Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Waldotɔwo—Tso Tsitretsiɖeŋu me Va Protestanttɔnyenye Me

Waldotɔwo—Tso Tsitretsiɖeŋu me Va Protestanttɔnyenye Me

Waldotɔwo—Tso Tsitretsiɖeŋu me Va Protestanttɔnyenye Me

Anyiehe France ƒe Provence-nuto dzeani si nye Lubéron mee le ƒe 1545 me. Asrafoha aɖe kpe ta be woawɔ dɔ dziŋɔ aɖe si woɖo le subɔsubɔhawo ƒe mɔmaɖemaɖeɖenuŋu ta. Ʋukɔkɔɖi yi edzi kwasiɖa ɖeka sɔŋ.

WOGBÃ kɔƒeduwo, eye wolé wo me nɔlawo de gaxɔ me alo wu wo. Asrafo tagbɔsesẽtɔwo tsrɔ̃ amewo ŋutasesẽtɔe si na Europa-dukɔwo ʋuʋu kpekpekpe. Wowu ŋutsu siwo ade 2,700, eye wokplɔ ame 600 yi ɖade blematɔdziʋu gãwo me hena dɔ sesẽ wɔwɔ, eye fukpekpe siwo me nyɔnuwo kple ɖeviwo to la mele gbɔgblɔ me o. Aʋakplɔla si nɔ ŋgɔ na ʋukɔkɔɖi sia xɔ kafukafu geɖe tso Franse-fia kple papa la gbɔ.

Subɔsubɔhawo ƒe Ðɔɖɔɖo he tɔtɔ de Germany ya dome xoxo, esime dzitsitsi ɖe Protestant subɔsubɔha ƒe kaka ŋu na be France ƒe Katoliko-fia, Francis I, wɔ numekuku tso aglãdzeha siwo wòse be wole eƒe fiaɖuƒea me ŋu. Be Provence-dumegãwo nake ɖe ame ɖekaɖeka ʋɛ aɖewo siwo tsi tre ɖe sɔlemehaa ƒe nufiafia ŋu teƒe la, kɔƒedu blibo siwo me nɔlawo katã zu subɔsubɔ me aglãdzeha me tɔwo ŋue woke ɖo. Ale wotso nya me hede se be woaɖe tsitretsiɖeŋula siawo ɖa hewɔ eme dɔ mlɔeba le ƒe 1545 me eye wokɔ ʋu ɖi eteƒe mekɔ o.

Amekawoe nye tsitretsiɖeŋula siawo? Eye nukatae subɔsubɔhawo ti wo yome ŋutasesẽtɔe?

Tso Hokpɔkpɔ me Va Ahedada Me

Amesiwo wotsrɔ̃ la nye subɔsubɔha aɖe si nɔ anyi tso keke ƒe alafa 12 lia me ke siwo nɔ Europa ƒe akpa geɖe la me tɔwo. Alesi wòkeke tae henɔ anyi ƒe alafa geɖe na wònye etɔxɛ le tsitretsitsi ɖe subɔsubɔhawo ƒe nufiafia ŋu ƒe ŋutinya me. Ŋutinyaŋlɔla akpa gãtɔ lɔ̃ ɖe edzi be xɔseha la do mo ɖa le ƒe 1170 me. Le Franseawo ƒe dugã si nye Lyons me la, asitsala hotsuitɔ aɖe si ŋkɔe nye Vaudès va tsɔ ɖe le nusi wòawɔ adze Mawu ŋu sɔsrɔ̃ me vevie. Ðewohĩ alesi Yesu Kristo xlɔ̃ nu kesinɔtɔ aɖe be wòadzra eƒe nunɔamesiwo atsɔ ana hiãtɔwo lae ʋã Vaudès wòwɔ ɖoɖo na eƒe ƒomea ƒe ŋutilãmenuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ eye emegbe wòɖe asi le eƒe kesinɔnuwo ŋu be yeaɖe gbeƒã Nyanyuia. (Mateo 19:16-22) Eteƒe medidi o amewo dze eyome, amesiwo wova yɔ be Waldotɔwo. *

