Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðokuitsɔtsɔsavɔ Ƒe Gbɔgbɔ Tsɔtsɔ Subɔe

Ðokuitsɔtsɔsavɔ Ƒe Gbɔgbɔ Tsɔtsɔ Subɔe

Agbemeŋutinya

Ðokuitsɔtsɔsavɔ Ƒe Gbɔgbɔ Tsɔtsɔ Subɔe

ABE ALESI DON RENDELL GBLƆE ENE

Ƒe atɔ̃ koe mexɔ esime danye ku le ƒe 1927 me. Ke hã xɔse si nɔ esi la kpɔ ŋusẽ ɖe nye agbe dzi vevie. Aleke ema dzɔe?

DADA nye England Sɔlemeha me tɔ veviedonula esime wòɖe fofonye, si nye asrafo. Ema do ŋgɔ na Xexemeʋa I. Xexemeʋa I dzɔ le ƒe 1914 me, eye Dada tsɔ nya ɖe woƒe nunɔlateƒenɔla ŋu be ele eƒe nuƒolanɔƒea zãm tsɔ le asrafohehe namee. Ŋuɖoɖo kae subɔsubɔhakplɔla la nae? “Heyi aƒeme, eye megatsɔ biabia siawo nɔ fu ɖemee na ɖokuiwò o!” Nya ma meɖo eƒe biabiaa ŋu nɛ o.

Le ƒe 1917 me, esime aʋaa nu nɔ sesẽm ɖe edzi la, Dada yi ɖakpɔ “Xexeamewɔwɔ ƒe Fotoɖeɖefia” la. Esi wòka ɖe edzi be yeke ɖe nyateƒea ŋu ta la, edo le sɔlemehaa me enumake ɖawɔ ɖeka kple Biblia Nusrɔ̃viwo, si nye alesi woyɔa Yehowa Ðasefowo ɣemaɣi. Edea kpekpewo le hame aɖe si le Yeovil, si nye du si te ɖe míaƒe kɔƒe si ŋkɔe nye West Coker ŋu, le Eŋlisiawo ƒe nuto si nye Somerset me.

Eteƒe medidi o Dada gblɔ ha yeye si me wòɖo la ŋu nya na nɔvianyɔnu etɔ̃awo. Yeovil hamea me tɔ tsitsiwo ɖɔ alesi danye kple nɔvianyɔnu Millie doa gasɔ dzonɔamemetɔe tsana le míaƒe anyigbamama gã si nye kɔƒeduwo katã me, henɔa Biblia-srɔ̃gbalẽ siwo nye Studies in the Scriptures mam la nam. Gake nublanuitɔe la, yɔmekpe si womete ŋu dana ɣemaɣi o la na Dada tsi abadzi le eƒe agbenɔƒe ƒe ɣleti 18 mamlɛawo me.

Ðokuitsɔtsɔsavɔ Ðeɖe Fia

Esime Dada dze dɔ la, Daɖia Millie, amesi nɔ mía gbɔ ɣemaɣi, ye kpɔ edzi eye wòkpɔ mía kple nɔvinyenyɔnu, Joan, si xɔ ƒe adrẽ hã dzi. Esime Dada ku la, Daɖia Millie tsɔ eɖokui na enumake be yeakpɔ mí ɖeviawo dzi. Esi dzi dzɔ Papa be woxɔ agba sia na ye la, elɔ̃ enumake be Daɖia Millie natsi mía gbɔ keŋkeŋ.

Míeva lɔ̃ mia dadaɖia la vevie eye edzɔ dzi na mí be anɔ mía gbɔ ɖaa. Gake nukatae wòwɔ nyametsotso sia? Ƒe geɖe megbe la, Daɖia Millie gblɔ na mí be yenya be agba le ye dzi be yeayi gɔmeɖoanyi si Dada ɖo—si nye be yeafia Biblia ƒe nyateƒea mía kple Joan—la dzi, nusi wòde dzesii be mía fofo mawɔ gbeɖe o, le esi metsɔ ɖeke le subɔsubɔnyawo me o ta.

