Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Kristo Nye Kplɔla Ŋutɔŋutɔ Na Wòa?

Ðe Kristo Nye Kplɔla Ŋutɔŋutɔ Na Wòa?

Ðe Kristo Nye Kplɔla Ŋutɔŋutɔ Na Wòa?

“Womegayɔ mi be kplɔlawo o; elabena ame ɖekae nye miaƒe kplɔla, eyae nye Kristo.”—MATEO 23:10.

1. Ameka ɖeɖekoe nye Kristotɔ vavãwo Kplɔla?

BRAÐA, Nisan 11 lia dzie. Le ŋkeke etɔ̃ megbe la, woawu Yesu Kristo. Zi mamlɛtɔ si wòyi gbedoxɔa me enye sia. Le ŋkeke sia dzi la, Yesu fia nu vevi aɖe ameha siwo ƒo ƒu ɖe afima kpakple eƒe nusrɔ̃lawo. Egblɔ be: “Miawo la migana woayɔ mi be Rabi o, elabena ame ɖeka koe nye miaƒe nufiala, eye mi katã la nɔviwo mienye. Eye migayɔ ame aɖeke be mia fofo le anyigba dzi o; elabena ame ɖekae nye mia fofo, eyae le dziƒo. Eye womegayɔ mi be kplɔlawo o; elabena ame ɖekae nye miaƒe kplɔla, eyae nye Kristo.” (Mateo 23:8-10) Edze ƒã be Yesu Kristoe nye Kristotɔ vavãwo Kplɔla.

2, 3. Ŋusẽ kae toɖoɖo Yehowa kpakple lɔlɔ̃ ɖe Kplɔla si wòɖo na mí dzi kpɔna ɖe míaƒe agbenɔnɔ dzi?

2 Viɖe kawo gbegbee nye si wòanye na mí le agbe me ne míelɔ̃ Yesu nye míaƒe Kplɔla! Esime Yehowa Mawu nɔ Kplɔla sia ƒe vava ŋu nya gblɔm ɖi la, egblɔ to nyagblɔɖila Yesaya dzi be: “Kuwui! Mi ame tsikɔwuwo katã, miva tsi gbɔ! Mi amesiwo si ga mele o, miva ƒle nu, ne miaɖu! Miva, ne miadze wein kple notsi, menye kple ga alo le asixɔxɔ nu o! . . . Miɖo tom ko, ekema miaɖu nu nyui, eye miaƒe luʋɔ ƒe dzeme akɔ ɖe ami ŋu. . . . Kpɔ ɖa, metsɔe ɖo ɖasefo na dukɔwo, eye metsɔe ɖo dukɔwo ƒe [kplɔla] kple dziɖula.”—Yesaya 55:1-4.

3 Yesaya zã nunonowo—tsi, notsi, kple wein—tsɔ wɔ kpɔɖeŋui be wòatsɔ aɖe alesi ne míeɖo to Yehowa eye míekplɔ Kplɔla kple Aʋafia si wòna mí ɖo la, mía ŋutɔwo ƒe agbenɔnɔ ate ŋu anyoe la fia. Emetsonuwo naa ame ƒe dzi dzea eme. Ele abe woano tsi fafɛ kplu ɖeka le ŋkeke xɔdzo aɖe dzi ene. Nyateƒe kple dzɔdzɔenyenye ƒe tsikɔ si wua mí nu tsina. Abe alesi notsi doa ŋusẽ vidzĩwo hekpena ɖe wo ŋu wotsinae ene la, ‘notsi si tsoa nya la me’ doa ŋusẽ mí henana míetsina le gbɔgbɔme le ƒomedodo kple Mawu me. (Petro I, 2:1-3) Eye amekae ate ŋu agblɔ be wein mewɔa akpa aɖeke le dzidzɔ si nɔa azãɖuƒewo me ŋu o? Nenema ke Mawu vavã la subɔsubɔ kple Kplɔla si wòɖo la ƒe afɔtoƒewo zɔzɔ naa ‘dzi dzɔa mí’ le agbe me. (Mose V, 16:15) Eyata ele vevie be mí katã—ɖeviwo kple tsitsiawo, ŋutsuwo kple nyɔnuwo—míaɖee afia be Kristo nye Kplɔla ŋutɔŋutɔ na mí. Gake aleke míaɖee afia le míaƒe gbesiagbegbenɔnɔ me be Mesia lae nye mía Kplɔla?

