Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nɔ Yehowa Subɔsubɔ Dzi Kple Dzi Like

Nɔ Yehowa Subɔsubɔ Dzi Kple Dzi Like

Nɔ Yehowa Subɔsubɔ Dzi Kple Dzi Like

‘Nye dzi li ke, O Mawu, nye dzi li ke.’​—PSALMO 57:8.

1. Nukatae kakaɖedzi ate ŋu anɔ mía si abe Dawid ene?

YEHOWA ate ŋu ana míali ke le Kristotɔwo ƒe xɔse la me, ale be míate ŋu anye esubɔla ɖeadzɔgbe siwo ku ɖe Kristotɔnyenye vavãtɔ ŋu goŋgoŋ. (Romatɔwo 14:4) Eyata kakaɖedzi ate ŋu anɔ míawo hã si abe hakpala Dawid ene, amesi ƒe dzi ʋãe wòdzi ha be: ‘Nye dzi li ke, O Mawu.’ (Psalmo 108:2) Ne míaƒe dzi li ke la, aʋã mí míanɔ agbe ɖe míaƒe adzɔgbeɖeɖe nu na Mawu. Eye ne míekpɔ esinu be wòafia mɔ mí ahado ŋusẽ mí la, míanye nuteƒewɔla like siwo ɖo tame kplikpaa, amesiwo si kakaɖedzi sẽŋu le, eye ‘wowɔa dɔ geɖe le Aƒetɔ la ƒe dɔa me.’—Korintotɔwo I, 15:58.

2, 3. Gɔmesese kae le Paulo ƒe nuxlɔ̃ame siwo woŋlɔ ɖe Korintotɔwo I, 16:13 ŋu?

2 Le nuxlɔ̃ame siwo apostolo Paulo na Yesu yomedzela siwo nɔ blema Korinto eye wosɔ na egbegbe Kristotɔwo hã me la, egblɔ be: “Minɔ ŋudzɔ, minɔ tsitre le xɔse me, miwɔ ŋutsu, eye misẽ ŋu!” (Korintotɔwo I, 16:13) Le Helagbe me la, dɔwɔnya siawo bia nuwɔwɔ enumake le sededeawo me, eyata enɔ dzi dem ƒo be woanɔ dɔ dzi madzudzɔmadzudzɔe. Gɔmesese kae le nuxlɔ̃ame sia ŋu?

3 Míate ŋu ‘anɔ ŋudzɔ’ le gbɔgbɔ me ne míetsi tre ɖe Abosam ŋu hele Mawu ŋu kplikplikpli. (Yakobo 4:7, 8) Ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu akpe ɖe mía ŋu míakpɔtɔ awɔ ɖeka ‘anɔ te sesĩe le Kristotɔwo ƒe xɔse la me.’ Mí—kpakple nyɔnu geɖe siwo le mía dome—‘míewɔa ŋutsu’ henyea Fiaɖuƒegbeƒãɖela siwo nɔa Mawu subɔsubɔ dzi dzinɔameƒotɔe. (Psalmo 68:12) ‘Míesẽa ŋu’ ne míeyi edzi kpɔa mía Fofo si le dziƒo sinu be wòado ŋusẽ mí míawɔ eƒe lɔlɔ̃nu.—Filipitɔwo 4:13.

4. Afɔ kawoe míeɖe hafi xɔ nyɔnyrɔ zu Kristotɔwo?

4 Ɣeyiɣi si me míeɖe adzɔgbe na Yehowa bliboe hetsɔ nyɔnyrɔxɔxɔɖetsime wɔ eƒe dzesi ye míeɖee fia be míexɔ nyateƒea. Gake afɔ kawoe míeɖe hafi xɔ nyɔnyrɔ? Gbã la, míexɔ Mawu ƒe Nya la ƒe sidzedze vavãtɔ. (Yohanes 17:3) Ewɔe be xɔse va su mía si eye wòʋã mí míetrɔ dzime, míexa nu ŋutɔŋutɔ ɖe nu gbegblẽ siwo míewɔ va yi ta. (Dɔwɔwɔwo 3:19; Hebritɔwo 11:6) Emegbe míewɔ tɔtrɔ, elabena míetrɔ ɖa le nuwɔna gbegblẽwo gbɔ kple susu be míanɔ agbe wòasɔ kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu. (Romatɔwo 12:2; Efesotɔwo 4:23, 24) Nusi kplɔe ɖoe nye be míetso dzi blibo me ɖe adzɔgbe na Yehowa le gbedodoɖa me. (Mateo 16:24; Petro I, 2:21) Míebia Mawu be wòana dzitsinya nyui mí eye míexɔ nyɔnyrɔ wònye adzɔgbe si míeɖe nɛ ƒe dzesi. (Petro I, 3:21) Ŋugbledede le afɔɖeɖe siawo ŋu akpe ɖe mía ŋu be míaƒe susu nanɔ edzi be ehiã be míadze agbagba atraɖii axe míaƒe adzɔgbeɖefe anɔ Yehowa subɔsubɔ dzi kple dzi like.

