Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Ðe ɖetugbi nɔaƒe Maria ƒe blibomademade gblẽ nu le Yesu ŋu esi wòfɔ eƒe fua?

Nuŋlɔɖi si tso gbɔgbɔ me gblɔ le “Yesu ƒe dzidzi” ŋu be: “Esime wodo dada Maria ŋugbe na Yosef, eye hafi wova kpe la, wokpɔ bena, efɔ fu tso Gbɔgbɔ kɔkɔe la me.” (Mateo 1:18) Le nyateƒe me la, Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe wɔ akpa vevi aɖe le Maria ƒe fufɔfɔa me.

Ke Maria ŋutɔ ya ɖe? Ðe eƒe azi ŋutɔŋutɔ hã wɔ akpa aɖe le eƒe fufɔfɔa mea? Le Mawu ƒe ŋugbe si wòdo na Abraham, Isak, Yakob, Yuda, kple Fia Dawid—siwo nye Maria tɔgbuiwo—nu la, ele be ɖevi si woadzi la nanye woƒe dzidzimevi ŋutɔŋutɔ. (Mose I, 22:18; 26:24; 28:10-14; 49:10; Samuel II, 7:16) Ekema aleke wòadzɔe be ɖevi si dzi ge Maria gbɔna la nanye Mawu ƒe ŋugbedodo mawo domenyila vavãtɔe? Ehiã be wòanye via ŋutɔŋutɔ.—Luka 3:23-34.

Yehowa ƒe dɔla ɖe eɖokui fia ɖetugbui nɔaƒe Maria, hegblɔ be: “Megavɔ̃ o, Maria! Elabena èkpɔ amenuveve le Mawu gbɔ. Eye kpɔ ɖa, èle fu fɔ ge, eye nàdzi ŋutsuvi, eye nàyɔ eƒe ŋkɔ be Yesu.” (Luka 1:30, 31) Fufɔfɔ bia be vi naɖo azi me. Edze ƒã be Yehowa Mawu na vi ɖo azi si nɔ Maria ƒe vidzidɔ me la me eye ewɔ esia to Via si gbɔ melɔ̃a nu le o ƒe agbe ɖoɖoɖa tso gbɔgbɔmenutome va anyigba dzi me.—Galatiatɔwo 4:4.

Ðe vi aɖe si ƒe fu nyɔnu madeblibo aɖe fɔ to mɔ sia nu ade blibo eye nuvɔ̃ manɔ eyama ŋu oa? Aleke domenyiŋusẽfianu ŋuti gɔmeɖosewo wɔa dɔe ne nu deblibo do go kple nu madebliboe? Ðo ŋku edzi be wozã gbɔgbɔ kɔkɔea le Mawu ƒe Vi la ƒe agbeŋusẽ debliboa tsɔtsɔ va de vidzidɔa me be wòazu fufɔfɔ me. Esia tutu blibomademade ɖesiaɖe si nɔ Maria ƒe azia me ɖa, si wɔe be domenyiŋusẽ si de blibo su via si tso gɔmedzedzea ke.

Aleke ke nya la le o, míate ŋu aka ɖe edzi be Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe dɔwɔwɔ ɣemaɣi na Mawu ƒe tameɖoɖo kpɔ dzidzedze. Mawudɔla Gabriel ɖe eme na Maria be: “Gbɔgbɔ kɔkɔe ava dziwò, eye dziƒoʋĩtɔ ƒe ŋusẽ ado vɔvɔli ɖe dziwò, eyaŋuti nusi dzi ge nàla la, woayɔe be kɔkɔe, Mawu viŋutsuvi.” (Luka 1:35) Ẽ, le kpɔɖeŋumɔ nu la, Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea tɔ glikpɔ sesẽ aɖe ale be blibomademade alo nɔnɔme gbegblẽ aɖeke magagblẽ fugboea si nɔ tsitsim la o.

Eme kɔ ƒã be Yesu kpɔ eƒe amegbetɔ deblibo ƒe agbea tso Fofoa si le dziƒo gbɔ, ke menye tso amegbetɔ aɖeke gbɔ o. Yehowa ‘dzra ŋutilã aɖe’ ɖo ɖi nɛ, eye Yesu—tso esime wofɔ eƒe fu dzi heyi la—nye “ame maƒoɖi, amesi ɖe eɖokui ɖa tso nuvɔ̃wɔlawo dome.”—Hebritɔwo 7:26; 10:5.

[Nɔnɔmetata si le axa 19]

“Èle fu fɔ ge, eye nàdzi ŋutsuvi”