Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mawu ƒe Agbenyuinɔnɔsewo Ate Ŋu Aɖe Vi na Wò

Mawu ƒe Agbenyuinɔnɔsewo Ate Ŋu Aɖe Vi na Wò

Mawu ƒe Agbenyuinɔnɔsewo Ate Ŋu Aɖe Vi na Wò

ÐIKEKE mele eme o be ènya be lãmenusese dzie lãwo zɔna ɖo. Wowɔ mɔ̃ geɖe be woawɔ ɖe mɔfiamewo dzi. Gake le nyateƒe me la, ɖe wowɔ amegbetɔwo ya be woazɔ ɖe gɔmeɖosewo dzi. Aleke nàwɔ aka eɖe edzi be nenemae? Hafi Yehowa, amesi nye gɔmeɖose dzɔdzɔewo katã Ðoanyila, nawɔ amegbetɔ gbãtɔawo la, egblɔ be: ‘Mina míawɔ ame ɖe míaƒe nɔnɔme me, ne wòaɖi mí.’ Gbɔgbɔe Wɔla la nye; luʋɔ ŋutilã mele esi abe míawo ene o, eyata míele eƒe ‘nɔnɔme me’ le susua nu be míate ŋu aɖe eƒe amenyenye, si nye eƒe nɔnɔme nyuiwo dometɔ aɖewo, afia. Ŋutete le amegbetɔwo ŋu be woanɔ agbe ɖe gɔmeɖosewo nu, si fia be, woawɔ nu ɖe nusi woxɔ se be enye agbenyuinɔnɔse la nu. Yehowa na woŋlɔ agbenyuinɔnɔse siawo dometɔ geɖe ɖe eƒe Nya la me.—Mose I, 1:26; Yohanes 4:24; 17:17.

Ðewohĩ ame aɖe agblɔ be, ‘Gake gɔmeɖose alafa geɖewoe le Biblia me ɖe. Manya wɔ be manya wo katã o.’ Nyateƒee. Gake de ŋugble le nyateƒenya sia ŋu kpɔ: Togbɔ be viɖe le Mawu ƒe agbenyuinɔnɔsewo katã ŋu hã la, ɖewo le vevie wu ɖewo. Àte ŋu akpɔ ema le Mateo 22:37-39, afisi Yesu ɖee fia le be le Mose ƒe Sea kpakple gɔmeɖose siwo kpe ɖe eŋu me la, se aɖewo le vevie wu bubuwo.

Gɔmeɖose kawoe le vevie wu? Biblia me gɔmeɖose vevitɔwoe nye esiwo ku ɖe mía kple Yehowa dome ƒomedodo ŋu tẽ. Ne míewɔ ɖe esiawo dzi la, Wɔla la va nyea ame vevitɔ si kpɔa ŋusẽ ɖe míaƒe agbenyuinɔnɔfianu dzi. Gakpe ɖe eŋu la, gɔmeɖose bubuwo li siwo kpɔa ŋusẽ ɖe mía kple ame bubuwo dome ƒomedodo dzi. Agbenyuinɔnɔse siawo dzi wɔwɔ akpe ɖe mía ŋu míatsi tre ɖe tɔnye-ko-nenyo ŋu, ŋkɔ kae woɖayɔ nɛ o.

Mina míatsɔ nyateƒenya veviwo dometɔ ɖeka le Biblia me atsɔ adze egɔmee. Nyateƒenya kae, eye aleke wòkpɔa ŋusẽ ɖe mía dzii?

‘Amesi Ðeɖeko Ðo Kpo Ðe Anyigba Bliboa Dzi’

Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo na eme kɔ ƒã be Yehowae nye mía Wɔla Gã, Mawu Ŋusẽkatãtɔ, la. Ame aɖeke ƒe ŋusẽ mate ŋu asɔ kple etɔ alo alolo wui gbeɖe o. Esia nye nyateƒenya matrɔmatrɔ si woŋlɔ ɖe Biblia me.—Mose I, 17:1; Nyagblɔla 12:1.