Eyome, míese hã be Daɖia Millie gawɔ nyametsotso bubu le eɖokui si. Be yeate ŋu akpɔ mía dzi nyuie ta la, yemaɖe srɔ̃ gbeɖe o. Ðokuitsɔtsɔsavɔ kae nye si! Edze be mía kple Joan míada akpe nɛ ŋutɔ. Nusiwo katã Daɖia Millie fia mí kple kpɔɖeŋu nyui si wòɖo la tsi mía si.

Nyametsotso Wɔɣi Aɖe

Mía kple Joan míede suku si England Sɔlemeha la ɖo ɖe kɔƒea me afisi Daɖia Millie ɖaƒo nu ŋkubiãtɔe kple nyɔnusukudzikpɔla ku ɖe míaƒe subɔsubɔnufiafia ŋuti le. Ne ɖevi bubuawo yi sɔleme la, míeyia aƒeme, eye ne nunɔlateƒenɔla va sukua me be yeava gblɔ mawunya la, woɖea mí ɖe vovo henaa mawunyakpukpuiwo mí be míasrɔ̃ ɖe tame. Esi wònye mawunyakpukpui siawo tsi susume na nam tegbee ta la, eva ɖe vi nam vevie emegbe.

Medzo le sukua esime mexɔ ƒe 14 be maɖasrɔ̃ nyinotsibabla wɔwɔ le ewɔƒe aɖe si le míagbɔ ƒe ene. Mesrɔ̃ saŋkuƒoƒo hã, eye hadzidzi kple ɣeɖuɖu le xɔme va zu nye modzakaɖenuwo. Togbɔ be Biblia ƒe nyateƒe ƒo ke ɖe nye dzi me hã la, mekpɔ ʋãm haɖe o. Emegbe le March 1940 ƒe ŋkeke aɖe dzi la, Ðasefo aɖe si nye ame tsitsi kpem be makplɔ ye ɖo ne míayi takpekpe aɖe le Swindon, si gbɔ didi kilometa 110. Albert D. Schroeder, amesi nye Yehowa Ðasefowo ƒe zimenɔla le Britain, ye ƒo dutoƒonuƒoa. Takpekpe mae na metrɔ kuraa.

Xexemeʋa II nɔ edzi yim vevie. Nukae metsɔ nye agbe nɔ wɔwɔmee? Metso nya me be magatrɔ ayi Yeovil Fiaɖuƒe Akpata me. Le kpekpe gbãtɔ si mede me la, woto ablɔdziɖaseɖiɖi vɛ. Togbɔ be sidzedze geɖe mesu asinye o hã, melɔ̃ faa be makpɔ gome le dɔ sia me, si wɔ nuku na yeaɖixɔlɔ̃ geɖe siwo va nɔ yiyim henɔ fewu ɖum le ŋunye la ale gbegbe!

Le June 1940 me la, mexɔ nyɔnyrɔ le Bristol dugãa me. Le ɣleti ɖeka me la, mezu gbesiagbe mɔɖela—si nye ɣeyiɣiawo katã ƒe nyanyuigblɔla. Aleke dzi dzɔm enye si esime, le esia megbe kpuie la, nɔvinyenyɔnu hã xɔ nyɔnyrɔ ɖe tsi me tsɔ wɔ eƒe adzɔgbeɖeɖea ƒe kpɔɖeŋui!

Mɔɖeɖedɔa Wɔwɔ le Aʋawɔɣi

Le aʋaa ƒe ƒe ɖeka megbe la, woŋlɔ agbalẽ tsɔ kpem be mava zu asrafo. Esi meŋlɔ ŋkɔ le Yeovil be nyemawɔ asrafodɔ o le dzitsinya ta la, wohem yi ɖe ʋɔnui le Bristol. Mezɔ kple John Wynn le mɔɖeɖedɔa wɔwɔ me le Cinderford, Gloucestershire, eye emegbe le Haverfordwest kple Carmarthen, Wales. * Emegbe, wotso afia le ʋɔnudrɔ̃ƒe aɖe le Carmarthen be woadem Swansea gaxɔ me hedo fe nam kpee, pound 25—si nye ga gbogbo aɖe ɣemaɣi. Eyome wogadem gaxɔ me ɣleti etɔ̃ bubu le esi nyemexe fea o ta.

