Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Àte Ŋu Aɖu Akogotsitsi Dzi

Àte Ŋu Aɖu Akogotsitsi Dzi

Àte Ŋu Aɖu Akogotsitsi Dzi

“Ya ƒo to dzi si tsi akogo dzi, eye dzi tsiakogo la yrɔ.” Abe alesi Irelandtɔ hakpanyaŋlɔla, William Butler Yeats ƒe nya siawo ɖee fia ene la, akogotsitsi ate ŋu ana ame ƒe dzi nagbã vevie.

AMEKAE ate ŋu agblɔ be yemeto vevesese si akogotsitsi hena vɛ la me kpɔ o? Nu geɖewo ate ŋu ana míatsi akogo. Gake vevietɔ wu la, nyɔnu siwo meɖe srɔ̃ kpɔ o alo esiwo srɔ̃ ku alo gbe wo ƒe akogotsitsi nu te ŋu sẽna wu.

Le kpɔɖeŋu me, ɖetugbi Kristotɔ aɖe si ŋkɔe nye Frances gblɔ be: “Kaka maxɔ ƒe 23 la, enɔ dzedzem abe xɔ̃nyewo katã ɖe srɔ̃ vɔ ene, eye nye ɖeka koe kpɔtɔ.” * Ne ƒeawo va le yiyim la, akogotsitsia nu te ŋu sẽna eye wòdzena abe ɖe ɣeyiɣi si me woakpɔ srɔ̃ aɖe la le eme tsom ene. Sandra, si le eƒe ƒe 40-awo me fifia, gblɔ be: “Nyemeɖoe be manɔ tre o, eye madi kokoko be maɖe srɔ̃ ne mɔnukpɔkpɔa ʋu.” Angela, si le eƒe ƒe 50-awo me gblɔ be: “Nyemeɖoe kplikpaa be manɔ tre hafi o, gake nenemae nuwo va yii. Nɔviŋutsu tre ʋɛ aɖewo koe le nuto si me woɖom ɖo be mawɔ mɔɖela vevi ƒe dɔ le la me.”

Nyɔnu Kristotɔ geɖe siwo tiae be yewomaɖe srɔ̃ o le Yehowa ƒe nuxlɔ̃ame be woaɖe srɔ̃ ‘le Aƒetɔ la ko me’ dzi wɔwɔ nuteƒewɔwɔtɔe ta la dze na kafukafu. (Korintotɔwo I, 7:39) Ame aɖewo va trɔna ɖe trenɔnɔ ŋu nyuie, gake bubuwo kpɔnɛ be ne ƒeawo va le yiyim la, srɔ̃ɖeɖe ahadzi vi ƒe dzodzroa gasẽna ɖe edzi. Sandra ʋu nya me be: “Nuxaxa si srɔ̃ manɔamesi dona na amee mekpea akɔ kplii gbesiagbe.”

Nu bubu abe dzila tsitsiwo dzi kpɔkpɔ ene ate ŋu ana ame natsi akogo vevie. Sandra gblɔ be: “Le nye srɔ̃maɖemaɖe ta la, ƒomea kpɔa asinyenu be nyee akpɔ mía dzila tsitsiawo dzi. Togbɔ be vi ade sɔŋ míenye hã la, ƒe 20 sɔŋ enye esia si mele agba sia ƒe akpa gãtɔ tsɔm. Ne ɖe srɔ̃ si ado alɔm le asinye la, anye ne agbea abɔbɔ nam vie wu esia.”

Frances yɔ nu bubu si dzia eƒe akogotsitsi ɖe edzi. Egblɔ be: “Ɣeaɖewoɣi la, amewo biaam tẽ be, ‘Nukatae mèɖe srɔ̃ haɖe o?’ Nya siawo tɔgbe naa mesena le ɖokuinye me be gbɔnyee wòtso le go aɖewo me be metsi tre. Le srɔ̃kpeƒe ɖesiaɖe kloe si made la, ame aɖe biaa nya gbãdziname siam be, ‘Ke ɣekaɣie nèle srɔ̃ ɖe ge?’ Eye enaa mebua tame be, ‘Ne nye nu menyoa nɔviŋutsu siwo tsɔa ɖe le gbɔgbɔmenuwo me ŋu o la, ke ɖewohĩ Kristotɔwo ƒe nɔnɔme siwo hiã lae mele asinye o, alo ɖewohĩ tugbee nyemedze o.’ ”

Aleke woate ŋu aɖu fɔbuameɖokui kple akogotsitsi ƒe seselelãmewo dzii? Ne ame bubuwo ate ŋu awɔ nane atsɔ ana kpekpeɖeŋui la, nukae woate ŋu awɔ?

