Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Minɔ Ŋudzɔ, Miyi Ŋgɔ Dzinɔameƒotɔe!

Minɔ Ŋudzɔ, Miyi Ŋgɔ Dzinɔameƒotɔe!

Minɔ Ŋudzɔ, Miyi Ŋgɔ Dzinɔameƒotɔe!

Kpekpe Tɔxɛwo Ŋu Nyatakaka

AMEKAE malɔ̃ ɖe edzi be ‘ɣeyiɣi vɔ̃ siwo me nɔnɔ sesẽ’ mee míele o? Mí Yehowa Ðasefowo hã míevo tso “ŋkeke mamlɛawo” me nɔnɔ ƒe nuteɖeamedziwo me o. (Timoteo II, 3:1-5) Ke hã míekpɔ be amewo hiã kpekpeɖeŋu. Womese nusiwo le dzɔdzɔm le xexeame gɔme o. Wohiã akɔfafa kple mɔkpɔkpɔ. Akpa vevi ka koŋue míewɔna le kpekpeɖeŋu nana mía haviwo me?

Mawu de dɔ asi na mí be míagblɔ Fiaɖuƒe si wòɖo anyi la ŋuti nyanyui afia. (Mateo 24:14) Ehiã be amewo nanya be Dziƒofiaɖuƒe siae nye ameƒomea ƒe mɔkpɔkpɔ ɖeka kolia. Ele eme baa be menye ɣesiaɣie woxɔa míaƒe gbedasia nyuie o. Le teƒe aɖewo la woxe mɔ ɖe míaƒe dɔa nu eye woti mía nɔviwo yome. Ke hã míenaa ta o. To dziɖoɖo ɖe Yehowa ŋu bliboe me la, míeɖoe kplikpaa be míanɔ ŋudzɔ anɔ ŋgɔ yim dzinɔameƒotɔe le nyanyuia gbɔgblɔ me madzudzɔmadzudzɔe.—Dɔwɔwɔwo 5:42.

Tameɖoɖo kplikpaa ma dze ƒã le takpekpe tɔxɛ siwo wowɔ le ƒe 2001 ƒe October me la me. Le Memleɖa, October 6 lia dzi la, wowɔ Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania ƒe ƒe sia ƒe takpekpe le Yehowa Ðasefowo ƒe Takpexɔ si le Jersey City, New Jersey, me le United States. * Le eƒe ŋufɔke la, wowɔ kpekpe bubuwo kpee le teƒe ene, etɔ̃ le United States eye ɖeka le Canada. *

Ƒe sia ƒe takpekpea ƒe zimenɔla, Samuel F. Herd, si nye Yehowa Ðasefowo ƒe Dziɖuha me tɔ yɔ nya tso Psalmo 92:2, 5 le nya siwo wòtsɔ ʋu kpekpea nui me, hegblɔ be: “Míedi be míanye akpedalawo.” Nyateƒee, susu siwo ta míada akpe ɖo la dze le nyatakaka atɔ̃ siwo tso xexeame ƒe teƒe vovovowo me.

Nyatakaka Siwo Tso Teƒe Vovovowo

Nɔviŋutsu Alfred Kwakye ka nya ta tso alesi gbeƒãɖeɖedɔa le edzi yimee le Ghana, si woyɔna tsã be Gold Coast, ŋu. Woxe mɔ ɖe míaƒe dɔa nu le dukɔa me hena ƒe aɖewo. Amewo biana be: “Susu ka tae woxe mɔ ɖe dɔa nu? Nukae miewɔ?” Nɔviŋutsu Kwakye ɖe eme be esia ʋua mɔnukpɔkpɔwo ɖi be woaɖi ɖase na wo. Yehowa Ðasefo 34,421 ye nɔ Ghana esi woɖe mɔxeɖenua ɖa le ƒe 1991 me. Le August 2001 me la, xexlẽmea va ɖo 68,152—si nye dzidziɖedzi 98 le alafa me. Wole ɖoɖowo wɔm be woatu Takpexɔ si me ame 10,000 ate ŋu anɔ. Edze ƒã be míaƒe gbɔgbɔmenɔvi siwo le Ghana le woƒe mawusubɔsubɔ ƒe ablɔɖea ŋudɔ wɔm bliboe.

