Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Esɔ be woagblɔ be Yehowa ƒe nublanuikpɔkpɔ ɖea eƒe dzɔdzɔenyenye dzi kpɔtɔnaa?

Togbɔ be wozãa nyagbɔgblɔ sia hã la, anyo be míaƒo asa na ezazã le esi wòde fiafia ge be Yehowa ƒe nublanuikpɔkpɔ ɖea eƒe dzɔdzɔenyenye dzi kpɔtɔna alo tsia enu, abe ɖe eƒe nublanuikpɔkpɔ ƒo eƒe nɔnɔme si nye dzɔdzɔenyenye ƒe sesẽ ta ene, la ta. Esia mesɔ o.

Hebrigbe me nya si gɔme woɖe be “dzɔdzɔenyenye” le New World Translation me agate ŋu afia “ʋɔnudɔdrɔ̃.” Dzɔdzɔenyenye do ƒome kplikplikpli kple nu dzɔdzɔe wɔwɔ. Gake zi geɖe la, dzɔdzɔenyenye kuna ɖe senyawo ŋu. Nu dzɔdzɔe wɔwɔ mekuna ɖe senyawo ŋu zi geɖe o. Enye nyateƒe be Yehowa ƒe dzɔdzɔenyenye ate ŋu afia tohehe si sɔ la nana ame ya, gake agate ŋu afia amesiwo dze la ƒe agbeɖeɖe hã. (Mose I, 18:20-32; Yesaya 56:1; Maleaxi 3:20) Le esia ta, mele be woabu Yehowa ƒe dzɔdzɔenyenye be esesẽ alo ehiã be woabɔbɔ eme o.

Hebrigbe me nya si wozãna na “nublanuikpɔkpɔ” ate ŋu afia ɖokuidziɖuɖu le ʋɔnudɔdrɔ̃ me. Agate ŋu afia nublanuikpɔkpɔ ŋutɔŋutɔ ɖeɖefia hã, si ahe gbɔdzɔe vɛ na amesiwo dzi nu mede o.—Mose V, 10:18; Luka 10:29-37.

Yehowa nye dzɔdzɔenyenye kple nublanuikpɔkpɔ siaa ƒe Mawu. (Mose II, 34:6, 7; Mose V, 32:4; Psalmo 145:9) Eƒe dzɔdzɔenyenye kple nublanuikpɔkpɔ siaa de blibo, eye wowɔa dɔ aduadu. (Psalmo 116:5; Hosea 2:19) Nɔnɔme eveawo siaa da sɔ nyuie alo wokpena ɖe wo nɔewo ŋu. Eyata ne míagblɔ be Yehowa ƒe nublanuikpɔkpɔ ɖea eƒe dzɔdzɔenyenye dzi kpɔtɔna la, ele be míagblɔ hã be Yehowa ƒe dzɔdzɔenyenye ɖea eƒe nublanuikpɔkpɔ dzi kpɔtɔna.

Yesaya gblɔ ɖi be: “Yehowa le lalam, be yeave mia nu, eyata wòtso, be yeakpɔ nublanui na mi; elabena ʋɔnudɔdrɔ̃ [“dzɔdzɔenyenye,” The New English Bible] ƒe Mawu enye Yehowa.” (Yesaya 30:18) Yesaya ɖee fia le afisia be Yehowa ƒe dzɔdzɔenyenye ʋãnɛ be wòakpɔ nublanui tsɔ wu be eƒe nublanuikpɔkpɔ ɖea eƒe dzɔdzɔenyenye dzi kpɔtɔna alo tsia enu. Yehowa kpɔa nublanui elabena ele dzɔdzɔe eye be lɔlɔ̃ hã le esi.

Nyateƒee, Biblia ŋlɔla Yakobo ŋlɔ bena: “Nublanuikpɔkpɔ ƒoa adegbe ɖe ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋuti.” (Yakobo 2:13b) Ke hã nya siwo ƒo xlãe fia be menye Yehowa ŋue Yakobo nɔ nu ƒom le o ke boŋ Kristotɔ siwo kpɔa nublanui—le kpɔɖeŋu me, na amesiwo le nu xam kple ame dahewo. (Yakobo 1:27; 2:1-9) Ne wohe nublanuikpɔla siawo va ʋɔnu la, Yehowa léa ŋku ɖe woƒe agbenɔnɔ ŋu henɔa te ɖe Via ƒe vɔsaa dzi tsɔna kea wo nublanuikpɔkpɔtɔe. Esia wɔnɛ be woƒe nublanuikpɔkpɔa ɖua ʋɔnu ɖesiaɖe si wòle be woadrɔ̃ wo nublanuimakpɔmakpɔe la dzi.—Lododowo 14:21; Mateo 5:7; 6:12; 7:2.

Eyata mesɔ be míagblɔ be Yehowa ƒe nublanuikpɔkpɔ ɖea eƒe dzɔdzɔenyenye dzi kpɔtɔna le susua nu be ehiã be nublanuikpɔkpɔ nabɔbɔ eƒe dzɔdzɔenyenye me o. Le Yehowa gome la, nɔnɔme eveawo da sɔ pɛpɛpɛ. Wo dometɔ ɖesiaɖe da sɔ le wo nɔewo ŋu abe alesi tututu Yehowa ƒe nɔnɔme bubuwo, abe lɔlɔ̃ kple nunya—da sɔ le woawo hã ŋui ene.