Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Agbenyuinɔnɔse Siwo Nàtia

Agbenyuinɔnɔse Siwo Nàtia

Agbenyuinɔnɔse Siwo Nàtia

AMESI zɔna ɖe agbenyuinɔnɔsewo dzie nènyea? Alo ɖe nèbua agbenyuinɔnɔsewo be womegale tsia dzi tututu oa? Nya lae nye be amesiame wɔa nu ɖe gɔmeɖose aɖe ƒomevi, si dzi wòxɔ se be ele vevie, nu. The New Shorter Oxford English Dictionary gblɔ be woate ŋu aɖe gɔmeɖose gɔme be “ame ŋutɔ ƒe agbenyuinɔnɔsewo.” Gɔmeɖosewo kpɔa ŋusẽ ɖe míaƒe nyametsotsowo dzi hefiaa mɔ siwo nu míanɔ agbe ɖo. Agbenyuinɔnɔsewo ate ŋu awɔ dɔ abe taɖoƒefianu ene.

Le kpɔɖeŋu me, Yesu xlɔ̃ nu eyomedzelawo be woawɔ ɖe Sikasedede, si dze le Mateo 7:12, dzi be: “Nusianu, si mielɔ̃na bena, amewo nawɔ na mi la, miawo hã miwɔ nenema ke na wo.” Confucius yomedzelawo zɔna ɖe gɔmeɖose siwo nye ameɖokuiléle kple nublanuikpɔkpɔ, siwo ku ɖe nɔnɔmewo abe dɔmenyonyo, ɖokuibɔbɔ, bubudedeameŋu, kple anukwareɖiɖi ene ŋu la dzi. Nu veviwo alo mɔfiame aɖewo le amesiwo metsɔa ɖeke le mawusubɔsubɔnyawo me o gɔ̃ hã si siwo nu wonɔa agbe ɖo.

Agbenyuinɔnɔse Ka Ƒomeviwoe Míatia?

Gake anyo be wòanɔ susu me na mí be gɔmeɖosewo ate ŋu anye nyuiawo alo gbegblẽawo. Le kpɔɖeŋu me, nusi wova de dzesi le ƒe ewo alo esiwo wu nenema siwo va yi me be tɔnye-ko-nenyo la le ŋusẽ kpɔm ɖe ame gbogbo aɖewo dzi. Togbɔ be ame geɖe manya ŋkɔa o alo woasusu be meku ɖe yewo ŋu o hã la, tɔnye-ko-nenyo nye agbenɔnɔse si dzi ame geɖe zɔna ɖo le esi womewɔna ɖe agbenɔnɔ ŋuti dzidzenu kɔkɔwo dzi o ta. Woɖanya ŋkɔ ma nɛ alo womenyae nɛ o, tɔnye-ko-nenyo enye ɖokuitɔdidi, si me ŋutilãmenudidi ŋukeklẽtɔe nɔna zi geɖe. Televisiondɔwɔƒe aɖe dzikpɔla si le China gblɔ be: “Gɔmeɖose eve koe le mía si. Kɔɖiɖi na nusianu si ko dim amewo le. Evelia enye kɔlili ga ɖi fũ.”

Tɔnye-ko-nenyo ate ŋu awɔ nu abe gahekpe (magnet) ene. Eye aleke gahekpe kpɔa ŋusẽ ɖe taɖoƒefianu dzii? Ne woa kple evea te ɖe wo nɔewo ŋu la, taɖoƒefianua ƒe aɖe trana. Le mɔ ma ke nu la, tɔnye-ko-nenyo ate ŋu atɔtɔ ame ƒe agbenyuinɔnɔfianu, alo agbenyuinɔnɔsewo, me ahana eƒe nudzodzrowo naɖu nu bubu ɖesiaɖe dzi.

Ðe wòawɔ nuku na wò be nàse be menye egbeae tɔnye-ko-nenyo ƒe nɔnɔmea to oa? Eden-bɔa mee agbe sia tɔgbe nɔnɔ dze egɔme tsoe esime mía dzila gbãtɔwo ɖe asi le agbenɔnɔ ŋuti dzidzenu si mía Wɔla ɖo la ŋu. Ema na woƒe agbenyuinɔnɔfianu trɔ. Esi amegbetɔwo nye Adam kple Xawa ƒe dzidzimeviwo ta la, agbenɔnɔ sia tɔgbe, si wotsɔ ŋkɔ na nyitsɔ laa be “tɔnye-ko-nenyo,” la ɖea fu na wo.—Mose I, 3:6-8, 12.

Míekpɔe be nɔnɔme sia kaka vevietɔ le ɣeyiɣi si Biblia ƒe nyagblɔɖi yɔ be “ŋkeke mamlɛawo,” siwo ƒe ‘ɣeyiɣiwo nye vɔ̃,’ la me. Ame geɖe nye “ɖokuilɔ̃lawo.” Eyata mewɔ nuku o be nɔnɔmea ƒonɛ ɖe mía nu be míasrɔ̃ tɔnye-ko-nenyo ƒe nuwɔnaa.—Timoteo II, 3:1-5.

Ðewohĩ àkpɔe be yeƒe susu wɔ ɖeka kple sɔhɛ aɖe si ŋkɔe nye Olaf, amesi ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe aɖe si le Europa be: “Agbenyuinɔnɔ me léle ɖe asi mele bɔbɔe kura o, vevietɔ na mí sɔhɛwo. Taflatse miyi edzi mianɔ ŋku ɖom Biblia ƒe gɔmeɖosewo me léle ɖe asi ƒe vevienyenye dzi na mí.”

Olaf ɖe nugɔmesese fia. Mawu ƒe agbenyuinɔnɔsewo ate ŋu akpe ɖe mí—ɖeviwo alo ame tsitsiwo—ŋu be míalé agbenɔnɔ ƒe dzidzenu kɔkɔwo me ɖe asi. Woate ŋu akpe ɖe mía ŋu hã be míatsi tre ɖe tɔnye-ko-nenyo ŋu, woɖayɔnɛ alo womeɖayɔnɛ nenema o. Ne àdi be yeasrɔ̃ nu geɖe tso alesi Biblia ƒe gɔmeɖosewo ate ŋu akpe ɖe ŋuwòe ŋutɔŋutɔ ŋu la, ke taflatse de ŋugble le nyati si kplɔe ɖo ŋu.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 4]

Ame geɖe metsɔa ɖeke le ame bubuwo ƒe nuhiahiãwo me egbea o