Ahedada, gbeƒãɖeɖe, kple Biblia ye nye nu vevitɔwo le Vaudès ƒe agbe me. Tsitretsitsi ɖe nunɔlawo ƒe hokpɔkpɔ ŋu menye nu yeye o. Hena ɣeyiɣi aɖe la, ame aɖewo siwo tsi tre ɖe nunɔlawo ŋu ƒo nu tsi tre ɖe sɔlemeha la ƒe nutovowɔwɔ kple ŋutasẽnuwɔwɔwo ŋu. Gake Vaudès mesrɔ̃ agbalẽ de ŋgɔ o, abe alesi eyomedzela akpa gãtɔ nɔ ene. Ðikeke mele eme o be esia tae wòkpɔe be ehiã be Biblia nanɔ ameawo degbe me ɖo. Esi subɔsubɔhakplɔlawo ko sie sɔlemeha la ƒe Latingbe me Biblia gɔmeɖeɖea le ta la, Vaudès dɔ be woaɖe Nyanyuiawo kple Biblia-gbalẽ bubuwo gɔme ɖe Franco-Provençal, si nye gbe si ame tsɛwo dona le France ƒe titina ɣedzeƒe la me. * Le se si Yesu de be woaɖe gbeƒã dzi wɔwɔ me la, Lyons ƒe Ame Daheawo gblɔa woƒe gbedasiwo le mɔdodowo dzi. (Mateo 28:19, 20) Ŋutinyaŋlɔla Gabriel Audisio ɖe nu me be Waldotɔwo ƒe tameɖoɖo kplikpaa ɖe dutoƒogbeƒãɖeɖe ŋu koŋue na sɔlemeha la wɔ nu ɖe wo ŋu nenema ɖo.

Tso Katolikoha me Va Tsitretsitsi Ðe Eŋu Me

Le ɣeyiɣi mawo me la, subɔsubɔhakplɔlawo koe kpɔ mɔ aɖe gbeƒã, eye sɔlemeha la tsɔe ɖo eɖokui dzi be yee ana ŋusẽ amewo hafi woaɖe gbeƒã. Subɔsubɔhakplɔlawo bua Waldotɔwo ame manyanuwo kple agbalẽmanyalawoe, gake le ƒe 1179 me la, Vaudès bia mɔɖeɖe tso Papa Alexander III gbɔ hena eƒe gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ. Woɖe mɔ nɛ—gake hegblɔ kpe ɖe eŋu be wo gbɔ nunɔlawoe ada asi ɖe edzi hafi. Ŋutinyaŋlɔla Malcolm Lambert gblɔ be “vototo gobii aɖeke mele gbegbe kple mɔɖeɖe [sia] dome o.” Le nyateƒe me la, Bisiɔpgã Jean Bellesmains si tso Lyons de se ɖe ame manyanuwo ƒe gbeƒãɖeɖe nu kura. Vaudès yɔ Dɔwɔwɔwo 5:29 me nyawo tsɔ ɖo nyaa ŋui be: “Ele be, woabu Mawu awu amewo.” Esi Vaudès gbe mɔxeɖenua dzi wɔwɔ ta la, wonyae le haa me le ƒe 1184 me.

Togbɔ be wonya Waldotɔwo le sɔleme siwo le Lyons-nutowo katã me heɖi gbɔ wo be woadzo le dua me hã la, edze abe se gbɔlo ko wònye wode ɖe wo nu le gɔmedzedzea me ene. Ame tsɛ geɖe kpɔa dzidzɔ ɖe Waldotɔwo ŋu le woƒe moveviɖoɖo kple alesi wonɔa agbee ta, eye bisiɔpwo gɔ̃ hã yi edzi ƒoa nu kpli wo.

