Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Wonɔ Te Ðe Ŋù Siwo Nɔ Woƒe Ŋutilã Me Nu

Wonɔ Te Ðe Ŋù Siwo Nɔ Woƒe Ŋutilã Me Nu

Wonɔ Te Ðe Ŋù Siwo Nɔ Woƒe Ŋutilã Me Nu

“Wode ŋù nye ŋutilã me, si nye Satana ƒe dɔla, bene wòaƒom kple kɔ.”—KORINTOTƆWO II, 12:7.

1. Kuxi siwo dze ŋgɔ amewo egbea dometɔ aɖewo ɖe?

ÐE NÈLE kame tem kple tetekpɔ aɖea? Ne nenemae la, ke menye wò ɖekae o. Le ‘ɣeyiɣi vɔ̃’ siawo me la, Kristotɔ wɔnuteƒewo le te nɔm ɖe tsitretsiɖeŋu sesẽ, ƒome kuxiwo, dɔlélewo, gakuxiwo, nuteɖeamedziwo, lɔlɔ̃tɔwo ƒe ku, kple kplamatsedonu bubuwo nu. (Timoteo II, 3:1-5) Le dukɔ aɖewo me la, nuɖuɖu ƒe veve kple aʋawɔwɔwo doa ŋɔdzi na ame geɖe ƒe agbe.

2, 3. Mɔkpɔkpɔbuɖeame ƒe nɔnɔme kae kuxi siwo le abe ŋù ene siwo me míetona hena vɛ, eye aleke ema ate ŋu anye afɔkui?

2 Kuxi siawo ate ŋu ana dzi naɖe le ame ƒo vevie, vevietɔ ne nɔnɔme sesẽ geɖewo dze ŋgɔ ame le ɣeyiɣi ɖeka me. De dzesi nusi Lododowo 24:10 gblɔ: “Ne ègbɔdzɔ le xaxaɣi la, ekema ŋusẽ boo mele ŋuwò o.” Ẽ, dzi si aɖe le mía ƒo le tetekpɔwo ta ate ŋu axɔ ŋusẽ si míehiã ƒe akpa gãtɔ le mía si eye wòate ŋu agbɔdzɔ tame si míeɖo kplikpaa be míado dzi vaseɖe nuwuwu la me. Le mɔ ka nu?

3 Dziɖeleameƒo ate ŋu agblẽ taɖodzinu si le mía si me. Le kpɔɖeŋu me, ele bɔbɔe be míana míaƒe fukpekpewo nadze nu gãwoe ŋutɔ eye míate nublanuinuwɔwɔ. Ame aɖewo afa vi gɔ̃ hã na Mawu be, “Nukatae nèna nusia le dzɔdzɔm ɖe dzinye?” Ne mɔkpɔkpɔbuɖeame ƒe nɔnɔme sia xɔ ame ƒe dzi me la, ate ŋu agblẽ eƒe dzidzɔkpɔkpɔ kple kakaɖedzi me. Dzi ate ŋu aɖe le Mawu subɔla ƒo ale gbegbe be wòadzudzɔ “xɔse ƒe ʋiʋli nyui la” ʋiʋli.—Timoteo I, 6:12.

4, 5. Le go aɖewo me la, nukae Satana toa míaƒe kuxiwo dzi wɔna, gake kakaɖedzi kae ate ŋu anɔ mía si?

4 Le nyateƒe me la, menye Yehowa Mawu gbɔe míaƒe tetekpɔwo tso o. (Yakobo 1:13) Dodokpɔ aɖewo vaa mía dzi le esi míele agbagba dzem be míawɔ nuteƒe nɛ ta. Le nyateƒe me la, Yehowa subɔlawo katã va nyea amesiwo eƒe futɔ gãtɔ, Satana Abosam, tɔa ŋkui. Le ɣeyiɣi sue si susɔ nɛ me la, “xexe sia me mawu” vɔ̃ɖi ma le agbagba dzem be yeana amesiame si lɔ̃ Yehowa naɖe asi le Eƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ŋu. (Korintotɔwo II, 4:4) Satana hea fukpekpe geɖe si wòate ŋui la vaa míaƒe nɔviwo ƒe habɔbɔ bliboa dzi le xexeame godoo. (Petro I, 5:9) Ele eme baa be menye Satana gbɔe míaƒe kuxiwo katã tsona tẽ o ya, gake ate ŋu ana kuxi siwo míedzea ŋgɔe la nadzi ɖe edzi kple susu be míagbɔdzɔ.

