Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Tenɔnɔ Ðe ‘Ŋù Si Le Ŋutilã Me’ Nu

Tenɔnɔ Ðe ‘Ŋù Si Le Ŋutilã Me’ Nu

Tenɔnɔ Ðe ‘Ŋù Si Le Ŋutilã Me’ Nu

“Nye amenuveve sɔ gbɔ na wò.”—KORINTOTƆWO II, 12:9.

1, 2. (a) Nukatae mele be nyateƒe si wònye be míedzea ŋgɔ dodokpɔwo kple kuxiwo la naʋuʋu mí o? (b) Nukatae dzi ate ŋu anɔ mía ƒo le tetekpɔwo me?

“AMESIWO katã dina be, yewoanɔ agbe ɖe mawusosroɖa nu le Kristo Yesu me la, woati woawo hã yome tsã.” (Timoteo II, 3:12) Nukata wòle nenema ɖo? Elabena Satana gblɔ tɔteteɖedzitɔe be ɖokuitɔdidi ƒe susuwo tae amegbetɔwo subɔa Mawu ɖo, eye wòdi vevie be yeaɖo kpe yeƒe nyaa dzi. Yesu xlɔ̃ nu eƒe apostolo wɔnuteƒewo ɣeaɖeɣi be: “Satana le mia dim, bena yeagbɔ mi, abe alesi wogbɔa lu ene.” (Luka 22:31) Yesu nyae nyuie be Mawu ɖea mɔ na Satana be wòatsɔ kuxi sesẽwo ado mí akpɔe. Gake esia mefia be Satana alo eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo gbɔe kuxi ɖesiaɖe si míedzea ŋgɔe le agbeme la tsona tẽ o. (Nyagblɔla 9:11) Gake Satana dina vevie be yeawɔ mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe si su ye si ŋudɔ atsɔ agblẽ míaƒe nuteƒewɔwɔ me.

2 Biblia gblɔ na mí be mele be míaƒe tetekpɔwo naʋuʋu mí o. Nusianu si adzɔ ɖe mía dzi la menye nu yeye alo esi medzɔ kpɔ o. (Petro I, 4:12) Le nyateƒe me la, “fukpekpe mawo ke va [mía] nɔvi, siwo le xexeame la dzi.” (Petro I, 5:9) Egbea, Satana le Mawu ƒe subɔla ɖesiaɖe miam ale gbegbe. Edzɔa dzi na Abosam be yeakpɔ be kuxi gbogbo siwo le abe ŋù ene nanɔ fu wɔm mí. Be wòaɖo ema gbɔ la, ewɔa eƒe nuɖoanyia ŋudɔ le mɔ aɖe si ana ‘ŋù siwo le míaƒe ŋutilã me’ nasɔ gbɔ ɖe edzi nu alo wòaƒo ɖe mí sesĩe wu. (Korintotɔwo II, 12:7) Gake mele be Satana ƒe amedzidzedzewo nagblẽ míaƒe nuteƒewɔwɔ me o. Abe alesi Yehowa “ana gododo le eme” mí be míate ŋu ado dzi le tetekpɔwo mee la, awɔ nenema ke ne míedze ŋgɔ kuxi siwo le abe ŋù le míaƒe ŋutilã me ene.—Korintotɔwo I, 10:13.

Alesi Woanɔ Te Ðe Ŋù Nui

3. Esi Paulo bia be Yehowa naɖe ŋùa ɖa le yeƒe lãme la, aleke wòɖo eŋui?

3 Apostolo Paulo ɖe kuku na Mawu be wòaɖe ŋùa ɖa le yeƒe lãme. “Esia ŋuti meyɔ Aƒetɔ la zi etɔ̃, bene wòadzo le ŋunye.” Aleke Yehowa ɖo Paulo ƒe kokoƒoƒoa ŋui? “Nye amenuveve sɔ gbɔ na wò; elabena nye ŋusẽ zu blibo le gbɔdzɔgbɔdzɔ me.” (Korintotɔwo II, 12:8, 9) Mina míalé ŋku ɖe nyaŋuɖoɖo sia ŋu ahakpɔ alesi wòate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míanɔ te ɖe kuxi siwo le abe ŋù siwo vea mí ene la nui ɖa.