Le ʋɔnudɔdrɔ̃ etɔ̃lia me la, wobiam be: “Mènyae be Biblia gblɔ be, ‘Mitsɔ nusi nye Kaisaro tɔ la, na Kaisaro’ oa?” Meɖo eŋu be, “Ẽ, menyae nenema, gake madi be mawu kpukpui ma nu: ‘eye nusi enye Mawu tɔ la, na Mawu.’ Eyae nye nusi wɔm mele.” (Mateo 22:21) Le kwasiɖa ʋɛ aɖewo megbe la, mexɔ agbalẽ aɖe si me wogblɔ nam le be mevo tso asrafodɔwo wɔwɔ me.

Le ƒe 1945 ƒe gɔmedzedze la, wokpem be mava kpe ɖe London Betel-ƒomea ŋu. Le vuvɔŋɔli si kplɔe ɖo me la, Nathan H. Knorr, amesi xɔ ŋgɔ le ɖoɖowɔwɔ ɖe xexeame katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu, kple eƒe agbalẽŋlɔla, Milton G. Henschel, va London. Woŋlɔ Britain nɔviŋutsu enyi siwo nye ɖekakpuiwo la ƒe ŋkɔ be woayi Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Biblia Suku si woɖo hena hehenana dutanyanyuigblɔlawo la ƒe klass enyilia, eye menɔ wo dome.

Dutanyanyuigbɔgblɔ ƒe Dɔdasiwo

Le May 23, 1946 dzi la, míeɖo aʋaŋɔli Ablɔɖe meli aɖe dze tɔdzimɔzɔzɔ tso Cornish melidzeƒe sue si le Fowey. Melidzeƒedzikpɔla, Tɔdziʋumemegã Collins, nye Yehowa Ðasefo, eye esi míeho le ʋudzeƒea la, eku kpẽ sesẽ aɖe. Esime míekpɔe be mía kple England ƒuta dome le didim ɖe edzi la, míetsi yaa ŋutɔ. Atlantik-ƒua tsotso menɔ bɔbɔe o, gake le ŋkeke 13 megbe la, míeɖo United States dedie.

Ŋkeke enyi ƒe dukɔwo dome Dukɔ Kpɔdzidzɔwo ƒe Teokrasi Takpekpe si míaŋlɔ be akpɔ o, si wowɔ le Cleveland, Ohio, tso August 4 vaseɖe 11, 1946, nye nuteƒekpɔkpɔ dodzidzɔname aɖe. Ame 80,000 ye de eye wo dometɔ 302 tso dukɔ 32 bubuwo me. Le takpekpe ma me la, woɖe magazine si nye Nyɔ! * ɖe go le Eŋlisigbe me, eye woɖe Biblia-srɔ̃gbalẽ si nye “Let God Be True” ɖe go na ameha kpɔdzidzɔ la.

Míewu Gilead nu le ƒe 1947 me, eye woɖo mía kple Bill Copson ɖe Egypt. Gake hafi míadze mɔ la, Richard Abrahamson na ɔfisdɔ wɔwɔ ƒe hehe nyui aɖem le Brooklyn Betel. Míeɖi go ɖe Alexandria, eye eteƒe medidi o Titina Ɣedzeƒetɔwo ƒe agbenɔnɔ mam. Gake Arabgbea sɔsrɔ̃ menɔ bɔbɔe o, eye wòhiã be mawɔ ɖaseɖigbalẽwo ŋudɔ le gbegbɔgblɔ ene me.

Bill Copson nɔ afima ƒe adre sɔŋ, gake womegana dukɔmenɔgbalẽvi yeyem le ƒe ɖeka megbe o, eyata eva hiã be madzo le dukɔa me. Mekpɔnɛ be dutanyanyuigbɔgblɔdɔ si mewɔ le ƒe ɖeka ma mee tse ku wu le nye agbe me. Mɔnukpɔkpɔ su asinye mewɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ 20 kple edzivɔwo kwasiɖa sia kwasiɖa, eye amesiwo srɔ̃ nyateƒea ɣemaɣi la dometɔ aɖewo gakpɔtɔ le Yehowa kafum vevie. Tso Egypt la, woɖom ɖe Cyprus.

