Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kplɔla Nyuitɔ Kpɔkpɔ—Xexeame Katã ƒe Kuxi

Kplɔla Nyuitɔ Kpɔkpɔ—Xexeame Katã ƒe Kuxi

Kplɔla Nyuitɔ Kpɔkpɔ—Xexeame Katã ƒe Kuxi

Ŋutsua nye agbalẽŋlɔla kple hakpanyaŋlɔla. Exɔe se vevie be nu me ava nyo na amesiame le etsɔme. Ƒe 90 aɖewo va yi me la, esusu teƒe aɖe “si amewo vo le susu me eye wokpɔa mɔ na nɔnɔme nyuiwo ko; afisi wofiaa nu le femaxee; afisi wometsɔ liƒowo de mama xexeame kakɛkakɛ o; afisi wotoa nyateƒe le; [kple] afisi agbagbadzedze kutrikukutɔe naa woyia dzi nɔa dzidzedze kpɔm ɖaa le woƒe dɔwɔnawo me.”

AGBALẼŊLƆLA sia ʋu eme be gbeɖeka la yeƒe dukɔmetɔwo kple xexeame katã ava nɔ teƒe ma tɔgbe. Ne ɖe hakpanyaŋlɔla Nobel Nunanaxɔla ma gale agbe egbea la, dzi aɖe le eƒo ŋutɔ. Togbɔ be wowɔ ŋgɔyiyiwo heɖu mɔxenuwo dzi hã la, xexeame gama kakɛkakɛ wu tsã. Eye etsɔmemɔkpɔkpɔ nyui aɖeke meli na amegbetɔwo o.

Esi wobia agbledela aɖe be nukae de ʋunyaʋunyawɔwɔ dunyaheha aɖewo dome le eƒe dukɔa me hã la, efia asi nusi gbɔ wòtso la dometɔ ɖeka. Egblɔ be, “Etso kplɔla maɖɔʋuwo gbɔ.” Ŋutinyaŋlɔla Jonathan Glover gblɔ nya ma tɔgbe le eƒe agbalẽ si nye Humanity—A Moral History of the Twentieth Century (Ameƒomea—Nusɔsrɔ̃ le Ƒe Alafa Blavelia me Agbenyuinɔnɔ Ŋu) me be: “Ameƒomevi aɖewo tsɔtsrɔ̃ ɖa kura [le dukɔ ma ke me] menye gbevovodolawo ƒe fuléle aɖe si dzɔ le vo me o, amesiwo nɔ didim be yewoaxɔ ŋusẽe ɖonɛ.”

Esi aʋa dzɔ le dunyahedukɔ eve siwo nɔ Yugoslavia si nɔ anyi tsã dome le ƒe 1990-awo ƒe gɔmedzedze la, nyadzɔdzɔŋlɔla aɖe ŋlɔ be: “Míenɔ anyi ɖekae le dzidzɔ me ƒe gbogbo aɖewo gake fifia míezu mía nɔewo ƒe viwo wulawo. Nukae le dzɔdzɔm ɖe mía dzi?”

India si le adzɔge kilometa akpe nanewo tso Europa kple Afrika gbɔe nye hakpanyaŋlɔla si míeyɔ va yi la dedukɔ. Esi agbalẽŋlɔla Pranay Gupte nɔ nyati si nye “Ðe India Akpɔtɔ Anɔ Anyi abe Dukɔ Ðeka Enea?” me ɖem la, egblɔ be: ‘India nɔla gbogboawo ƒe alafa memama 70 nye amesiwo mekpɔ xɔ ƒe 30 o, gake kplɔla siwo aɖo kpɔɖeŋu nyui na wo la meli o.’

Le dukɔ aɖewo me la, eva hiã be kplɔla aɖewo naɖe asi le woƒe dɔwo ŋu elabena wotso wo nu be wonye nufitifitiwɔlawo. Eyata edze ƒã le susu vovovowo me be xexeame le amekpɔkplɔ ƒe kuxi me tom. Nɔnɔmeawo ɖo kpe nyagblɔɖila aɖe si nɔ anyi va yi ƒe 2,600 aɖewo enye esia ƒe nya siwo wògblɔ dzi. Egblɔ be: “Amegbetɔ ƒe mɔ kple ŋutsu ƒe zɔzɔme la menye eya ŋutɔ si me wòle, ne eƒe azɔlime nato mɔ ɖeka o.”—Yeremya 10:23.

Ðe nɔnɔme sesẽ siwo me tom xexeame le egbea gbɔ kpɔnu aɖe lia? Amekae akplɔ ameƒomea ayi xexe si me aʋawɔwɔ memaa amegbetɔƒomea me alo wotsia dzodzoe le vɔvɔ̃ ta o, afisi wokpɔa sidzedze vavãtɔ si woxɔna femaxee bɔ ɖo, kple afisi ameƒomea ɖoa ta blibodede gbɔ?

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 3]

Fatmir Boshnjaku