4. Mɔ kawo nue Yehowa ƒe amenuveve ɖe vi na Paulo le?

4 De dzesii be Mawu de dzi ƒo na Paulo be wòakpɔ ŋudzedze ɖe amenuveve si yenae xoxo to Kristo dzi la ŋu. Le nyateƒe me la, woyra Paulo ŋutɔ le mɔ geɖe ŋu. Togbɔ be etsi tre ɖe Yesu yomedzelawo ŋu megbemakpɔmakpɔe tsã hã la, Yehowa na mɔnukpɔkpɔe lɔlɔ̃tɔe wòva zu nusrɔ̃la. (Dɔwɔwɔwo 7:58; 8:3; 9:1-4) Le esia megbe la, Yehowa na dɔdasi kple mɔnukpɔkpɔ dodzidzɔname geɖewo Paulo dɔmenyotɔe. Nusɔsrɔ̃ si le eme na mí la me kɔ. Le ɣeyiɣi sesẽwo gɔ̃ hã me la, yayra geɖe gakpɔtɔ le mía si siwo ta míada akpe ɖo. Mele be míaƒe tetekpɔwo nana míaŋlɔ nu nyui gbogbo siwo Yehowa wɔ na mí la be gbeɖe o.—Psalmo 31:20.

5, 6. (a) Aleke Yehowa fia Paulo be Yeƒe ŋusẽ zua “blibo le gbɔdzɔgbɔdzɔ me”? (b) Aleke Paulo ƒe kpɔɖeŋua ɖo kpe edzi be Satana nye alakpatɔ?

5 Yehowa ƒe amenuveve sɔ gbɔ le mɔ bubu nu. Mawu ƒe ŋusẽ gã la ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míato míaƒe tetekpɔwo me. (Efesotɔwo 3:20) Yehowa fia Paulo be Yeƒe ŋusẽ zua “blibo le gbɔdzɔgbɔdzɔ me.” Aleke wòdzɔnae? Ena ŋusẽ siwo katã Paulo hiã be wòate ŋu anɔ te ɖe eƒe tetekpɔa nu lae lɔlɔ̃tɔe. Esia wɔe be Paulo ƒe dzidodo kpakple alesi wòka ɖe Yehowa dzi bliboe ɖee fia mí katã be Mawu ƒe ŋusẽ si wòna nuvɔ̃me sia si gbɔdzɔ la ɖu dzi. Azɔ bu ŋusẽ si wòakpɔ ɖe Abosam dzi, amesi gblɔ be ne ame ƒe dzi dze eme eye kplamatsedonu aɖeke mele eƒe agbeme o koe wòsubɔa Mawu, la ŋu kpɔ. Paulo ƒe nuteƒewɔwɔ zu kɔ si wotu ŋkume na amegɔmezɔla ma!

6 Paulo, amesi wɔ ɖeka kple Satana tsã le eƒe aʋa si wɔm wòle kple Mawu me, amesi nye Kristotɔwo yometila kalẽtɔ, kple Farisitɔ veviedonula si ɖikeke aɖeke mele eme o be nu geɖe dze edzi nɛ le agbeme le esi wodzii ɖe kesinɔtɔwo ƒe ƒome me ta, lae nye ma. Paulo va nye “suetɔ le apostoloawo dome” nɔ Yehowa kple Kristo subɔm. (Korintotɔwo I, 15:9) Le esia ta, ebɔbɔ ɖokui ɖe ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo ƒe dziɖuhaa ƒe ŋusẽ te. Eye togbɔ be ŋù nɔ eƒe ŋutilã me hã la, enɔ te ɖe enu nuteƒewɔwɔtɔe. Aleke kee Satana ɖado dzikui hã, agbemetetekpɔwo mena Paulo ƒe dzonɔamemea nu tsi o. Paulo meŋlɔ mɔkpɔkpɔ si le esi be yeava kpɔ gome le Kristo ƒe Dziƒofiaɖuƒea me la be gbeɖe o. (Timoteo II, 2:12; 4:18) Ŋù aɖeke mete ŋu tsi eƒe dzonɔamemea nu o, aleke kee enu venae o. Neva eme be míaƒe dzonɔameme nayi edzi asẽ nenema ke! Bubue wònye Yehowa dea mía ŋu be wòléa mí ɖe te le míaƒe tetekpɔwo me henaa mɔnukpɔkpɔ mí be míaɖee afia be alakpatɔe Satana nye.—Lododowo 27:11.