Ðo Ŋu Ðe Yehowa Ŋu

Hakpala la dzi ha be: ‘Tsɔ wò agbawo dro ɖe Yehowa dzi, eyae akpɔ tawò; mana ke naɖe le ame dzɔdzɔe te akpɔ gbeɖe o.’ (Psalmo 55:23) Nya ‘agba’ le Hebrigbe me fia le nyaa nu tẽ be “nyawo” eye eku ɖe susu ƒe akɔmadzeanyi kple dzimaɖitsitsi si me míate ŋu ato le míaƒe agbemenyawo ta. Agba siawo le nyanya na Yehowa nyuie wu ame bubu ɖesiaɖe eye ate ŋu ado ŋusẽ mí míanɔ te ɖe wo nu. Ŋuɖoɖo ɖe Yehowa Mawu ŋue kpe ɖe Angela ŋu wòte ŋu nɔ te ɖe akogotsitsi nu. Esi wònɔ nu ƒom tso eƒe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa ŋu la, egblɔ be: “Esi medze mɔɖeɖedɔa wɔwɔ gɔme la, afisi mía kple nye dɔwɔhati míele didi ŋutɔ tso afisi hame si te ɖe mía ŋu le. Míesrɔ̃ alesi míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe, eye ŋuɖoɖeŋu sia kpe ɖe ŋunye ŋutɔ le nye agbeme katã. Ne mɔkpɔkpɔbuɖeame va nye susu me la, meƒoa nu na Yehowa eye ekpena ɖe ŋunye. Psalmowo 23 lia nye akɔfafa gã aɖe nam ɣesiaɣi, eye mexlẽnɛ edziedzi.”

Agba gã aɖe nɔ apostolo Paulo dzi wònɔ tsɔtsɔm. Zi etɔ̃ ya teti la, ‘eɖe kuku na Aƒetɔ la be wòaɖe ŋù si le yeƒe ŋutilã me la ɖa.’ Womekpe ɖe Paulo ŋu nukutɔe o, gake wodo ŋugbe nɛ be Mawu ƒe amenuveve alée ɖe te. (Korintotɔwo II, 12:7- 9) Paulo nya alesi nu nadze eŋui hã. Eŋlɔ emegbe be: “Le nusianu kple nuwo katã me la mesrɔ̃ nu ɣaɣla sia bena, maɖi ƒo, eye dɔ nawum hã; makpɔ nu geɖe, eye hiã natum hã. Metea ŋu wɔa nuwo katã le Kristo, amesi doa ŋusẽm la me.”—Filipitɔwo 4:12, 13.

Aleke woate ŋu axɔ Mawu ƒe ŋusẽ ne dzi ɖe le ame ƒo alo wòtsi akogo? Paulo ŋlɔ bena: “Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o, ke boŋ le nusianu me la mitsɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖe na Mawu nanya miaƒe dzimedidiwo, eye mitsɔ akpedada kpe ɖe eŋuti. Eye Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒo gɔmesesewo katã ta la, adzɔ miaƒe dziwo kple miaƒe tamesusuwo ŋu adzra wo ɖo le Kristo Yesu me.” (Filipitɔwo 4:6, 7) Sandra tsɔ nuxlɔ̃ame sia de dɔwɔwɔ me. Eɖe nu me be: “Trenɔnɔ na ɣeyiɣi gbogbo aɖewo nɔa asinye si ŋudɔ nye ɖeka mewɔna. Esia naa mɔnukpɔkpɔ geɖe sua asinye medoa gbe ɖa na Yehowa. Mesena le ɖokuinye me be mía dome le kplikplikpli ŋutɔ, eye meƒoa nu tsoa nye kuxiwo kple dzidzɔnyawo ŋu nɛ faa.” Eye Frances gblɔ be: “Ne nye ɖeka mebe mawɔ aʋa kple mɔkpɔkpɔbuɖeame ƒe tamesusuwo la, wo nu meyina gbeɖe o. Gake nuƒoƒo tso nye seselelãmewo ŋu na Yehowa faa kpena ɖe ŋunye ale gbegbe. Mexɔe se be Yehowa tsɔ ɖe le nusianu si ate ŋu agblẽ nu le nye gbɔgbɔme kple seselelãme dedienɔnɔ ŋu me.”—Timoteo I, 5:5.

