Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Atike Sisi Na Ame Kukuwo Esɔ na Kristotɔwoa?

Atike Sisi Na Ame Kukuwo Esɔ na Kristotɔwoa?

Atike Sisi Na Ame Kukuwo Esɔ na Kristotɔwoa?

Esi blemafofo nuteƒewɔla Yakob gogo kudonu la, ebia nu mamlɛ sia be: “[Miɖim] ɖe fofonyewo gbɔ, ɖe kpeto, si le Efron Xititɔ ƒe agble me la me, ɖe kpeto, si le Maxpela gble me le Mamre kasa le Kanaan-nyigba dzi.” —Mose I, 49:29-31.

YOSEF wɔ kɔnu aɖe si Egiptetɔwo wɔna ɣemaɣi la ŋudɔ si na wòte ŋu wɔ nusi fofoa bia. Ede se na ‘eƒe dɔla atikewɔlawo be woasi atike na ye fofo.’ Abe alesi nuŋlɔɖi si le Mose I, ta 50, fia ene la, atikewɔlawo zã ŋkeke 40 tsɔ si atikea na ame kukuae abe alesi wowɔnɛ le afima ene. Atike si wosi na Yakob wɔe be ƒometɔwo kple Egipte-megãwo ƒe ha gã si nɔ zɔzɔm blewu la te ŋu zɔ mɔ kilometa 400 aɖewo ɖaɖi Yakob ɖe Hebron.—Mose I, 50:1-14.

Anɔ bɔbɔe be tomenukulawo nava ke ɖe Yakob ƒe ŋutilã si wosi atike na la ŋu gbeɖeka? Kakaɖedzi meli tututu be woate ŋu ake ɖe eŋu o. Israel nye anyigba si me tsi nɔna ŋutɔ, si wɔe be menye nusianu ŋue tomenukulawo kena ɖo o. (Mose II, 3:8) Blemanu siwo wotsɔ ga kple kpe wɔe kpɔtɔ le to me fũ, gake nusiwo gblẽna bɔbɔe, abe avɔ, lãgbalẽ, kple ŋutilã kuku siwo wosi atike na ene, ƒe akpa gãtɔ mete ŋu nɔa te ɖe fafa kple ɣeyiɣiawo ƒe tɔtrɔ nu o.

Ke nuka koŋue atike sisi na ame kuku nye? Nukatae wowɔnɛ? Esɔ be Kristotɔwo nawɔea?

Afikae Nuwɔnaa Dze Egɔme Tsoe?

Woate ŋu aɖɔ atike sisi na ame kuku wòasɔ nyuie be amegbetɔ alo lã ƒe ŋutilã kuku takpɔkpɔ be wòagaƒaƒã o. Ŋutinyaŋlɔlawo lɔ̃ ɖe edzi be Egipte ye atike sisi na ame kukuwo dze egɔme tsoe, gake blema Asurtɔwo, Persiatɔwo, kple Skitetɔwo hã wɔnɛ. Ðewohĩ ame kuku siwo woɖi ɖe dzogbe kenyigbawo dzi siwo womesi atike na o gake wova ke ɖe wo ŋu magblẽmagblẽe le teƒea ƒe nɔnɔme ta lae nyɔ amewo ƒe ɖetsɔleme ɖe atike sisi na ame kukuwo ŋu le gɔmedzedzea me eye wote ewɔwɔ kpɔ. Ame ɖiɖi ɖe teƒe mawo ana fafa kple ya maɖo ame kukua gbɔ o, si ana manyunyɔ kaba o. Ame aɖewo gblɔ be atike sisi na ame kuku dze egɔme esime woke ɖe ame kukuwo ŋu magblẽmagblẽe le alesi tomenu si woyɔna be natron, (sodium carbonate ) si nye dze aɖe ƒomevi bɔ ɖe Egipte kple eƒe nutowo me la ta.

Atikesila la ƒe taɖodzinu koe nye be yealé alesi le gaƒoƒo ʋɛ aɖewo ko le ame ƒe ku megbe ŋutilã la tea ƒaƒã la nu. Ne woate ŋu axe mɔ na alesi ŋutilã la wɔna ƒaƒãnae la, ke ŋutilã la manyunyɔ o alo woaxe mɔ na eƒe nyunyɔ kaba ya teti. Nu etɔ̃e hiã be woawɔ: ame kukua dzadzraɖo be wòanɔ abe ɖe meku o ene, mɔxexe na eƒe ƒaƒã, kple be woana nugbagbeviwo nagagblẽ nu le eŋu o.