Yehowa ƒe Nunanawo Le Vevie

7, 8. (a) Mɔ kawo nue Yehowa tona doa ŋusẽ esubɔlawo egbea? (b) Nukatae gbesiagbe Biblia xexlẽ kple nusɔsrɔ̃ le vevie be míate ŋu anɔ te ɖe ŋù si le míaƒe ŋutilã me nu?

7 Egbea Yehowa toa eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea, eƒe Nya, kple míaƒe Kristotɔwo ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa dzi doa ŋusẽ Kristotɔ wɔnuteƒewo. Abe apostolo Paulo ene la, míate ŋu atsɔ míaƒe nyawo adro ɖe Yehowa dzi le gbedodoɖa me. (Psalmo 55:23) Togbɔ be ɖewohĩ Mawu maɖe míaƒe tetekpɔwo ɖa o hã la, ate ŋu ana nunya mí míatsɔ anɔ te ɖe wo nui, míanɔ te ɖe esiwo sesẽ ŋutɔ gɔ̃ hã nu. Yehowa ate ŋu ana dzinɔameƒo—si nye ‘ŋusẽ si gbɔ dzɔdzɔmetɔ ŋu’—hã mí be wòakpe ɖe mía ŋu míado dzi.—Korintotɔwo II, 4:7.

8 Aleke míexɔa kpekpeɖeŋu siae? Ele be míasrɔ̃ Mawu ƒe Nya la kutrikukutɔe, elabena emee míakpɔ akɔfanamenya vavãwo le. (Psalmo 94:19) Míakpɔ Mawu subɔla siwo nɔ Eƒe kpekpeɖeŋu biam la ƒe nya wɔdɔɖeamedziwo axlẽ le Biblia me. Ŋuɖoɖo siwo Yehowa na, siwo me akɔfanamenyawo nɔna zi geɖe la, nye nusiwo ŋu míate ŋu ade ŋugble le. Nusɔsrɔ̃ ate ŋu ado ŋusẽ mí be “ŋusẽ ƒe agbɔsɔsɔ, si gbã go la, nanye Mawu tɔ, eye menye mía gbɔ wòatso o.” Alesi ko wòhiã be míaɖu nu gbesiagbe be nunyiame kple ŋusẽ nasu mía sii la, nenema ke wòle be míasrɔ̃ Mawu ƒe nyawo edziedzii. Ðe míewɔa esia? Ne míewɔnɛ la, ekema míakpɔe be ‘ŋusẽ si gbɔ dzɔdzɔme tɔ ŋu’ si míexɔna la kpena ɖe mía ŋu be míanɔ te ɖe kpɔɖeŋu ŋù ɖesiaɖe si awɔ fu mí fifia la nu.

9. Aleke hamemegãwo ate ŋu akpe ɖe amesiwo le akɔ kpem kple kuxiwo ŋui?

9 Kristotɔ hamemegã mawuvɔ̃lawo ate ŋu anye ‘sitsoƒe tso fukpekpewo ƒe ya nu, bebeƒe tso kuxiwo ƒe tsidzadza nu.’ Hamemegã siwo di be yewoasɔ ɖe nuɖɔɖɔ sia si tso gbɔgbɔ me nu la tsɔa ɖokuibɔbɔ kple anukwareɖiɖi biaa Yehowa be wòana ‘nusrɔ̃viwo ƒe aɖe’ yewo ale be yewoanya alesi yewoatsɔ nya siwo sɔ aɖo nya ŋui na amesiwo le fu kpem lae. Hamemegãwo ƒe nyawo ate ŋu anɔ abe tsi si anɔ nyɔnyɔm ɖe míaƒe susu me ene, ahana míaƒe susu me nafa eye wòafa akɔ na mí le agbe ƒe ɣeyiɣi sesẽwo me. Ne hamemegãwo ƒe nuƒoƒo nyea ‘akɔfafa na amesiwo lé blanui’ la, ke wole kpekpem ɖe woƒe gbɔgbɔ me nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo anɔ gbɔdzɔgbɔdzɔm alo dzi anɔ ɖeɖem le wo ƒo le ŋù aɖe si le woƒe ŋutilã me ta la ŋu nyateƒe.—Yesaya 32:2; 50:4; Tesalonikatɔwo I, 5:14.

