Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Fia Dzidodo Kple Kutrikuku Mí

Yehowa Fia Dzidodo Kple Kutrikuku Mí

Agbemeŋutinya

Yehowa Fia Dzidodo Kple Kutrikuku Mí

ABE ALESI ARISTOTELIS APOSTOLIDIS GBLƆE ENE

Pyatigorsk nye Russia-du xɔŋkɔ aɖe le eƒe kpetometsi kple yame ƒe nɔnɔme nyuia ta, si le Caucasus-towo gɔme togbɛwo ƒe dziehe gome. Afisiae sitsoƒedila siwo tso Greece la dzim ɖo le ƒe 1929 me. Le ƒe ewo megbe la, le Stalintɔwo ƒe anyrawɔwɔ, ŋɔdzidoname, kple ameƒomevi aɖewo tsɔtsrɔ̃ megbe la, míegava zu sitsoƒedilawo ake, elabena eva hiã be míaʋu ayi Greece.

ESI míeʋu yi Piraiévs, Greece, megbe la, gɔmesese bubu kura va nɔ nya “sitsoƒedilawo” ŋu na mí. Míese le mía ɖokui me be míenye amedzrowo kura. Togbɔ be Socrates kple Aristotle, siwo nye Hela xexemenunyala xɔŋkɔwo ƒe ŋkɔwoe nɔ mía si hã la, ƒã hafi woyɔa ŋkɔ siawo na mí. Amesiame yɔa mí be Russia-viwo.

Le Xexemeʋa II ƒe dzɔdzɔ megbe kpuie la, danye si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o la ku. Ewɔa akpa vevi aɖe le míaƒe ƒomea me, eye eƒe kua gblẽ nu le mía ŋu ale gbegbe. Esi wòzu dɔnɔ ɣeyiɣi aɖe hafi va ku ta la, efia aƒemedɔ geɖe wɔwɔm. Hehe sia va ɖe vi geɖe nam le agbe me emegbe.

Aʋawɔwɔ Kple Ðokuisinɔnɔ Xɔxɔ

Aʋa si nɔ edzi yim, Nazitɔwo ƒe ŋusẽkpɔkpɔ la, kple Dukɔ Wɔɖekawo ƒe Asrafowo ƒe bɔmbwo dada madzudzɔmadzudzɔe na ŋkeke ɖesiaɖe dze abe mamlɛtɔ ene. Hiãkame, dɔwuame, kple ku bɔ ŋutɔ. Tso esime mexɔ ƒe 11 ko la, eva hiã be mawɔ dɔ sesĩe akpe ɖe fofonye ŋu wòatsɔ akpɔ mí ame etɔ̃a dzii. Helagbe si nyemese tututu o, kpakple aʋaa kple nusiwo va dzɔ emegbe la gblẽ nu le nye sukudede ŋu.

Greece va xɔ ɖokuisinɔnɔ tso Germanytɔwo si le October 1944 me. Le esia megbe kpuie la, medo go Yehowa Ðasefowo. Le dziɖeleameƒo kple nɔnɔme wɔnublanui si nɔ anyi ɣemaɣi ta la, etsɔme dodzidzɔname le Mawu ƒe Fiaɖuƒea te ƒe mɔkpɔkpɔ si le Biblia me la dzɔ dzi nam ŋutɔ. (Psalmo 37:29) Agbe mavɔ si míanɔ le ŋutifafa me le anyigba dzi afisia ƒe ŋugbe si Mawu do la nye atike vavã na nye abiwo. (Yesaya 9:6) Le ƒe 1946 me la, mía kple fofonye míexɔ nyɔnyrɔ tsɔ wɔ adzɔgbe si míeɖe na Yehowa la ƒe kpɔɖeŋui.