Nɔ Sidzedze Vavãtɔ Didi Dzi

5. Nukatae wòle be míayi edzi anɔ Ŋɔŋlɔawo me sidzedze xɔm?

5 Hafi míate ŋu axe míaƒe adzɔgbeɖefe na Mawu la, ele be míayi edzi anɔ Ŋɔŋlɔawo me sidzedze si tua xɔse ɖo xɔm. Zi gbãtɔ si míeva dze si Mawu ƒe nyateƒea la, dzi dzɔ mí ŋutɔ be míeɖu gbɔgbɔmenuɖuɖu! (Mateo 24:45-47) ‘Nuɖuɖuawo’ vivi—eye wonyi mí nyuie le gbɔgbɔ me. Fifia ele vevie be míayi gbɔgbɔmenuɖuɖu si me nunyiame le la ɖuɖu dzi bene dzi like nakpɔtɔ anɔ mía si abe Yehowa subɔla ɖeadzɔgbewo ene.

6. Anye aleke wokpe ɖe ŋuwò hafi nèva kpɔ ŋudzedze si tso dzime ɖe Biblia me nyateƒea ŋu?

6 Ebia agbagbadzedze be Ŋɔŋlɔawo me sidzedze geɖe nasu mía si. Ðeko wòle abe kesinɔnu ɣaɣlawo didi ene—enye nusi bia kutrikuku. Gake viɖenu gã aɖee wònye be míake ɖe ‘Mawu ŋuti sidzedze adodoea’ ŋu! (Lododowo 2:1-6) Esi Fiaɖuƒegbeƒãɖela aɖe va srɔ̃ Biblia kpli wò zi gbãtɔ la, ɖewohĩ ezã agbalẽ si nye Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me. Anya tsɔ ɣeyiɣi geɖe dzro ta ɖeka me kpli wò, eye anye be mienɔ anyi ɖe ta ɖeka ŋu wu zi ɖeka. Esi miexlẽ mawunyakpukpui siwo woyɔ hedzro wo me la, eɖe vi na wò. Ne nya aɖe gɔme sese sesẽ na wò la, eɖe eme na wò. Amesi va wɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ kpli wò la dzrana ɖo nyuie, edoa gbe ɖa biaa Mawu ƒe gbɔgbɔa, eye ekpe ɖe ŋuwò nèva kpɔ ŋudzedze si tso dzime ɖe nyateƒea ŋu.

7. Nukae na ame sua te be wòafia Mawu ƒe nyateƒea amewo?

7 Agbagbadzedze alea sɔ, elabena Paulo ŋlɔ be: “Amesi wofia nui le nya me la, nade ha kple amesi le nu fiam la, le nu nyuiwo katã me.” (Galatiatɔwo 6:6) Alesi kpukpui sia dze le Helagbe me fia be woku Mawu ƒe Nya la me nufiafiawo ɖe susu kple dzi me na ‘amesi wole nu fiamee.’ Nufiafia wò alea na nèdze va zu ame bubuwo ƒe nufiala. (Dɔwɔwɔwo 18:25) Be nàwɔ ɖe wò adzɔgbeɖeɖea dzi la, ele be nàkpɔtɔ anɔ gbɔgbɔmelãmesẽ me ahali ke to Mawu ƒe Nyaa sɔsrɔ̃ edziedzi me.—Timoteo I, 4:13; Tito 1:13; 2:2.