10, 11. Aleke Mawu ƒe subɔlawo ate ŋu ade dzi ƒo na amesiwo le dodokpɔ sesẽwo me tomee?

10 Yehowa subɔlawo katã nye eƒe Kristotɔwo ƒe ƒome wɔɖeka la me tɔwo. Ẽ, ‘ŋutinuwo míenye le mía nɔewo ŋu,’ eye enye míaƒe ‘agbanɔamedzi be míalɔ̃ mía nɔewo.’ (Romatɔwo 12:5; Yohanes I, 4:11) Aleke míatsɔ agba siae? Petro I, 3:8 fia be, míewɔa esia to ‘nublanuikpɔkpɔ na mía nɔewo, mía nɔewo lɔlɔ̃, kple dɔmetɔtrɔ ɖe haxɔsetɔwo katã ŋu’ me. Mí katã míate ŋu aɖe ameŋububu tɔxɛ afia amesiwo le akɔ kpem kple ŋù aɖe si le woƒe ŋutilã me si na wole veve sem vevie la. Le mɔ ka nu?

11 Ele be míadze agbagba ase woƒe fukpekpea gɔme. Ne míenye nublanuimakpɔlawo, vevemaseɖeamenulawo, alo ɖekematsɔlemetɔwo la, míadzi woƒe vevesesea ɖe edzi le manyamanya me. Ele be enyanya be wole tetekpɔwo me tom naʋã mí míakpɔ nyuie le nya siwo míegblɔna, alesi míegblɔa woe, kple alesi míewɔa nui me. Míaƒe nyuidiname kple dzideƒoname ate ŋu aɖe ŋù sia ŋù si le ƒoƒom ɖe wo la ƒe vevesese helĩhelĩ la dzi akpɔtɔ. Awɔe be míanye akɔfafa na wo.—Kolosetɔwo 4:11.

Alesi Ame Aɖewo Nɔ Te Ðe Enu Dzidzedzetɔe

12-14. (a) Nukae Kristotɔ aɖe wɔ be wòate ŋu anɔ te ɖe kansa nu? (b) Aleke nyɔnu sia ƒe gbɔgbɔ me nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo kpe ɖe eŋu hede dzi ƒo nɛ?

12 Esi míegogo ŋkeke mamlɛ siawo ƒe nuwuwu la, ‘fukpekpewo’ nu le sesẽm ɖe edzi gbesiagbe. (Mateo 24:8) Eyata tetekpɔwo ate ŋu ava anyigbadzinɔla ɖesiaɖe dzi, vevietɔ Yehowa subɔla wɔnuteƒe siwo le didim be yewoawɔ eƒe lɔlɔ̃nu. Le kpɔɖeŋu me, bu Kristotɔ aɖe si nɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm la ŋu kpɔ. Wokpɔe be kansa nɔ nɔvinyɔnua ŋu eye wòhiã be woakoe aɖe lãmenu aɖe si dzia ta ɖe nume kple esi dzia lãmetsi ɣi aɖewo ɖe edzi la ɖa. Esi woa kple srɔ̃a wose be dɔ sia le eŋu la, wotrɔ ɖe Yehowa ŋu heƒo koko nɛ ɣeyiɣi didi le gbedodoɖa me. Egblɔ emegbe be nukutɔe la, ɖeko yewoƒe susu dze akɔ anyi. Ke hã, eto nɔnɔme sesẽ vovovowo me, vevietɔ le tenɔnɔ ɖe dɔdadaa me tsonuwo nu.

