Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nugɔmesese Dzie Wòle Be Woatuxɔse Ðoa?

Nugɔmesese Dzie Wòle Be Woatuxɔse Ðoa?

Nugɔmesese Dzie Wòle Be Woatuxɔse Ðoa?

Bisiɔpwo ƒe tatɔ si le osɔfosuku aɖe le United States gblɔ be: “Mawusubɔla gbogbo aɖewo li siwo zu ‘mawusubɔlawo’ le esi womedi be yewoabu tame ayi ŋgɔe koŋ o ta.” Egblɔ kpee be: “Ðe wodi be yewoaxɔ nusianu si ‘ku ɖe xɔse ŋu’ ade eme ko.”

NUSI fiam wòle enye be ame geɖe siwo gblɔna be dzixɔse le yewo si la mebua nusi ta woxɔ nane dzi se ŋu boo o alo womebua eŋu nenye be yewoƒe dzixɔsea ŋuti kpeɖodziwo li ŋutɔŋutɔ gɔ̃ hã o. Mewɔ nuku o be mawusubɔsubɔ va zu nya si ŋu ame geɖe megadina be yewoaƒo nu tsoe o.

Nublanuitɔe la, nuwɔna siwo nye legbawo zazã le mawusubɔsubɔ me kple gbedodoɖa ɖeka gbugbɔgagblɔ edziedzi tso susu me hã na amewo mebua nu ŋu yia ŋgɔe o. Nuwɔna siawo, tsɔ kpe ɖe sɔlemexɔ gã nyadriwo, fesre siwo woɖo atsyɔ̃ na kple ahuhɔ̃e siwo le amadedewo me, kpakple haƒoƒo siwo dea dzi bobobo si wotsɔ hea amewoe, ko dzie ame miliɔn geɖe ƒe mawusubɔsubɔ nɔ te ɖo. Togbɔ be sɔlemeha aɖewo gblɔna be Biblia dzie yewotu yewoƒe xɔse ɖo hã la, gbedasi si wogblɔna, si nye ‘xɔ Yesu dzi se be nàkpɔ ɖeɖe’ la, medea Biblia sɔsrɔ̃ moveviɖoɖotɔe ƒe dzi ƒo o. Ame aɖewo hã trɔ ɖe hadomekpekpeɖeŋunana alo dunyahehe ƒe mawunyagbɔgblɔ ŋu. Nukae do tso nusiawo katã me?

Mawusubɔsubɔ ŋuti nuŋlɔla aɖe gblɔ tso alesi nɔnɔmea le le Dziehe Amerika ŋu be: “Kristotɔnyenye . . . va zu gotagome nuwɔna aɖe ko, [eye] womefiaa nu boo aɖeke hameviwo ku ɖe xɔse ŋu o.” Numekula aɖe gɔ̃ hã ɖɔ nɔnɔme si le United States yi ŋgɔe be enye “dukɔ si me yɔ fũ kple Biblia manyalawo.” Ne míagblɔe ŋutɔŋutɔ la, nukpɔsusu siawo anye nyateƒe le dukɔ bubu siwo me yeaɖi Kristotɔnyenye xɔ aƒe ɖo hã me. Subɔsubɔha geɖe siwo menye Kristotɔwo o hã medea dzi ƒo na woƒe hameviwo be woadzro nu me ase egɔme o, ke boŋ nusi ŋu wotrɔ ɖo enye xɔsemeʋuʋu ŋu nyawo, gbedodoɖa ƒe kɔnuwo, kpakple ŋugblemeyiyi ƒomevi vovovo siwo ku ɖe vivimenuwɔnawo ŋu, eye womeléa fɔ ɖe nuŋububu nyuie ase egɔme ŋu o.

Ke hã amesiwo metsia dzi ɖe woƒe mawusubɔsubɔ me dzixɔsewo ƒe nyateƒenyenye ŋu bubu ŋu boo o la tsia dzi ɖe woƒe gbesiagbe nuwɔna bubuwo ya ŋu bubu ŋu nyuie tsitotsito. Ne amesi awɔ numekuku deto hafi aƒle ʋu yeye aɖe—ʋu si ava gblẽ wòaɖe asi le eŋu mlɔeba—la ke nagblɔ tso eƒe subɔsubɔha ŋu be: ‘Ne ha sia nyo na dzinyelawo la, ke enyo na nye hã’ ɖe, ɖe mewɔ nuku ŋutɔ oa?

Ne míaƒe didi ŋutɔŋutɔe wònye be míadze Mawu ŋu la, ke ɖe mele be míabu nusiwo nye míaƒe dzixɔse tso eŋu la ŋu kple moveviɖoɖo ase egɔme oa? Apostolo Paulo ƒo nu tso mawusubɔla aɖewo siwo nɔ anyi le eƒe ŋkekea me ŋu be, “wole ŋu ʋãm ɖe Mawu ŋu, gake menye kple sidzedze [vavã] o.” (Romatɔwo 10:2) Woate ŋu atsɔ ame mawo asɔ kple aŋɔsila aɖe si wode dɔ asi na si do vevie aŋɔsisi na aƒe aɖe gake wòva zã aŋɔ ƒe amadede bubu kura le esi meɖo to eƒe dɔtɔa ƒe mɔfiamewo nyuie o ta. Dɔ si aŋɔsilaa wɔ la adze eya ŋutɔ ŋu ya, gake ɖe wòadze eƒe dɔtɔa ŋua?

Nukae dzea Mawu ŋu le subɔsubɔ vavã gome? Biblia ɖo eŋu be: “Esia nyo, eye wòdze Mawu, mía Xɔla ŋu, amesi le didim be, woaxɔ amewo katã, bene woava nyateƒe ƒe sidzedze la me.” (Timoteo I, 2:3, 4) Ame aɖewo abui be manya wɔ be woake ɖe sidzedze sia ŋu le subɔsubɔha gbogbo siwo li egbea dome o. Gake bu eŋu kpɔ—ne Mawu ƒe lɔlɔ̃nue wònye be amewo nava nyateƒea ƒe sidzedze vavãtɔ me la, ɖe wòasɔ be wòatsɔe aɣla ɖe amewoa? Biblia melɔ̃ ɖe edzi nenema o, esi wògblɔ be: “Ne [èdi Mawu] la, ana be, nàkpɔe.”—Kronika I, 28:9.

Aleke Mawu naa amesiwo le edim le nyateƒe me la va dzea si eyamae? Nyati si kplɔe ɖo aɖo eŋu.