Le ƒe si kplɔe ɖo me la, dzi dzɔm esime wode dɔ gbãtɔ asi nam be manye gbeƒãɖenuwo dzikpɔla (si wova yɔ emegbe be magazine dzikpɔla) le hame evelia si woɖo le Piraiévs me. Míaƒe anyigbamama keke tso Piraiévs yi Eleusis, si ƒe didime anye kilometa 50. Ɣemaɣi la, Kristotɔ siwo wotsɔ gbɔgbɔ si ami na geɖe nɔ hamea me. Mɔnukpɔkpɔ su asinye mewɔ dɔ kpli wo hesrɔ̃ nu tso wo gbɔ. Mekpɔ dzidzɔ le hadede kpli wo me elabena nuteƒekpɔkpɔ geɖe le wo si wogblɔna ku ɖe kutrikuku si wòbia hafi woate ŋu awɔ gbeƒãɖeɖedɔa ŋu. Eɖe dzesi le woƒe agbenɔnɔ me kɔte be Yehowa subɔsubɔ nuteƒewɔwɔtɔe bia dzigbɔɖi kple kutrikuku geɖe. (Dɔwɔwɔwo 14:22) Aleke dzi dzɔam enye si be Yehowa Ðasefowo ƒe hame 50 kple edzivɔwoe le nuto sia me egbea!

Kuxi aɖe si Nyemenɔ Mɔ Kpɔm Na O

Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, meva dze si ɖetugbi Kristotɔ dzetugbe veviedonula aɖe si ŋkɔe nye Eleni le du si nye Patras me. Míedo ŋugbe na mía nɔewo le ƒe 1952 ƒe nuwuwu me lɔƒo. Gake le ɣleti ʋɛ aɖewo megbe la, Eleni dze dɔ vevie. Ðɔktawo kpɔe be nu te ahɔhɔ̃ me nɛ, eye enu sẽ ŋutɔ. Ele be woawɔ dɔ nɛ enumake. Le agbagbadzedze geɖe megbe la, míete ŋu ke ɖe ɖɔkta aɖe ŋu le Athens, amesi—togbɔ be mɔ̃wo menɔ anyi ɣemaɣi o hã—lɔ̃ be yeawɔ ɖe míaƒe subɔsubɔdzixɔsewo dzi ahawɔ dɔa ʋumadomado nɛ. (Mose III, 17:10-14; Dɔwɔwɔwo 15:28, 29) Le dɔa wɔwɔ nɛ megbe la, mɔkpɔkpɔ nɔ ɖɔktaawo si be nye ŋugbetɔa ate ŋu ahaya, gake wonya hã be dɔa agate ŋu aho ake.

Nuka wɔgee mala le nɔnɔme sia me? Le alesi nɔnɔmeawo va trɔe ta la, ɖe mate fli ɖe ŋugbedodoa me ko avoa? Ao! Esi wònye ŋugbee medo ta la, medi be nye ẽ nanye ẽ. (Mateo 5:37) Nyemebui be matrɔ tame ɣeaɖekeɣi kpɔ o. Eleni nɔvinyɔnu tsitsitɔ kpɔ edzi eye eƒe lãme va ka ɖe eme vie, ale be míeɖe srɔ̃ le December 1954 me.

Le ƒe etɔ̃ megbe la, Eleni ƒe dɔa gaho ake, eye wòle be ɖɔkta ma ke nagawɔ dɔ nɛ. Le ɣeyiɣi sia me la, ewɔ dɔ le susua ŋu wòde to ŋutɔ be wòaɖe nutetea ɖa keŋkeŋ. Esia wɔe be srɔ̃nyea tu afã kple afã, eye wògblẽ nu le eƒe nuƒoƒo ŋu vevie. Kuxi sesẽ yeyewo kurae dze ŋgɔ mí ame evea siaa fifia. Dɔ bɔbɔetɔ kekeake gɔ̃ hã wɔwɔ va zu agba gã aɖe na srɔ̃nye lɔlɔ̃a. Eƒe lãme si nɔ gbegblẽm ɖe edzi la na wòva hiã be míawɔ tɔtrɔ gãwo le míaƒe gbesiagbegbenɔnɔ me. Gawu la, ebia dzidodo kple kutrikuku geɖe ŋutɔ.