13 Be nɔvinyɔnu sia nate ŋu anɔ te ɖe eƒe nɔnɔmea nu la, edze agbagba srɔ̃ nu geɖe si wòate ŋui tso kansa ŋu. Eɖo dze kple eƒe ɖɔktawo. Ekpɔ agbemeŋutinya siwo ɖe alesi amewo nɔ te ɖe dɔ sia nu le seselelãme gome. Exlẽ mawunyakpukpui vevi siwo ɖe ŋutete si le Yehowa si be wòalé eƒe amewo ɖe te le nɔnɔme sesẽwo me hã, kple nyatakaka vevi bubuwo le Gbetakpɔxɔ, Nyɔ!, kple Kristotɔwo ƒe agbalẽ bubuwo me.

14 Nyati aɖe si ku ɖe tenɔnɔ ɖe dziɖeleameƒo nu yɔ nya siawo siwo me nunya le be: “Amesi ɖe eɖokui ɖe aga [la] le eya ŋutɔ ƒe dzodzro yome dim.” (Lododowo 18:1) Eyata nyatia ɖo aɖaŋu sia be: “Gbe ɖokuiwò ɖeɖe ɖe aga.” * Nɔvinyɔnua gblɔ be: “Ame geɖe gblɔ nam be yewodoa gbe ɖa ɖe tanye; ame bubuwo ƒoa ka nam. Hamemegã eve ƒoa ka nam edziedzi be yewoanya alesi mefɔe. Mexɔ seƒoƒowo kple gbedonamegbalẽvi gbogbowo. Ame aɖewo va ɖaa nu kura gɔ̃ hã nam. Ame geɖe hã lɔ̃ faa be yewoanɔ nye kplɔm anɔ kɔdzi yimee.”

15-17. (a) Aleke Kristotɔ aɖe nɔ te ɖe kuxi siwo lɔrifɔku he vɛ nɛ la nui? (b) Kpekpeɖeŋu kae hamea me tɔwo na?

15 Lɔrifɔku dzɔ ɖe nɔvi aɖe si subɔ Yehowa ɣeyiɣi didi le New Mexico, U.S.A., la dzi zi gbɔ zi eve sɔŋ. Nuvevi wɔ kɔ kple abɔta nɛ, si na ŋuɖui si wòle avu wɔm kple ƒe 25 kple edzivɔ sɔŋ ganyrã ɖe edzi. Egblɔ be: “Be madzɔ nye kɔ eye be matsɔ nusianu si kpe wu kilogram 2 la nye nu sesẽ nam ŋutɔ. Gake gbedodoɖa na Yehowa vevie lém ɖe te. Nenema ke nyati siwo míesrɔ̃ le Gbetakpɔxɔ me hã lém ɖe tee. Nyatiawo dometɔ ɖeka ƒo nu tso Mixa 6:8 ŋu, hede dzesii be zɔzɔ kple Mawu le ɖokuibɔbɔ me fia be ame nanya eƒe ŋutetewo seɖoƒe. Esia kpe ɖe ŋunye mekpɔe be togbɔ me mele nɔnɔme sia me hã la, mele be dzi naɖe le ƒonye o, togbɔ be ɣeyiɣi si mezãna le gbeadzi le ʋɛ wu alesi medii hafi hã. Nusi le vevie wue nye susu nyui tsɔtsɔ asubɔe.”

16 Eka nya ta hã be: “Hamemegãawo kafuam ɣesiaɣi ɖe agbagba siwo medzena be made kpekpeawo ahayi gbeadzi la ta. Ðeviwo kplaa asi kɔ nam. Subɔla mɔɖelawo gbɔa dzi ɖi nam ale gbegbe eye wotrɔa woƒe ɖoɖowo ne lãme menyo nam tututu o le ŋkeke aɖe dzi. Ne yame ƒe nɔnɔmewo menyo o la, wokplɔam dɔmenyotɔe míeɖawɔa tɔtrɔyiwo alo wonaa menɔa wo ŋu wowɔa woƒe Biblia-nusɔsrɔ̃wo. Eye esi nyemete ŋu léa nye akplo ɖe asi o ta la, gbeƒãɖela bubuwo xɔa nye agbalẽwo dea woƒe akplowo me ne míeyina gbeadzi.”