“Mitsɔ Mia Nɔewo ƒe Agbawo”

Le Kristotɔwo ƒe nɔvihabɔbɔa me la, mele be ame ɖeka navu ɖe agbawo ŋu anɔ tsɔtsɔm o. Apostolo Paulo xlɔ̃ nu be: “Mitsɔ mia nɔewo ƒe agbawo, eye ale miawu Kristo ƒe se la nu keŋ.” (Galatiatɔwo 6:2) To míaƒe hadede kple hati Kristotɔwo me la, míate ŋu akpɔ “xɔlɔ̃nya” si ate ŋu aɖe akogotsitsi ƒe agbaa ƒe kpekpeme dzi akpɔtɔ.—Lododowo 12:25.

Bu nya si Ŋɔŋlɔawo gblɔ le Israel-ʋɔnudrɔ̃la Yefta, ƒe vinyɔnu hã ŋu kpɔ. Hafi Yefta naɖu woƒe futɔ siwo nye Amon-viwo dzi la, eɖe adzɔgbe be yeatsɔ ame gbãtɔ si ado tso ye ƒeme ava be yeado dɔnɔ na ye la ana Yehowa. Eva dzɔ be vianyɔnue do va kpee gbã. (Ʋɔnudrɔ̃lawo 11:30, 31, 34-36) Togbɔ be efia be Yefta vinyɔnua maɖe srɔ̃ akpɔ o eye wòaɖe asi le eƒe dzɔdzɔmedidi be yeaɖo ƒome ŋu hã la, elɔ̃ faa tsɔ eɖokui na le adzɔgbeɖeɖe sia ta hesubɔ le kɔkɔeƒe la le Silo le eƒe agbemeŋkeke mamlɛawo katã me. Ðe woŋlɔ eɖokui si wòtsɔ sa vɔ la bea? Kura o: ‘Ƒe sia ƒe la, Israel-nyɔnuwo yina ɖakafua Gileadtɔ Yefta ƒe vinyɔnu la ŋkeke ene le ƒe ɖeka me.’ (Ʋɔnudrɔ̃lawo 11:40) Ẽ, kafukafu ate ŋu ade dzi ƒo na amesi kafum wole. Eyata migana míado kpo amesiwo dze na kafukafu la kafukafu o.

Anyo ŋutɔ hã be míade ŋugble le Yesu ƒe kpɔɖeŋu ŋu. Togbɔ be enye Yudatɔwo ƒe kɔ be ŋutsuwo meɖoa dze kple nyɔnuwo o hã la, Yesu zã ɣeyiɣi ɖe Maria kple Marta ŋu. Ðewohĩ ahosiwoe wonye alo womeɖe srɔ̃ o. Yesu di be yeƒe xɔlɔ̃wɔwɔ me gbɔgbɔmeviɖewo naɖe vi na nyɔnu evea siaa. (Luka 10:38-42) Míate ŋu asrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋua ahade míaƒe gbɔgbɔmenɔvinyɔnu trewo míaƒe hadomewɔnawo me eye míate ŋu awɔ ɖoɖo azɔ kpli wo le gbeƒãɖeɖedɔa me. (Romatɔwo 12:13) Ðe wokpɔa ŋudzedze ɖe ɖetsɔtsɔ le wo me alea ŋua? Nɔvinyɔnu aɖe gblɔ be: “Menya be nɔviwo lɔ̃m eye nye nu dzea wo ŋu, gake makpɔ dzidzɔ ŋutɔ ne wodea ha kplim.”