Ðeviwo—Miyi Edzi Míanɔ ‘Tsitsim le Nunya’ Me

4. (a) Esime Yesu si xɔ ƒe 12 yi Yerusalem le Ŋutitotoŋkekenyuia ɖuɣi la, nukae dzɔ? (b) Aleke gbegbe Yesu nya nui le ƒe 12 ko xɔxɔ me?

4 Bu kpɔɖeŋu si mía Kplɔla la ɖo ɖi na ɖeviwo ŋu kpɔ. Togbɔ be nu ʋɛ aɖewo koe míenya tso Yesu ƒe ɖevimenɔɣi ŋu hã la, nudzɔdzɔ aɖe ya ɖe dzesi nyuie. Esime Yesu xɔ ƒe 12 la, edzilawo kplɔe ɖe asi yi Yerusalem esime woyina woƒe ƒe sia ƒe Ŋutitotoŋkekenyuia ɖuƒe. Ɣemaɣie wòƒo eɖokui ɖe Ŋɔŋlɔawo me dzodzro me vĩ, eye eƒe ƒomea dzo le egbɔ le manyamanya me. Le ŋkeke etɔ̃ megbe la, edzilawo, Yosef kple Maria, siwo tsi dzi vevie la va ke ɖe eŋu le gbedoxɔa me, ‘wònɔ anyi ɖe nufialawo dome, hele to ɖom wo, eye wòle nya biam wo.’ Gawu la, ‘amesiwo katã nɔ to ɖomee la ƒe mo wɔ yaa le eƒe nugɔmesese kple eƒe nyaŋuɖoɖowo ta.’ Bu eŋu kpɔ ko, esime Yesu xɔ ƒe 12 pɛ ko la, menye nya siwo ku ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu siwo naa wobua tame ɖeɖeko ŋu nyae wòte ŋu bia o, ke boŋ ena ŋuɖoɖo siwo me nunya le hã! Ðikeke mele eme o be hehe si edzilawo nae kpe ɖe eŋu.—Luka 2:41-50.

5. Aleke ɖeviwo ate ŋu ada woƒe nɔnɔme ku ɖe ƒome Biblia nusɔsrɔ̃ ŋu akpɔe?

5 Ðewohĩ ɖevie nènye. Ne dziwòlawo nye mawusubɔla veviedonulawo la, ke anɔ eme be ƒome Biblia nusɔsrɔ̃ edziedzi ƒe ɖoɖowɔɖi le mia si le aƒeme. Aleke nye wò nɔnɔme ɖe ƒomenusɔsrɔ̃a ŋu? Nukata màde ŋugble le biabiawo abe esiawo ene ŋu o: ‘Ðe mele asi kpem ɖe míaƒe ƒomea ƒe Biblia-nusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖoa ŋu kple dzi bliboa? Ðe mezɔna ɖe ɖoɖoa dzi eye nyemewɔa naneke tsɔ gblẽa eme oa?’ (Filipitɔwo 3:16) ‘Ðe mekpɔa gome le nusɔsrɔ̃a me dzonɔamemetɔea? Ðe mebia nya le nusɔsrɔ̃nyatia ŋu le afisiwo wòsɔ le heƒoa nu tso alesi woadee dɔwɔna me ŋua? Esi mele gbɔgbɔmeŋgɔyiyi wɔm la, ɖe mele dzodzro tum ɖo ɖe “nuɖuɖu sesẽ si li na amesiwo tsi zu blibo” la ŋua?’—Hebritɔwo 5:13, 14.

6, 7. Aleke Biblia xexlẽ gbesiagbe ƒe ɖoɖo ate ŋu anye nu vevi na sɔhɛwoe?

6 Biblia xexlẽ gbesiagbe ƒe ɖoɖo hã le vevie ŋutɔ. Hakpala la dzi ha be: “Woayra amesi mezɔna ɖe ame vɔ̃ɖiwo ƒe aɖaŋuɖoɖo nu o, . . . ke boŋ ekpɔa dzidzɔ le Yehowa ƒe se la ŋu, eye [wòxlẽa eƒe se la ] zã kple keli.” (Psalmo 1:1, 2) Yosua, amesi va xɔ ɖe Mose teƒe, ‘xlẽe kple gbe blewu zã kple keli.’ Esia kpe ɖe eŋu wòwɔ nu nunyatɔe eye wòkpɔ dzidzedze le dɔ si Mawu de asi nɛ la wɔwɔ me. (Yosua 1:8) Mía Kplɔla, Yesu Kristo, gblɔ be: “Woŋlɔ ɖi bena: ‘Menye abolo ɖeɖe ko ŋuti ame lanɔ agbe ɖo o, negbe ɖe nya sia nya, si dona tsoa Mawu ƒe nu me la ŋuti.’ ” (Mateo 4:4) Ne míehiã ŋutilãmenuɖuɖu gbesiagbe la, ke aleke gbegbe míehiã gbɔgbɔmenuɖuɖu edziedzi wu enye si!