17 Kpɔ alesi hamea me hamemegãwo kple haxɔsetɔwo kpe ɖe nɔvinyɔnu eve siawo ŋu be wonɔ te ɖe woƒe lãmegbegblẽ siwo le abe ŋù ene nui la ɖa. Wowɔ nusiwo tututu hiã dɔmenyotɔe tsɔ na kpekpeɖeŋui le gbɔgbɔ me, ŋutilãme, kple seselelãme nuhiahiãwo me. Ðe esia mede dzi ƒo na wò be nàkpe ɖe nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo le kuxiwo me tom la ŋu oa? Mi ɖeviwo hã miate ŋu akpe ɖe amesiwo le miaƒe hamea me, siwo le avu wɔm kple ŋù siwo le woƒe ŋutilã me la ŋu.—Lododowo 20:29.

18. Dzideƒonamenya kawoe míate akpɔ le agbemeŋutinya siwo wotana ɖe Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazinewo me la me?

18 Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazineawo ta Ðasefo geɖe siwo nɔ te, eye wogakpɔtɔ le te nɔm, ɖe agbemekuxiwo nu la ƒe agbemeŋutinyawo kple nuteƒekpɔkpɔwo. Ne èxlẽa nyati siawo edziedzi la, àkpɔe be míaƒe gbɔgbɔ me nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu geɖe siwo le xexeame godoo nɔ te ɖe ganyawo ƒe sesẽ, woƒe lɔlɔ̃tɔwo ƒe ku le afɔkuwo me, kple aʋawɔwɔ ƒe nɔnɔme dziŋɔwo me la nu. Bubuwo nɔ te ɖe dɔléle siwo gbɔdzɔa woƒe ŋutilã nu ƒe geɖe. Ame geɖe mate ŋu awɔ dɔ bɔbɔetɔ kekeake siwo amesiwo le lãmesẽ me la mebua nanekee o la gɔ̃ hã o. Woƒe lãmegbegblẽa doa wo kpɔna vevie, vevietɔ ne womate ŋu akpɔ gome le Kristotɔwo ƒe dɔwɔnawo me abe alesi woadi be yewoawɔe ene o. Aleke gbegbe wokpɔa ŋudzedze ɖe kpekpeɖeŋu siwo wo nɔvi ŋutsu kple nyɔnuwo, ɖeviwo kple ame tsitsiwo, naa wo la ŋu enye si!

Dzidodo Hea Dzidzɔ Vɛ

19. Nukatae dzi te ŋu dzɔ Paulo togbɔ be tetekpɔwo kple gbɔdzɔgbɔdzɔwo nɔ nɛ abe ŋù ene hã?

19 Alesi Mawu do ŋusẽ Paulo la dzɔ dzi nɛ. Egblɔ be: “Mele lɔlɔ̃m wu bena, maƒo adegbe le nye gbɔdzɔgbɔdzɔ ŋuti boŋ, bene Kristo ƒe ŋusẽ nanɔ dzinye. Eyata mekpɔa ŋudzedze nyui le gbɔdzɔgbɔdzɔwo me, le ŋutasesẽwo me, le hiãkamewo me, le yometitiwo me, le xaxawo me le Kristo ŋuti; elabena ne megbɔdzɔ la, ekema mesẽa ŋu.” (Korintotɔwo II, 12:9, 10) Paulo ƒe nuteƒekpɔkpɔwo na wòte ŋu gblɔ kakaɖedzitɔe be: “Menye ɖe megblɔ esia le hiahiã ŋuti o; elabena nye la mesrɔ̃e bena, anyinɔnɔ, si ke me mele la, nadze ŋunye. Menya alesi mabɔbɔ ɖokuinye ɖe anyi, eye meganya alesi makpɔ nu geɖe hã; le nusianu kple nuwo katã me la mesrɔ̃ nu ɣaɣla sia bena, maɖi ƒo, eye dɔ nawum hã; makpɔ nu geɖe, eye hiã natum hã. Metea ŋu wɔa nuwo katã le Kristo, amesi doa ŋusẽm la me.”—Filipitɔwo 4:11-13.