Togbɔ be dunyahehe me zitɔtɔ le Ireland hã la, mía nɔviwo le subɔsubɔdɔa wɔm dzonɔamemetɔe le afima eye wokafua wo le woƒe akpaɖekedzimademade ta. Alɔdzekɔmiti ƒe zimenɔla Peter Andrews gblɔ be hame 115 ye le Ireland eye woma wo ɖe nutome sue 6 me. Nɔviŋutsu Andrews gblɔ ŋutsuvi ƒe ewo vi si ŋkɔe nye Liam, amesi ɖia ɖase vɔvɔ̃manɔmee le suku ƒe nuteƒekpɔkpɔ. Liam na Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo, si Yehowa Ðasefowo ta la, ɖekaɖeka 25 eƒe sukuxɔmehatiwo kpakple eƒe nufiala. Liam di be yeaxɔ nyɔnyrɔ, gake ame aɖe biae be mekpɔ be yele sue akpa o hã. Liam ɖo eŋu be: “Menye ƒe si mexɔe nye nyaa o ke boŋ lɔlɔ̃ si le menye na Yehowa ye nye nusi aɖee afia. Nye nyɔnyrɔxɔxɔ ana amewo nakpɔ alesi gbegbe melɔ̃ eyamae.” Liam ƒe taɖodzinue nye be yeava zu dutanyanyuigblɔla.

Nyanyuigbeƒãɖela 5,400 ye nɔ Venezuela le ƒe 1968 me. Alɔdzekɔmiti ƒe zimenɔla Stefan Johansson ka nya ta be fifia wowu 88,000. Eye mɔkpɔkpɔ li be woagadzi ɖe edzi kura wu elabena amesiwo wu 296,000 ye de Ŋkuɖodzia le ƒe 2001 me. Le ƒe 1999 ƒe December me la, tsidzadza gãwo wɔe be ba siwo nɔ sisim la wu amesiwo ade 50,000, siwo dome Ðasefo aɖewo hã nɔ. Ba yɔ Fiaɖuƒe Akpata aɖe me kaka wòsusu afɔ eve ko wòatɔ dzisasrã la. Esi ame aɖe do susua ɖa be woagblẽ xɔa ɖi la, nɔviawo ɖo eŋu be: “Gbeɖe! Míaƒe Fiaɖuƒe Akpatae wònye, eye míele egblẽ ge ɖi o.” Wotso ɖe dɔ ŋu, helɔ ba, kpewo, kple gbeɖuɖɔ bubu siwo ade tɔn gbogbo aɖewo le eme. Wogbugbɔ trɔ asi le xɔa ŋu nyuie, eye nɔviawo gblɔ be xɔa dzeani fifia kura wu alesi wònɔ do ŋgɔ na afɔkua!

Nɔviŋutsu Denton Hopkinson si nye Alɔdzekɔmiti ƒe zimenɔla le Philippines gblɔ be gbegbɔgblɔ kple degbe 87 ye wodona le dukɔa me. Le subɔsubɔƒe si va yi me la, woɖe New World Translation of the Holy Scriptures bliboa ɖe go le gbegbɔgblɔ etɔ̃ siwo wodona vevie wu le dukɔa me la me—esiwo nye Cebuano, Iloko, kple Tagalog. Nɔviŋutsu Hopkinson gblɔ ŋutsuvi ƒe asieke vi aɖe, si xlẽ agbalẽ si nye Good News—To Make You Happy, si Yehowa Ðasefowo ta, ƒe nuteƒekpɔkpɔ. Exɔ agbalẽ bubu aɖewo tso alɔdzedɔwɔƒea eye wòxlẽ woawo hã, gake eƒe ƒometɔwo tsi tre ɖe eŋu le esia wɔwɔ me. Ƒe aɖewo megbe le eƒe atikesrɔ̃sukudeɣi la, ena alɔdzedɔwɔƒea nya be yedi be woasrɔ̃ Biblia kpli ye. Exɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1996 me eye wòge ɖe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe. Fifia woa kple srɔ̃a wole subɔsubɔm le alɔdzedɔwɔƒea.

Alɔdzekɔmiti ƒe zimenɔla Ronald Parkin gblɔ be ‘Puerto Rico ge ɖe “Ðasefowo ɖoɖo ɖe duta” ƒe nɔnɔme aɖe me.’ Gbeƒãɖela siwo ade 25,000 ye le ƒukpoa dzi, eye xexlẽmea tsi nenema ƒe geɖe. Nuka gbɔe wòtso? Eyae nye be wobu akɔnta be ƒe sia ƒe la, gbeƒãɖela siwo ade 1,000 tsoa Puerto Rico ‘yia duta’ dukɔ si nye United States va tsia afima le ganyawo ta. Nɔviŋutsu Parkin gblɔ ʋɔnudrɔ̃ƒe ƒe nyametsotso ɖedzesi aɖe ku ɖe Luis, si nye Ðasefo ƒe 17 vi, si ŋu ʋumenugbagbeviɣidɔ le ŋu. Esi Luis gbe be woagado ʋu na ye o ta la, wotsɔ nyaa yi ʋɔnudrɔ̃ƒe. Ʋɔnudrɔ̃laa ɖoe be yeaƒo nu kplii tẽ, eyata eyi ɖasrãe kpɔ le kɔa dzi. Luis biae be: “Nukatae wòanye be ne hlɔ̃nu gã aɖee mewɔ la, ne àdrɔ̃ ʋɔnum abe ame tsitsi ene, gake esi medi be maɖo to Mawu la, nèdi be yeadrɔ̃ ʋɔnum abe ɖevi si mate ŋu awɔ nyametsotso o ene?” Nya siawo na ʋɔnudrɔ̃laa kpɔe be enye ɖevi si tsi le susume si ate ŋu awɔ nyametsotso na eɖokui.