5 Gake aleke kee Satana alo eƒe aʋawɔnuwo adzi ŋɔe o, míate ŋu aɖu edzi! Aleke míawɔ aka ɖe ema dzi? Elabena Yehowa Mawu wɔa aʋa ɖe mía nu. Ekpɔ egbɔ be Satana ƒe aɖaŋuwo mele ɣaɣla ɖe ye subɔlawo o. (Korintotɔwo II, 2:11) Le nyateƒe me la, Mawu ƒe Nya gblɔ nya geɖe na mí tso tetekpɔ siwo vaa Kristotɔ vavãwo dzi la ŋu. Le apostolo Paulo gome la, Biblia zã nyagbe ‘ŋù si le ŋutilã me.’ Nukatae? Mina míalé ŋku ɖe alesi Mawu ƒe Nya ɖe nyagbe ma mee ŋu. Ekema míakpɔe be menye míawo ɖeɖe koe hiã Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu atsɔ aɖu tetekpɔwo dzii o.

Nusitae Tetekpɔwo le abe Ŋù Ene

6. Nyagbe ‘ŋù si le ŋutilã me,’ si Paulo gblɔ gɔme ɖe, eye nukae ŋù ma anye?

6 Gbɔgbɔ ʋã Paulo, amesi wote kpɔ vevie la, wòŋlɔ bena: “Wode ŋù nye ŋutilã me, si nye Satana ƒe dɔla, bene wòaƒom kple kɔ, bene nyemagado ɖokuinye ɖe dzi o.” (Korintotɔwo II, 12:7) Nukae ŋù sia si nɔ Paulo ƒe ŋutilã me la nye? Le nyateƒe me la, ŋù si ƒo ɖe ŋutilã me ʋĩ ave ŋutɔ. Eyata kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ la fia be nane nɔ vevesese dom na Paulo—eɖanye ŋutilãme, seselelãme, alo evea siaa ye o. Anye be ŋku alo ŋutilãme lãmegbegblẽ bubu aɖee nɔ fu ɖem na Paulo. Alo ŋùa anye amesiwo tɔ gbe Paulo ƒe dzedze anye apostolo eye woke ɖi eƒe gbeƒãɖeɖe kple nufiafia dɔa. (Korintotɔwo II, 10:10-12; 11:5, 6, 13) Nuka kee wòɖanye o, ŋù ma nɔ eŋu eye womeɖee nɛ o.

7, 8. (a) Nukae nyagbɔgblɔ ‘ƒoƒo kple kɔ’ fia? (b) Nukatae wòle vevie be míanɔ te ɖe ŋù ɖesiaɖe si le fu wɔm mí fifia nu?

7 De dzesii be ŋùa nɔ ƒoƒom ɖe Paulo abe alesi woanɔ kɔ tum ame ene. Nukutɔe la, nya “kɔŋɔŋlɔ” mee woɖe Helagbe me dɔwɔnya si Paulo zã le afisia la tsoe. Wozã nya ma tẽ le Mateo 26:67 eye wozãe le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu le Korintotɔwo I, 4:11. Gɔmesese si le eŋu le kpukpui mawo me enye ame ƒoƒo kple kɔ. Le alesi Satana lé fu Yehowa kple Esubɔlawo vevie ta la, míate ŋu aka ɖe edzi be edzɔ dzi na Abosam be ŋù aɖe nɔ ƒoƒom ɖe Paulo. Nenema ke wòdzɔa dzi na Satana egbea ne ŋù aɖe le míaƒe ŋutilã me le ƒoƒom ɖe mí.

