Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Di Mawu tso Dzi Kple Susu Blibo Me

Di Mawu tso Dzi Kple Susu Blibo Me

Di Mawu tso Dzi Kple Susu Blibo Me

Kristotɔnyenye vavãtɔ dea dzi ƒo na amewo be woazã woƒe dzi kple susu siaa bene xɔse si dzea Mawu ŋu nasu wo si.

LE NYATEƑE me la, Kristotɔnyenye gɔmeɖoanyila, Yesu Kristo, fia nu be ele be míalɔ̃ Mawu kple míaƒe “tamesusu blibo,” alo míaƒe nunya, kpakple míaƒe “dzi blibo,” kple “luʋɔ blibo.” (Mateo 22:37) Ẽ, ele be míaƒe tamebubuŋutete nawɔ akpa vevi aɖe le míaƒe tadedeagu me.

Ne Yesu di be yeakpe nyaselawo woabu tame tso nusi fiam wòle ŋu la, ebiana zi geɖe be: “Aleke miebuna?” (Mateo 17:25; 18:12; 21:28; 22:42) Nenema ke apostolo Petro ŋlɔ agbalẽ na haxɔsetɔwo be ‘yeatsɔ anyɔ woƒe tamebubuŋutetewo.’ (Petro II, 3:1) Apostolo Paulo, si nye dutanyanyuigblɔla gbãtɔwo dometɔ ɖeka si zɔ mɔ de didiƒe, xlɔ̃ nu Kristotɔwo be woazã woƒe “tamebubu ƒe ŋutete” bene “[woadzro] nusi nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, si nyo, eye wòdzea eŋu nyuie, eye wòle blibo la me akpɔ.” (Romatɔwo 12:1, 2, NW ) Numedzodzro si woawɔ tsitotsito ku ɖe woƒe xɔse ŋu aleae ana xɔse si dzea Mawu ŋu nasu Kristotɔwo si, xɔse si ate ŋu anɔ te ɖe dodokpɔ siwo vaa ame dzi le agbe me la nu.—Hebritɔwo 11:1, 6.

Bene Kristotɔ nyanyuigblɔla gbãtɔwo nakpe ɖe amewo ŋu xɔse sia tɔgbe nasu wo si la, ‘wodzroa nu me kpli wo tso Ŋɔŋlɔawo me eye woɖoa kpe edzi na wo kɔte.’ (Dɔwɔwɔwo 17:1-3) Numedzodzro kple amewo nugɔmesesetɔe alea wɔe be dzianukwaretɔwo xɔ nya la nyuie. Le kpɔɖeŋu me, ame geɖe siwo tso Makedonia-du si nye Beroia ‘xɔ Mawu ƒe nya la kple dzi faa, eye wole Ŋɔŋlɔawo me dzrom tsitotsito gbesiagbe be, nusiwo wosrɔ̃ tso Paulo kple etɔwo gbɔ la le eme hã.’ (Dɔwɔwɔwo 17:11) Anyo be míade dzesi nu eve le afisia. Gbã la, Beroiatɔwo di vevie be yewoaɖo to Mawu ƒe Nya la; evelia, wometsɔe ko be nya siwo yewose la nye nyateƒe o ke boŋ wogbugbɔ di kpeɖodzia tsitotsito le Ŋɔŋlɔawo me. Kristotɔ dutanyanyuigblɔla Luka kafu Beroiatɔ siawo anukwaretɔe ɖe esia ta, eye woyɔ wo be wonye amesiwo “ɖɔ ʋu wu.” Ðe wò hã nèɖɔ ʋu alea le gbɔgbɔmenuwo me dzodzro mea?

Susu Kple Dzia Wɔa Nu Ðekae

Abe alesi míegblɔe do ŋgɔ ene la, tadedeagu vavãtɔ bia be míazã míaƒe susu kple dzi siaa. (Marko 12:30) Gabu aŋɔsila si tsɔ aŋɔ ƒe amadede bubu kura hesi na aƒea, si ƒe kpɔɖeŋu míewɔ le nyati si do ŋgɔ me ŋu kpɔ. Ne ɖe wòɖo to eƒe dɔtɔ ƒe mɔfiamewo nyuie la, anye ne atsɔ eƒe dzi kple luʋɔ blibo ade dɔa wɔwɔ me eye kakaɖedzi anɔ esi be dɔ si yewɔ la adze yeƒe dɔtɔa ŋu. Alea tututue wòle le míaƒe tadedeagu gome.