7 Esi Nicole si xɔ ƒe 13 kpɔe be gbɔgbɔmenuwo hiã ye ta la ete Biblia xexlẽ gbesiagbe. * Fifia si wòxɔ ƒe 16 la, exlẽ Biblia bliboa wu nu gadze exexlẽ gɔme ake heɖo ememama lɔƒo vɔ. Alesi wòwɔe la le bɔbɔe. Egblɔ be: “Meɖoe kplikpaa be maxlẽ ta ɖeka ya teti gbesiagbe.” Aleke Biblia si wòxlẽna gbesiagbe kpe ɖe eŋui? Eɖo eŋu be: “Ŋusẽkpɔɖeamedzinu gbegblẽ siwo li egbea sɔ gbɔ ŋutɔ. Gbesiagbe la, medoa go nyaƒoɖeamenuwo le suku kple teƒe bubu siwo doa nye xɔse kpɔna. Biblia xexlẽ gbesiagbe kpena ɖe ŋunye be meɖoa ŋku Biblia ƒe sewo kple gɔmeɖosewo dzi kaba si dea dzi ƒo nam metea ŋu nɔa te ɖe nyaƒoɖeamenu siawo nu. Esia na mese le ɖokuinye me be mete ɖe Yehowa kple Yesu ŋu kplikplikpli wu.”

8. Nɔnɔme kae nɔ Yesu si ɖe ƒuƒoƒea ŋu, eye aleke ɖeviwo ate ŋu asrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋuae?

8 Yesu lɔ̃a toɖoɖo ne wole Ŋɔŋlɔawo xlẽm le ƒuƒoƒewo eye wòkpɔa gome le exexlẽ me. (Luka 4:16; Dɔwɔwɔwo 15:21) Aleke gbegbe wònyoe nye si be ɖeviwo nasrɔ̃ kpɔɖeŋu ma ade Kristotɔwo ƒe kpekpewo, afisi woxlẽa Biblia hesrɔ̃nɛ le la, ɣesiaɣi! Esi Richard, si xɔ ƒe 14, nɔ ŋudzedzekpɔkpɔ ɖem fia ɖe kpekpe mawo ŋu la, egblɔ be: “Kpekpeawo xɔ asi nam ŋutɔ. Woɖoa ŋku nusi nye nyui kple vɔ̃, nusi nye agbe nyui kple agbe gbegblẽ, nusi dze Kristotɔ wòawɔ kple nusi medzee o, dzi nam le afima ɣesiaɣi. Mehiã be aŋɔka naku to nam hafi masrɔ̃ nu tso eme o—to nuteƒekpɔkpɔ me o.” Ẽ, ‘kakaɖedzi le Yehowa ƒe ŋkuɖodzinya ŋu, enana bometsilawo dzea nunya.’ (Psalmo 19:8) Nicole hã ɖoe kplikpaa dea hamea ƒe kpekpe atɔ̃awo katã kwasiɖa sia kwasiɖa. Azɔ hã ezãa gaƒoƒo eve alo etɔ̃ tsɔ dzrana ɖo ɖe wo ŋui.—Efesotɔwo 5:15, 16.

9. Alekee ɖeviwo ate ŋu ayi edzi ‘anɔ tsitsim le nunya mee’?

9 Sɔhɛmenɔɣi enye ɣeyiɣi nyuitɔ si me wòle be ‘Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo, si wòdɔ ɖa la ŋuti sidzedze’ nasu ame si le. (Yohanes 17:3) Ðewohĩ ènya ɖevi aɖewo siwo zãa ɣeyiɣi geɖe ɖe nukokoedonamegbalẽwo xexlẽ, television kpɔkpɔ, video dzi fefewo kpɔkpɔ, alo ɖe Internet dzi tsatsa ŋu. Nukatae wòle be nàsrɔ̃ wo esime mía Kplɔla la ƒe kpɔɖeŋu deblibo li nàsrɔ̃? Esi wònye ŋutsuvi dzaa la, nusɔsrɔ̃ tso Yehowa ŋu do dzidzɔ nɛ ŋutɔ. Nukae do tso eme? Le lɔlɔ̃ si nɔ Yesu si na gbɔgbɔmenuwo ta la, ‘eyi edzi nɔ tsitsim le nunya me.’ (Luka 2:52) Nenemae wò hã nàte ŋu atsii.

