Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nukatae Wòle Be Nàxɔ Nyɔnyrɔ?

Nukatae Wòle Be Nàxɔ Nyɔnyrɔ?

Nukatae Wòle Be Nàxɔ Nyɔnyrɔ?

“Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã me nɔlawo ne woanye nusrɔ̃lawo, mianyrɔ wo.”—Mateo 28:19, Nw.

1, 2. (a) Nɔnɔme kawo mee wonyrɔ ame aɖewo le? (b) Nya kawoe fɔ ɖe te tso nyɔnyrɔxɔxɔ ŋu?

FRANKTƆWO ƒe Fia Charlemagne zi Saxontɔ siwo dzi wòɖu la dzi be wo katã naxɔ nyɔnyrɔ le ƒe 775-77 M.Ŋ. me. Ŋutinyaŋlɔla John Lord ŋlɔ be: “Ezi wo dzi wozu amesiwo tɔ ŋkɔ Kristotɔwo.” Nenema ke esi Russia dziɖula Vladimir I ɖe fiavinyɔnu si nye Hela Orthodɔkstɔ le ƒe 987 M.Ŋ. me la, eya hã tso nya me be ele be ye teviwo nazu “Kristotɔwo.” Ede se be woanyrɔ yeƒe amewo katã—eye wotsɔ ku do ŋɔdzi na amesiwo gbe la!

2 Ðe nyɔnyrɔxɔxɔ mawo sɔa? Ðe gɔmesese adodoe le wo ŋua? Ðe wòle be woanyrɔ amesiame koa?

Nyɔnyrɔxɔxɔ—Aleke?

3, 4. Nukatae tsi hehlẽ ɖe ame ŋu alo ekɔkɔ ɖe ame ƒe tame menye Kristotɔwo ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ nyuitɔ o?

3 Esime Charlemagne kple Vladimir I zi amewo dzi be woanyrɔ wo la, nusi tsi tre ɖe Mawu ƒe Nya ŋue dziɖula siawo wɔ. Le nyateƒe me la, ne nyɔnyrɔxɔxɔ nye tsi hehlẽ ɖe amewo ŋu, tsi kɔkɔ ɖe tame na wo, alo wo nyɔnyrɔ ɖe tsi me gɔ̃ hã esime womefia Ŋɔŋlɔawo me nyateƒea wo o la, meɖea vi aɖeke o.

4 Bu nusi dzɔ esime Yesu Nazaretetɔ la yi Yohanes Amenyrɔɖetsimela gbɔ le ƒe 29 M.Ŋ. me ŋu kpɔ. Yohanes nɔ amewo nyrɔm ɖe Yordan-tɔsisia me. Ameawo ŋutɔe lɔ̃ faa va egbɔ be wòanyrɔ yewo. Ðe wòna wonɔ tsitre ɖe Yordan-tɔa me dzro ko eye wònɔ tɔsisia me tsi sue aɖe kɔm ɖe woƒe tame alo nɔ ehlẽm ɖe wo ŋua? Nukae dzɔ esime Yohanes nyrɔ Yesu? Mateo ka nya ta be esi wonyrɔ “Yesu vɔ la, edo go tso tɔa me enumake.” (Mateo 3:16) Tsia mee wòge ɖo eye wonyrɔe ɖe Yordan-tɔsisia me. Nenema ke wonyrɔ Etiopiatɔ aƒedzikpɔla si doa vevie mawusubɔsubɔ hã ɖe ‘tsi gbogbo aɖe me.’ Tsi gbogbo mawo hiã elabena Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ bia nyɔnyrɔɖetsime keŋkeŋ.—Dɔwɔwɔwo 8:36.

5. Aleke Kristotɔ gbãtɔwo nyrɔa amewoe?

5 Helagbe me nya siwo gɔme woɖe be “nyrɔ,” “nyɔnyrɔxɔxɔ,” kple bubuawo fia be woanyrɔ nu ɖe tsi me, woade nu tsi me, alo woate nu ɖe to wòayi tsi gɔme. Smith’s Bible Dictionary gblɔ be: “Nyɔnyrɔxɔxɔ nyuitɔ le nyaa ŋutɔŋutɔ nu gɔmee nye be woanyrɔ nu ɖe tsi me.” Esia tae wozã “Yohanes Amenyrɔɖetsimela,” kple “Yohanes amedetsigɔmela” le Biblia gɔmeɖeɖe aɖewo me ɖo. (Mateo 3:1, Rotherham; Diaglott interlinear) Wogblɔ le Augustus Neander ƒe agbalẽ si nye History of the Christian Religion and Church, During the Three First Centuries me be: “Tso gɔmedzedzea ke la, ɖe wonyrɔa ame ɖe tsi me tsɔ naa nyɔnyrɔ ame.” Wogblɔ le Fransegbe me gbalẽ nyanyɛ si nye Larousse du XXe Siècle (Paris, ƒe 1928) me be: “Afisiafi si Kristotɔ gbãtɔwo akpɔ tsi le koe amewo xɔa nyɔnyrɔ le to nyɔnyrɔɖetsime me.” Eye wogblɔ le New Catholic Encyclopedia me be: “Edze ƒã be Nyɔnyrɔxɔxɔ le Sɔlemeha gbãtɔa me nye ame nyɔnyrɔ ɖe tsi me.” (Ƒe 1967, Babla II, axa 56) Eyata egbea la, be woaxɔ nyɔnyrɔ azu Yehowa Ðasefo nye lɔlɔ̃nu faa nuwɔna si me wonyrɔa ame ɖe tsi me keŋkeŋ le.