8 Eyata ehiã be míanya alesi míanɔ te ɖe ŋù siawo nui abe alesi Paulo hã wɔe ene. Ema wɔwɔ dzie míaƒe agbe nɔ te ɖo! Ðo ŋku edzi be Yehowa di be yeadidi míaƒe agbenɔƒewo ɖe edzi tegbee le eƒe xexe yeyea me, afisi kuxi siwo le abe ŋù ene magaɖe fu na mí akpɔ le o. Be míaƒe asi nate ŋu asu nunana wɔnuku sia dzi la, Mawu na kpɔɖeŋu geɖe mí le eƒe Nya kɔkɔe, Biblia, me be wòakpe ɖe mía ŋu míanya be ye subɔla wɔnuteƒewo te ŋu nɔ te ɖe ŋù siwo nɔ woƒe ŋutilã me nu dzidzedzetɔe. Ame madeblibowo koe woawo hã nye abe míawo ke ene. “Ðaseɖilawo ƒe alilikpo gã” sia me tɔwo dometɔ aɖewo ŋu bubu akpe ɖe mía ŋu be “míatsɔ dzidodo anɔ dudimekeke, si woɖo na mí la dzi.” (Hebritɔwo 12:1) Ŋugbledede le nusiwo me wodo dzi le ŋu ate ŋu ana kakaɖedzi nasu mía si be míate ŋu anɔ te ɖe ŋù ɖesiaɖe si ŋudɔ Satana awɔ ɖe mía ŋu la nu.

Ŋù Siwo Nɔ Fu Wɔm Mefiboset

9, 10. (a) Aleke wòdzɔe be ŋù va ɖo lãme na Mefiboset? (b) Dɔmenyo kae Dawid wɔ na Mefiboset, eye aleke míate ŋu asrɔ̃ Dawid ƒe kpɔɖeŋui?

9 Bu Mefiboset, si nye Dawid xɔlɔ̃ Yonatan viŋutsu, ŋu kpɔ. Esime Mefiboset xɔ ƒe atɔ̃ la, du va be wowu fofoa, Yonatan, kple tɔgbuia, Fia Saul. Dzidzi ƒo amesi nɔ ŋutsuvia dzi kpɔm. ‘Etsɔe kpa henɔ du dzi kplii sesĩe eye wòge le me nɛ eye eƒe atawo tu.’ (Samuel II, 4:4) Nuwɔametɔ zuzu alea anye ŋù si ɖe fu na Mefiboset vevie le eƒe tsitsime, si nu wòle be wòanɔ te ɖo.

10 Le ƒe aɖewo megbe la, Fia Dawid ɖe amenuveve fia Mefiboset le lɔlɔ̃ deto si nɔ esi na Yonatan ta. Dawid tsɔ Saul ƒe agblewo katã nɛ hetsɔ anyigbaa de Saul ƒe subɔvi Ziba si be wòakpɔ edzi nɛ. Azɔ hã, Dawid gblɔ na Mefiboset be: ‘Àɖu nu le nye agba nu ɖaa.’ (Samuel II, 9:6-10) Ðikeke mele eme o be Dawid ƒe amenuvevea fa akɔ na Mefiboset eye wòna vevesese si eƒe wɔametɔnyenyea nye nɛ la dzi ɖe kpɔtɔ. Kpɔɖeŋu nyui kae nye si! Ele be míawo hã míanyo dɔme na amesiwo le kame tem kple ŋù si le woƒe ŋutilã me.

11. Nya kae Ziba gblɔ tso Mefiboset ŋu, gake aleke míewɔ nya be alakpanyae wònye? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.)

11 Emegbe eva hiã be Mefiboset nanɔ te ɖe ŋù bubu si ɖo eƒe ŋutilã me nu. Eƒe subɔvi Ziba yi ɖagblẽ eŋu na Fia Dawid, amesi nɔ sisim tso Yerusalem ɣemaɣi le Absalom, si nye Dawid viŋutsu, ƒe aglãdzedzea ta. Ziba gblɔ be tame vɔ̃e Mefiboset ɖo tae wòtsi Yerusalem kple susu be yeaxɔ fianyenyea na eɖokui. * Dawid xɔ Ziba ƒe ameŋugblẽnyaa dzi se eye wòxɔ Mefiboset ƒe nunɔamesiwo katã le esi na alakpatɔ ma!—Samuel II, 16:1-4.