Ŋutinyaŋlɔla Euan Cameron gblɔ be edze abe Waldotɔ gbeƒãɖelawo “metsi tre ɖe Roma Katoliko Ha la ŋu o” ene. Ðeko “wodi be yewoaɖe gbeƒã ahafia nu.” Ŋutinyaŋlɔlawo gblɔ be alesi wonɔ sewo dem ɖe ha la nui vivivi heyi edzi ɖi gbɔ wo kura mlɔeba lae na wova bu wo tsitretsiɖeŋulawoe. Alesi sɔlemeha la nɔ tsitre tsim ɖe Waldotɔwo ŋui ye na be Lateran Aɖaŋuɖotakpekpe Enelia va xe mɔ ɖe wo nu kura le ƒe 1215 me. Aleke esia kpɔ ŋusẽ ɖe woƒe gbeƒãɖeɖea dzii?

Wowɔ Dɔ le Adzame

Vaudès ku le ƒe 1217 me eye eyomedzelawo ka hlẽ yi France ƒe Alps-baliwo me, Germany, dziehe Italy, kple Titina kpakple Ɣedzeƒe Europa le wo yome titi ta. Yometitia na hã be Waldotɔwo va tsi kɔƒeduwo me, eye esia na woƒe gbeƒãɖeɖedɔwo dzi ɖe kpɔtɔ le nuto geɖe me.

Le ƒe 1229 me la, Katolikoha la wu eƒe Atitsogaʋa si wòho ɖe Kathartɔwo, alo Albitɔwo, ŋu le anyiehe France la nu. * Waldotɔwo va nye amesiwo ŋu wotrɔ ɖo azɔ. Eteƒe madidi o woatrɔ Ŋutasẽʋɔnudɔdrɔ̃a ɖe amesiwo katã tsi tre ɖe sɔlemehaa ŋu la ŋu vevie. Vɔvɔ̃ na Waldotɔwo ɣla wo ɖokui. Kaka ƒe 1230 naɖo la, womegaɖea gbeƒã gaglãa o. Audisio ɖe nu me be: “Le esi teƒe be woado go ayi alẽ yeyewo di ge . . . la, woda susu ɖe beléle na amesiwo va haa me xoxo dzi, hetua wo ɖo be woanɔ te ɖe amewo ƒe nyaƒoɖeamenu kple yometiti nu ahalé xɔse la me ɖe asi.” Egblɔ kpee be “gbeƒãɖeɖe kpɔtɔ nɔ vevie na wo, gake wotrɔ alesi wowɔnɛ kura.”

Woƒe Dzixɔsewo Kple Nuwɔnawo

Le esi teƒe be woana ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa nakpɔ gome le gbeƒãɖeɖedɔa me la, kaka ƒe alafa 14 lia naɖo la, Waldotɔwo va de vovototo gbeƒãɖelawo kple xɔsetɔwo dome. Ŋutsu siwo wohe nyuie koe nɔ gome kpɔm le nunɔladɔwo me ɣemaɣi. Wova yɔ subɔla mɔzɔla siawo emegbe be barbes (tɔgãwo).

Barbes, amesiwo yi ɖasrãa Waldotɔwo ƒe ƒomewo kpɔna le woƒe aƒewo me la dzea agbagba be yewoalé ha la ɖe te tsɔ wu be wòakaka ɖe teƒeteƒewo. Amesiwo katã nye barbes la te ŋu xlẽa nu, ŋlɔa nu, eye Biblia dzie wotu ƒe ade ƒe hehe si woxɔna la ɖo. Biblia si le wo degbe me zazã kpe ɖe wo ŋu be wote ŋu ɖea eme na woƒe hameviwo. Tsitretsiɖeŋulawo gɔ̃ hã lɔ̃ ɖe edzi be Waldotɔwo kple wo viwo nya Biblia nyuie eye wote ŋu yɔa nya tsoa Ŋɔŋlɔawo ƒe teƒe geɖe.

Nusiwo blema Waldotɔwo tsri la dometɔ aɖewoe nye alakpadada, ŋutiklɔdzo, Misa wɔwɔ na ame kukuwo, nuvɔ̃meʋuʋu na papa kple nuvɔ̃ kɔklɔ ɖa le ame ŋu, kpakple tadedeagu na Maria kple “ame kɔkɔewo.” Woɖua Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua alo Fiẽnuɖuɖu Mamlɛa hã ƒe sia ƒe. Lambert gblɔ be alesi woƒe subɔsubɔa le na “wònye ame tsɛwo ƒe subɔsubɔha.”

