Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Aleke Nàwɔ Atsi Agbe le Xexe sia ƒe Nuwuɣi?

Aleke Nàwɔ Atsi Agbe le Xexe sia ƒe Nuwuɣi?

Aleke Nàwɔ Atsi Agbe le Xexe sia ƒe Nuwuɣi?

BIBLIA ɖɔ fifi nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu be “dɔmedzoedogbe, hiãgbe kple xaxagbee, aƒedoɖigbe kple nugblẽgbee, blukɔ kple vivitidogbee, alilikpo kple tsizidogbee” wòanye. (Zefanya 1:15) Le dzɔdzɔme nu la, ŋkeke sia ƒomevi manye esi nàkpɔ mɔ na gbeɖe o! Ke hã apostolo Petro xlɔ̃ nu ehati Kristotɔwo be ‘woalala, eye woadi Mawu ƒe ŋkeke la ƒe vava vevie, le esime woalólo dziƒo le dzo me, eye gɔmedzenuwo hã lalólo le dzoxɔxɔ gã me. Ke míele dziƒo yeye kple anyigba yeye, siwo me dzɔdzɔenyenye anɔ la, lalam le eƒe ŋugbedodo la nu.’—Petro II, 3:12, 13.

Menye dziƒo kple anyigba ŋutɔŋutɔ ƒe tsɔtsrɔ̃ ŋu nya gblɔm Petro nɔ le afisia o. “Dziƒo” kple “anyigba” siwo Petro yɔ le nya siawo me la nye amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu gbegblẽwo kple amegbetɔ mavɔ̃mawuwo ƒe ƒuƒoƒo siwo li fifia ƒe kpɔɖeŋu. “Yehowa ƒe ŋkeke dziŋɔ la” matsrɔ̃ anyigba la ŋutɔŋutɔ o ke boŋ “[atsrɔ̃] nuvɔ̃wɔlawo ɖa le edzi.” (Yesaya 13:9) Le amesiwo “le hũ ɖem, eye wole nu xam ɖe ŋunyɔnu, siwo katã” wɔm wole le amegbetɔƒome vɔ̃ɖi si li egbea ŋu gome la, Yehowa ƒe ŋkekea anye xɔxɔŋkeke na wo.—Xezekiel 9:4.

Ekema aleke woaɖe ame aɖe le “Yehowa ƒe ŋkeke gã dziŋɔ la” dzii? ‘Yehowa ƒe nya’ si wòɖe fia eƒe nyagblɔɖilawo dometɔ ɖeka ɖo biabia sia ŋu be: ‘Ava eme be, woaɖe amesiame, si ayɔ Yehowa ŋkɔ la.’ (Yoel 1:1; 3:4, 5) Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefowo be yewoakpe ɖe ŋuwò nàsrɔ̃ nusi Yehowa ƒe ŋkɔ yɔyɔ fia.