Cyprus Kple Israel

Mete gbe yeye aɖe, si nye Greekgbe, sɔsrɔ̃ heva nya alesi afimatɔwo doa gbeae. Emegbe kpuie esime wobia tso Anthony Sideris si be wòayi Greece la, wotiam be makpɔ dɔa dzi le Cyprus. Ɣemaɣi la, Cyprus ƒe alɔdzedɔwɔƒeae kpɔa Israel hã dzi, eye mɔnukpɔkpɔ su mía kple nɔvi bubuwo si míeɖasrãa Ðasefo ʋɛ siwo nɔ afima la kpɔna enuenu.

Le nye mɔzɔzɔ gbãtɔ yi Israel me la, míewɔ takpekpe sue aɖe le nuɖuɖudzraƒe aɖe si le Haifa, si ame 50 alo 60 de. Ameawo me mama ɖe woƒe gbegbɔgblɔwo nu wɔe be míewɔa takpekpea ɖe gbe vovovo ade me! Ɣebubuɣi la, mete ŋu ɖe sinima aɖe si Yehowa Ðasefowo wɔ la le Jerusalem, hena dutoƒonuƒo aɖe si ŋu Eŋlisi-nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe ƒo nu tsoe nyuie.

Ðasefo siwo ade 100 ye nɔ Cyprus ɣemaɣi, eye ehiã be woaʋli woƒe xɔse ta sesĩe. Nuvlowɔha siwo Greece Orthodɔks Sɔlemeha ƒe nunɔlawo nɔ ŋgɔ na gblẽ míaƒe takpekpewo me, eye kpe siwo wodam esime menɔ ɖase ɖim le kɔƒeduwo me la nye nuteƒekpɔkpɔ yeye aɖe nam. Ðe meva srɔ̃ alesi wodea axa kpedadawo kabae! Le tsitretsiɖeŋu sesẽ mawo me la, dutanyanyuigblɔla geɖe siwo wogaɖo ɖe ƒukpoa dzi la gado ŋusẽ míaƒe xɔse. Dennis kple Mavis Matthews tsɔ kpe ɖe Joan Hulley kple Beryl Heywood ŋu va kpe ɖe ŋunye le Famagusta, eye Tom kple Mary Goulden kpakple Nina Constanti, si nye Cyprustɔ si wodzi ɖe London, yi Limassol. Le ɣeyiɣi ma ke me la, woɖe Bill Copson hã yi Cyprus, eye Bert kple Beryl Vaisey yi ɖakpe ɖe eŋu emegbe.

Tɔtrɔ ɖe Nɔnɔme Vovovoawo Ŋu

Le ƒe 1957 ƒe nuwuwu la, nye lãme va gblẽ eye nyemegate ŋu yi nye dutanyanyuigbɔgblɔdɔa dzi o. Metsɔ nuxaxa tso nya mee be ne lãmesẽ agate ŋu aɖo ŋunye la, ele be matrɔ ayi England, afisi meyi mɔɖeɖedɔa wɔwɔ dzi le kaka va ɖo ƒe 1960 me. Nɔvinyenyɔnu kple srɔ̃a xɔm ɖe wo ɖokui gbɔ dɔmenyotɔe, gake nɔnɔmeawo trɔ. Nuwo va nɔ sesẽm na Joan ɖe edzi. Tsɔ kpe ɖe srɔ̃ŋutsua kple via nyɔnuvi suea dzi kpɔkpɔ ŋu la, ekpɔ mía fofo kple Daɖia Millie, amesiwo tsi ɣemaɣi eye lãmegbegblẽ nɔ fu ɖem na wo dzi lɔlɔ̃tɔe, le ƒe 17 siwo nyemenɔ anyi o me. Alesi wòhiã be madze danyeɖia ƒe ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe kpɔɖeŋua yome la va dze nyuie, eyata menɔ nɔvinyenyɔnua gbɔ vaseɖe esime danyeɖia kple fofonye ku.