“Agbe Eve Nɔnɔ”

Kadodo kplikplikpli nɔ Waldotɔwo ƒe nutowo dome. Ha la mee woɖea wo nɔewo le, eye le ƒe alafaawo me la, esia na Waldo tɔgbuiŋkɔwo va su wo si. Gake Waldotɔwo dzea agbagba ɣlaa woƒe nukpɔsusuwo le agbagbadzedze be yewoatsi agbe ta. Nu tsyɔtsyɔ woƒe subɔsubɔdzixɔse kple nuwɔnawo dzi na wònɔ bɔbɔe na tsitretsiɖeŋulawo be wote ŋu na nutsotso vɔ̃ɖiwo tso wo ŋu, si ƒe ɖee nye gbɔgblɔ le wo ŋu be woƒoa wo ɖokui ɖe Abosam subɔsubɔ me. *

Mɔ siwo dzi Waldotɔwo gblẽa nutsotso siawo me le dometɔ ɖekae nye dada le woa ŋutɔwo ƒe ɖoɖowo dzi ahawɔ nusi ŋutinyaŋlɔla Cameron yɔ be, “asidada ɖe” Katoliko subɔsubɔ dzi “le mɔ sue aɖe nu.” Waldotɔ geɖe ʋu nuvɔ̃ me na Katoliko-nunɔlawo, de Misa, zã tsi kɔkɔe, eye wozɔa mɔ yia teƒe kɔkɔewo. Lambert gblɔ be: “Le nu geɖe me la, wowɔ nu abe woƒe aƒelika siwo nye Katolikotɔwo ene.” Audisio gblɔe tẽ be mlɔeba la, Waldotɔwo “va nɔ agbe eve nɔm.” Egblɔ kpee be: “Le go aɖe me la, wowɔa nu abe Katolikotɔwo ene le gotagome be woatsɔ akpɔ ŋutifafa sue si me wole ta; le go bubu me la, wowɔa kɔnu aɖewo kple nuwɔna aɖewo le wo nɔewo dome tsɔ kpɔa egbɔ be ha la kpɔtɔ li.”

Tso Tsitretsiɖeŋu me Va Protestanttɔnyenye Me

Le ƒe alafa 16 lia me la, subɔsubɔhawo ƒe ɖɔɖɔɖoa na Europa sɔlemehawo ƒe nuwɔnawo trɔ keŋ. Amesiwo ŋu wotsi tre ɖo ate ŋu abia be woada asi ɖe yewo dzi le se nu le woa ŋutɔwo dedukɔ me loo alo woaʋu ayi dukɔ bubuwo me aɖadi afisi woanɔ avo. Tsitretsitsi ɖe sɔlemehaa ƒe nufiafia ŋu ƒe ŋkubiãnyanyenye hã nu te tsitsi ʋɛʋɛʋɛ, elabena ame geɖe nɔ nya tsɔm ɖe sɔlemehawo ƒe nufiafiawo ŋu.

Le ƒe 1523 me ke la, Ðɔɖɔɖowɔla nyanyɛ Martin Luther ƒo nu tso Waldotɔwo ŋu. Le ƒe 1526 me la, Waldotɔwo ƒe subɔla siwo woyɔna be barbes dometɔ ɖeka tsɔ subɔsubɔhawo ŋuti nyadzɔdzɔwo tso Europa va Alps-towo dzii. Nuwo ɖɔliɖɔli ƒe ɣeyiɣi aɖe kplɔ esia ɖo, esime Protestanttɔwo dzroa woƒe nukpɔsusuwo me kple Waldotɔwo. Protestanttɔwo de dzi ƒo na Waldotɔwo be woana woaɖe Biblia gɔme zi gbãtɔ tso gbegbɔgblɔ gbãtɔwo me ava Fransegbe me. Wotae le ƒe 1535 me, eye emegbe wova yɔnɛ be Olivétan Biblia. Gake le nyateƒe me la, Waldotɔ akpa gãtɔ mese Fransegbea o.