Psalmowo ŋlɔlawo dometɔ ɖeka gblɔ le Yehowa ŋu be: “Wò ɖeɖe koe ɖo kpo ɖe anyigba blibo la dzi!” Blema Fia Dawid ŋlɔ bena: “Yehowa, tɔwòe nye fiaɖuƒe, eye wòe ɖo kpo ɖe nusiwo katã ƒe ŋkɔ de dzi la dzi.” Eye nyagblɔɖila xɔŋkɔ Yeremya se le eɖokui me be yeaŋlɔ bena: “Yehowa, ame aɖeke mede nuwò o, èlolo, eye wò ŋusẽ na wò ŋkɔ lolo.”—Psalmo 83:19; Kronika I, 29:11; Yeremya 10:6.

Aleke wòle be míawɔ Mawu ŋuti nyateƒenya siawo ŋudɔ le míaƒe gbesiagbegbenɔnɔ mee?

Amesi tututu wòle be wòanye ame vevitɔ kekeake le míaƒe agbeme la dze ƒã—eyae nye mía Wɔla kple Agbenala la. Ekema ɖe masɔ be míatsi tre ɖe dzodzro ɖesiaɖe si aɖo mía me be míahe susu ava mía ɖokui dzi—si nye dzodzro si nu ate ŋu asẽ le ame aɖewo me wu ame bubuwo—la ŋu oa? Gɔmeɖose nyui aɖe si dzi míanɔ agbe ɖoe nye ‘nusianu wɔwɔ hena Mawu ƒe kafukafu.’ (Korintotɔwo I, 10:31) Nyagblɔɖila Daniel ɖo esia ŋuti kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi.

Ŋutinyamenuŋlɔɖia gblɔ na mí be Babilon-fia Nebukadnezar ku drɔ̃e aɖe gbeɖeka si ɖe fu nɛ vevie eye wòdi be yease egɔme. Togbɔ be amesiame tɔtɔ hã la, Daniel ya te ŋu gblɔ nusi fia la di be yeanya la nɛ tututu. Ðe Daniel xɔ kafukafua na eɖokuia? Ao, etsɔ kafukafua na ‘dziƒowo ƒe Mawu la, amesi ɖea nya ɣaɣlawo ɖe go.’ Daniel yi edzi be: “Menye esi nunya le asinye wu agbagbeawo katã ta, woɖe nya ɣaɣla sia fiam ɖo o.” Amesi zɔna ɖe gɔmeɖose dzie Daniel nye vavã. Mewɔ nuku o be le Daniel ƒe agbalẽa me la, woɖɔe zi etɔ̃ sɔŋ be enye amesi Mawu ‘lɔ̃ vevie.’—Daniel 2:28, 30; 9:23; 10:11, 19.

Aɖe vi na wò ŋutɔ ne èsrɔ̃ Daniel ƒe kpɔɖeŋua. Le Daniel ƒe kpɔɖeŋua sɔsrɔ̃ me la, nu vevitɔ enye nukpɔsusu. Amekae wòle be wòaxɔ nusi nèwɔ ƒe kafukafu? Nɔnɔme ka mee nèɖale o, ŋutete le ŋuwò be nàwɔ nu le ɖekawɔwɔ me kple Biblia ƒe gɔmeɖose xɔasi sia be—Yehowae nye Aƒetɔ Dziɖulagã la. Ewɔwɔ alea ana nànye amesi ‘wòalɔ̃ vevie.’

Azɔ mina míade ŋugble le agbenyuinɔnɔse vevi eve siwo ate ŋu akplɔ mí le mía kple amewo dome ƒomedodo me la ŋu. Le alesi ɖokuitɔdidi bɔe ta la, agbe ƒe akpa sia nye gbetɔame sesẽ aɖe.