12. Aleke Mefiboset wɔ nu ɖe eƒe nɔnɔmea ŋui, eye aleke wònye kpɔɖeŋu nyui na míi?

12 Gake esime Mefiboset do go Dawid mlɔeba la, egblɔ nusi tututu dzɔ la na fia la. Enɔ dzadzram ɖo be yeayi aɖawɔ ɖeka kple Dawid hafi Ziba ble enu hetsɔ eɖokui na be yeayi ɖe enu. Ðe Dawid se egɔme heɖe asi le nyaa ŋua? Menye keŋkeŋ o. Ema nunɔamesiawo me na ame eveawo. Nusi agate ŋu anye ŋù anɔ Mefiboset ƒe lãmee esia nye. Ðe wòte ɖe edzi vevie ŋutɔa? Ðe wòtsi tre ɖe Dawid ƒe nyametsotsoa ŋu, heto nyatoƒoe be esia mesɔ oa? Ao, ewɔ ɖe fia ƒe didiwo dzi ɖokuibɔbɔtɔe. Eƒe susu nɔ nu nyuiwo ko ŋu, eye wòkpɔ dzidzɔ be Israel-fia si dze la trɔ gbɔ dedie. Le nyateƒe me la, Mefiboset ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi esime wònɔ te ɖe wɔametɔnyenye, ameŋugbegblẽ, kple nuteɖeamedzi nu.—Samuel II, 19:24-30.

Nexemya Nɔ Te Ðe Eƒe Tetekpɔwo Nu

13, 14. Ŋù kawo nue wòhiã be Nexemya nanɔ te ɖo esime wòtrɔ yi be yeaɖo Yerusalem ƒe gliawo?

13 Bu kpɔɖeŋu ƒe ŋù si nu Nexemya nɔ te ɖo esime wòtrɔ yi Yerusalem-du si ƒe gliwo gbã le ƒe alafa atɔ̃lia D.M.Ŋ. me la ŋu kpɔ. Ekpɔe be takpɔkpɔ gobii aɖeke mele dua ŋu o, eye Yudatɔ siwo trɔ gbɔ la tɔtɔ, dzi ɖe le wo ƒo, eye woƒo ɖi le Yehowa ŋkume. Togbɔ be Fia Artaxsasta na ŋusẽ Nexemya be wòagbugbɔ gliawo aɖo hã la, eteƒe medidi hafi wòkpɔe be anyigba siwo te ɖe yewo ŋu dzi nunɔlawo meda asi ɖe dɔ sia wɔwɔ dzi o. “Dzi ku wo vevie ŋutɔ be, ame aɖe va nyui di ge na Israel-viwo.”—Nexemya 2:10.

14 Duta tsitretsiɖeŋula mawo wɔ nusianu si woate ŋui be yewoatsi Nexemya ƒe dɔa nu. Woƒe ŋɔdzidonamewo, alakpadadawo, ameŋugbegblẽwo, amenuɖiaɖiawo—tsɔ kpe ɖe ŋkutsala siwo wodɔ be woaɖe dzi le eƒo ŋu—nɔ abe ŋùwo ene nɔ eƒe ŋutilã me. Ðe wòɖe mɔ futɔ mawo ƒe aɖaŋu vɔ̃awo ɖu edzia? Ao! Eɖo ŋu ɖe Mawu ŋu bliboe eye megbɔdzɔ o. Eyata esime wogbugbɔ Yerusalem ƒe gliawo ɖo mlɔeba la, wova zu kpekpeɖeŋu si Yehowa na Nexemya lɔlɔ̃tɔe la ŋuti ɖaseɖiɖi tegbee.—Nexemya 4:1-12; 6:1-19.