“Mibɔbɔ Mia Ðokui na Mia Nɔewo”

10. Nukae ana ŋutifafa kple dzidzɔ nanɔ ƒomegbenɔnɔ me?

10 Aƒeme ate ŋu anye afisi tomefafa kple dzidzeme anɔ alo afisi dzrehehewo kple nyaʋiʋliwo anɔ. (Lododowo 21:19; 26:21) Lɔlɔ̃ ɖe Kristo ƒe kplɔlanyenye dzi naa ŋutifafa kple dzidzɔ nɔa míaƒe ƒomea me. Le nyateƒe me la, Yesu ƒe kpɔɖeŋua nye nusi me wòle be ƒomea me tɔwo nasrɔ̃ nu le. Ŋɔŋlɔawo gblɔ be: “Mibɔbɔ mia ɖokui na mia nɔewo le Kristo vɔvɔ̃ me. Mi nyɔnuwo la, mibɔbɔ mia ɖokui na mia ŋutɔwo mia srɔ̃wo abe Aƒetɔ la ene; elabena ŋutsue nye ta na nyɔnu, abe alesi Kristo hã nye ta na hame la ene, eye eyae nye ŋutilã la ƒe xɔla. . . . Mi ŋutsuwo la, milɔ̃ mia ŋutɔwo mia srɔ̃wo, abe alesi Kristo hã lɔ̃ hame la, eye wòtsɔ ye ŋutɔ ɖokui hena ɖe eta la ene.” (Efesotɔwo 5:21-25) Apostolo Paulo ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Kolose-hamea be: “Mi ɖeviwo la, miɖo to mia dzilawo le nusianu me; elabena esia dze Aƒetɔ la ŋu nyuie.”—Kolosetɔwo 3:18-20.

11. Aleke srɔ̃ŋutsu aɖee afiae be Kristo ƒe tanyenye nye nu ŋutɔŋutɔ na ye?

11 Aɖaŋuɖoɖo sia dzi wɔwɔ fia be srɔ̃ŋutsua naxɔ ŋgɔ le ƒomea me, srɔ̃nyɔnua nado alɔe anukwareɖiɖitɔe, eye ɖeviawo naɖo to wo dzilawo. Gake ne ŋutsua wɔ eƒe tanyenyea ŋudɔ nyuie ko hafi wòhea dzidzɔ vɛ. Ele be srɔ̃ŋutsu nyanu nasrɔ̃ alesi wòawɔ tanyenye ŋudɔe to eya ŋutɔ ƒe Ta kple Kplɔla, Kristo Yesu, sɔsrɔ̃ me. (Korintotɔwo I, 11:3) Togbɔ be Yesu va zu ‘nuwo katã ƒe ta hena hamea’ emegbe hã la, meva anyigba dzi “bena, woasubɔ ye o, ke boŋ bena yeasubɔ.” (Efesotɔwo 1:22; Mateo 20:28) Nenema ke srɔ̃ŋutsu Kristotɔ mewɔa eƒe tanyenyea ŋudɔ ɖokuitɔdiditɔe o, ke boŋ be wòatsɔ akpɔ srɔ̃anyɔnua kple viawo—ẽ, ƒomea bliboa—ƒe nyonyo gbɔe. (Korintotɔwo I, 13:4, 5) Edina be yeasrɔ̃ Yesu Kristo, si nye eƒe ta la, ƒe mawumenɔnɔmewo. Eƒe dɔme fa eye wòbɔbɔa eɖokui ɖe anyi le dzi me abe Yesu ene. (Mateo 11:28-30) Ne ewɔ vodada la, mesesẽna nɛ be wòagblɔ be “meɖe kuku” alo “tɔwò dzɔ” o. Eƒe kpɔɖeŋu nyuia wɔnɛ be wònɔa bɔbɔe na srɔ̃nyɔnua be wòanye “kpeɖeŋutɔ,” ‘hadɔwɔla,’ kple ‘zɔhɛ’ na ŋutsu sia, asrɔ̃ nu tso egbɔ ahawɔ dɔ aduadu kplii.—Mose I, 2:20; Maleaxi 2:14.