Ɣeyiɣi sia mee hehe si mexɔ tso danye gbɔ la va ɖe vi ŋutɔ le. Ŋdi ɖesiaɖe la, metrɔa asi le nuɖanuwo ŋu dana ɖi, eye Eleni ɖaa wo. Zi geɖe la, míekpea amedzrowo, siwo dometɔ aɖewo nyea ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawo, míaƒe Biblia-nusrɔ̃viwo, kple hati Kristotɔ siwo hiã tu le hamea me. Wo katã lɔ̃na ɖe edzi be nuɖuɖu siawo vivina ŋutɔ! Mía kple Eleni míewɔa aƒemedɔ bubuwo hã ɖekae, ale be míaƒe aƒeme nɔa kɔkɔe henɔa dzadzɛ. Aleae nɔnɔme sesẽ sia nɔ le ƒe 30 siwo kplɔe ɖo me.

Dzo Nɔ Eme Togbɔ be Eƒe Lãme Gblẽ Hã

Enye nusi wɔ dɔ ɖe mía kple ame bubuwo dzi be míakpɔ be naneke mete ŋu ɖe srɔ̃nye ƒe lɔlɔ̃ na Yehowa kple dzo si le me ɖe eƒe subɔsubɔdɔa ŋu dzi kpɔtɔ o. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Eleni dzea agbagba gblɔa nya ʋɛ aɖewo. Edina be yeatsɔ Biblia me nyanyuia na amewo le ablɔ dzi. Ne meyina dɔme la, mekplɔnɛ ɖe ŋuti eye medaa ʋua ɖe afɔtoƒe aɖe si ame geɖe tona. Eʋua ʋua ƒe fesre eye wòyɔa amesiwo va le yiyim la be woava xɔ Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! ƒe tatawo. Ɣeaɖeɣi la, ena tata 80 le gaƒoƒo eve me. Zi geɖe la, enaa magazine xoxo siwo tsi hamea me la katã. Eleni kpɔ gome le gbeƒãɖeɖe ƒe mɔnu bubuwo hã me.

Le ƒe siwo katã me srɔ̃nye ƒe lãme gblẽ la, enɔa ŋunye ɣesiaɣi le kpekpeawo me. Esime wòhiã be míazɔ mɔ ayi duta le Yehowa Ðasefowo yometiti le Greece ta gɔ̃ hã me la, nutome gã alo nutome sue takpekpe aɖeke meto eŋu o. Togbɔ be ŋusẽ menɔ eŋu o hã la, ede takpekpewo le Austria, Germany, Cyprus, kple dukɔ bubuwo me dzidzɔtɔe. Togbɔ be Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa me gbanɔamedziwo dzi ɖe edzi eye wòwɔnɛ be nuwo trɔna na Eleni ɣeaɖewoɣi hã la, meto nyatoƒoe alo bia beléle tɔxɛ gbeɖe o.

Le gonyeme la, dzidodo kple kutrikuku ɣeyiɣi didi nye nusi mesrɔ̃ tso nɔnɔme sia me. Mekpɔe zi geɖe be Yehowa nɔ asi dem eme nam. Nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo tsɔ nu geɖe sa vɔe ale be wokpe ɖe mía ŋu le mɔ sia mɔ si woate ŋui nu, eye ɖɔktawo hã kpe ɖe mía ŋu dɔmenyotɔe. Le ƒe sesẽ mawo katã me la, ŋutilãme nuhiahiã veviwo mebɔ mí o, togbɔ be míaƒe nɔnɔme sesẽa wɔe be nyemate ŋu awɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe ŋutilãmedɔ o hã. Míetsɔ Yehowa ƒe nuwo kple esubɔsubɔ ɖo ŋgɔ na nuwo katã.—Mateo 6:33.