Subɔsubɔ nukpɔsusuwo koŋ tae blema Egiptetɔwo sia atike na woƒe ame kukuwo ɖo. Agbenɔnɔ le ku megbe ƒe nukpɔsusu si le wo si tae wodina be woana ame kukua nadze abe ɖe wòkpɔtɔ le agbagbeawo dome ene. Woxɔe se be woayi edzi azã woƒe ŋutilã tegbetegbe eye be woagade agbe wo me. Togbɔ be atike sisi na ame kuku nye nuwɔna si bɔ ɣemaɣi hã la, vaseɖe egbea la, womeke ɖe Egiptetɔwo ƒe nuŋlɔɖi aɖeke ŋu si ƒo nu tso alesi wowɔnɛ ŋu o. Ƒe alafa atɔ̃lia D.M.Ŋ. me Hela ŋutinyaŋlɔla Herodotus ƒe nuŋlɔɖi koe nye nyuitɔ kekeake si li. Gake woka nya ta be agbagbadzedze be woazã ewɔwɔ ŋuti mɔfiame siwo Herodotus na mete ŋu kpɔ dzidzedze tututu o.

Esɔ be Kristotɔwo Nawɔea?

Amesiwo ƒe subɔsubɔdzixɔsewo mewɔ ɖeka kple Yakob tɔwo o lae si atike na eƒe kukua. Ke hã mava míaƒe susu me be míabui be esime Yosef ɖe asi le fofoa ƒe ŋutilã ŋu na atikewɔlaawo la, ebia tso wo si be woawɔ woƒe gbedodoɖawo kple kɔnuwo abe alesi wowɔnɛ le Egipte ɣemaɣi le atike sisi na ame kuku akpa gãtɔ me ene o. Yakob kple Yosef siaa nye ŋutsu siwo si xɔse le. (Hebritɔwo 11:21, 22) Togbɔ be manye Yehowae de se be woasi atike na Yakob ƒe ŋutilã o hã la, womeƒo nu tsi tre ɖe esisi nɛ ŋu le Ŋɔŋlɔawo me o. Menye ɖe wosi atike na Yakob ƒe ŋutilã kukua be wòanye kpɔɖeŋu na Israel-dukɔa alo na Kristo-hamea o. Le nyateƒe me la, nuwɔnaa ŋuti mɔfiame gobii aɖeke mele Mawu ƒe Nya la me o. Le atike sisi na Yosef ŋutɔ le Egipte megbe la, womegaƒo nu tso nuwɔnaa ŋu le Ŋɔŋlɔawo ƒe akpa aɖeke o.—Mose I, 50:26.

Alesi amegbetɔŋutilã kuku siwo wokpɔ le yɔdowo me le Palestina nyunyɔe la ɖee fia be Hebritɔwo mesiaa atike na ame kukuwo o, ne wowɔnɛ hã la, menye esi ana ame kukua nanɔ anyi ɣeyiɣi didi o. Le kpɔɖeŋu me, womesi atike na Lazaro o. Togbɔ be woblae ɖe avɔ me hã la, amewo tsi dzi esime wobe woamli kpe si wotsɔ tu eƒe yɔdo la ɖa. Esi Lazaro ku ŋkeke ene do ŋgɔ ta la, nɔvianyɔnu nya be aɖe ya ne woʋu yɔdoa.—Yohanes 11:38-44.

Ðe wosi atike na Yesu Kristo bene eƒe ŋutilã nagaƒaƒã oa? Nyanyuiawo megblɔ be wosii nɛ o. Ɣemaɣi la, Yudatɔwo tsɔa atike kple ami ʋeʋĩwo dzraa ame kuku ɖoe hafi ɖina. Le kpɔɖeŋu me, be woadzra Yesu ƒe ŋutilã ɖo la, Nikodemo tsɔ atike ʋeʋĩ gbogbo aɖe na ɖe taɖodzinu sia ta. (Yohanes 19:38-42) Nukatae wòtsɔ atike ʋeʋĩ gbogbo mawo gbegbe na? Anye lɔlɔ̃ si tso dzime si nɔ esi na Yesu kple bubu si wòdea eŋu lae ʋãe wòɖe dɔmenyo sia gbegbe fia. Mele be míaƒo nya ta be ɖe wosi atike ʋeʋĩawo nɛ be woatsɔ akpɔ eƒe ŋutilãa ta be wòanɔ anyi adidi o.