Ðo Ŋku Wò Dzimetɔtrɔ Kple Tɔtrɔwɔwɔ Dzi

8. Aleke wòanya wɔ be nàyi edzi anɔ agbe mawuvɔvɔ̃tɔe?

8 Èɖo ŋku gbɔdzɔe si nèkpɔ esime nèsrɔ̃ nyateƒea, trɔ dzime, eye nèsee le ɖokuiwò me be Mawu tsɔ wò nuvɔ̃wo ke wò le Yesu ƒe tafevɔsaa dzixɔxɔse ta la dzia? (Psalmo 32:1-5; Romatɔwo 5:8; Petro I, 3:18) Ðikeke mele eme o be mèdi be yeagatrɔ ayi nuvɔ̃gbenɔnɔ me o. (Petro II, 2:20-22) Gbedodoɖa na Yehowa edziedzi hã akpe ɖe ŋuwò be nàyi edzi anɔ agbe mawuvɔvɔ̃tɔe, nànɔ agbe ɖe wò adzɔgbeɖeɖe nu, ahayi Yehowa subɔsubɔ dzi nuteƒewɔwɔtɔe.—Petro II, 3:11, 12.

9. Esi míetrɔ ɖa le nuwɔna gbegblẽwo ŋu la, agbe kae wòle be míanɔ?

9 Esi nèwɔ tɔtrɔ heɖe asi le nuwɔna gbegblẽwo ŋu la, yi edzi nànɔ Mawu ƒe kpekpeɖeŋu biam be wòana dzi like nanɔ asiwò ɖaa. Míagblɔe ko be nètra mɔ gake nèva kpɔ mɔfiagbalẽ nyui dzi eye nèva te mɔ nyuitɔ dzi zɔzɔ. Mègatra mɔ azɔ o. Nɔ ŋu ɖom ɖe Mawu ƒe mɔfiafia ŋu, eye nàɖoe kplikpaa be yeanɔ agbemɔa dzi.—Yesaya 30:20, 21; Mateo 7:13, 14.

Mègaŋlɔ Wò Adzɔgbeɖeɖe Kple Nyɔnyrɔxɔxɔ Be Gbeɖe O

10. Nukawoe le be woanɔ susu me na mí ku ɖe adzɔgbe si míeɖe na Mawu ŋu?

10 Nenɔ susu me na wò be ɖe nèdo gbe ɖa heɖe adzɔgbe na Yehowa be yeasubɔe nuteƒewɔwɔtɔe yi ɖe mavɔmavɔ me. (Yuda 20, 21) Adzɔgbeɖeɖe fia nane ɖeɖe ɖe aga, alo eɖeɖe ɖe vovo, na taɖodzinu kɔkɔe aɖe. (Mose III, 15:31; 22:2) Wò adzɔgbeɖeɖe menye ɣeyiɣi aɖe ko ƒe nubabla loo alo ɖokuiwò tsɔtsɔ na amegbetɔ o. Enye ɖokuiwò tsɔtsɔ na Xexeame Katã Dziɖulagã la tegbee, eye agbenɔnɔ ɖe enu bia nuteƒewɔwɔ na Mawu vaseɖe ku me. Ẽ, ‘míele agbe alo míeku o, Yehowa tɔe míenye.’ (Romatɔwo 14:7, 8) Míaƒe dzidzɔkpɔkpɔ nɔ te ɖe eƒe lɔlɔ̃nu si míalɔ̃ faa awɔ kpakple esubɔsubɔ kple dzi like dzi.

11. Nukatae wòle be nàɖo ŋku wò nyɔnyrɔxɔxɔ kple eƒe vevienyenye dzi?

11 Ɣesiaɣi la, ɖo ŋku wò nyɔnyrɔxɔxɔ si nye dzesi be ètso dzi blibo me ɖe adzɔgbe na Mawu la dzi. Menye dzizizi ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ ye o, elabena wò ŋutɔe tso nya me. Ðe nèɖoe kplikpaa fifia be yeana yeƒe didi nawɔ ɖeka kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu le wò agbemeŋkeke siwo susɔ mea? Èbia Mawu be wòana dzitsinya nyui ye eye wonyrɔ wò wònye dzesi be èɖe adzɔgbe nɛ. Kpɔ dzitsinya nyui ma ta to agbenɔnɔ ɖe wò adzɔgbeɖeɖe nu me, eye Yehowa ƒe yayra gbogboawo anɔ dziwò.—Lododowo 10:22.