Ame geɖe bia be nukae lé mí ɖe te le ɣeyiɣi sesẽ mawo me hã. Esi metrɔ kpɔ megbe fifia la, mede dzesii be ɖokuisi Biblia nusɔsrɔ̃, gbedodoɖa na Mawu tso dzime, Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede edziedzi, kple gomekpɔkpɔ le gbeƒãɖeɖedɔa me dzonɔamemetɔe ye na míete ŋu do dzi heku kutri nenema. Míeɖoa ŋku dzideƒonamenya siwo le Psalmo 37:3-5 dzi ɣesiaɣi be: “Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu, eye nawɔ nyui! . . . Yehowa ƒe nu nenyo ŋuwò . . . Tsɔ wò mɔwo gblẽ ɖe Yehowa dzi, eye naɖo ŋu ɖe eŋu, ekema awɔe ade goe.” Mawunyakpukpui bubu si le vevie na mí enye Psalmo 55:23, si gblɔ be: “Tsɔ wò nyawo dro ɖe Yehowa dzi, eyae akpɔ tawò.” Menye ɖeko míetsɔ míaƒe nyawo dro ɖe Yehowa dzi ko o, ke boŋ míegblẽe ɖe esi me abe alesi vi si ka ɖe fofoa dzi wɔna ene.—Yakobo 1:6.

Esi srɔ̃nye nɔ gbeƒã ɖem le míaƒe aƒea ŋgɔ le April 12, 1987 dzi la, ʋɔtru kpekpe aɖe si wotsɔ gakpo wɔe nyẽ tso emegbe sesĩe va ƒoe xlã ɖe anyi ɖe afɔtoƒea, eye wòxɔ abi vevie. Esia na wòyi ɖime ƒe etɔ̃ sɔŋ. Eku le ƒe 1990 ƒe gɔmedzedze.

Yehowa Subɔsubɔ Kple Nye Ŋutete Ðesiaɖe

Le ƒe 1960 me la, woɖom hame ƒe zimenɔlae le Nikaia, Piraiévs. Tso ɣemaɣi la, mɔnukpɔkpɔ su asinye be mesubɔ le hame bubu geɖewo me le Piraiévs. Togbɔ be nyemedzi vi o hã la, dzi dzɔam be mekpe ɖe gbɔgbɔmevi geɖewo ŋu woli ke le nyateƒea me. Wo dometɔ aɖewo zu hamemegãwo, subɔsubɔdɔwɔlawo, subɔla mɔɖelawo, kple Betel-ƒomea me tɔwo fifia.

Le demokrasi gbugbɔgaɖoanyi le Greece le ƒe 1975 me megbe la, Yehowa Ðasefowo te ŋu wɔa woƒe takpekpewo faa, eye mehiã be woaganɔ bebem ɖe atiwo me azɔ o. Nuteƒekpɔkpɔ si su mía dometɔ aɖewo si le ɖoɖo wɔwɔ ɖe takpekpewo ŋu le duta la va ɖe vi ŋutɔ. Eyata enye dzidzɔ nam be mɔnukpɔkpɔ su asinye menɔ takpekpekɔmiti vovovowo me ƒe geɖe.

Emegbe, le ƒe 1979 me la, wowɔ ɖoɖo be woatu Takpexɔ gbãtɔ le Greece, afisi te ɖe Athens ŋu. Wode dɔ asi nam be makpe asi ɖe xɔtudɔ gã sia ŋuti ɖoɖowɔwɔwo ŋu. Dɔ sia hã bia dzidodo kple kutrikuku geɖe. Dɔwɔwɔ kple nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu alafa geɖe siwo tsɔ wo ɖokui na faa hena ƒe etɔ̃ sɔŋ la na lɔlɔ̃ kple ɖekawɔwɔ sẽŋu aɖe ɖo mía dome. Xɔtudɔ sia me nudzɔdzɔ dodzidzɔnamewo tsi dzime nam ɖikaa.