Ðe Kristotɔ agbe atike sisi na ame kuku ƒe nuwɔnaa? Ne míatsɔ nukpɔsusu si da sɔ akpɔ nuwɔna lae la, ɖeko atike sisi na ame kuku le nusi womate ŋu axe mɔ na o la hem ɖe megbe vie. Anyi mee míetso, eye anyi mee míagayi ne míeku. (Mose I, 3:19) Gake ɣeyiɣi didi kae ame kuku anɔ anyi hafi woaɖii? Ne ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo atso didiƒe ava kua teƒe eye wodi be yewoakpɔ amea la, ke ɖikeke mele eme o be ele be woasi atike nɛ alo akpɔ eta va ɖo afi aɖe bene magblẽ kaba o.

Ekema le Ŋɔŋlɔawo nu la, mehiã be woatsi dzi ne nutoa me sewo bia be woasi atike na ame kukua alo ƒometɔwo dii nenema o. Kukuawo “menya naneke o.” (Nyagblɔla 9:5) Ne wole Mawu ƒe susu me la, woafɔ wo ava agbe mee le xexe yeye si ŋugbe wòdo la me.—Hiob 14:13-15; Dɔwɔwɔwo 24:15; Petro II, 3:13.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 31]

ATIKE SISI NA AME KUKUWO —TSÃ KPLE FIFIA

Le blema Egipte la, ƒome si me ame tso ƒe nɔnɔmee afia alesi woasi atike na eƒe ame kukue. Atike sisi mɔnu si gbɔna tɔgbe ye gatɔwo ƒe ƒomewo atia:

Wozãa dɔwɔnu aɖe si wowɔ kple ga tsɔ hea ame kukua ƒe ahɔhɔ̃ toa eƒe ŋɔtime dona goe. Emegbe wozãa atike siwo sɔ tsɔ kpɔa tagoa gbɔe. Esi kplɔe ɖoe nye amea ƒe dɔmenuwo katã ɖeɖeɖa, negbe dzia kple ayikuawo ko. Be woate ŋu akpɔ mɔ aɖe eƒe dɔmenuwo la, ehiã be woakoe, gake wobua esia wɔwɔ nuvɔ̃e. Be woakpɔ nya sesẽ sia gbɔ la, Egipte-tikesilawo tiaa ame ɖeka, si woyɔna be amekola, be eya nako amea. Ne enya ko amea vɔ ko la, ele be wòasi adzo, elabena nuwɔna sia, si nye nuvɔ̃ le wo gbɔ ŋuti tohehe nye fiƒoƒo ade amekolaa alo kpe ƒuƒui.

Le dɔmenuawo ɖeɖe vɔ la, woklɔa ƒodoa me nyuie. Ŋutinyaŋlɔla Herodotus ŋlɔ bena: “Wokɔa lifi si me dza, si wotu, kotoklobo, kple gbe ʋeʋĩ bubuwo ɖe dɔgboa me, negbe dzudzɔʋeʋĩdogbe ko, eye wotɔa ƒodoa.”

Emegbe, wotsɔa ŋutilãa dea natron me ŋkeke 70 eye wòlɔa tsi le eme keŋ. Le esia wɔwɔ megbe la, woklɔa ŋutilã la heblanɛ nyuie ɖe aklala me. Emegbe wokɔa tsitike alo aŋɔ aɖe ƒomevi ɖe aklala la ŋu keŋ, eye wotsɔa ame kukua mlɔa atiɖaka aɖe si wokpa ɖe ame ƒe nɔnɔme me hedo atsyã nɛ nyuie la me.

Egbea la, woate ŋu asi atike na ame kuku awu enu le gaƒoƒo ʋɛ aɖewo ko me. Zi geɖe la, wodoa atikeawo ƒe agbɔsɔsɔme si sɔ ɖe ame kukua ƒe ʋukawo, eƒe dɔme kple do si to eƒe akɔta la me. Le ƒeawo me la, woto atike vovovowo vɛ, siwo wozã. Gake le asixɔxɔ kple amewo ƒe dedienɔnɔ ta la, atike si ŋkɔe nye formaldehyde koŋue wolɔ̃a zazã.

[Nɔnɔmetata]

Sikaɖaka si wotsɔ ɖi Fia Tutankhamen