Wò Lɔlɔ̃nu Wɔa Akpa Aɖe

12, 13. Aleke mía ŋutɔ míaƒe lɔlɔ̃nu do ƒome kple adzɔgbeɖeɖe kple nyɔnyrɔxɔxɔe?

12 Le nyateƒe me la, adzɔgbeɖeɖe kple nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe vi gbogbo aɖewo na ame miliɔn geɖe le anyigba bliboa dzi. Ne míexɔ nyɔnyrɔ ɖe tsi me tsɔ ɖe adzɔgbe si míeɖe na Mawu fia la, míekuna le agbe si míenɔ tsã gome gake mía ŋutɔwo ƒe lɔlɔ̃nu ya mekuna o. Esi míenye xɔsetɔ siwo wofia nui nyuie ta la, mía ŋutɔwo ƒe lɔlɔ̃nu nue míedo gbe ɖa le tsɔ ɖe adzɔgbe na Mawu hexɔ nyɔnyrɔ. Adzɔgbeɖeɖe kple nyɔnyrɔxɔxɔ bia be míanya nusi nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu eye míatiae be míawɔe. (Efesotɔwo 5:17) Ewɔe be míesrɔ̃ Yesu, amesi wɔ eƒe lɔlɔ̃nu faa ŋudɔ ale be wòɖe asi le atikpakpadɔ ŋu, xɔ nyɔnyrɔ, eye wòtsɔ eɖokui ɖo anyi bliboe na Fofoa si le dziƒo ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ.—Psalmo 40:8, 9; Yohanes 6:38-40.

13 Yehowa Mawu ɖoe be ye Vi la ‘nato fukpekpewo me azu blibo.’ Eyata ele na Yesu be wòalɔ̃ faa ado dzi le fukpekpe siawo me nuteƒewɔwɔtɔe. Eyata etsɔ “gbedodoɖawo kple kukuɖeɖewo . . . hekpe ɖe ɣlidodo sesĩ kple aɖatsiwo ŋu . . . eye wòɖo toe le esi wòvɔ̃a Mawu la ŋuti.” (Hebritɔwo 2:10, 18; 5:7, 8) Ne míawo hã míeɖe Mawu-vɔvɔ̃ bubutɔe fia alea la, kakaɖedzi li be ‘woaɖo to’ míawo hã, eye míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa ana míali ke sesĩe abe eƒe Ðasefo ɖeadzɔgbewo ene.—Yesaya 43:10.

Àte Ŋu Ana Dzi Like Nanɔ Asiwò Ðaa

14. Nukatae wòle be míaxlẽ Biblia gbesiagbe?

14 Nukae akpe ɖe ŋuwò be dzi like nanɔ asiwò ɖaa ale be nànɔ agbe ɖe wò adzɔgbeɖeɖe nu na Mawu? Xlẽ Biblia gbesiagbe kple susu be nàxɔ Mawu ƒe Nya la me sidzedze si le dzidzim ɖe edzi ɖaa. Esia nye nusi “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la dea dzi ƒo na mí edziedzi be míawɔ. Woɖoa aɖaŋu sia na mí elabena agbe nɔnɔ ɖe míaƒe adzɔgbeɖeɖe nu bia be míayi edzi anɔ zɔzɔm le Mawu ƒe nyateƒea me. Ne ɖe Yehowa ƒe habɔbɔa lé alakpanufiafiawo me ɖe asi la, anye ne manɔ aɖaŋu ɖom na Yehowa Ðasefowo kple amesiwo woɖea gbeƒã na be woaxlẽ Biblia gbeɖe o.

15. (a) Nuka ŋue wòle be míabu ne míele nyametsotsowo wɔm? (b) Nukatae míate ŋu agblɔ be ŋutilãmedɔwɔɖui nye dɔ bubu aɖe ko na Kristotɔ?