Esi woka nya siwo tso duta ta vɔ megbe la, Harold Corkern, si nye United States Alɔdzekɔmiti me tɔ, bia gbe ame ene siwo le Yehowa subɔm ɣeyiɣi didi aɖee nye sia. Wo dometɔ ɖekae nye Arthur Bonno, amesi le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm ƒe 51 enye sia eye wònye Alɔdzekɔmiti me tɔ fifia le Ecuador. Ame bubu enye Angelo Catanzaro, amesi wɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa ƒe 59 sɔŋ eye wòzã eƒe akpa gãtɔ le dzikpɔla mɔzɔla ƒe dɔa wɔwɔ me. Richard Abrahamson hã do le Gilead Suku le ƒe 1953 me eye mɔnukpɔkpɔ su esi wòkpɔ subɔsubɔdɔa dzi le Denmark ƒe 26 hafi trɔ va Brooklyn Bethel fifia. Emegbe edzɔ dzi na vavalawo katã be yewoase Carey W. Barber, si xɔ ƒe 96, ƒe nyawo. Nɔviŋutsu Barber xɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1921 me eye wòle ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm ƒe 78 sɔŋ enye sia eye wònye Dziɖuha la me tɔ tso ƒe 1978 me.

Dutoƒonuƒo Ʋãmewo

Woƒo dutoƒonuƒo lédzinamewo tre ɖe enu le ƒe sia ƒe takpekpea me. Nɔviŋutsu Robert W. Wallen ƒo nu tso nyati si nye “Amesiwo Ŋu Eƒe Ŋkɔ Le” ŋu. Míenye amesiwo ŋu Mawu ƒe ŋkɔ le, eye míele dukɔ siwo wu 230 me. Yehowa na ‘etsɔme aɖe kpakple mɔkpɔkpɔ’ su mía si. (Yeremya 29:11) Ele be míayi edzi aɖi ɖase tso Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu eye míagblɔ gbedasi wɔnuku si naa akɔfafa kple gbɔdzɔe ame. (Yesaya 61:1) Nɔviŋutsu Wallen ƒo eta be, “Mina míayi edzi anɔ agbe wòasɔ ɖe ŋkɔ si le mía ŋu, si nye Yehowa ƒe Ðasefowo nu tso ŋkeke yi ŋkeke.”—Yesaya 43:10.

Wɔnaa ƒe akpa mamlɛa enye nuƒo kpui siwo Dziɖuha me tɔ etɔ̃ ƒo. Eƒe tanyae nye “Fifia Enye Ɣeyiɣi si Míanɔ Ŋudzɔ, Anɔ Tsitre Sesĩe, Ahasẽ Ŋu.”—Korintotɔwo I, 16:13.

Gbã, Nɔviŋutsu Stephen Lett ƒo nuƒo si nye “Minɔ Ŋudzɔ le Gaƒoƒo Mamlɛ sia Dzi.” Nɔviŋutsu Lett ɖe eme be ŋutilãmelɔ̃dɔdɔ nye nunana. Edoa ŋusẽ mí. Gake gbɔgbɔmelɔ̃dɔdɔ ya menyo kura o. (Tesalonikatɔwo I, 5:6) Ekema aleke míawɔ anɔ ŋudzɔ le gbɔgbɔ me? Nɔviŋutsu Lett ƒo nu tso gbɔgbɔ me “tikekui” etɔ̃ ŋu: (1) Gba go le Aƒetɔ la ƒe dɔwo wɔwɔ me. (Korintotɔwo I, 15:58) (2) Tsi dzi ɖe wò gbɔgbɔ me nuhiahiãwo ŋu. (Mateo 5:3) (3) Xɔ Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo bene nàwɔ nu le nunya me.—Lododowo 13:20.