12. Nukae akpe ɖe srɔ̃nyɔnu ŋu be wòawɔ ɖe tanyenye ƒe gɔmeɖosea dzi?

12 Srɔ̃nyɔnua ƒe gomee nye be wòabɔbɔ eɖokui na srɔ̃aŋutsua. Ke hã ne xexeame ƒe gbɔgbɔ kpɔ ŋusẽ ɖe edzi la, ate ŋu adze ŋusẽ gbegblẽ kpɔkpɔ ɖe eƒe nukpɔsusu le tanyenye ƒe gɔmeɖosea ŋu dzi, eye ameɖokui bɔbɔ ɖe ŋutsu te ƒe nyaa madze eŋu o. Ŋɔŋlɔawo mefia be ele be ŋutsua nanye amesi ɖua amegã ɖe ame dzi o, ke hã wobia tso srɔ̃nyɔnuwo si be woabɔbɔ wo ɖokui na wo srɔ̃ŋutsuwo. (Efesotɔwo 5:24) Biblia hã de dɔ asi na srɔ̃ŋutsua alo vifofoa, eye ne ewɔ ɖe edzi la, esia naa ŋutifafa nɔa ƒomea me eye nuwo zɔna ɖe ɖoɖonu nyuie.—Filipitɔwo 2:5.

13. Ðokuibɔbɔ ƒe kpɔɖeŋu kae Yesu ɖo na ɖeviwo?

13 Wobia tso ɖeviwo si be woaɖo to wo dzilawo. Yesu ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe le go sia me. Le gbedoxɔa me nudzɔdzɔa, esime wodzo le Yesu si xɔ ƒe 12 la gbɔ ŋkeke etɔ̃ megbe la, ‘eyi kple edzilawo, eye wòva Nazaret, eye wòbɔbɔ eɖokui na wo.’ (Luka 2:51) Ðeviwo ƒe wo ɖokui bɔbɔ na wo dzilawo naa tomefafa kple ɖekawɔwɔ nɔa ƒomea me. Ne ƒomea me tɔ ɖesiaɖe bɔbɔ ɖe Kristo ƒe kplɔlanyenye te la, enaa dzidzɔ nɔa ƒomea me.

14, 15. Nukae akpe ɖe mía ŋu míakpɔ dzidzedze ne míedze ŋgɔ kuxi aɖe le aƒe me? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu.

14 Ne kuxi sesẽwo do mo ɖa le aƒea me kura gɔ̃ hã la, egbɔ kpɔkpɔ dzidzedzetɔe nɔ te ɖe Yesu ƒe kpɔɖeŋua sɔsrɔ̃ kple eƒe mɔfiame dzi wɔwɔ dzi. Le kpɔɖeŋu me, Jerry, si xɔ ƒe 35, ƒe nyɔnuvi ƒewuivi aɖe dada, Lana, ɖeɖe he kuxi aɖe si ŋu wo dometɔ aɖeke mebu o vɛ. Jerry ɖe nu me be: “Menyae be hafi manye ƒome ƒe ta si akpɔ dzidzedze la, ehiã be mawɔ Biblia me gɔmeɖose siwo tututu na ƒome bubuwo kpɔ dzidzedze la ke ŋudɔ. Gake eteƒe medidi o mekpɔe dze sii be ahiã be mawɔ wo ŋudɔ le nunya kple nugɔmesese me wu.” Eƒe atikɔmevia kpɔnɛ abe amesi va gblẽ eya kple dadaa dome ene eye wòdoa dziku ɖe eŋu vevie. Ehiã nugɔmesese be Jerry nate ŋu akpɔe be nusiae na nyɔnuvia gblɔa nyawo hewɔa nuwo nenema ɖo. Aleke wòkpɔ nɔnɔmea gbɔe? Jerry ɖo eŋu be: “Nye kple Lana míelɔ̃ ɖe edzi be Lana nakpɔ nye atikɔmevia hehe ŋu nyawo gbɔ, ke nye ya maɖo susu alesi matu ƒomedodo nyui ɖo le mía kplii dome ŋu. Le ɣeyiɣia aɖe megbe la, mɔnu sia ŋudɔwɔwɔ tse ku nyuiwo.”

