Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kplɔla Nyuitɔ—Afikae Míate Ŋu Akpɔe Le?

Kplɔla Nyuitɔ—Afikae Míate Ŋu Akpɔe Le?

Kplɔla Nyuitɔ—Afikae Míate Ŋu Akpɔe Le?

BIBLIA gblɔ be: “Aƒe sia aƒe la amee tunɛ, ke amesi wɔ nuwo katã la, eyae nye Mawu.” (Hebritɔwo 3:4, NW; Nyaɖeɖefia 4:11) Esi Mawu vavã, Yehowa, enye mía Wɔla ta la, “enya míaƒe wɔwɔme.” (Psalmo 103:14) Enya míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo kple nuhiahiãwo keŋkeŋ. Eye esi wònye lɔlɔ̃ ƒe Mawu ta la, edi be yeakpɔ nuhiahiã mawo gbɔ. (Psalmo 145:16; Yohanes I, 4:8) Kplɔla nyui si míehiã la meto le eme o.

Yehowa gblɔ to nyagblɔɖila Yesaya dzi be: ‘Kpɔ ɖa, metsɔe ɖo ɖasefo na dukɔwo, eye metsɔe ɖo dukɔwo ƒe kplɔla kple dziɖula.’ (Yesaya 55:4) Amekpɔkplɔ ƒe kuxi si li egbea gbɔ kpɔkpɔ bia be woade dzesi Kplɔla sia—si Ŋusẽkatãtɔ ŋutɔ ɖo—ahalɔ̃ ɖe eƒe dziɖulanyenye dzi. Ekema amekae nye Kplɔla kple Dziɖula sia? Nukawoe ɖo kpe edzi be edze anye kplɔla? Afikae wòakplɔ mí ayi? Nukae míawɔ be eƒe amekpɔkplɔ naɖe vi na mí?

Kplɔla si ƒe Ŋugbe Wodo la Do

Ƒe 2,500 kloe enye esi yi va la, mawudɔla Gabriel ɖe eɖokui fia nyagblɔɖila Daniel hegblɔ nɛ be: “Nyae, eye nàƒu to anyi: Tso ɣeyiɣi, si wode se be, woagatso Yerusalem vaseɖe [Kplɔla, Mesia] dzi la, le kwasiɖa adre; eye woatsɔ kwasiɖa blaade vɔ eve atso ablɔwo kple kpɔdomeewo le xaxaɣi.”—Daniel 9:25.

Edze ƒã be mawudɔla la nɔ nyanya nam Daniel le ɣeyiɣi si tututu dzi Kplɔla si Yehowa tia la ava ŋu. ‘Mesia si anye Kplɔla la’ ado le kwasiɖa 69, alo ƒe 483 ƒe nuwuwu, ne míexlẽ tso ƒe 455 D.M.Ŋ. dzi, esime woɖe gbe be woagbugbɔ Yerusalem atso. * (Nexemya 2:1-8) Nukae dzɔ le ɣeyiɣi ma ƒe nuwuwu? Nyanyuiŋlɔla Luka gblɔ be: “Le kaisaro Tiberio ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuiatɔ̃lia me, esi Pontio Pilato le mɔ̃mefia ɖum le Yudea, eye Herodes enye dziɖula le Galilea [ƒe 29 M.Ŋ.] la, . . . Mawu ƒe nya va Yohanes, Zaxarya vi la gbɔ le gbedzi. Eye wòva Yordan-nutowo katã me godoo hele gbeƒã ɖem dzimetɔtrɔ ƒe [nyɔnyrɔxɔxɔ] hena nuvɔ̃wo ƒe keke.” Ɣemaɣi la, ‘dukɔ la nɔ mɔkpɔkpɔ me’ na Kplɔla, Mesia la. (Luka 3:1-3, 15) Togbɔ be amewo va Yohanes gbɔ hã la, menye eyae nye Kplɔla la o.