Nɔviŋutsu Theodore Jaracz ƒo nuƒo ʋãme si kplɔe ɖo si nye “Minɔ Tsitre Sesĩe le Dodokpɔ Me.” Esi Nɔviŋutsu Jaracz nɔ Nyaɖeɖefia 3:10 me ɖem la, ebia be, “Nukae nye ‘tetekpɔ ƒe gaƒoƒo’ la?” Dodokpɔ ma le edzi yim le ‘Aƒetɔ ƒe ŋkekea’ me, si nye ɣeyiɣi si me míele fifia. (Nyaɖeɖefia 1:10) Dodokpɔa ku ɖe nya vevi si fɔ ɖe te ŋu—be Mawu ƒe Fiaɖuƒe si wòɖo ƒe akpa dzie míele loo alo Satana ƒe nuɖoanyi vɔ̃ɖia ƒe akpa dzie? Vaseɖe esime tetekpɔ ƒe gaƒoƒoa nu nayi la, míado go dodokpɔwo kple nɔnɔme sesẽwo godoo. Ðe míayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa kple eƒe habɔbɔa? Nɔviŋutsu Jaracz gblɔ be, ‘ele be mía dometɔ ɖekaɖeka ɖesiaɖe naɖee afia be míenye nuteƒewɔlawo le go sia me.’

Mlɔeba Nɔviŋutsu John E. Barr ƒo nuƒo si nye “Misẽ Ŋu Alesi Dze Gbɔgbɔmemewo.” Esime wònɔ Luka 13:23-25 me ɖem la, egblɔ be ele be míaʋli vevie bene ‘míayi ɖe agbo bii la me.’ Ame geɖe doa kpo nu esi womedoa vevie nu be yewoasẽ ŋu o ta. Bene míate ŋu ava zu Kristotɔ tsitsiwo la, ele be míasrɔ̃ Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi wɔwɔ le míaƒe agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa. Nɔviŋutsu Barr xlɔ̃ nu be: “Meka ɖe edzi be mialɔ̃ ɖe edzi be fifiae nye ɣeyiɣi si (1) míatsɔ Yehowa aɖo nɔƒe vevitɔ; (2) atsi ahasẽ ŋu; eye (3) míaʋli sesĩe le Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ me. Ne míewɔe alea la, míate ŋu ayi ɖe agbo bii si kplɔa ame yia agbe mavɔ mee la me.”

Esi ƒe sia ƒe takpekpea nɔ enu wum la, biabia aɖe kpɔtɔ si ŋu womeɖo haɖe o: Nukae anye ƒe 2002 subɔsubɔƒea ƒe mawunyakpukpui? Woɖo biabia ma ŋu le eƒe ŋufɔke.

Kpekpe Bubu si Wowɔ Kpee

Amewo nɔ mɔ kpɔm vevie Kwasiɖagbe ŋdi ma esime kpekpe si wotsɔ kpe ɖe ŋu dze egɔme. Wodze egɔme kple kwasiɖaa ƒe Gbetakpɔxɔ nusɔsrɔ̃ totoɖeme, eye eyome wogblɔ ƒe sia ƒe takpekpea me nya vevi aɖewo. Emegbe dzi dzɔ vavalawo katã be yewoase ƒe 2002 subɔsubɔƒea ƒe mawunyakpukpuia ƒe nuƒo: “Mite va gbɔnye . . . eye nye la, mana dzudzɔ mi.” (Mateo 11:28) Wotu nuƒoa ɖe nusɔsrɔ̃nyati siwo wota emegbe ɖe December 15, 2001, ƒe Gbetakpɔxɔ me dzi.

Le esia yome la, amesiwo de “Mawu ƒe Nya Fialawo” Nutome Gã Takpekpewo le France kple Italy le August 2001 me dometɔ aɖewo va gblɔ woƒe nuteƒekpɔkpɔwo. * Mlɔeba, nuƒola siwo wokpe tso Brooklyn Bethel va ƒo ŋkekea ƒe nuƒo vevi eve mamlɛawo tsɔ ƒo wɔnaa ta.

Nuƒo gbãtɔ ƒe tanya enye “Kaka Ðe Yehowa Dzi Dzinɔameƒotɔe le Ɣeyiɣi Sesẽ Siawo Me.” Nuƒolaa dzro nya vevi siawo me: (1) Kaka ɖe Yehowa dzi dzinɔameƒotɔe ɖe vi na Mawu ƒe amewo ɣeawokatãɣi. Amesiwo ɖe dzinɔameƒo kple xɔse fia le yometiti me ƒe kpɔɖeŋu geɖe le Biblia me. (Hebritɔwo 11:1–12:3) (2) Yehowa na susu nyui si ta wòle be míaka ɖe eyama dzi bliboe mí. Eƒe dɔwɔwɔwo kple eƒe Nya la ɖoa kpe edzi be eléa be na esubɔlawo eye be maŋlɔ wo be gbeɖe o. (Hebritɔwo 6:10) (3) Míehiã dzinɔameƒo kple kakaɖedzi vevie wu egbea. ‘Woléa fu mí’ abe alesi Yesu gblɔe ɖi ene. (Mateo 24:9) Be míate ŋu ado dzi la, ehiã be míaɖo ŋu ɖe Mawu ƒe Nya la ŋu, aka ɖe edzi be eƒe gbɔgbɔa li kpli mí, eye dzi nanɔ mía ƒo míayi nyanyuia gbɔgblɔ dzi. (4) Kpɔɖeŋuwo li siwo fia be wole tsitre tsim ɖe mía ŋu fifia. Esi nuƒolaa gblɔ nusiwo me tom mía nɔviwo le le Armenia, France, Georgia, Kazakhstan, Russia, kple Turkmenistan la, ewɔ dɔ ɖe vavalawo katã dzi vevie. Nyateƒee, fifiae nye ɣiyiɣi si wòle be míaɖee afia be dzi le mía ƒo eye míeka ɖe Yehowa dzi!