Yesu gblɔ be: ‘Nyateƒe tadeagulawo ade ta agu na Fofo la le gbɔgbɔ kple nyateƒe me.’ (Yohanes 4:23) Eye apostolo Paulo ŋlɔ be: “Eyata míawo hã . . . míedzudzɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖe ɖe mia ta o, bene eƒe lɔlɔ̃nu ƒe sidzedze [vavãtɔ] nayɔ mi fũ le gbɔgbɔ ƒe nunya kple gɔmesese katã me, bene miazɔ alesi dze Aƒetɔ la hena eƒe ŋudzedze katã, miatse ku le dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ me.” (Kolosetɔwo 1:9, 10) “Sidzedze vavãtɔ” sia akpe ɖe anukwaretɔwo ŋu be woatsɔ woƒe dzi kple luʋɔ blibo ade woƒe tadedeagu me eye kakaɖedzi blibo asu wo si le esi ‘wosubɔa nusi wonya’ ta.—Yohanes 4:22.

Le susu siawo ta Yehowa Ðasefowo medea tsi ta na vidzĩwo alo nyrɔa ɖetsɔlemetɔ yeye siwo mesrɔ̃ Ŋɔŋlɔawo tsitotsito o la o. Yesu de dɔ asi na eyomedzelawo be: “Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã ne woanye nusrɔ̃lawo, . . . miafia wo bena, woawɔ nusiwo katã meɖo na mi la.” (Mateo 28:19, 20) Ne Biblia-nusrɔ̃vi dzianukwaretɔwo va ke ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃nu ƒe sidzedze vavãtɔ ŋu koe woate ŋu awɔ nyametsotso si gɔme woawo ŋutɔ wose nyuie ku ɖe tadedeagu ƒe nyaa ŋu. Ðe nèle ʋiʋlim be sidzedze vavã sia nasu asiwòa?

Aƒetɔ ƒe Gbedodoɖa la Gɔmesese

Be míakpɔ vovototo si le Biblia ƒe nyateƒea ƒe sidzedze vavãtɔ kpakple emenya aɖewo sese gbadzaa ko dome la, mina míade ŋugble le nusi woyɔna be Mía Fofo si Le Dziƒo, alo Aƒetɔ ƒe Gbedodoɖa, si woŋlɔ ɖe Mateo 6:9-13 ŋu akpɔ.

Ame miliɔn geɖe gblɔa Yesu ƒe kpɔɖeŋugbedodoɖa sia edziedzi le sɔleme. Gake wo dometɔ nenie wofia gɔmesese si le eŋu lae, vevietɔ gbedodoɖaa ƒe akpa gbãtɔ si ku ɖe Mawu ƒe ŋkɔ kple Fiaɖuƒea ŋu? Nusiawo le vevie ale gbegbe be Yesu tsɔ wo do ŋgɔe le eƒe gbedodoɖaa me.

Edze egɔme ale: “Mía Fofo, si le dziƒowo! Wò ŋkɔ ŋuti nakɔ,” si fia be woakɔ eŋu alo woawɔe kɔkɔe. De dzesii be Yesu gblɔ be míado gbe ɖa be woakɔ Mawu ƒe ŋkɔ ŋuti. Le ame geɖe gome la, esia afɔ biabia eve aɖewo ya teti ɖe te. Gbã, nukae nye Mawu ƒe ŋkɔ? Eye evelia, nukata wòle be woawɔe kɔkɔe?