Anɔ bɔbɔe be matsi England hafi, gake le ɖiɖi ɖe eme ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, mese le ɖokuinye me be magbugbɔ ayi nye dɔdasia wɔƒe. Ne mebu eŋu kpɔ la, ɖe Yehowa ƒe habɔbɔa megblẽ ga geɖe tsɔ na hehem oa? Eyata le ƒe 1972 me la, nye ŋutɔ mexe nye ʋuɖofe trɔ yi Cyprus ɖadze mɔɖeɖedɔa gɔme ake le afima.

Nathan H. Knorr va hewɔ ɖoɖo ɖe takpekpe aɖe si woawɔ le afima le ƒe si akplɔe ɖo me ŋu. Esi wòkpɔ be metrɔ gbɔ la, ekafui be woatiam ne manye nutome sue dzikpɔla le ƒukpo bliboa dzi, esi nye mɔnukpɔkpɔ aɖe si nɔ asinye ƒe ene. Gake enye dɔdasi sesẽ, le esi wòbia be mado Greekgbe zi geɖe ta.

Kuxi Ɣeyiɣiwo

Mía kple Paul Andreou, si nye Ðasefo Cyprustɔ Greekgbedola, ye nɔ aƒeme le kɔƒedu si nye Karakoumi, si le Kyrenia ƒe ɣedzeƒe tututu le dziehe ƒuta nuto me. Cyprus ƒe alɔdzedɔwɔƒea nɔ Nicosia, si le Kyrenia-towo ƒe anyiehe. Le July 1974 ƒe gɔmedzedze la, menɔ Nicosia esime woho aʋa ɖe Dukplɔla Makarios ƒe dziɖuɖua ŋu, eye mekpɔ eteƒe wotɔ dzo eƒe fiasãa. Esime nuwo dze akɔ anyi vie woate ŋu azɔ mɔ la, mewɔ kaba trɔ yi Kyrenia, afisi míewɔ dzadzraɖo ɖe nutome sue takpekpe aɖe ŋu le. Ŋkeke eve megbe la, mese be woda bɔmb gbãtɔ ɖe melidzeƒea, eye mekpɔ helikɔpta gbogbo aɖewo le yame wole asrafoha siwo le dua dzi dzem la kɔm tso Turkey vɛ.

Esi wònye Britain-vidzidzie menye ta la, Turkey-srafowo kplɔm yi Nicosia dua godo, afisi Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe dɔwɔla siwo ƒo ka na alɔdzedɔwɔƒea bia gbem le. Emegbe dɔ dziŋɔ aɖe dze ŋgɔm si nye be mazɔ ato telefon kple elektrik ka gbogbo siwo tso kɔ ɖi dome ayi ɖe aƒe siwo le afisi asrafo aɖeke mele o ƒe go kemɛ dzi. Aleke dzi dzɔmee nye si be mía kple Yehowa Mawu dome kadodo me megblẽ o! Nye gbedodoɖawo lém ɖe te le nuteƒekpɔkpɔ siwo do nuxaxa nam ŋutɔ le agbeme la dometɔ ɖeka me.

Nye nunɔamesiwo katã bu, gake dzi dzɔm be alɔdzedɔwɔƒea nye sitsoƒe nam. Gake ɣeyiɣi kpui aɖe koe nɔnɔme sia nɔ anyi. Le ŋkeke aɖewo ko me la, asrafo siwo va dze wodzi la xɔ ƒukpoa ƒe dziehe ƒe akpa etɔ̃lia. Eva hiã be míadzo le Betel, eye meʋu yi Limassol. Dzi dzɔm be mete ŋu wɔ dɔ kple kɔmiti si woɖo be wòakpɔ nɔvi 300 siwo ŋu ʋunyaʋunyawɔwɔa gblẽ nu le eye wo dometɔ geɖe bu woƒe aƒewo la ŋu.

Dɔdasi ƒe Tɔtrɔ Geɖewo

Le January 1981 me la, Dziɖuhaa bia tso asinye be maʋu ayi Greece aɖawɔ ɖeka kple Athens Betel-ƒomea, gake kaka ƒea nawu enu la, wogatrɔm gbɔe va Cyprus heɖom Alɔdzekɔmiti dzikpɔla. Andreas Kontoyiorgis kple srɔ̃a, Maro, siwo nye Cyprustɔ siwo wodɔ tso London, la nye ‘kpekpeɖeŋutsoƒe’ gã aɖe nam.—Kolosetɔwo 4:11.