Nuƒola mamlɛtɔ ƒo nu tso nyati si nye “Ŋgɔyiyi Aduadu Kple Yehowa ƒe Habɔbɔa” ŋu. Wodzro nya vevi siwo sɔ ɖe ɣeyiɣia dzi me le nuƒoa me. (1) Ŋgɔ si yim Yehowa ƒe amewo le la dze ƒã na amewo le afisiafi. Míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa kple míaƒe takpekpewo hea amewo ƒe susu. (2) Yehowa ɖo habɔbɔ si wɔ ɖeka anyi. Le ƒe 29 M.Ŋ. me la, wotsɔ gbɔgbɔ si ami na Yesu be wòaƒo “nuwo katã” nu ƒu—amesiwo si dziƒoyiyi ƒe mɔkpɔkpɔ le kple amesiwo si anyigbadzinɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le siaa—be woava Mawu ƒe ƒome wɔɖeka la me. (Efesotɔwo 1:8-10) (3) Takpekpewo ɖea míaƒe dukɔwo dome ɖekawɔwɔa fiana wòɖea dzesi. Esia dze ƒã le takpekpe tɔxɛ siwo wowɔ le France kple Italy le August si va yi me la me. (4) Wolɔ̃ ɖe tameɖoɖo kplikpaa wɔdɔɖeamedzi aɖe dzi le France kple Italy. Nuƒolaa gblɔ nya vevi ʋɛ aɖewo siwo dze le tameɖoɖo kplikpaa ma me na nyaselawo. Tameɖoɖo kplikpaa la me nyawo katã dze le ete.

Le nuƒo mamlɛa taƒoƒo me la, nuƒola si wokpe xlẽ gbeƒãɖeɖe wɔdɔɖeamedzi aɖe si tso Dziɖuha la gbɔ. Eƒe akpa aɖewo gblɔ be: “Fiafiae nye ɣeyiɣi si wòle be míanɔ ŋudzɔ eye míanɔ ŋku lém ɖe nuwo ŋu, esime míele alesi nuwo le edzi yim le xexeame la gɔme sem. . . . Dziɖuha la di be míana mianya be yewolɔ̃ mi vevie eye wotsɔa ɖe le eme na mia kple Mawu ƒe ame susɔewo katã. Míele biabiam be wòakɔ eƒe yayra ɖe mia dzi wòagba go esi mieyi edzi le eƒe lɔlɔ̃nu wɔm tso dzi blibo me.” Yehowa ƒe ame siwo le afisiafi ɖoe kplikpaa be yewoayi edzi anɔ ŋudzɔ le ɣeyiɣi vɔ̃ siawo me anɔ ŋgɔ yim dzinɔameƒotɔe kple Yehowa ƒe habɔbɔ wɔɖeka la.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 5 Woto elɛktrik kadodowo dzi na amesiwo kpe ta ɖe akpata bubuwo me hã te ŋu kpɔ gome le ƒe sia ƒe kpekpea me, eye nyaselawo ƒe agbɔsɔsɔ enye 13,757.

^ mm. 5 Teƒe siwo wowɔ kpekpe bubu siwo wowɔ kpee le woe nye Long Beach, California; Pontiac, Michigan; Uniondale, New York; kple Hamilton, Ontario. Amesiwo katã de kpekpe sia, tsɔ kpe ɖe amesiwo see to elɛktrik kadodowo dzi, ƒe agbɔsɔsɔ enye 117,885.

^ mm. 23 Wowɔ takpekpe tɔxɛ etɔ̃ le France—le Paris, Bordeaux, kple Lyons. Togbɔ be takpekpe asieke sɔŋ nɔ edzi yim le Italy ƒe teƒe vovovowo le ɣeyiɣi ɖeka me hã la, Rome kple Milan takpekpeawo me koe woɖo amesiwo tso United States ɖo.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 29-31]

Tameɖoɖo Kplikpaa

Le August 2001 me la, wowɔ “Mawu ƒe Nya Fialawo” Nutome Gã takpekpe tɔxɛwo le France kple Italy. Woɖo kpe tameɖoɖo kplikpaa ʋãme aɖe dzi le takpekpe mawo me. Tameɖoɖo kplikpaa la me nyawoe nye esiawo.