15 Ɣesiaɣi si nàwɔ nyametsotso la, bu eŋu kpɔ be ŋusẽ kae wòakpɔ ɖe agbe nɔnɔ ɖe wò adzɔgbeɖeɖe nu na Yehowa dzi hã. Ate ŋu aku ɖe wò dɔwɔɖui ŋu. Ðe nèdzea agbagba be yeana wòaɖe mɔ na ye bene yeate ŋu ado subɔsubɔ vavãtɔ ɖe ŋgɔa? Togbɔ be dɔtɔ akpa gãtɔ kpɔe be woate ŋu aɖo ŋu ɖe Kristotɔ ɖeadzɔgbewo ŋu eye be wowɔa dɔ nyuie hã la, wodze sii hã be Yehowa ƒe Ðasefowo metsia dzi ɖe ɖoƒekɔkɔ didi ŋu be yewoayi ŋgɔ le xexeame o eye womeʋlia ho kple ame bubuwo be ɖoƒe si ŋu ga le nasu yewo si o. Nusitae nye be menye kesinɔnu ƒe amesisusu, ŋkɔxɔxɔ, bubunɔameŋu, kple amegãnyenye ye nye Ðasefowo ƒe taɖodzinu o. Nusi nye vevitɔ wu na amesiwo le agbe nɔm ɖe adzɔgbe si woɖe na Mawu nu enye be woawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu. Ŋutilãmedɔ si ana woakpɔ agbemenuhiahiãwo nye dɔ bubu aɖe ko, enye dɔwɔna si xɔ nɔƒe evelia. Abe apostolo Paulo ene la, woƒe dɔ, alo dɔ vevitɔ, enye Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa. (Dɔwɔwɔwo 18:3, 4; Tesalonikatɔwo II, 3:7, 8; Timoteo I, 5:8) Ðe nètsɔ Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖo nɔƒe gbãtɔ le wò agbe mea?—Mateo 6:25-33.

16. Nukae míate ŋu awɔ ne dzimaɖitsitsi madzemadzee na wòle sesẽm na mí be míanɔ agbe ɖe míaƒe adzɔgbeɖeɖe na Mawu nu?

16 Anɔ eme be dzimaɖitsitsi ɖe nu vovovo ŋu nyama ame aɖewo hafi wova srɔ̃ nyateƒea. Gake esi wova xɔ Fiaɖuƒe mɔkpɔkpɔa la, dzidzɔ, akpedada, kple lɔlɔ̃ na Mawu yɔ wo me ale gbegbe! Ðewohĩ ŋugbledede le viɖe siwo wokpɔ tso ɣemaɣi ke ŋu kpe ɖe wo ŋu be wole agbe nɔm ɖe adzɔgbe si woɖe na Yehowa nu. Gake nenye be dzimaɖitsitsi madzemadzee ɖe kuxi siwo bɔ ɖe fifi nuɖoanyia me ŋu le didim azɔ be yeavu atsyɔ “Mawu ƒe nya” la dzi abe alesi ŋuwo vuna tsyɔa numiemie fẽwo dzi wogbea tsitsi ahatse ku ene ya ɖe? (Luka 8:7, 11, 14; Mateo 13:22; Marko 4:18, 19) Ne ènya kpɔe be nusia te dzɔdzɔ ɖe wò ŋutɔ alo wò ƒomea dzi ko la, gblẽ wò dzimaɖitsitsia ɖe Yehowa dzi nàdo gbe ɖa abia be wòakpe ɖe ŋuwò be wò lɔlɔ̃ kple ŋudzedzekpɔkpɔ nadzi ɖe edzi. Ne èdro wò agba ɖe edzi la, alé wò ɖe te ahado ŋusẽ wò be nàyi edzi atsɔ dzi like anɔ esubɔsubɔ dzi dzidzɔtɔe.—Psalmo 55:23; Filipitɔwo 4:6, 7; Nyaɖeɖefia 2:4.