‘Kple Ðokuibɔbɔ’

Ƒã hafi nu dzea amesiwo buna be yewo xɔ asi wu amesiame la ŋu. Ame akpa gãtɔ di be agbe nedze edzi na yewo ɖaa, eye wodinɛ fifi laa. Le wo gome la, gbɔdzɔgbɔdzɔ ƒe dzesie ɖokuibɔbɔ nye. Wobua dzigbɔgbɔɖi be enye nane si wòle be ame bubuwo ko naɖe afia. Ne eku ɖe dzidzedzekpɔkpɔ ŋu la, wotoa mɔ sia mɔ nu be woaɖo egbɔ. Èsusu be mɔnu bubu aɖe li si nu nàwɔ nu ɖo tsɔ wu wo tɔa?

Mawusubɔlawo kpɔa nuwɔna siawo teƒe gbesiagbe, gake mele be wòakpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi o. Kristotɔ tsitsiwo wɔna ɖe gɔmeɖose sia dzi be ‘menye amesi kafua eɖokui nye ame nyui o, ke boŋ amesi Yehowa kafuna boŋ.’—Korintotɔwo II, 10:18.

Gɔmeɖose si le Filipitɔwo 2:3, 4 ŋudɔwɔwɔ akpe ɖe ŋuwò. Mawunyakpukpui sia de dzi ƒo na wò be ‘nàgawɔ naneke le dzrewɔwɔ alo bubu dzodzro ta o, ke boŋ amesiame natsɔ ɖokuibɔbɔ abu nɔvia gã wu ye ŋutɔ ɖokui.’ Awɔe be ‘mànɔ nusi nye tɔwò ɖeɖeko dzi kpɔm o, ke boŋ àkpɔ nusi nye ame bubu tɔ hã dzi!’

Ame aɖe si si nukpɔsusu nyui le le eɖokui ŋu eye wòtsɔ nukpɔsusu ɖɔʋu da eɖokui kpɔ lae nye Gideon, amesi nye ʋɔnudrɔ̃la le blema Hebritɔwo ŋɔli. Meʋli be yeanye Israel-viwo kplɔla o. Ke hã esi wotia Gideon be wòawɔ dɔ ma la, ehe susu yi edzi be yemedze o. Eɖe nu me be: “Nye ƒome enye suetɔ le Manase, eye nyee nye dɔmlɔea le fofonye ƒe me!”—Ʋɔnudrɔ̃lawo 6:12-16.

Gawu la, esi Yehowa na Gideon ɖu aʋa dzi la, Efrayim ŋutsuwo he dzre kplii. Aleke Gideon wɔ nui? Ðe aʋadziɖuɖua na wòdo eɖokui ɖe dzia? Ao. Eto nyaŋuɖoɖo fafɛ me ƒo asa na afɔku. “Ðe miawo miewɔ wum oa?” Gideon bɔbɔ eɖokui ɖe anyi.—Ʋɔnudrɔ̃lawo 8:1- 3.

Ele eme be gbaɖegbe kee Gideon ŋu nyaawo dzɔ ya. Ke hã viɖe le ŋugbledede le nuŋlɔɖia ŋu me. Àkpɔe be nɔnɔme bubu aɖe si to vovo na esi bɔ egbea kurae nɔ Gideon si, eye enɔ agbe ɖe enu, wòɖe vi nɛ.

Ame ɖokui bubu be yexɔ asi wu ame bubuwo ƒe nɔnɔme sia si bɔ la ate ŋu agblẽ amesi míenye ŋuti nukpɔsusu me. Biblia ƒe gɔmeɖosewo ɖɔa nukpɔsusu totro ma ɖo, hefiaa amesi ƒomevi tututu míenye le Wɔla la kpakple ame bubuwo gbɔ la mí.

Ne míele zɔzɔm ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi la, míeɖua nɔnɔme sia si bɔ fifia la dzi. Meganyea seselelãme alo amenyenyee fiaa mɔ mí azɔ o. Zi alesi míele nu srɔ̃m tso gɔmeɖose dzɔdzɔewo ŋui la, zi nenemae míenyaa nu tsoa wo Ðoanyila ŋui ɖe edzi. Ẽ, ne míele Biblia xlẽm la, dzesidede mawumegɔmeɖose etɔxɛe ɖea vi geɖe na mí.—Kpɔ aɖakaa.