“MÍ YEHOWA ÐASEFO siwo katã kpe ta ɖe ‘Mawu ƒe Nya Fialawo’ Nutome Gã takpekpe sia me míexɔ nufiame siwo ŋu viɖe gbogbo le. Afisi nufiafia sia tso la dze ƒã. Menye amegbetɔwo gbɔe nufiafiaa tso o. Etso Amesi blema nyagblɔɖila Yesaya yɔ be míaƒe ‘Nufiala Gãtɔ’ gbɔ. (Yesaya 30:20) De dzesi Yehowa ƒe ŋkuɖodzinya siawo le Yesaya 48:17, be: ‘Nye Yehowa, wò Mawu, enye amesi fia nusi nyo na wò la wò, nyee akplɔ wò to mɔ, si dzi nato la.’ Aleke wònaa esia vaa emee? Mɔnu vevitɔ enye be etoa agbalẽ si gɔme woɖe hema wu bubu ɖesiaɖe le xexeame, si nye Biblia la dzi, si me wogblɔ le eme kɔ ƒã be: ‘Ŋɔŋlɔawo katã tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me eye wonye viɖenu.’—Timoteo II, 3:16, NW.

“Egbea, amegbetɔƒomea hiã nufiafia nyui sia tɔgbe vevie ŋutɔ. Nukata míate ŋu agblɔe nenema? Ne nuŋubulawo lé ŋku ɖe xexe sia si ƒe nɔnɔmewo le tɔtrɔm nyamanyama ŋu la, nukae wokpɔna dzea sii? Eya koe nye be: Togbɔ be wofia nu ame miliɔn gbogbo aɖewo le xexeame ƒe sukuwo hã la, ewɔ nublanui ŋutɔ be gɔmeɖose nyui aɖeke mesu amewo si o eye wodo kpo vovototo dede nyui kple vɔ̃ dome. (Yesaya 5:20, 21) Biblia manyamanya bɔ. Togbɔ be mɔ̃ɖaŋununya naa wote ŋu kena ɖe nyatakaka gbogbo aɖewo ŋu to kɔmpiutawo dzi hã la, afikae woakpɔ ŋuɖoɖo na biabia vevi siawo le, be, Tameɖoɖo kae le agbe ŋu? Aleke míase nusiwo le dzɔdzɔm le míaƒe ɣeyiɣi sia me la gɔme? Ðe etsɔmemɔkpɔkpɔ nyui aɖe lia? Ðe ŋutifafa kple dedienɔnɔ ava ŋutɔŋutɔ gbaɖegbea? Hekpe ɖe eŋu la, agbalẽ babla miliɔn gbogbo aɖewo le agbalẽdzraɖoƒewo, siwo me woate ŋu akpɔ amegbetɔwo ƒe agbagbadzedze ŋuti nyatakaka ɖesiaɖe kloe le. Ke hã ameƒomea kpɔtɔ le vodada siwo wowɔ va yi la wɔm kokoko. Nuvlowɔwɔ le dzidzim ɖe edzi. Dɔléle siwo wobu tsã be woɖe ɖa la gale tɔtrɔm gbɔ, esime bubuwo, abe AIDS ene, le kakam ŋɔdzitɔe. Ƒomewo le gbagbãm kabakaba nukutɔe. Ðiƒoƒo le nutoa me gblẽm. Nuvlowɔlawo ƒe ŋɔdzidoname kple aʋawɔtu gãwo na amewo le vɔvɔ̃m be ŋutifafa kple dedienɔnɔ manɔ anyi o. Kuxi manyatalenuwo le dzidzim ɖe edzi. Akpa vevi ka wɔm míele le kpekpeɖeŋunana mía haviwo le ɣeyiɣi sesẽ siawo me? Ðe nufiafia aɖe li si gblɔ nusi gbɔ ameƒomea ƒe nɔnɔme wɔnublanuia tso, eye wòfia alesi woawɔ anɔ agbe si nyo wu fifia, kple alesi woawɔ etsɔmemɔkpɔkpɔ nyuia aɖe si ŋu kakaɖedzi le ŋutɔŋutɔ nasu ame sia?

“Dɔ si wode asi na mí le Ŋɔŋlɔawo me nyawo nue nye be ‘miheyi ɖawɔ dukɔwo katã ne woanye nusrɔ̃lawo, miafia wo bena, woawɔ nusiwo katã meɖo na mi la.’ (Mateo 28:19, 20) Yesu Kristoe de dɔ sia asi na mí le eƒe ku kple tsitretsitsi megbe, esime wotsɔ ŋusẽ katã si le dziƒo kple anyigba dzi la, de asi nɛ. Dɔ sia de ŋgɔ wu dɔ ɖesiaɖe si amegbetɔwo to vɛ. Mawu bua míaƒe dɔdasi, si kpɔa gbɔgbɔmenuhiahiã koŋ gbɔ na amesiwo dzɔdzɔenyenye ƒe dɔ le wuwum la be enye dɔ vevitɔ kekeake. Susu geɖe le mía si tso Ŋɔŋlɔawo me si ta wòle be míabu dɔ sia dɔ vevii.