Esi Katolikoha la ƒe yometitia nɔ edzi yim la, Waldotɔ gbogbo aɖewo ʋu yi ɖatsi anyiehe France ƒe Provence-nuto si me woanɔ dedie le wu me, abe alesi Protestanttɔ siwo ʋu hã wɔe ene. Eteƒe medidi o, setɔwo se nu tso amewo ƒe ʋuʋu yi teƒe siawo ŋu. Togbɔ be ame geɖe ƒo nu nyui tso Waldotɔwo ƒe nuwɔna kple agbenɔnɔ ŋu hã la, ame aɖewo tsɔ nya ɖe woƒe nuteƒewɔwɔ ŋu hetso wo nu be wonye ŋutifafa dome gblẽlawo. Wode Mérindol-se la, si me tsonu enye amewo tsɔtsrɔ̃ si ŋu míeƒo nu tsoe le nyati sia ƒe gɔmedzedze.

Waldotɔwo kple Katolikotɔwo dome ƒomedodo yi edzi nɔ gbegblẽm ɖe edzi. Waldotɔwo tsɔ tu gɔ̃ hã tsɔ ʋli wo ɖokui tae le wo dzidzedze me. Aʋa sia he wo va Protestanttɔwo ƒe akpa dzi. Aleae wòdzɔe be Waldotɔwo va wɔ ɖeka kple Protestanttɔ siwo nɔ anyi ɣemaɣi lae nye esi.

Le ƒe alafaawo me la, woɖo Waldo-sɔlemehawo ɖe keke dukɔ siwo gbɔ didi ʋĩ tso France gbɔ, abe Uruguay kple United States ene me. Ke hã ŋutinyaŋlɔla akpa gãtɔ wɔ ɖeka kple Audisio, amesi gblɔ be “Waldo-subɔsubɔhaa wu enu le Ðɔɖɔɖo ɣeyiɣiawo me,” esime Protestant-subɔsubɔhaa “mii.” Le nyateƒe me la, dzo si nɔ Waldo-sɔlemehaa me le gɔmedzedzea la bu ƒe alafa geɖewo do ŋgɔ. Ema dzɔ esime le vɔvɔ̃ ta ha la me tɔwo ɖe asi le gbeƒãɖeɖe kple nufiafia siwo nɔ te ɖe Biblia dzi la ŋu.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 7 Wogayɔa Vaudès be Valdès, Valdesius, alo Waldo. Ŋkɔ mamlɛtɔa mee ŋkɔ “Waldotɔwo” do tso. Wogayɔa Waldotɔwo alo Waldesiatɔwo be Lyons ƒe Ame Dahewo.

^ mm. 8 Tso ƒe 1199 me ke la, Metz ƒe bisiɔp, si le dziehe France, na nutsotso aɖe Papa Innocent III be ame aɖewo le Biblia xlẽm hele eme dzrom le wo degbe me. Anye Waldotɔwo kokoko ŋue bisiɔp la nɔ nu ƒom tsoe.

^ mm. 15 Kpɔ “Kathartɔwo—Kristotɔ Xɔsetakukulawoe Wonyea?” le September 1, 1995 ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 27-30 me.

^ mm. 21 Waldotɔwo ŋu gbegblẽ atraɖii na megbeŋkɔ vauderie (si woɖe tso Fransegbe me nya vaudois me) va su wo si. Wozãe tsɔ ɖɔ amesiwo wobu be wotsi tre ɖe sɔlemehaa ƒe nufiafia ŋu alo be wonye Abosam subɔlawo.

[Map/Picture on page 23]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

Nuto siwo me Waldotɔwo kpɔ ŋusẽ ɖo

FRANCE

Lyons

PROVENCE

Lubéron

Strasbourg

Milan

Rome

Berlin

Prague

Vienna

[Nɔnɔmetata]

Waldotɔwo na wowɔ ƒe 1535 me Olivétan Biblia gɔmeɖeɖe

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Bible: © Cliché Bibliothèque nationale de France, Paris

[Nɔnɔmetata siwo le axa 20, 21]

VAUDÈS

Dzotɔtɔ Waldo-nyɔnu tsitsi eve

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Pages 20 and 21: © Landesbildstelle Baden, Karlsruhe