowa Ðasefowo ƒe xexeame katã ƒe dɔ ŋuti nudzɔdzɔwo tae gaɖaka sue si lé ɣebia si tame woŋɔ la li ɖo. Eɖe eme be, “Esi menye ŋkeke ɖesiaɖee meyia Fiaɖuƒe Akpata me o ta la, meɖoe be mawɔ aɖaka aɖe ale be ɣesiaɣi si nyemeƒle numeɖenu o la, matsɔ gaa ade aɖakaa me.”

Aɖaka aɖe nɔ Emmanuel fofo si le aƒeme si me wòdzraa ga ɖo ɖe ƒe sia ƒe nutome gã takpekpewo ŋu. Gake le nu kpata aɖe si dzɔ le ƒomea me ta, wozã ga si wòdzra ɖo ɖe eme la. Be Emmanuel nakpɔ egbɔ be womezã yeƒe nudzɔdzɔwo ɖe tameɖoɖo bubu aɖeke ta o la, etsɔ ganugoea yi na nutrela aɖe be wòatre enu na ye. Esi nutrelaa se taɖodzinu si ta Emmanuel tsɔ ganugoea vɛ ɖo la, etsɔ gagbadze aɖe wɔ gaɖaka bubu nɛ. Michael, si nye Emmanuel nɔviŋutsu si xɔ ƒe atɔ̃, hã bia be woawɔ aɖaka na ye.

Esi nusi ɖeviawo wɔ la wɔ nuku na Edwin ta la, ebia susu si koŋ ta wowɔ aɖakawo ɖo. Michael ɖo eŋu be: “Medi be madzɔ nu!”

Le wo dzilawo ƒe manyamanya me la, Emmanuel, Michael, kple Uchei, si nye wo nɔvinyɔnu si xɔ ƒe asieke, nɔa ŋdɔnuɖuga ƒe akpa aɖe dzram ɖo ɖe aɖakaawo me. Afikae wokpɔ susua tsoe? Esi ɖeviawo tsi ate ŋu alé ga ɖe asi ko la, wo dzilawo fia wo be woanɔ nu dem nudzɔɖaka me le Fiaɖuƒe Akpata me. Edze ƒã be ɖeviawo tsɔ nusia wɔ dɔe.

Esi aɖakawo yɔ la, woʋu wo. Ga si wokpɔ le wo me la ƒe ƒuƒoƒo enye United States dɔlar 3.13—ga sia mele sue kura le dukɔ si me dɔlar alafa ʋɛ aɖewo koe wokpɔna le ƒe bliboa me le mama dedie nu la o. Lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔ siawo tɔgbee wotsɔ doa alɔ gbeƒãɖeɖedɔ si wɔm Yehowa Ðasefowo le fifia le dukɔ 235 me le xexeame katã.