20, 21. (a) Nukatae ŋugbledede le “nusiwo womekpɔna o” ŋu ate ŋu ana dzi nadzɔ mí? (b) “Nusiwo womekpɔna o,” siwo nàdi be yeakpɔ le anyigba dzi Paradisoa me dometɔ aɖewo ɖe?

20 Ekema, ne míenɔ te ɖe kpɔɖeŋu ŋù ɖesiaɖe ƒomevi si le míaƒe ŋutilãme nu heɖee fia amesiame be Yehowa ƒe ŋusẽ zu blibo le míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ me la, dzi ate ŋu adzɔ mí ŋutɔ. Paulo ŋlɔ bena: ‘Ðeɖi metea mía ŋu o; míaƒe ememe la zua yeye gbesiagbe. Elabena míaƒe aɖabaƒoƒo ɖeka me xaxa, si nu mesẽna o la, wɔa ŋutikɔkɔe mavɔ, si nu sẽna ŋutɔ, eye wòƒoa nusianu ta sãsãsã la, na mí, esi míeléa ŋku ɖe nusiwo womekpɔna o la ŋuti. Elabena nusiwo womekpɔna o la, nɔa anyi tegbetegbe.’—Korintotɔwo II, 4:16-18.

21 Yehowa ƒe ame siwo li egbea dometɔ akpa gãtɔ kpɔa mɔ be yewoava nɔ agbe le eƒe Paradisonyigba dzi ahase yayra siwo ƒe ŋugbe wòdo la ƒe vivi. Míate ŋu abu yayra siawo egbea be wonye nusiwo “womekpɔna o.” Gake ɣeyiɣi si míakpɔ yayra mawo kple míaƒe ŋkuwo, ẽ, ahase wo me vivi tegbee, la le aƒe tum kabakaba ŋutɔ. Gbɔdzɔe si wòanye be kuxi siwo le abe ŋù ene si maganɔ anyi gbeɖe o la nye yayra mawo dometɔ ɖeka! Mawu ƒe Vi la ‘agblẽ Abosam ƒe dɔwɔwɔwo me’ eye ‘wòaɖi gbɔ amesi si ku ƒe ŋusẽ le la.’—Yohanes I, 3:8; Hebritɔwo 2:14.

22. Kakaɖedzi kple tameɖoɖo kplikpaa kae wòle be wòanɔ mía si?

22 Eyata ŋù ka kee ɖale nuvevi wɔm míaƒe ŋutilã egbea o, mina míayi edzi anɔ te ɖe enu. Abe alesi wònɔ le Paulo gome ene la, Yehowa, amesi kɔa dɔme doa ŋusẽ mí la ado ŋusẽ mí míawɔ esia. Ne míeva le agbe le Paradisonyigbaa dzi la, míakafu Yehowa, míaƒe Mawu la gbesiagbe le nu wɔnuku siwo wɔm wòle ɖe mía nu la ta.—Psalmo 103:2.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 14 Kpɔ nyati si nye “Biblia ƒe Nukpɔsusu: Alesi Woanɔ Te Ðe Dziɖeleameƒo Nui,” le May 8, 2000, ƒe Eŋlisigbe me Nyɔ! ƒe tata me.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Nukatae Abosam dzea agbagba be yeagblẽ Kristotɔ vavãwo ƒe nuteƒewɔwɔ me, eye aleke wòwɔnɛ?

• Aleke Yehowa ƒe ŋusẽ ‘zua blibo le gbɔdzɔgbɔdzɔ mee’?

• Aleke hamemegãwo kple ame bubuwo ate ŋu ade dzi ƒo na amesiwo kuxiwo le fu wɔmee?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Paulo do gbe ɖa zi etɔ̃ be Mawu naɖe ŋùa le yeƒe ŋutilã me