Le Theodore Jaracz ƒe alɔdzea sasrãkpɔa ƒe nuwuwu le ƒe 1984 me la, mexɔ lɛta tso Dziɖuhaa gbɔ si gblɔ kpuie ko be: “Ne Nɔviŋutsu Jaracz wu enu la, míadi be nakplɔe ɖo ayi Greece.” Womeɖe susu aɖeke me o, gake esi míeɖo Greece la, woxlẽ lɛta bubu si tso Dziɖuha la gbɔ na Alɔdzekɔmiti la, si me woɖom dukɔ ma ƒe Alɔdzekɔmiti dzikpɔla le.

Le ɣeyiɣi ma me la, xɔsegbegbe nɔ mo dom ɖa vevie. Nutsotso gbogbo aɖewo hã nɔ mía ŋu be míenɔ amewo trɔm akpasesẽe. Wonɔ Yehowa ƒe amewo lém nɔ ʋɔnu yimee gbesiagbe. Mɔnukpɔkpɔ kae nye si be madze si nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo wɔ nuteƒe le ɣeyiɣi sesẽ mawo me lae! Eyome wotsɔ woƒe nyawo dometɔ aɖewo yi Europa Amegbetɔ ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Ʋɔnudrɔ̃ƒea, si me woɖu dzi le eye wòkpɔ ŋusẽ nyui aɖe ɖe gbeƒãɖeɖedɔa dzi le Greece. *

Esime menɔ subɔsubɔm le Greece la, mete ŋu de takpekpe siwo nyemaŋlɔ be o le Athens, Thessalonica, kple Rhodes kple Crete ƒukpowo dzi. Wonye ƒe ene siwo me dzidzɔ kple kutsetsewo nɔ, gake tɔtrɔ bubu ganɔ mɔ dzi—tɔtrɔ ayi Cyprus le ƒe 1998 me.

Cyprus Kple Tɔtrɔ Yi Greece Ake

Esi nyemenɔ Cyprus o la, nɔviawo xɔ teƒe yeye le Nissou tsɔ wɔ alɔdzedɔwɔƒee, si nye kilometa ʋɛ aɖewo tso Nicosia, eye Carey Barber, si tso Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔƒegã si le Brooklyn, ye va ƒo eŋukɔkɔ ƒe nuƒoa. Nuwo dze akɔ anyi nyuie le ƒukpoa dzi azɔ, eye dzi dzɔm be megatrɔ gbɔ—gake nyemanɔ anyi didi o.

Dziɖuha la da asi ɖe ɖoɖowo dzi be woatu Betel-ƒe yeye ɖe Greece, kilometa ʋɛ aɖewo tso Athens. Esi mete ŋu doa Eŋlisi kple Greek gbe ta la, wokpem be matrɔ ava wɔ dɔ le xɔ yeyea tuƒe le ƒe 1990 me anye gbegɔmeɖela na dukɔwo dome xɔtudɔwɔla siwo le dɔ wɔm le afima la ƒe ƒomea. Megaɖoa ŋku dzidzɔ si wònyena nam be maɖo dɔa wɔƒe le dzomeŋɔli ŋdi ga ade me, anɔ nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu Greekgbedola alafa geɖe siwo lɔ̃ faa be yewoawɔ dɔ kple xɔtudɔwɔlaawo xɔm! Nyemaŋlɔ woƒe dzidzɔkpɔkpɔ kple veviedodo be akpɔ o.

Greece Orthodɔks nunɔlawo kple wo dzidelawo dze agbagba be yewoava xɔa tuƒe avagblẽ dɔa me, gake Yehowa se míaƒe gbedodoɖawo, eye wòkpɔ mía ta. Menɔ xɔa tuƒe vaseɖe esime wokɔ Betel-ƒe yeyea ŋu le April 13, 1991 dzi.