Emegbe le ƒe 29 M.Ŋ. ƒe October me lɔƒo la, Yesu si tso Nazaret va Yohanes gbɔ be wòanyrɔ ye. Eye Yohanes ɖi ɖase gblɔ be: ‘Mekpɔ gbɔgbɔ la le ɖiɖim tso dziƒo abe akpakpa ene, eye wònɔ edzi. Eye nyemenyae o; ke amesi dɔm be mana nyɔnyrɔ amewo kple tsi la, eye ke gblɔ nam bena: Amesi ke dzi nàkpɔ be gbɔgbɔ la le ɖiɖim ɖo, eye wònɔ edzi la, eyae nye amesi le nyɔnyrɔ nam amewo kple gbɔgbɔ kɔkɔe la. Eye nye la mekpɔe, eye meɖi ɖase bena, amesia enye Mawu ƒe Vi.’ (Yohanes 1:32-34) Esi Yesu xɔ nyɔnyrɔ la, eva zu Kplɔla si wosi ami na—Mesia la, alo Kristo.

Ẽ, ‘dukɔwo ƒe kplɔla kple dziɖula’ si ƒe ŋugbe wodo lae va nye Yesu Kristo. Eye ne míedzro nɔnɔme siwo le esi abe kplɔla ene me la, míakpɔe enumake be eƒe kplɔlanyenye de ŋgɔ sasasã wu nudidi siwo wodina tsoa kplɔla nyuitɔ kekeake siwo li egbea la si.

MesiaKplɔla Nyui La

Kplɔla nyui naa mɔfiafia si me kɔ kple kpekpeɖeŋu amesiwo dzi kpɔm wòle be ŋusẽ kple ŋutete naɖo wo ŋu be woate ŋu akpɔ kuxiwo gbɔ dzidzedzetɔe. Agbalẽ si nye 21st Century Leadership: Dialogues With 100 Top Leader gblɔ be, ‘Esia le vevie na ƒe alafa 21 lia ƒe kplɔla si akpɔ dzidzedze.’ Aleke Yesu dzra eƒe nyaselawo ɖo nyuie be woakpɔ gbesiagbe kuxiwo gbɔe nye esi! Bu eƒe dutoƒonuƒo xɔŋkɔ—si nye Todzimawunya—la ŋu kpɔ ko. Nuxlɔ̃ame deto gbogbo aɖewo le nya siwo woŋlɔ ɖe Mateo ta 5 vaseɖe 7 me.

Le kpɔɖeŋu me, de ŋugble le aɖaŋu si Yesu ɖo le ame nɔewo dome masɔmasɔwo gbɔ kpɔkpɔ ŋu kpɔ. Egblɔ be: “Eyaŋuti ne ètsɔ wò nunana va da ɖe vɔsamlekpuia dzi, eye nèɖo ŋui le afima bena, nya aɖe le nɔviwò ƒe dzi me ɖe ŋutiwò la, gblẽ wò nunana la ɖe afima le vɔsamlekpuia ŋgɔ, eye nayi aɖadzra mia kple nɔviwò dome ɖo gbãgbiagbã, hafi nava tsɔ wò nunana la vae.” (Mateo 5:23, 24) Afɔɖeɖe be woawɔ ŋutifafa kple ame bubuwo xɔa nɔƒe gbãtɔ—wu subɔsubɔkɔnuwo wɔwɔ, abe nunanawo tsɔtsɔ yi gbedoxɔ ƒe vɔsamlekpui dzi le Yerusalem le Mose ƒe Sea nu ene, gɔ̃ hã. Ema manɔmee la, subɔsubɔnuwɔna ɖesiaɖe madze Mawu ŋu o. Viɖe gakpɔtɔ le Yesu ƒe aɖaŋuɖoɖoa ŋu egbea abe alesi wònɔe le ƒe alafa nane siwo va yi ene.