Yehowa wɔ amegbetɔwo wode ŋgɔ wu lãwo, siwo zɔna ɖe lãmenusese koŋ dzi la. Mawu ƒe lɔlɔ̃nu dzi wɔwɔ bia be míatsɔ eƒe agbenyuinɔnɔsewo awɔ dɔe. Míate ŋu ato esia me ana míaƒe agbenyuinɔnɔfianu nawɔ dɔ nyuie, wòanye taɖoƒefianu si afia mɔ mí ayi ɖe Mawu ƒe nuɖoanyi yeyea mee. Biblia na kakaɖedzi mí be míakpɔ mɔ na xexeame katã ƒe nuɖoanyi yeye si me “dzɔdzɔenyenye anɔ” la kpuie.—Petro II, 3:13.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 6]

Biblia ƒe Agbenyuinɔnɔse Vevi Aɖewo

Le ƒomea me:

“Ame aɖeke nagadi ye ŋutɔ tɔ o, ke nusi nye ame bubu tɔ la boŋ.”—Korintotɔwo I, 10:24.

“Lɔlɔ̃ la . . . media ye ŋutɔ tɔ o.”—Korintotɔwo I, 13:4, 5.

“Mia dome ɖesiaɖe nalɔ̃ ye ŋutɔ srɔ̃anyɔnu nenema ke, abe ye ŋutɔ ɖokui ene.”—Efesotɔwo 5:33.

“Mi nyɔnuwo la, mibɔbɔ mia ɖokui na mia srɔ̃wo.”—Kolosetɔwo 3:18.

“Ðo to fofowò, si dzi wò, eye megado vlo dawò, ne eku nyagã o!”—Lododowo 23:22.

Le suku, le dɔwɔƒe, alo le asitsanyawo me: “Nudanu amebatɔ enye ŋunyɔ na Yehowa . . . Ame vɔ̃ɖi kpɔa viɖe ƒuƒlu.”—Lododowo 11:1, 18.

“Fiafitɔ la nagafi fi o, ke boŋ nedze agbagba, ne wòatsɔ eƒe asiwo awɔ dɔ nyui.”—Efesotɔwo 4:28.

“Ne ame aɖe melɔ̃ be, yeawɔ dɔ o la, negaɖu nu hã o.”—Tesalonikatɔwo II, 3:10.

“Nusianu, si ke miewɔna la, miwɔe tso dzi me, abe Aƒetɔ lae miewɔe na ene.”—Kolosetɔwo 3:23.

“Míelɔ̃ be, míanɔ agbe nyuie le nusianu me.”—Hebritɔwo 13:18.

Ga ŋuti nukpɔsusu: “Amesi tsi klokloklo ɖe hokpɔkpɔ ŋu la, womagbe tohehe nɛ o.”—Lododowo 28:20.

‘Ga maɖi ƒo na galɔ̃la o.’—Nyagblɔla 5:10.

Ame ŋutɔ ƒe amenyenye dadakpɔ: “Ne amewo le woa ŋutɔwo ƒe gãnyenye dim la, gãnyenye wònyea?”—Lododowo 25:27, NW.

“Ame bubu nekafu wò, eye menye wò ŋutɔ wò nu o.”—Lododowo 27:2.

“Mele egblɔm na mia dome amesiame bena, negabu eɖokui gã wu alesi dze o.”—Romatɔwo 12:3, NW.

“Ne ame aɖe bu bena, yenye nane, evɔ menye naneke o la, ye ŋutɔ ɖokui blem wòle.”—Galatiatɔwo 6:3.

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Daniel tsɔ kafukafu si dze na Mawu

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Nuwɔwɔ kple amewo le Mawu ƒe agbenyuinɔnɔsewo nu hea dzidzɔ kple ƒomedodo nyuiwo vɛ

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 7]

U.S. Fish & Wildlife Service, Washington, D.C./Robert Bridges