Kpekpeɖeŋu Nana Nɔvinyenyɔnu Lɔlɔ̃a

Le ƒe si kplɔe ɖo me la, metrɔ yi England eye meyi ɖanɔ nɔvinyenyɔnu kple srɔ̃a gbɔ. Nublanuitɔe esime menɔ afima la, dzidɔ ɖe fu na nyonye zi eve eye wòku. Joan na kpekpeɖeŋu gbogbo aɖem esime menɔ nye dutanyanyuigbɔgblɔdɔa wɔm. Kwasiɖa aɖeke meva yina si meŋlɔa lɛta tsɔ dea dzi ƒo nam o. Aleke gbegbe kadodo sia tɔgbe nyea yayra na dutanyanyuigblɔla ɖesiaɖe enye si! Fifia ezu ahosi, si si lãmesẽ megale o eye wòhiã kpekpeɖeŋu. Nukae mawɔ?

Joan vinyɔnu, Thelma, kple srɔ̃a nɔ ahosi wɔnuteƒe bubu aɖe le woƒe hamea me, si nye míaƒe ƒometɔ aɖe si dze dɔ vevie, la dzi kpɔm xoxo. Eyata le gbedodoɖa geɖe megbe la, metso nya me be matsi anyi akpe asi ɖe Joan dzi kpɔkpɔ ŋu. Tɔtrɔ ɖe nɔnɔmeawo ŋu menɔ bɔbɔe o, gake enye mɔnukpɔkpɔ nam be menye hamemegã le Pen Mill, hame eve siwo le Yeovil la dometɔ ɖeka me.

Mía kple nɔvi siwo subɔ le duta la ƒoa ka heŋlɔa lɛta nam edziedzi eye mekpɔa dzidzɔ ɖe ema ta ŋutɔ. Ne edzrom gbaɖegbe be magatrɔ ayi Greece alo Cyprus la, menya be woaɖo yameʋuɖotikit ɖem enumake. Gake mexɔ ƒe 80 fifia, eye nye ŋkuwo kple nye lãmesẽ megale abe alesi wònɔ ene o. Eɖea dzi le ƒonye ŋutɔ be nyemegazã abe tsã ene o, gake ƒe siwo mesubɔ le Betel la kpe ɖe ŋunye be metu nɔnɔme geɖe siwo le vi ɖem nam egbea ɖo. Le kpɔɖeŋu me, mexlẽa gbesiagbe mawunyakpukpui ɣesiaɣi hafi ɖua ŋdinu. Mesrɔ̃ alesi wonɔa anyi kple amewo le ŋutifafa me ahalɔ̃ woe—si nye nɔnɔme si naa dutanyanyuigbɔgblɔdɔa kpɔa dzidzedze.

Ne metrɔ kpɔ ƒe 60 wɔnuku siwo metsɔ kafu Yehowae la, mekpɔnɛ be ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔae nye ametakpɔnu gãtɔ kekeake eye wònaa nufiame nyuitɔ kekeake ame. Mate ŋu atsɔ nye dzi blibo agblɔ Dawid ƒe nya siwo wògblɔ na Yehowa la be: “Wòe nye nye mɔ̃ sesẽ kple sitsoƒe le nye xaxaɣi.”—Psalmo 59:17.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 18 John Wynn ƒe agbemeŋutinya si nye “Akpedada Yɔ Nye Dzime Gba Go,” dze le Gbetakpɔxɔ, September 1, 1997, axa 25-8.

^ mm. 23 Woyɔnɛ tsã be Consolation.

^ mm. 41 Kpɔ Gbetakpɔxɔ, December 1, 1998, axa 20-1, kple September 1, 1993, axa 27-31; Eŋlisigbe me Nyɔ!, January 8, 1998, axa 21-2, kple March 22, 1997, axa 14-15.

[Anyigbatata siwo le axa 24]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

GREECE

Athens

CYPRUS

Nicosia

Kyrenia

Famagusta

Limassol

[Nɔnɔmetata si le axa 21]

Dada, le ƒe 1915 me

[Nɔnɔmetata si le axa 22]

Mía kple nɔvi bubu siwo nɔ Gilead klass enyilia me le Brooklyn Betel ƒe xɔa tame, le ƒe 1946 me, nyee nye (enelia tso miame)

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Mía kple Daɖia Millie esi metrɔ gbɔ va England zi gbãtɔ