15. Yudatɔwo ƒe nɔnɔme kawoe ɖe fu na Nexemya vevie?

15 Esi Nexemya enye anyigbaa nunɔla ta la, ehiã be wòakpe akɔ kple kuxi gbogbo siwo nɔ Mawu ƒe amewo dome. Kuxi siawo nɔ abe ŋù siwo ɖe fu nɛ vevie ene elabena wogblẽ nu le dukɔa ƒe ƒomedodo kple Yehowa ŋu. Kesinɔtɔwo nɔ deme gãwo xɔm, eye wo nɔvi dahewo tsɔa woƒe anyigbawo nana alo dzraa wo viwo ɖe kluvinyenye me be woatsɔ axe wo ŋu fewo kple adzɔ si Persiatɔwo xɔna. (Nexemya 5:1-10) Yudatɔ geɖe nɔ Sabat-sea dzi dam, hegbe alɔdodo Lewi-viwo kple gbedoxɔ me subɔsubɔdɔa. Gakpe ɖe eŋu la, wo dometɔ aɖewo ɖe “Asdod, Amon, kple Moab” nyɔnuwo. Aleke esia do vevesese na Nexemya enye si! Gake ŋù siawo dometɔ aɖeke mena wòna ta o. Enuenu la, enɔa te ɖe nɔnɔmea nu eye wòléa Mawu ƒe se dzɔdzɔeawo me ɖe asi. Abe Nexemya ene la, migana míaɖe mɔ ame bubuwo ƒe nuteƒemawɔmawɔ naɖe dzi le mía ƒo be míadzudzɔ Yehowa subɔsubɔ nuteƒewɔwɔtɔe o.—Nexemya 13:10-13, 23-27.

Nuteƒewɔla Bubu Geɖewo Do Dzi

16-18. Tɔtɔ kawoe ɖo Isak kple Rebeka, Xana, Dawid, kple Hosea ƒe ƒomewo me?

16 Amesiwo nɔ te ɖe nɔnɔme donuxaxaname siwo le abe ŋù ene nu ƒe kpɔɖeŋu bubu geɖewo le Biblia me. Ŋù siawo tsoƒe dometɔ ɖekae nye ƒome kuxiwo. Esau srɔ̃ eveawo “zu nuxaxa gã aɖe na Isak kple Rebeka,” siwo nye Esau dzilawo. Rebeka gblɔ gɔ̃ hã be agbenɔnɔ ti ye le nyɔnu mawo ta. (Mose I, 26:34, 35; 27:46) Bu Xana hã kple alesi atsusia, Penina, “gbã dzi nɛ” le Xana ƒe kotsitsi ta ŋu kpɔ. Ðewohĩ Xana to vlodoame sia me edziedzi le eƒe aƒeme. Ðikeke mele eme o be Penina do nuxaxa nɛ le dutoƒo hã—le ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo ŋkume—esime ƒomea yi azãɖuƒe le Silo. Esia nɔ abe alesi woanɔ ŋùa tem wòayi edzi anɔ ƒoƒom ɖe Xana ƒe lãme ene.—Samuel I, 1:4-7.

17 Bu nusi nu Dawid nɔ te ɖo le toa, Fia Saul, ƒe ŋuʋaʋã vɔ̃ɖi ta la ŋu kpɔ. Le Dawid ƒe agbe ta la, eyi ɖanɔ agadowo me le En-Gedi gbedadaƒo, afisi wòhiã be wòanɔ agakpe dziŋɔwo liam le. Fuwɔame sia agbã dzi nɛ ŋutɔ, elabena mewɔ nu gbegblẽ aɖeke ɖe Saul ŋu o. Ke hã, ehiã be Dawid nanɔ eɖokui ɣlam ƒe geɖe—esia katã le Saul ƒe ŋuʋaʋã ta.—Samuel I, 24:14, 15; Lododowo 27:4.

18 Bu tɔtɔ si ɖo nyagblɔɖila Hosea ƒe ƒomea me ŋu kpɔ. Srɔ̃a zu ahasitɔ. Eƒe agbegbegblẽnɔnɔa anya nɔ abe ŋù siwo ƒo ɖe eƒe dzi ene. Eye nuxaxa kae nye si wòganye nɛ esime wòto eƒe ahasiwɔwɔa me dzi dzidehlɔ̃mevi eve!—Hosea 1:2-9.