“Esia bia be míatsɔ dɔ sia aɖo nɔƒe vevitɔ kekeake le míaƒe agbe me. To Mawu ƒe yayra kple kpekpeɖeŋu me la, míawu dɔ sia nu godoo, togbɔ be kplamatsedonu gbogbowo, mɔxeɖenuwo, kpakple subɔsubɔhawo kple dunyahelawo ƒe tsitretsiɖeŋuwo li woadi be woatsɔ axe mɔ ɖe xexeame katã ƒe nufiafiadɔa nui hã. Míeka ɖe edzi eye míexɔe se hã be dɔ sia ayi edzi akpɔ dzidzedze eye míawɔe aɖo eƒe nuwuwu keŋkeŋ. Nukatae kakaɖedzi le mía si alea gbegbe? Elabena míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo do ŋugbe be yeanɔ kpli mí le dɔ sia si Mawu de asi na mí la wɔwɔ me vaseɖe nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu.

“Ŋkekewo va yi vɔ na ameƒomea si le nu xam. Ele be míawu dɔ si wode asi na mí fifia nu hafi nuwuwua nava. Eyata mí Yehowa Ðasefowo míeɖoe kplikpaa be:

“Gbã: Mí subɔla ɖeadzɔgbewo míeɖoe be míatsɔ Fiaɖuƒea ƒe nuwo aɖo nɔƒe gbãtɔ le míaƒe agbe me eye míayi edzi atsi le gbɔgbɔ me. Be míate ŋu awɔ esia la míedoa gbe ɖa wòsɔna kple nya siwo le Psalmo 143:10, be: ‘Fia wò lɔlɔ̃num mawɔ, elabena nye Mawu nènye.’ Esia bia be míanye nusrɔ̃vi siwo doa vevie nu, míadze agbagba axlẽ Biblia la gbesiagbe, míakpɔ gome le ɖokuisinusɔsrɔ̃ kple numekukuwɔwɔ me. Be míaƒe ŋgɔgbedede nadze ƒã na amewo katã la, míadze agbagba ɖesiaɖe adzra ɖo ɖe teokrasihehe siwo míexɔna le hamea ƒe kpekpewo, takpekpe suewo, gãwo, kple dukɔwo dome takpekpewo me ŋu, bene míakpɔ viɖe gbogbotɔ atso wo me.—Timoteo I, 4:15; Hebritɔwo 10:23-25.

“Evelia: Be míaxɔ Mawu ƒe nufiafia la, míayi edzi aɖu nu le eƒe kplɔ̃ ŋu ko eye míatsɔ ŋuɖɔɖɔɖo awɔ ɖe Biblia ƒe nuxlɔ̃amewo dzi aƒo asa na gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe alakpanufiafiawo. (Korintotɔwo I, 10:21; Timoteo I, 4:1) Míakpɔ mía ɖokui dzi nyuie aƒo asa na nusiwo gblẽa nu le ame ŋu, abe subɔsubɔhawo ƒe alakpanufiafia, nukpɔsusu totrowo, gbɔdɔdɔ ƒe nuwɔna ɖigbɔwo, amamaɖeɖenuwɔna siwo bɔ, modzakaɖeɖe gblẽkuwo, kple nusianu si mewɔ ɖeka kple ‘nufiafia si le blibo o la.’ (Romatɔwo 1:26, 27; Korintotɔwo I, 3:20; Timoteo I, 6:3; Timoteo II, 1:13) Asixɔxɔ si míade ‘nunana siwo nye amewo,’ siwo dze afia nu nyuitɔ mí ŋu ana míade bubu wo ŋu ɖe woƒe agbagbadzedze ta eye míatso dzi blibo me awɔ ɖeka kpli wo alé agbe dzadzɛ dzɔdzɔe kple gbɔgbɔmedzidzenu siwo le Mawu ƒe Nya me ɖe asi anukwaretɔe.—Efesotɔwo 4:7, 8, 11, 12; Tesalonikatɔwo I, 5:12, 13; Tito 1:9.