17. Aleke wòanya wɔ be míakpe akɔ kple dodokpɔ sesẽwoe?

17 Nɔ gbedodoɖa dzi na Yehowa Mawu ɣesiaɣi, abe alesi nèdoe ɖa esime nènɔ adzɔgbe ɖem nɛ ene. (Psalmo 65:3) Ne wodo wò kpɔ be nàwɔ nu gbegblẽ alo ne èdze ŋgɔ dodokpɔ sesẽ aɖe la, bia Mawu ƒe mɔfiafia kple eƒe kpekpeɖeŋu bene nàwɔ nusi sɔ. Xɔse ƒe vevienyenye nenɔ susu me na wò, elabena nusrɔ̃la Yakobo ŋlɔ be: “Ne mia dometɔ aɖe le nunya hiãm [be wòate ŋu anɔ te ɖe dodokpɔ aɖe nu] la, neɖe kuku na Mawu, si na amewo katã faa, eye medoa ŋukpe ame o la, eye wòatsɔe anɛ. Ke neɖe kuku le xɔse me, eye megake ɖi aɖeke o; elabena amesi le ɖi kem la, eɖi ƒutsotsoe, si ya ƒona yina gbɔna la. Elabena ame kema megasusu be, yeakpɔ nane atso Aƒetɔ la gbɔ o; ŋutsu dzimevesusula melina sesĩe le eƒe mɔwo katã dzi o.” (Yakobo 1:5-8) Ne dodokpɔ aɖe wɔ abe ɖe wòglo mí ene la, míate ŋu aka ɖe nya sia dzi be: “Tetekpɔ aɖeke meva mia dzi kpɔ o negbe ame tɔ ɖeɖeko, gake nuteƒewɔla enye Mawu, amesi mana mɔ bena, woate mi akpɔ awu alesi miate ŋui la o; ke ana gododo le eme hã akpe ɖe tetekpɔ ŋuti, bene miate ŋu atsɔe.”—Korintotɔwo I, 10:13.

18. Nukae míate ŋu awɔ ne nuvɔ̃ gã aɖe si míewɔ tsɔ ɣla wɔe be míaƒe tameɖoɖo be míanɔ agbe ɖe míaƒe adzɔgbeɖeɖe nu na Yehowa me le gbɔdzɔgbɔdzɔm?

18 Ke ne nuvɔ̃ gã aɖe si nèwɔ tsɔ ɣla le fu ɖem na wò dzitsinya eye wòna alesi nèɖoe be yeanɔ agbe ɖe yeƒe adzɔgbeɖeɖe nu na Mawu le gbɔdzɔgbɔdzɔm ɖe? Ne ètrɔ dzime la, àte ŋu akpɔ akɔfafa ne ènyae be Yehowa “[mado] vlo dzi gbagbã, si tugu la o.” (Psalmo 51:19) Bia kpekpeɖeŋu tso Kristotɔ hamemegã lɔ̃amewo gbɔ, nànyae be—le Yehowa sɔsrɔ̃ me la—womabu alesi nèdi be ye kple ye Fofo si le dziƒo dome naganyo ake la nu tsɛe o. (Psalmo 103:10-14; Yakobo 5:13-15) Ekema ne gbɔgbɔmeŋusẽ yeye kple dzi like su asiwò la, àte ŋu ata mɔ dzɔdzɔe na wò afɔ eye anya wɔ na wò be nànɔ agbe ɖe wò adzɔgbeɖeɖe nu na Mawu.—Hebritɔwo 12:12, 13.

Yi Subɔsubɔ Dzi Kple Dzi Like

19, 20. Nukatae wòle vevie be míayi edzi anɔ agbe nɔm ɖe míaƒe adzɔgbeɖeɖe nu?

19 Le ɣeyiɣi sesẽ siawo me la, ele be míado vevie be míanɔ agbe ɖe míaƒe adzɔgbeɖeɖe nu ahanɔ Mawu subɔsubɔ dzi kple dzi like. Yesu gblɔ be: “Amesi ke lado dzi vaseɖe nuwuwu la, eya lakpɔ ɖeɖe.” (Mateo 24:13) Esi míele “ŋkeke mamlɛawo” me ta la, nuwuwua ate ŋu ava ɣesiaɣi faa. (Timoteo II, 3:1) Gakpe ɖe eŋu la, kakaɖedzi mele mía dometɔ aɖeke si be míaganɔ agbe etsɔ o. (Yakobo 4:13, 14) Eyata ele vevie be míayi edzi anɔ agbe nɔm ɖe míaƒe adzɔgbeɖeɖe nu egbeŋkeke sia!