Míakpɔ ŋuɖoɖo na biabia gbãtɔ le teƒe vovovo siwo wu 7,000 sɔŋ le gbegbɔgblɔ gbãtɔ si wotsɔ ŋlɔ Biblia la me. Teƒe siawo dometɔ ɖekae nye Psalmo 83:19: “Ne woadze sii be, ŋkɔwòe nye Yehowa, eye wò ɖeɖe koe ɖo kpo ɖe anyigba blibo la dzi!” Mose II, 3:15 gblɔ le Mawu ƒe ŋkɔ, Yehowa, ŋu be: “Esia nye nye ŋkɔ tegbee, eye nye ŋkɔ sia dzidzimewo katã woayɔ.” * Gake nukata wòle be woakɔ Mawu ƒe ŋkɔ, si nye dzadzɛnyenye kple kɔkɔenyenye tsoƒe ŋutɔŋutɔ, la ŋu? Le esi wodo vloe eye wogblẽ eŋu tso ameƒomea ƒe ŋutinya ƒe gɔmedzedze ke tae.

Mawu gblɔ na Adam kple Xawa le Eden-bɔa me be woaku nenye be woɖu atikutsetse si ŋu wòde se ɖo la. (Mose I, 2:17) Satana tsi tre ɖe Mawu ŋu vɔ̃ɖitɔe, hegblɔ na Xawa be: “Miele kuku ge akpɔ o.” Le esia wɔwɔ me la, Satana tso Mawu nu be enye alakpatɔ. Evɔ mesee ɖe afima gɔ̃ hã o. Ehe vlodoame geɖe va Mawu ƒe ŋkɔa dzi, hegblɔ na Xawa be Mawu le sidzedze vevi aɖe ɣlam ɖe wo madzemadzee. “Ke boŋ Mawu nyae bena, gbesigbe ke miaɖu [sidzedze nyui kple vɔ̃ ƒe atia] ƒe ɖe la, miaƒe ŋkuwo laʋu, eye mianɔ abe Mawu ene, anya nyui kple vɔ̃.” Ameŋugblẽnya ka gbegbee nye si!—Mose I, 3:4, 5.

Adam kple Xawa va de Satana dzi to atikutsetse si ŋu wode se ɖo la ɖuɖu me. Tso ɣemaɣi ke la, ame geɖe siwo ɖoe koŋ alo esiwo meɖoe o la, he vlodoame geɖe va kpe gbãtɔa esi wogbe Mawu ƒe dzidzenu dzɔdzɔewo keŋ ta. (Yohanes I, 5:19) Vaseɖe fifia la, amewo gakpɔtɔ gblẽa Mawu ŋu esi wodaa fɔbubua ɖe eyama dzi le woƒe fukpekpewo ta—togbɔ be ɖewohĩ woawo ŋutɔ ƒe nuwɔna vɔ̃ɖiwoe hee vɛ hã. Lododowo 19:3 gblɔ be: “Amegbetɔ ƒe bometsitsie nana eƒe mɔ glɔ̃na; ke eƒe dzi nyrãna ɖe Yehowa ŋu.” Àte ŋu ase susu si ta Yesu, amesi lɔ̃ Fofoa ŋutɔŋutɔ, do gbe ɖa be woakɔ Eƒe ŋkɔ ŋuti la gɔmea?

“Wò Fiaɖuƒe Nava”

Esi Yesu gblɔ le gbedodoɖaa me be woakɔ Mawu ƒe ŋkɔa ŋuti vɔ la, egblɔ kpee be: “Wò fiaɖuƒe nava! Woawɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dzi, sigbe alesi wowɔna le dziƒo ene!” (Mateo 6:10) Míate ŋu abia ku ɖe nya sia ŋu be: ‘Nukae nye Mawu ƒe Fiaɖuƒe la? Eye ɖekawɔwɔ kae le eƒe vava kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ le anyigba dzi dome?’

Le Biblia me la, nusi nya “fiaɖuƒe” fia koŋ enye “fia aɖe ƒe dziɖuɖu.” Ekema susu le eme be Mawu ƒe Fiaɖuƒea enye Mawu ƒe dziɖulanyenye, alo eƒe dziɖuɖu, si nu fia si wòtia la le. Fia sia si wòtia la menye ame bubu aɖeke wu Yesu Kristo si wofɔ ɖe tsitre o—amesi nye “fiawo dzi Fia kple aƒetɔwo dzi Aƒetɔ.” (Nyaɖeɖefia 19:16; Daniel 7:13, 14) Nyagblɔɖila Daniel ŋlɔ le Mawu ƒe Mesia Fiaɖuƒe si le Yesu Kristo si me ŋu be: “Le fia mawo ŋɔli la dziƒo ƒe Mawu la aɖo fiaɖuƒe aɖe anyi, si matsrɔ̃ gbeɖegbeɖe o, eye eƒe fiaɖuƒe mayi ɖe dukɔ bubu aɖeke si me o; agbã fiaɖuƒe mawo katã, eye wòagblẽ wo, ke eya ŋutɔ anɔ anyi tegbee,” si nye vaseɖe mavɔmavɔ me.—Daniel 2:44.