“Etɔ̃lia: Mí dzila Kristotɔwo, míadze agbagba ɖesiaɖe afia nu mía viwo tso dzi blibo me, menye le nyagbɔgblɔ me ko o ke le kpɔɖeŋu hã me. Míaƒe didi vevie enye be míakpe ɖe wo ŋu tso woƒe ɖevime ke be ‘woasrɔ̃ ŋɔŋlɔ kɔkɔeawo bene woadze nunya hena agbexɔxɔ.’ (Timoteo II, 3:15) Míana wòanɔ susu me na mí ɣeawokatãɣi be wo hehe le Yehowa ƒe amehehe kple nuxɔxlɔ̃ me ana mɔnukpɔkpɔ nyuitɔ nasu wo si woakpɔ Mawu ƒe ŋugbedodo sia me vava, be ‘eme anyo na wo, eye woanɔ agbe didi le anyigba dzi.’—Efesotɔwo 6:1-4.

“Enelia: Ne míetsi dzimaɖi alo do go kuxi sesẽwo la, gbã la, ‘míana Mawu nanya miaƒe dzimedidiwo,’ eye míaka ɖe edzi be ‘Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒo amegbetɔwo ƒe gɔmesesewo katã ta’ la, adzɔ mía ŋu. (Filipitɔwo 4:6, 7) Esi míeva le Kristo ƒe kɔkutia te ta la, míakpɔ gbɔɖeme. Míenya be Mawu léa be na mí, eyata míahe ɖe megbe le míaƒe dzimaɖitsitsiwo dada ɖe eyama dzi me o.—Mateo 11:28-30; Petro I, 5:6, 7.

“Atɔ̃lia: Be míaɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia Yehowa be esi wòna mɔnukpɔkpɔ mí míenye eƒe Nya fialawo la, míado vevie nu ‘azã eƒe nyateƒenya la nyuie’ eye ‘míawu míaƒe subɔsubɔdɔa nu bliboe.’ (Timoteo II, 2:15; 4:5) Esi míenya nusi esia bia nyuie ta la, míaƒe dzimedidi enye be míadi amesiwo dze eye míade tsi nuku siwo ƒãm míele. Gakpe ɖe eŋu la, to aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ geɖe wu wɔwɔ le mɔ nyuitɔ nu me míana míaƒe nufiafia naganyo ɖe edzi. Esia ana míawɔ ɖeka kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu geɖe wu, be ‘woaxɔ amewo katã, bene woava nyateƒe ƒe sidzedze la me.’—Timoteo I, 2:3, 4.

“Adelia: Tso ƒe alafa si va yi me va ɖo esi me míele me la, Yehowa Ðasefowo to tsitretsiɖeŋu kple yometiti vovovowo me le dukɔ geɖe me. Gake Yehowa li kpli mí. (Romatɔwo 8:31) Eƒe Nya si medoa kpo emevava o ka ɖe edzi na mí be ‘lãnu sia lãnu si wotu ɖe mía ŋu’ be woatsɔ axe mɔ na mí, be woatsɔ aɖe míaƒe dɔa dzi akpɔtɔ, alo be woatsɔ atsi míaƒe Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖe kple nufiafia dɔa nu la, madze edzi o. (Yesaya 54:17) Míeɖale ɣeyiɣi deamedziwo me loo alo le ɣeyiɣi vɔ̃wo me o, míate ŋu adzudzɔ nuƒoƒo tso nyateƒea ŋu gbeɖe o. Míaƒe tameɖoɖo enye be míawu míaƒe gbeƒãɖeɖe kple nufiafia dɔa nu kaba. (Timoteo II, 4:1, 2) Míaƒe didi enye be míakaka Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia bliboe na amewo le dukɔwo katã me alesi míate ŋui. Esia ana mɔnukpɔkpɔa nanɔ ʋuʋu ɖi na amewo be woasrɔ̃ nu tso mɔnuɖoɖo si li na agbe mavɔ kpɔkpɔ le xexe dzɔdzɔe yeyea me ŋu. Abe Mawu ƒe Nya la fialawo ƒe ha gã wɔɖeka ene la, míaƒe tameɖoɖo enye be míayi edzi adze Nufiala Gã, Yesu Kristo, ƒe kpɔɖeŋu yome eye míaɖe eƒe mawumenɔnɔmewo afia. Míawɔ nusiawo katã, be wòanye bubu kple kafukafu na míaƒe Nufiala Gãtɔ Kekeake kple Agbenala, Yehowa Mawu.

“Taflatse amesiwo katã kpe ta ɖe takpekpe sia me, siwo da asi ɖe tameɖoɖo kplikpaa sia dzi la, nagblɔ be, Ẽ!”

Esi wotsɔ tameɖoɖo kplikpaa sia me nyawo ɖo ame 160,000 siwo kpe ta ɖe takpekpe etɔ̃ siwo wowɔ le France kple ame 289,000 siwo kpe ta ɖe takpekpe asieke siwo wowɔ le Italy ŋkume la, woƒe gbe de dzi bobobo ɖekae esi wolɔ̃ ɖe edzi be “Ẽ” le gbegbɔgblɔ vovovo siwo takpekpea valawo dona me.