20 Apostolo Petro te gbe ɖe nya sia dzi le eƒe agbalẽ evelia me. Eɖee fia be abe alesi ame mavɔ̃mawuwo tsrɔ̃ le Tsiɖɔɖɔa me ene la, nenema ke woatsrɔ̃ kpɔɖeŋuxexeame, alo ameƒome vɔ̃ɖiwo ƒe hatsotsoa, le ‘Yehowa ƒe ŋkekea dzi.’ Eyata Petro gblɔ be: “Ameka ƒomeviwo wòle na mi be, mianye le anyinɔnɔ kɔkɔe kple mawusosroɖa me”! Egaxlɔ̃ nu wo be: “Azɔ la, mi lɔlɔ̃tɔwo, esi mienya nusiawo ɖi ŋuti la, mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie, bene [alakpanufialawo kple ame mavɔ̃mawuwo] nagahe mi ayii o, eye miagadze anyi atso mia ŋutɔwo miaƒe kelili la me o.” (Petro II, 3:5-17) Nublanuinya ka gbegbee nye si wòanye ne woakplɔ nyɔnyrɔxɔla atrae eye eƒe agbe nu natso ale be woabui be enye amesi mete ŋu na dzi like nɔ esi ɖaa o!

21, 22. Aleke Psalmo 57:8 me nyawo nye nyateƒe le Dawid kple Kristotɔ vavãwo gome?

21 Ne ŋkeke dodzidzɔname si dzi nèxɔ nyɔnyrɔ le susu me na wò eye nèbiaa Mawu ƒe kpekpeɖeŋu be yeƒe nyagbɔgblɔ kple nuwɔnawo nado dzidzɔ na eƒe dzi la, esia hã ate ŋu ado ŋusẽ tame si nèɖo be yeanɔ agbe ɖe yeƒe adzɔgbeɖeɖe nu na Mawu. (Lododowo 27:11) Yehowa metrɔa eƒe amewo toa eme o, eyata ele kokoko be míawɔ nuteƒe nɛ. (Psalmo 94:14) Eɖe nublanuikpɔkpɔ kple veveseseɖeamenu fia hegblẽ Dawid ƒe futɔwo ƒe nugbeɖoɖowo me eye wòxɔ nɛ. Esi Dawid kpɔ ŋudzedze ɖe nusia ŋu ta la, eɖe lɔlɔ̃ sẽŋu maʋãmaʋã si le esi na eƒe Ðela la gblɔ. Edzi ha kple seselelãme deto be: “Nye dzi dze eme, Mawu, nye dzi dze eme; madzi ha, eye maƒo saŋku.”—Psalmo 57:8.

22 Abe Dawid ene la, Kristotɔ vavãwo menaa ta le wo ɖokui si wotsɔ na Mawu me o. Dzi like le wo si eye wotsɔa woƒe ɖeɖekpɔkpɔ kple takpɔkpɔ ƒe akpedada naa Yehowa, amesi wodzia kafukafuha na dzidzɔtɔe. Ne wò dzi li ke la, aɖo ŋu ɖe Mawu ŋu, eye to eƒe kpekpeɖeŋu me la, àte ŋu axe wò adzɔgbeɖefe. Ẽ, àte ŋu anɔ abe “ame dzɔdzɔe” si ŋu hakpala la dzi ha le ene be: “Nya vɔ̃ sese aɖeke madzi ŋɔ nɛ o, eƒe dzi [li ke], eye wòɖoa dzi ɖe Yehowa ŋu.” (Psalmo 112:6, 7) Ne èxɔ Mawu dzi se eye nèɖo ŋu ɖe eŋu bliboe la, àte ŋu anɔ agbe ɖe wò adzɔgbeɖeɖe nu eye dzi like anɔ asiwò nàtsɔ anɔ Yehowa subɔsubɔ dzii.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Nukatae wòle be míayi edzi anɔ Biblia me sidzedze vavãtɔ xɔm?

• Nukatae wòle be míaƒe dzimetɔtrɔ kple tɔtrɔwɔwɔ nanɔ susu me na mí?

• Aleke ŋkuɖoɖo míaƒe adzɔgbeɖeɖe kple nyɔnyrɔxɔxɔ dzi ɖea vi na mí?

• Nukae akpe ɖe mía ŋu be míanɔ Yehowa subɔsubɔ dzi kple dzi like?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata siwo le axa 18]

Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa tsɔtsɔ wɔ míaƒe dɔ vevitɔe kpena ɖe mía ŋu míenɔa Yehowa subɔsubɔ dzi kple dzi like

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Ètsɔ Mawu ƒe Nya la xexlẽ gbesiagbe le wò gbɔgbɔmelãmesẽ kple kelili ta kpɔma?