Ẽ, Mawu ƒe Fiaɖuƒea aɖu anyigba la dzi bliboe, eye wòaɖe ame vɔ̃ɖiwo kple dziɖuɖuwo katã ɖa keŋkeŋ “tegbee.” Eyata Mawu ƒe Fiaɖuƒeae nye nusi dzi Yehowa ato akɔ eƒe ŋkɔa ŋu, wòaɖe alakpa ɖesiaɖe si nye vlodoame si Satana kple amegbetɔ vɔ̃ɖiwo he va edzi la ɖa.—Xezekiel 36:23.

Amewo anɔ Mawu ƒe Fiaɖuƒea te abe alesi wòle le dziɖuɖuwo katã gome ene. Amekawoe anɔ ete? Biblia la ɖo eŋu be: “Ke ame ɖihiãwo anyi anyigba la dome, eye dzi adzɔ wo ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti.” (Psalmo 37:11) Yesu hã gblɔe nenema ke be: “Woayra amesiwo nye ame fafawo la; elabena woawoe anyi anyigba la ƒe dome.” Nyateƒee, Mawu ŋuti sidzedze vavãtɔ, si nye nusi hiã na agbekpɔkpɔ, su amesiawo si.—Mateo 5:5; Yohanes 17:3.

Àte ŋu akpɔ xexe blibo si me yɔ kple ɖokuibɔbɔlawo, ame fatu siwo lɔ̃ Mawu le nyateƒe me eye wolɔ̃ wo nɔewo hã, ɖa le susu mea? (Yohanes I, 4:7, 8) Esia biamee Yesu nɔ le gbedodoɖa me esi wògblɔ be: “Wò fiaɖuƒe nava! Woawɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dzi, sigbe alesi wowɔna le dziƒo ene!” Èva se nusita Yesu fia eyomedzelawo be woado gbe ɖa alea gɔmea? Gawu la, èkpɔ alesi gbedodoɖa sia me vava ku ɖe ŋuwòea?

Ame Miliɔn Geɖe Le Ŋɔŋlɔawo Me Dzrom Fifia

Yesu gblɔe ɖi be woafia gbɔgbɔmenuwo le xexeame katã atsɔ aɖe gbeƒã Mawu ƒe Fiaɖuƒe si gbɔna. Egblɔ be: “Eye woaɖe gbeƒã fiaɖuƒeŋutinya nyui sia afia amewo le xexe blibo la katã me, bena wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema [xexe si li egbea, alo nuɖoanyia ƒe] nuwuwu aɖo.”—Mateo 24:14.

Le xexeame godoo la, Yehowa Ðasefo siwo anɔ miliɔn ade la le nyanyui sia gblɔm fia wo haviwo. Wole kpewòm be nàsrɔ̃ nu geɖe tso Mawu kple eƒe Fiaɖuƒea ŋu bene nàzã wò tamebubuŋutete atsɔ ‘adzro Ŋɔŋlɔawo me tsitotsito.’ Esia wɔwɔ ado ŋusẽ wò xɔse eye wòaʋu wò ŋkuwo nàkpɔ agbenɔnɔ le anyigba dzi paradiso si gbɔna me ƒe ŋugbedodoa, esi me “sidzedze Yehowa xɔ anyigba la dzi, abe alesi tsi yɔ atsiaƒu me ene.”—Yesaya 11:6-9.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 14 Eyɔyɔ be “Yahweh” sɔna na agbalẽnyala aɖewo wu “Yehowa.” Gake egbegbe Biblia gɔmeɖela geɖe ɖe Mawu ƒe ŋkɔ ɖa kura le woƒe gɔmeɖeɖe vovovoawo katã me, hetsɔ dzesideŋkɔ gbadzaa siwo nye “Aƒetɔ” alo “Mawu” ɖo eteƒe. Ne èle numedzodzro tsitotsito dim tso Mawu ƒe ŋkɔa ŋu la, taflatse kpɔ agbalẽ gbadza si nye The Divine Name That Will Endure Forever, si Yehowa Ðasefowo ta.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 8]