19. Yometiti kae wɔ fu nyagblɔɖila Mixa?

19 Ŋù bubu si nɔa ŋutilã me enye yometiti. Bu nusi me nyagblɔɖila Mixa to la ŋu kpɔ. Ekpɔkpɔ be Fia vɔ̃ɖi Ahab di aʋatsonyagblɔɖilawo ɖe ye ŋu eye be Ahab xɔ woƒe alakpanyawo dzi se la anya wɔ funyafunya nuteƒewɔla Mixa ƒe luʋɔ ale gbegbe. Emegbe esime Mixa gblɔ na Ahab be “aʋatsogbɔgbɔ” mee nyagblɔɖila mawo nɔ nu ƒom le la, nukae ameblela mawo ƒe ŋgɔnɔla wɔ? ‘Eƒo tome na Mixa’! Nusi vɔ̃ɖi wu gɔ̃ hãe nye alesi Ahab wɔ nui ɖe nuxlɔ̃ame si Yehowa nɛ be tame si wòɖo be yeagbugbɔ Ramot, si le Gilead, axɔ la madze edzi gbeɖe o la ŋu. Ahab ɖe gbe be woade Mixa gaxɔ me eye woana abolo kple tsi vi aɖe koe. (Fiawo I, 22:6, 9, 15-17, 23-28) Ðo ŋku Yeremya kple alesi eyometila amewulawo wɔ fui la hã dzi.—Yeremya 20:1-9.

20. Ŋù kawo nue wòhiã be Naomi nanɔ te ɖo, eye aleke woɖo eteƒe nɛ?

20 Ame ƒe lɔlɔ̃tɔwo ƒe ku hã nye nɔnɔme donuxaxaname bubu si ate ŋu anɔ abe ŋù si le ŋutilã me ene. Ehiã be Naomi nanɔ te ɖe srɔ̃a kple viaŋutsu eve ƒe ku ƒe vevesese nu. Nubuname sia do nuxaxa nɛ ale gbegbe be wòtrɔ yi Betlexem. Egblɔ na exɔlɔ̃wo be woagayɔ ye be Naomi o, ke boŋ be Mara, si nye ŋkɔ si ɖe nuxaxa si nyadzɔɖeamedzia do nɛ la fia. Gake mlɔeba la, Yehowa ɖo eƒe dzidodoa teƒe nɛ kple mamayɔvi si va nye amesi dzi Mesia la to va do.—Rut 1:3-5, 19-21; 4:13-17; Mateo 1:1, 5.

21, 22. Nukawoe bu na Hiob, eye aleke wòwɔ nui?

21 Bu alesi dzidzi aƒo Hiob esime wòse via lɔlɔ̃ ewoawo katã ƒe ku kpata, kple eƒe lãhawo kpakple eƒe dɔlawo ƒe tsɔtsrɔ̃ la ŋu kpɔ ko. Edze abe le ɣeyiɣi ɖeka ko me la, evɔ nɛ le agbeme ene! Emegbe vevesese sia nu mefa na Hiob hafi Satana tsɔ dɔléle ƒui o. Hiob anya bui be dɔ̃ vɔ̃ɖi sia le ye wu ge godoo. Vevesesea nu va sẽ nɛ ale gbegbe be wòse le eɖokui me be ku koe ana gbɔdzɔe ye.—Hiob 1:13-20; 2:7, 8.