Yesu kpe ɖe eƒe nyaselawo ŋu hã be woaƒo asa na agbegbegblẽnɔnɔ ƒe mɔ̃tetre. Exlɔ̃ nu wo be: “Miese wogblɔ bena: Megawɔ ahasi o: ke nye la mele egblɔm na mi bena: Amesiame, si ke kpɔ nyɔnu aɖe wòdzroe la, ewɔ ahasi kplii xoxo le eƒe dzi me.” (Mateo 5:27, 28) Nuxlɔ̃ame si sɔ ŋutɔ ka enye esi! Nukatae wòle be míadze mɔ si akplɔ mí yi agbegbegblẽnɔnɔ mee dzi to nusiwo ku ɖe eŋu ŋububu me? Yesu gblɔ be dzimee matrewɔwɔ kple ahasiwɔwɔ doa go tsona. (Mateo 15:18, 19) Míanye nunyalawo ne míedzɔ míaƒe dzi ŋu.—Lododowo 4:23.

Ame ƒe futɔwo lɔlɔ̃, dɔmenyowɔwɔ, ŋutilãme kple gbɔgbɔ me nuwo ŋuti nukpɔsusu si da sɔ ƒe amesinɔnɔ, kple esiawo tɔgbe ŋuti nuxlɔ̃ame nyui hã le Todzimawunya la me. (Mateo 5:43-47; 6:1-4, 19-21, 24-34) Yesu fia eƒe nyaselawo alesi woabia Mawu ƒe kpekpeɖeŋui to gbedodoɖa fiafia wo gɔ̃ hã me. (Mateo 6:9-13) Mesia, Kplɔla la do ŋusẽ eyomedzelawo hedzra wo ɖo be woate ŋu akpɔ kuxi siwo amegbetɔƒomea dzea ŋgɔe la gbɔ.

Zi ade sɔŋ Yesu tsɔ nyagbɔgblɔ si nye “miese wogblɔ bena” alo “wogblɔ hã bena” dze eƒe Todzimawunya la gɔmee, ke egblɔa nukpɔsusu bubu ɖe eyome, be “ke nye la mele egblɔm na mi bena.” (Mateo 5: 21, 22, 27, 28, 31-34, 38, 39, 43, 44) Ema ɖee fia be nuwɔwɔ ɖe mɔ aɖe, si sɔ ɖe Farisitɔwo ƒe kɔnyinyiwo nu, nye numame na eƒe nyaselawo. Gake Yesu nɔ mɔ bubu aɖe fiam wo fifia—si sɔ ɖe gɔmesese si tututu nɔ Mose ƒe Sea ŋu nu. Eyata Yesu to esia dzi nɔ tɔtrɔ yeye aɖe hem vɛ, eye ewɔ esia le mɔ bɔbɔe aɖe si anya awɔ na eyomedzelawo nu. Ẽ, Yesu ʋã amewo be woawɔ tɔtrɔ ɖedzesiwo le woƒe agbe me, le gbɔgbɔ kple ŋutilã me. Esia nye kplɔla vavã ƒe dzesi.

Dɔŋutiɖoɖowɔgbalẽ aɖe ɖe alesi gbegbe tɔtrɔ ma tɔgbe wɔwɔ sesẽe fia. Egblɔ be: “Tɔtrɔwɔla [kplɔla] la hiã na hadomekpekpeɖeŋudɔwɔla ƒe aɖaŋu, susuŋutinunyala ƒe nugɔmesese, dulegbeƒula ƒe ŋutete, avu ƒe dzideƒo, saɖagaxɔmenɔlawo ƒe kakaɖedzi, kple ame kɔkɔe ƒe dzigbɔɖi. Eye le nɔnɔme siawo katã megbe hã la, kakaɖedzi aɖeke meli be akpɔ dzidzedze o.”

Nyati aɖe si ƒe tanya enye: “Kplɔlanyenye: Ðe Nɔnɔmewo Le Veviea?” gblɔ be: “Ele be kplɔlawo nawɔ nu abe alesi wodi be yewo teviwo nawɔ nui ene.” Le nyateƒe me la, kplɔla nyui wɔa nu ɖe nusi wògblɔna nu. Aleke esia sɔ le Yesu Kristo gome enye esi! Ẽ, efia amesiwo nɔ eŋu be woabɔbɔ wo ɖokui, ke hã eɖo kpɔɖeŋu na wo to woƒe afɔwo kɔklɔ me. (Yohanes 13:5-15) Menye ɖeko wòdɔ eƒe nusrɔ̃lawo be woaɖa ɖe gbeƒã Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia o, ke ekpɔ gome le dɔ ma me moveviɖoɖotɔe. (Mateo 4:18-25; Luka 8:1-3; 9:1-6; 10:1-24; Yohanes 10:40-42) Eye Yesu ɖo ɖokuibɔbɔ ɖe kplɔla aɖe te ƒe kpɔɖeŋu. Egblɔ be: “Vi la mate ŋu awɔ naneke le eya ŋutɔ ɖokui si o, ne menye Fofoae le ewɔm wòkpɔ o.”—Yohanes 5:19.