15 Ne kuxi sesẽwo dze ŋgɔ mí le aƒeme la, nugɔmesese hiã mí be míakpɔ nusitae ƒomea me tɔwo gblɔa nya hewɔa nu alesi wole ewɔmee ɖo. Míehiã na nunya hã atsɔ awɔ mawumegɔmeɖosewo ŋudɔ nyuie. Le kpɔɖeŋu me, Yesu se susu si tae nyɔnu si ŋu ʋu nɔ sisim le la ka asi eŋu gɔme nyuie, eye wòwɔ nu ɖe eŋu nunyatɔe hekpɔ nublanui nɛ. (Mose III, 15:25-27; Marko 5:30-34) Nunya kple nugɔmesese nye nɔnɔme siwo nɔ mía Kplɔla la si. (Lododowo 8:12) Dzi adzɔ mí ne míewɔ nu abe eyama ene.

‘Yi Edzi Nàdi Fiaɖuƒea Gbãgbiagbã’

16. Nukae wòle be wòaxɔ nɔƒe vevitɔ le míaƒe agbe me, eye aleke Yesu ɖe esia fia to eƒe kpɔɖeŋu dzii?

16 Yesu na nusi wòle be wòaxɔ nɔƒe vevitɔ le amesiwo axɔ eƒe amekpɔkplɔ ade eme ƒe agbe me la dze ƒã. Egblɔ be: “Midi mawufiaɖuƒe la kple [Mawu ƒe] dzɔdzɔenyenye gbãgbiagbã, eye woatsɔ nusiawo katã akpe ɖe eŋuti na mi.” (Mateo 6:33) Eye efia alesi míawɔ esiae mí to eƒe kpɔɖeŋu si wòɖo me. Le ŋkeke 40 siwo wotsɔ tsi nu dɔ, de ŋugble, hedo gbe ɖa le eƒe nyɔnyrɔxɔxɔ megbe ƒe nuwuwu la, Yesu do go tetekpɔ aɖe. Satana Abosam tsɔ ‘xexeame fiaɖuƒewo katã’ ɖo eŋkume. Bu agbe si Yesu anɔ ne ɖe wòxɔ nusi Abosam ɖo eŋkume la ŋu kpɔ! Ke hã Kristo ƒe susu nɔ Fofoa ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ŋu. Ekpɔe hã be agbe ma nɔnɔ le Satana ƒe xexeame anɔ kpuie. Egbe nusi Abosam ɖo eŋkume la enumake hegblɔ be: “Woŋlɔ ɖi bena Aƒetɔ, wò Mawu la, nade ta agu na, eye eya ɖeka ko nasubɔ.” Le ema megbe kpuie la, Yesu ‘dze gbeƒãɖeɖe gɔme nɔ gbɔgblɔm be: “Mitrɔ le miaƒe dzi me, elabena dziƒofiaɖuƒe la ɖo vɔ!” ’ (Mateo 4:2, 8-10, 17) Eye le Kristo ƒe anyigbadzinɔɣi susɔea katã me la, eɖe gbeƒã Mawu ƒe Fiaɖuƒea ɣeyiɣiawo katã.

17. Aleke míate ŋu aɖee afia be Fiaɖuƒea ƒe nuwo xɔ nɔƒe gbãtɔ le míaƒe agbe me?

17 Anyo be míasrɔ̃ mía Kplɔlaa ƒe kpɔɖeŋu eye míagaɖe mɔ Satana ƒe xexea nable mí míana dɔ si ƒe fetu lolo ŋutɔ kple míaƒe dɔwɔɖui wɔwɔ nanye míaƒe taɖodzinu veviwo o. (Marko 1:17-21) Aleke gbegbe wòanye abunenuwɔwɔ enye si be míana xexeame ƒe nudidiwo naɖe mí abe ɖɔ ene ale gbegbe be Fiaɖuƒenuwo nava yi nɔƒe evelia! Yesu tsɔ Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawo wɔwɔ dɔ de asi na mí. (Mateo 24:14; 28:19, 20) Ẽ, ƒome alo agbanɔamedzi bubu siwo gbɔ wòle be míakpɔ anɔ mía dzi ya, gake dzi medzɔa mí ne míezã fiẽsi kple kwasiɖanuwuwu aɖewo le míaƒe Kristotɔwo ƒe agbanɔamedzi si nye be míaɖe gbeƒã ahafia nu la tsɔtsɔ me oa? Aleke gbegbe wòde dzi ƒoe nye esi be le ƒe 2001 ƒe subɔsubɔƒea me la, amesiwo ade 780,000 te ŋu wɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa, alo mɔɖeɖedɔa!