Gamenɔlawo ƒe Gbɔgbɔmenuhiahiãwo Gbɔ Kpɔkpɔ

Le ƒe ʋɛ aɖewo megbe la, mɔnukpɔkpɔ ƒe ʋɔtru yeye aɖe ʋu nam. Gaxɔ gãtɔ kekeake siwo le Greece la dometɔ ɖeka gogo nye hamea ƒe anyigbamama, le Korydallos. Tso April 1991 me la, wotiam be manye Yehowa Ðasefowo ƒe subɔla si anɔ gaxɔ sia me nɔlawo srãm kpɔ kwasiɖa ɖesiaɖe. Woɖea mɔ nam mewɔa Biblia-nusɔsrɔ̃ kple Kristotɔwo ƒe kpekpewo kple gamenɔla siwo tsɔ ɖe le eme. Wo dometɔ geɖe wɔ tɔtrɔ gãwo, si ɖe Mawu ƒe Nya ƒe ŋusẽ gã la fia. (Hebritɔwo 4:12) Esia wɔ dɔ ɖe gaxɔdzikpɔlawo kple gamenɔla bubuwo siaa dzi. Woɖe asi le gamenɔla siwo mesrɔ̃ Biblia kplii la dometɔ aɖewo ŋu eye wonye nyanyui gbeƒãɖelawo fifia.

Le ɣeyiɣi aɖe me la, mesrɔ̃ nu kple atikevɔ̃ɖi dzrala sẽto etɔ̃. Esi wowɔ gbɔgbɔmeŋgɔyiyi la, woƒlɔ ge, vu ɖa nyuie, eye wodo dziwui heblaa kɔla ɖe edzi hafi va nua srɔ̃ƒe le August me—si nye ɣleti xɔdzowo dometɔ ɖeka le Greece! Gaxɔa dzikpɔlagã, gamenɔlawo dzikpɔlagã, kple dɔwɔla aɖewo do tso woƒe ɔfisiwo va kpɔ nudzɔdzɔ sia. Ewɔ nuku na wo ale gbegbe!

Nuteƒekpɔkpɔ dedziƒoname bubu aɖe dzɔ le gaxɔa ƒe akpa si nyɔnuwo le me. Wodze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme kple nyɔnu aɖe si wode mɔ hena eƒe agbenɔƒewo katã ɖe amewuwu ta. Wonyae le eƒe aglãdzenuwɔnawo ta. Gake eteƒe medidi o Biblia ƒe nyateƒe si srɔ̃m wòle na wòwɔ tɔtrɔ ɖedzesiwo ale be ame geɖe gblɔ be ele abe dzata si le tɔtrɔm zu alẽvi ene! (Yesaya 11:6, 7) Eteƒe medidi o gaxɔa dzikpɔlagã dea bubu eŋu hekana ɖe edzi. Enye dzidzɔ nam be ewɔ gbɔgbɔmeŋgɔyiyi nyuiwo heɖe adzɔgbe na Yehowa.

Kpekpeɖeŋunana Dɔnɔwo Kple Ame Tsitsiwo

Srɔ̃nye ƒe kametete kple dɔléle ƒe geɖe la teƒekpɔkpɔ na metsia dzi ɖe dɔnɔwo kple ame tsitsi siwo le mía dome la ƒe hiahiãwo ŋu ŋutɔ. Ɣesiaɣi si nyatiwo adze le míaƒe agbalẽwo me ade dzi ƒo be míakpe ɖe amesiawo ŋu lɔlɔ̃tɔe la, ewɔwɔ dzroam vevie. Meƒoa nyati sia nu ƒu dzrana ɖo. Le ƒe aɖewo megbe la, esiwo nu meƒo ƒu la sɔ gbɔ wu axa alafa ɖeka—tso nyati si nye “Ðetsɔtsɔ le Ame Tsitsiwo Kple Amesiwo le Fu Kpem Me,” si le July 15, 1962, ƒe Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ ƒe tata dzi. Nyati siawo dometɔ geɖe fia be viɖe le eme be hame ɖesiaɖe nawɔ ɖoɖo ɖe kpekpeɖeŋunana dɔnɔwo kple ame tsitsiwo ŋu.—Yohanes I, 3:17, 18.