SRƆ̃ NUFIALA GÃ LA ƑE KPƆÐEŊU

Enuenu la, Yesu hea susu yia Biblia me nyawo dzi le eƒe nufiafia me. Le kpɔɖeŋu me, le eƒe tsitretsitsi megbe la, eɖe akpa si wòawɔ le Mawu ƒe tameɖoɖo me na nusrɔ̃la eve siwo tɔtɔ le eƒe kua ta. Luka 24:27 gblɔ be: “Esi wòdze egɔme tso Mose kple nyagblɔɖilawo katã dzi la, eɖe nusiwo le ŋɔŋlɔawo katã me le eŋuti la, ƒe gɔme fia wo.”

De dzesii be Yesu tia nyati aɖe koŋ—‘eya ŋutɔ,’ Mesia la—eye be eyɔ ‘nusiwo le Ŋɔŋlɔawo me’ le eƒe numedzodzroa me. Esia fia be Yesu tsɔ Biblia ƒe kpukpui siwo do ƒome kple wo nɔewo ƒo ƒu, abe nusi ma ɖe akpa vovovo me tsɔtsɔ ƒo ƒu be wòawɔ ɖeka ene, eye esia na eƒe nusrɔ̃lawo kpɔ gbɔgbɔmenyateƒea dze sii keŋ. (Timoteo II, 1:13) Emetsonue nye be menye ɖe nugɔmesese va su wo si ko o ke ewɔ dɔ ɖe wo dzi vevie hã. Nuŋlɔɖia gblɔ na mí be: “Wogblɔ na wo nɔewo bena: Alo míaƒe dzi melé dzo le mía me, esi wòle nu ƒom na mí le mɔa dzi, eye wòle ŋɔŋlɔawo me ɖem na mí la o mahã?”—Luka 24:32.

Yehowa Ðasefowo dzea agbagba be yewoasrɔ̃ Yesu ƒe nufiafiamɔnuwo le woƒe subɔsubɔdɔa me. Woƒe nusrɔ̃gbalẽ vevi aɖewoe nye Nukae Mawu Di tso Mía Si? kple Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me. Agbalẽ siawo kɔ nu me le Biblia me nyati lédziname geɖe ŋu, siwo dometɔ aɖewoe nye: “Amekae Nye Mawu?,” “Nukatae Mawu Ðe Mɔ Fukpekpe Li Ðo?,” “Aleke Nàwɔ Akpɔ Subɔsubɔha Vavãtɔ La?,” “Ŋkeke Mamleawoe Nye Esia!,” kple “Ƒome si Nyea Bubu na Mawu Ðoɖo Anyi.” Mawunyakpukpui gbogbo aɖewo le nusɔsrɔ̃awo dometɔ ɖesiaɖe me.

Míele kpewòm be nàdi Yehowa Ðasefo siwo le miaƒe nutoa me ƒe mɔ alo nàzã adrɛs si le magazine sia ƒe axa 2 lia atsɔ aŋlɔ agbalẽ abia be woava wɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ femaxee kpli wò tso nyati siawo kple bubu geɖewo ŋu.

[Nɔnɔmetata]

He susu yi Biblia ƒe nyati aɖe koŋ dzi eye nàɖo wò nusrɔ̃via ƒe dzi gbɔ

[Nɔnɔmetata siwo le axa 7]

Èse Yesu ƒe kpɔɖeŋugbedodoɖa la gɔmea?

“Mía Fofo, si le dziƒowo! Wò ŋkɔ ŋuti nakɔ . . .”

“Wò [Mesia] fiaɖuƒe nava . . .”

“Woawɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dzi, sigbe alesi wowɔna le dziƒo ene”