Nya siwo Yesu gblɔ kple nusiwo wòwɔ siwo me dzrom míele ɖee fia kɔte be eyae nye Kplɔla nyui la. Le nyateƒe me, egbɔ nusiwo katã amegbetɔwo tsɔ dzidzea kplɔlae la ŋu. Yesu de blibo. Esi wòxɔ makumakunyenye le eƒe ku kple tsitretsitsi megbe ta la, anɔ agbe tegbee. (Petro I, 3:18; Nyaɖeɖefia 1:13-18) Kplɔla amegbetɔ kae ate ŋu aɖo dzidzenu siawo gbɔ?

Nukae Wòle Be Míawɔ?

Esi ‘Kplɔla, Mesia’ siae nye Mawu ƒe Fiaɖuƒea ƒe Fia si le dzi ɖum ta la, ayra ameƒomea me tɔ toɖolawo. Ŋɔŋlɔawo do esia ƒe ŋugbe be: “Sidzedze Yehowa [axɔ] anyigba la dzi, abe alesi tsi yɔ atsiaƒu me ene.” (Yesaya 11:9) “Ame ɖihiãwo anyi anyigba la dome, eye dzi adzɔ wo ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti.” (Psalm 37:11) “Wo dome amesiame abɔbɔ nɔ anyi ɖe eƒe weinka kple eƒe gboti te bɔkɔɔ.” (Mixa 4:4) “Mawu ŋutɔ anɔ anyi kpli wo, eye wòanye woƒe Mawu. Eye Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o; elabena nu gbãtɔwo nu va yi.”—Nyaɖeɖefia 21:3, 4.

Xexeame le amekpɔkplɔ ƒe kuxi aɖe me tom. Gake Yesu Kristo le ame fafawo kplɔm yina ŋutifafa xexe yeye aɖe me, afisi ameƒomea me tɔ toɖolawo awɔ ɖeka le tadedeagu na Yehowa Mawu me ahayi adzi aɖo blibodede gbɔ. Aleke wòle vevie be míaxɔ Mawu vavã la kple Kplɔla si wòɖo ŋuti sidzedze ahawɔ nu ɖe sidzedze ma nu enye esi!—Yohanes 17:3.

Bubu si míate ŋu ade ame ŋu dometɔ ɖekae nye be míasrɔ̃ eƒe nɔnɔme. Ekema ɖe mele be míadze agbagba asrɔ̃ Kplɔla vevitɔ kekeake le amegbetɔwo ƒe ŋutinya me—Yesu Kristo—oa? Aleke míate ŋu awɔ esiae? Ŋusẽ kae lɔlɔ̃ ɖe eƒe dziɖuɖu dzi akpɔ ɖe míaƒe agbe dzi? Nyati eve siwo gbɔna adzro nyabiabia siawo kple bubuwo me.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 6 Kpɔ agbalẽ si nye Ðo To Daniel ƒe Nyagblɔɖi La!, axa 186-92, si Yehowa Ðasefowo ta.

[Nɔnɔmetata si le axa 4]

Daniel gblɔ Kplɔla si Mawu tia ƒe vava ŋu nya ɖi

[Nɔnɔmetata siwo le axa 7]

Yesu ƒe nufiafiawo dzra amewo ɖo be woakpɔ agbemekuxiwo gbɔ

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Yesu akplɔ ameƒomea me tɔ toɖolawo ayi ŋutifafa xexe yeye aɖe me