Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Medi be Masubɔ Mawu”

“Medi be Masubɔ Mawu”

Fiaɖuƒe Gbeƒãɖelawo Ka Nya Ta

“Medi be Masubɔ Mawu”

“AMESIWO katã nye nye dukɔ la, mido go tso me.” Mawudɔla aɖe ƒe gbeƒãɖeɖe si apostolo Yohanes se le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. mee nye ma. Le míaƒe ŋkekea me la, dzianukwaretɔ miliɔn geɖe wɔ ɖe yɔyɔ ma dzi eye wodo tso “Babilon gã,” si nye alakpasubɔsubɔ ƒe xexemefiaɖuƒea me. (Nyaɖ. 18:1-4) Wo dometɔ ɖekae nye Wilner si tso Haiti, amesi gblɔ eƒe nuteƒekpɔkpɔ.

“Wodzim ɖe Katoliko-ƒome si doa vevie mawusubɔsubɔ me le ƒe 1956 me le St. Marc, Haiti-du sue aɖe me. Bu dzidzɔ si nye ƒomea kpɔ esi wotiam kpe ɖe dua me tɔ eve bubu ŋu be míade osɔfosuku le St. Michel de l’Atalaye, le Haiti ŋu kpɔ. Emegbe le ƒe 1980 me la, wogaɖo mí ɖe Stavelot, si le Belgium, hena hehe bubu xɔxɔ. Míede Katoliko yunivɛsiti hã le afima.

“Gbã la, enye nye didi vevie be mawɔ nunɔladɔa. Gbeɖeka le xɔ si me míeɖua ŋdɔnu le me la, nunɔla si kpɔa míaƒe ƒuƒoƒoa dzi bia tso asinye be matɔ aɖabaƒoƒo ʋɛ aɖewo ne yeagblɔ nya aɖe nam. Bu alesi wòwɔ mo yaa nam esi wògblɔ nam faa be nye nu lé dzi na ye yedi be yeadɔ kplim ɖa! Megbe eƒe lɔlɔ̃nyawo eye ewɔe be dzi ɖe le ƒonye ŋutɔ. Meŋlɔ lɛta na nye ƒomea tso nudzɔdzɔ sia ŋu eye le ɣleti ʋɛ aɖewo megbe la, medzo le osɔfosukua togbɔ be medo dzidzɔ na wo o hã. Mekpɔ xɔ le dua me eye mesrɔ̃ dɔ bubu.

“Esi metrɔ va St. Marc la, nyemegaka ɖe Katolikoha la dzi o. Ke hã medi be masubɔ Mawu, gake nyemenya nusi mawɔ o. Mede Adventist sɔleme, de Ebenezer sɔleme, kple Mormon sɔleme. Nyemekpɔ gbɔgbɔ me mɔfiame aɖeke o.

“Emegbe meɖo ŋku edzi be esime menɔ osɔfosukua dem le Belgium la, mexlẽa Crampon Biblia. Mede dzesii le eme be ŋkɔ le Mawu si. Eyata mezã ŋkɔa eye medo gbe ɖa na Mawu vevie be wòakpe ɖe ŋunye makpɔ subɔsubɔha vavãtɔ.

“Eteƒe medidi o, Yehowa Ðasefo eve ʋu va nuto si me mele. Wonye ame fafawo, wobua ame, eye bubu le wo ŋu. Alesi wonɔa agbee la wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ. Gbeɖeka Ðasefo eve siawo dometɔ ɖeka kpem be mava Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzi si wowɔna ƒe sia ƒe. Kpekpea vivi nunye ŋutɔ eye melɔ̃ be Ðasefoawo nanɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔm kplim edziedzi. Anɔ ɣleti ade megbe la, eme kɔ nam ƒã be mekpɔ mɔ nyui si dzi mato asubɔ Mawu. Metsɔ nye agbe ɖe adzɔgbe na Yehowa eye mexɔ nyɔnyrɔ le November 20, 1988 dzi.”

Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Wilner dze ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa gɔme. Egbea la, enye hamemegã. Wo kple srɔ̃a kpakple wo vi eveawo le subɔsubɔm dzidzɔtɔe le hamea me.

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Wilner de dzesii to eƒe Biblia xexlẽ dzi be Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa