Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Sitsoƒe Tso Ya Nu

Sitsoƒe Tso Ya Nu

Sitsoƒe Tso Ya Nu

LE Alps-towo tame ɖaa le Europa la, àte ŋu akpɔ gbe sesẽ siwo miena, si nye alps rose. Zi geɖe la, seƒoƒo siawo siwo mekɔ o la miena kutuu ɖekae eye woƒe ke sẽna goŋgoŋ ɖe anyi be ya sesẽ siwo ƒona toa towo dzi la nagagblẽ nu le wo ŋu o. Ya si ƒona le toa dzi madzudzɔmadzudzɔ la nana fafa léa wo, yame kple anyigba ƒuna kplakplakpla, eye wònɔa ke ɖem le keawo te.

Enuenu la, seƒoƒoa miena ɖe kpea ƒe afisiwo ka la dome, si wɔnɛ be yaƒoƒoa mete ŋu gblẽa nu le wo ŋu o. Togbɔ be ke mesɔa gbɔ ɖe teƒe siawo o hã la, do siwo le kpea me kpɔa eta tso ya nu eye wònana tsi nɔa anyi na numiemiea. Togbɔ be seƒoƒoa medzena wokpɔna le ƒea ƒe ɣeyiɣi akpa gãtɔ o hã la, wova ɖoa atsyɔ na to siwo nye sitsoƒe nɛ la kple seƒoƒo dzẽ siwo nya kpɔna le dzomeŋɔli me.

Nyagblɔɖila Yesaya gblɔ be Mawu aɖo “amegãwo,” eye wo dometɔ ɖesiaɖe anye “sitsoƒe tso ya nu.” (Yesaya 32:1, 2) Le Fia Kristo Yesu ƒe mɔfiafia te la, gbɔgbɔmemegã, alo dzikpɔla, siawo anɔ abe agakpe like, siwo nɔa te sesĩe le xaxa alo fukpekpe me ene. Wonye bebeƒe siwo ŋu amesiwo le fu kpem ɖoa ŋu ɖo eye wokpena ɖe wo ŋu woyia edzi kpɔa woƒe gbɔgbɔmetsi siwo wohiã tso Mawu ƒe Nya la me.

Yometiti, dziɖeleameƒo, alo lãmegbegblẽ siwo lɔna ɖe ame dzi abe ya sesẽ ene ate ŋu aɖe kpe na Kristotɔ vevie, eye wòana eƒe xɔse nagbɔdzɔ ne womekpɔ eta o. Kristotɔ hamemegãwo ate ŋu akpɔ eta to toɖoɖo amea ƒe kuxiwo nyuie, eye wòaɖo aɖaŋu nɛ tso Biblia me ahade dzi ƒo nɛ alo akpe ɖe eŋu. Wodi be yewoana kpekpeɖeŋu amesiwo “woka hlẽ,” abe alesi woƒe Fia, Kristo Yesu, wɔnɛ ene. (Mateo 9:36) Eye wodina be yewoakpe ɖe amesiwo ŋu alakpanufiafia ƒe ya gblẽ nu le vevie la ŋu. (Efesotɔwo 4:14) Ne wona kpekpeɖeŋu sia ɖe ɣeyiɣi dzi la, eɖea vi ŋutɔ.

Miriam gblɔ be: “Dzinye gbã esime xɔ̃nye kplikplikpli aɖewo do le nyateƒea me, eye le ɣeyiɣi ma ke me la, dɔléle aɖe na ʋu ɖuɖu ɖe ahɔhɔ̃ me na fofonye. Meva nɔ zɔzɔm kple xɔlɔ̃ ŋutsuvi aɖe kple susu be mate ŋu aɖu nye blanuilélea dzi. Eteƒe medidi o, esi mese le ɖokuinye me be nyemegadze asubɔ o la, megblɔ na hamemegã siwo le hamea me be meɖoe be mado le nyateƒea me, elabena mekpɔ be Yehowa magate ŋu alɔ̃m o.

“Ɣeyiɣi sesẽ sia mee hamemegã veveseɖeamenula aɖe va ɖo ŋku ƒe siwo metsɔ wɔ gbesiagbe mɔɖeɖedɔa dzi nam. Egblɔ nam be yekpɔa ŋudzedze ɖe nye nuteƒewɔwɔ ŋu, eye wòbiam tufafatɔe be mana ne hamemegãwo nakpe ɖe ŋunye, ne woade dzi ƒo nam makpɔe be Yehowa lɔ̃am. Woƒe ɖetsɔtsɔ le eme nam lɔlɔ̃tɔe le ɣeyiɣi sesẽ mawo me nɔ nam abe ‘bebeƒe’ ene esime gbɔgbɔ me ahomya lɔ ɖe dzinye. Le ɣleti ɖeka me la, medzudzɔ hadede kple nye ahiãvia, eye meyi edzi le zɔzɔm le nyateƒea me vaseɖe fifia.”

Dzi dzɔa hamemegãwo ne wokpɔ be ametakpɔkpɔ si wona hati Kristotɔwo ɖe ɣeyiɣi dzi la na wole ke lim sesĩe le gbɔgbɔ me. Eye ‘bebeƒe’ siawo nana míeɖɔa gbɔgbɔ me kpekpeɖeŋu gbogbo si ƒe vivi míase le Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me la kpɔna.