Hamemegãwo ɖo nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo tsɔ wo ɖokui na be yewoakpɔ dɔnɔwo kple ame tsitsi siwo le míaƒe hamea me la ƒe nuhiahiãwo gbɔ la ƒe ƒuƒoƒo aɖe. Míema amesiwo tsɔ wo ɖokui na la ɖe ƒuƒoƒowo me—amesiwo ate ŋu ana kpekpeɖeŋu le ŋkeke me, bubu siwo ate ŋu ana kpekpeɖeŋu le zã me, amesiwo ate ŋu atsɔ ʋu anɔ wo tsɔmee, kple amesiwo li ate ŋu ana kpekpeɖeŋu le gaƒoƒo 24 bliboa me. Ƒuƒoƒo mamlɛa sia me tɔwo le klalo ɣesiaɣi.

Agbagbadzedze sia me tsonuwo de dzi ƒo ale gbegbe. Le kpɔɖeŋu me, esi woyi nɔvinyɔnu dɔnɔ aɖe si ɖeka le aƒeme srã ge akpɔ la, wokpɔe be etsi anyigba heyi ɖime. Míegblɔe na nɔvinyɔnu aɖe si ƒe aƒe te ɖe eŋu eye ʋu le esi. Ekɔ nɔvinyɔnu dɔnɔa yi ɖe kɔdzi si te ɖe wo ŋu le ɣeyiɣi kpui aɖe me—le aɖabaƒoƒo ewo pɛ ko me! Ðɔktawo gblɔ be esiae na wòtsi agbe.

Dɔnɔawo kple ame tsitsiawo ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖeɖefia ɖe ƒuƒoƒo sia me tɔwo ŋu dea dzi ƒo ale gbegbe. Anyinɔnɔ kple nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siawo le Mawu ƒe nuɖoanyi yeyea me le nɔnɔme vovovowo me ƒe mɔkpɔkpɔ ƒe amesinɔnɔ doa dzidzɔ na ame ŋutɔ. Eye enyanya be kpekpeɖeŋu si wonaa yewo le yewoƒe fukpekpewo me ye kpena ɖe yewo ŋu yewodoa dzi hã nye teƒeɖoɖo bubu.

Kutrikuku He Teƒeɖoɖowo Vɛ

Fifia menye hamemegã le Piraiévs hameawo dometɔ ɖeka me. Togbɔ be metsi le ƒe me eye lãmesẽkuxiwo le ŋunye hã la, dzi dzɔam be mekpɔtɔ kpɔa gome le hamea ƒe dɔwɔnawo me.

Le ƒeawo me la, nɔnɔme sesẽwo, kuxi sesẽwo, kple nuɖiɖeamewo bia dzidodo kple kutrikuku geɖe ŋutɔ. Ke hã, Yehowa naa ŋusẽ si hiã lam be matsɔ aɖu kuxi siawo dzii. Mekpɔ hakpala la ƒe nyawo ƒe nyateƒenyenye zi geɖe be: “Ne mele gbɔgblɔm be, nye afɔ le ʋaʋãm la, Yehowa, wò amenuveve léam ɖe asi. Mele ŋugble geɖe dem le nye dzi me, ke wò akɔfaname doa dzidzɔ na nye luʋɔ.”—Psalmo 94:18, 19.

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Mía kple srɔ̃nye, Eleni, le dɔ wɔwɔ nɛ zi evelia megbe, le ƒe 1957 me

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Le takpekpe si míewɔ le Nuremberg, Germany, le ƒe 1969 me

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

Nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo ƒe ƒuƒoƒo si kpena ɖe dɔnɔwo kple ame tsitsiwo ŋu