22 Abe ɖe esiawo katã mesɔ gbɔ o ene la, srɔ̃a tsɔ nuxaxa kple vevesese helĩhelĩ va gblɔ nɛ be: “Gbe Mawu, ne naku!” Ŋù ka gbegbee nye si ganɔ ƒoƒom ɖe eƒe ŋutilã si nɔ eɖum xoxo la! Emegbe, le esi teƒe be Hiob xɔlɔ̃ etɔ̃awo nafa akɔ nɛ la, wotso ɖe eŋu kple alakpanyawo, henɔ fɔ bumee be ewɔ nuvɔ̃wo tsɔ ɣla henɔ tɔ tem ɖe edzi be eya ŋutɔ ƒe nuwɔnae he dzɔgbevɔ̃eawo va edzii. Le kpɔɖeŋumɔ nu la, woƒe nyamadzeto siawo nɔ ŋùa tutum de eƒe ŋutilã me ɖe edzi. Ðo ŋku edzi hã be Hiob menya nusitae nu dziŋɔ siawo katã nɔ dzɔdzɔm ɖe edzi o; eye menya hã be ye ŋutɔ yeatsi agbe o. Ke hã, “le nusiawo katã me la Hiob mewɔ nuvɔ̃ kple eƒe nuyiwo o, eye mebu vɔ̃ aɖeke ɖe Mawu ŋu o.” (Hiob 1:22; 2:9, 10; 3:3; 14:13; 30:17) Togbɔ be ŋù geɖe ƒo ɖee zi ɖeka hã la, meɖe asi le eƒe nuteƒewɔwɔ ŋu o. Aleke gbegbe wòde dzi ƒoe nye si!

23. Nukatae nuteƒewɔla siwo ŋu míesrɔ̃ nu tsoe te ŋu nɔ te ɖe ŋù vovovo siwo nɔ woƒe ŋutilã me la nu?

23 Menye kpɔɖeŋu siwo ŋu míeƒo nu tsoe la koe li o. Geɖewo gale Biblia me. Ehiã be subɔla wɔnuteƒe siawo katã nanɔ te ɖe woƒe kpɔɖeŋu ŋùwo nu. Eye aleke kuxi siwo me woto le vovovoe nye si! Ke hã, nu ɖeka aɖe dze le wo katã ŋu. Wo dometɔ aɖeke mena ta le Yehowa subɔsubɔ me o. Togbɔ be woƒe tetekpɔwo do nuxaxa na wo hã la, woɖu Satana dzi le ŋusẽ si Yehowa na wo la me. Le mɔ ka nu? Nyati si kplɔe ɖo aɖo biabia sia ŋu ahafia mí alesi míawo hã míate ŋu anɔ te ɖe nusianu si le abe ŋù le míaƒe ŋutilã me ene la nui.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 11 Tamevɔ̃ɖoɖo ɖe nugãdidi ŋu alea tɔgbe meɖi Mefiboset, si nye ŋutsu ŋudzedzekpɔɖenuŋula, ɖokuibɔbɔla, ƒe nɔnɔme o. Ðikeke mele eme o be enya nuteƒewɔwɔ ƒe kpɔɖeŋu nyui si fofoa, Yonatan, ɖo ɖi la nyuie. Togbɔ be Yonatan nye Fia Saul viŋutsu hã la, elɔ̃ ɖe edzi ɖokuibɔbɔtɔe be Dawid ye Yehowa tia be wòanye fia ɖe Israel dzi. (Samuel I, 20:12-17) Esi Yonatan nye Mefiboset dzila Mawu-vɔ̃la kple Dawid xɔlɔ̃ wɔnuteƒe ta la, mafia via sue la be wòadi be yeaxɔ fiazikpuia o.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Nukatae woate ŋu atsɔ kuxi siwo míedzea ŋgɔe la asɔ kple ŋù siwo le ŋutilã me?

• Ŋù siwo nu Mefiboset kple Nexemya nɔ te ɖo dometɔ aɖewo ɖe?

• Le Ŋɔŋlɔawo me ŋutsu kple nyɔnu siwo nɔ te ɖe ŋù vovowo nu ƒe kpɔɖeŋuawo me la, kae wɔ dɔ ɖe dziwò wu, eye nukatae?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata siwo le axa 15]

Ehiã be Mefiboset nanɔ te ɖe wɔametɔnyenye, ameŋugbegblẽ, kple nuteɖeamedzi nu

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Nexemya do dzi togbɔ be wotsi tre ɖe eŋu hã