Sandra ɖe nu me be: “Esi ƒome mele mía si o ta la, míehiã amewo ƒe lɔlɔ̃ vevie, míedina be míase le mía ɖokui me be míenye nɔviŋutsuwo kple nyɔnuwo ƒe gbɔgbɔmeƒomea me tɔwo.” Le nyateƒe me la, Yehowa tsɔ ɖe le eme na amesiawo, eye míanɔ nu wɔm aduadu kplii ne míena wosena le wo ɖokui me be míehiã yewo eye míelɔ̃ yewo. (Petro I, 5:6, 7) Ðetsɔtsɔ le wo me alea manye dzodzro o, elabena “amesi ve ame dahe nu la, edo nugbana na Yehowa, eye [ Yehowa Mawu aɖo] eƒe nuwɔwɔ teƒe nɛ.”—Lododowo 19:17.

“Amesiame Atsɔ Ye Ŋutɔ ƒe Agba”

Togbɔ be ame bubuwo ate ŋu ana kpekpeɖeŋu, eye kpekpeɖeŋu si woana ate ŋu ade dzi ƒo na wo ale gbegbe hã la, “amesiame atsɔ ye ŋutɔ ƒe agba.” (Galatiatɔwo 6:5) Gake ele be afɔku aɖewo nanɔ nyanya na mí le akogotsitsi ƒe agbaa tsɔtsɔ me. Le kpɔɖeŋu me, akogotsitsi ate ŋu aɖu mía dzi ne míekɔa nu le míaƒe dɔmenyawo dzi o. Gake míate ŋu aɖu akogotsitsi dzi kple lɔlɔ̃. (Korintotɔwo I, 13:7, 8) Mɔ nyuitɔ kekeake si dzi míato akpɔ dzidzɔ enye be míalɔ̃ nu nana kple nu mama kple amewo—nɔnɔme ka ke mee míeɖale o. (Dɔwɔwɔwo 20:35) Nɔvinyɔnu mɔɖela veviedonula aɖe gblɔ be: “Ɣeyiɣi geɖe mele ŋunye matsɔ anɔ akogo si metsi ŋu bumee o. Ne mese le ɖokuinye me be wohiãm eye meƒo ɖokuinye ɖe dɔwo me la, nyemegatsia akogo o.”

Ele be míakpɔ nyuie hã be akogotsitsi nagatutu mí ade ƒomedodo si me nunya mele o me o. Le kpɔɖeŋu me, nublanuinya ka gbegbee nye si wòanye be míaɖe mɔ srɔ̃ɖeɖe ƒe dzodzro nagbã ŋku na mí be míakpɔ kuxi gbogbo siwo dona tsoa dzimaxɔsetɔ ɖeɖe me o, eye vevietɔ be dzodzro ma nana míakpɔ nunya si le Ŋɔŋlɔawo ƒe aɖaŋuɖoɖo be míaƒo asa na kadodo sia la me o. (Korintotɔwo II, 6:14) Nyɔnu Kristotɔ aɖe si srɔ̃a gbee gblɔ be: “Nu ɖeka aɖe li si vɔ̃ɖi sasasã wu trenɔnɔ. Eyae nye be nàɖe amesi mesɔ o.”

Ele be woanɔ te ɖe kuxi si womate ŋu aɖe ɖa o nu, fifia ya gbɔ. Le Mawu ƒe kpekpeɖeŋu me la, woate ŋu anɔ te ɖe akogotsitsi hã nu. Esi míeyi edzi le Yehowa subɔm la, neva eme be kakaɖedzi nanɔ mía si be gbeɖeka la, woakpɔ míaƒe hiahiãwo katã gbɔ le mɔ nyuitɔ kekeake si anya wɔ nu.—Psalmo 145:16.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 4 Míetrɔ nyɔnu siwo míeyɔ la ƒe ŋkɔwo.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 28]

Woate ŋu ato nu nana kple nu mama me aɖu akogotsitsi dzi