18. Nukae kpena ɖe mía ŋu míekpɔa dzidzɔ le subɔsubɔdɔa me?

18 Nyanyuiawo ɖe Yesu fia be enye amesi tsɔa dzo ɖe nuwo ŋu kple amesi ƒe dɔme trɔna ɖe amewo ŋu. Esi wòkpɔ amesiwo ƒo xlãe ƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo dze sii la, eƒe dɔme trɔ ɖe wo ŋu, eye wòtsɔ didi vevie kpe ɖe wo ŋu. (Marko 6:31-34) Dzidzɔ nɔa míaƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ me ne lɔlɔ̃ na amewo kple didi vevie be míakpe ɖe wo ŋu ʋãa mí be míawɔe. Gake aleke didi ma awɔ asu mía si? Ðekakpui aɖe si ŋkɔe nye Jayson gblɔ be: “Esime menye ƒewuivi la, nyemesea vivi na subɔsubɔdɔa tututu o.” Nukae kpe ɖe eŋu wòtu lɔlɔ̃ na dɔ sia ɖo? Jayson ɖo eŋu be: “Le nye ƒomea me la, míeɖo Memleɖa ŋdiwo ɖi tsɔ wɔa subɔsubɔdɔae ɣesiaɣi. Nusia de dzinye ŋutɔ elabena zi alesi medea gbeadzi edziedzii la, zi nenemae mekpɔna be nu nyuiwo dona tsoa eme eye wòdoa dzidzɔ nam.” Ele be míawo hã míatsɔ veviedodo akpɔ gome le subɔsubɔdɔa me edziedzi.

19. Nukae wòle be wòanye míaƒe tameɖoɖo kplikpaa ku ɖe Kristo ƒe amekpɔkplɔ ŋu?

19 Enye nyateƒe be lɔlɔ̃ ɖe Kristo ƒe kplɔlanyenye dzi naa ame ƒe dzi dzea eme eye wòɖea vi hã. Ne míelɔ̃ ɖe edzi la, sɔhɛmenɔɣi va nyea ɣeyiɣi si me míetsina le sidzedze kple nunya me. Ƒomegbenɔnɔ nyona ɖe edzi va zua tomefafa kple dzidzɔ tsoƒe, eye subɔsubɔdɔa va nyea dɔ si hea dzidzɔ kple dzidzeme vɛ. Eyata mina míaɖoe kplikpaa be míaɖee afia le míaƒe gbesiagbegbenɔnɔ kple nyametsotsowo wɔwɔ me be Kristo nye Kplɔla ŋutɔŋutɔ na mí. (Kolosetɔwo 3:23, 24) Ke hã Yesu Kristo gatoa mɔ bubu aɖe hã dzi kplɔa mí—si nye Kristo-hamea. Nyati si kplɔe ɖo aƒo nu tso alesi míate ŋu akpɔ viɖe tso mɔnuɖoɖo sia me ŋu.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 7 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Aleke Kplɔla si Mawu ɖo yomedzedze ɖea vi na míi?

• Aleke sɔhɛwo ate ŋu aɖee afia be yewodi be yewoadze Yesu ƒe kpɔkplɔ yome?

• Ŋusẽ kae Kristo ƒe amekpɔkplɔ kpɔna ɖe amesiwo bɔbɔna ɖe ete la ƒe ƒomegbenɔnɔ dzi?

• Aleke míaƒe subɔsubɔdɔa ate ŋu afia be Kristo ƒe amekpɔkplɔ nye nu ŋutɔŋutɔ na míi?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata siwo le axa 9]

Sɔhɛmenɔɣi enye ɣeyiɣi nyui aɖe si me Mawu kple Kplɔla si wòɖo la ŋuti sidzedze asu ame si le

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Ðokui bɔbɔ ɖe Kristo ƒe amekpɔkplɔ te naa dzidzɔ nɔa ƒomea me

[Nɔnɔmetata siwo le axa 12]

Yesu di Fiaɖuƒea gbãgbiagbã. Wò hã èdinɛa?