Susu Yeye si Ta Woxɔ Nyɔnyrɔ

6, 7. (a) Susu ka tae Yohanes nyrɔ amewo ɖo? (b) Susu yeye kae nɔ nyɔnyrɔ si Yesu ƒe nusrɔ̃lawo na ŋu?

6 Taɖodzinu si nɔ Yohanes ƒe nyɔnyrɔnana ŋu to vovo na Yesu yomedzelawo ƒe ame nyɔnyrɔ ɖe tsi me. (Yohanes 4:1, 2) Yohanes nyrɔ amewo wotsɔ ɖe nuvɔ̃ siwo wowɔ ɖe Sea ŋu ƒe dzimetɔtrɔ fia le gaglãgbe. * (Luka 3:3) Gake susu yeye aɖe nɔ Yesu yomedzelawo ƒe nyɔnyrɔnana ŋu. Apostolo Petro xlɔ̃ nu eƒe nyaselawo le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste-ŋkekea dzi be: “Mitrɔ dzime, eye mia dome amesiame naxɔ nyɔnyrɔ ɖe Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me hena miaƒe nuvɔ̃wo ƒe keke.” (Dɔwɔwɔwo 2:37-41, NW ) Togbɔ be Yudatɔwo kple trɔ̃subɔla zu Yudatɔwoe Petro nɔ nu ƒom na hã la, menye nyɔnyrɔxɔxɔ atsɔ aɖe nuvɔ̃ siwo wowɔ ɖe Sea ŋu ƒe dzimetɔtrɔ afia ŋue wònɔ nu ƒom tsoe o; eye mefia hã be nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe Yesu ƒe ŋkɔ me tsi tre ɖi na nuvɔ̃wo kɔklɔ ɖa o.—Dɔwɔwɔwo 2:10.

7 Petro zã “dziƒofiaɖuƒe ƒe safuiawo” dometɔ gbãtɔ gbemagbe. Le taɖodzinu ka ta? Be wòana eƒe nyaselawo nadze si mɔnukpɔkpɔ si ʋu ɖi na wo be woate ŋu ayi ɖe Dziƒofiaɖuƒea me. (Mateo 16:19) Esi wònye be Yudatɔwo gbe Yesu be menye Mesia o ta la, dzimetɔtrɔ kple edzixɔxɔse nye wɔna yeye si le vevie hafi woate ŋu abia Mawu ƒe tsɔtsɔke eye wòatsɔe ake wo. Woate ŋu aɖe dzixɔse sia afia le gaglãgbe ne wonyrɔ wo ɖe tsi me le Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me. Woate ŋu aɖe wo ɖokui tsɔtsɔ ɖe adzɔgbe na Mawu to Kristo dzi afia le mɔ sia nu. Ele be amesiwo katã di egbea be Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe yewo ŋu la naɖe dzixɔse sia afia, woatsɔ wo ɖokui aɖe adzɔgbe na Yehowa Mawu, eye woaxɔ Kristotɔnyenye ƒe nyɔnyrɔ wòanye dzesi be wotsɔ wo ɖokui na Mawu Dziƒoʋĩtɔ la bliboe.

Sidzedze Vavãtɔ Le Vevie

8. Nukatae womeɖe mɔ be woana Kristotɔwo ƒe nyɔnyrɔ amesiame ko o?

8 Menye amesiamee dze woana Kristotɔwo ƒe nyɔnyrɔe o. Yesu de se na eyomedzelawo be: “Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã me nɔlawo ne woanye nusrɔ̃lawo, mianyrɔ̃ wo ɖe Fofo la kple Vi la kpakple gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔa me, miafia wo bena, woawɔ ɖe nusiwo katã meɖo na mi la dzi.” (Mateo 28:19, 20, NW ) Hafi woanyrɔ amewo la, ele be ‘woafia nusiwo katã Yesu ɖo na eƒe nusrɔ̃lawo la wo.’ Eyata viɖe aɖeke mele eŋu o ne wozi amewo dzi henyrɔ wo evɔ xɔse si nɔ te ɖe Mawu ƒe Nya ƒe sidzedze vavãtɔ dzi mele wo si o eye wòtsi tre ɖe nusi Yesu ɖo na eyomedzela vavãwo ŋu.—Hebritɔwo 11:6.

9. Nukae wòfia be woanyrɔ ame ‘ɖe Fofo la ƒe ŋkɔ me’?

9 Nukae wòfia be woanyrɔ ame ‘ɖe Fofo la ƒe ŋkɔ me’? Efia be amesi nyrɔ ge woala la lɔ̃ ɖe mía Fofo si le dziƒo ƒe ɖoƒe kple tanyenye dzi. Efia be amea lɔ̃ ɖe edzi be Yehowa Mawue nye mía Wɔla, ‘Amesi Ðo Kpo ɖe anyigba bliboa dzi,’ kple Xexeame Katã Dziɖulagã.—Psalmo 83:19; Yesaya 40:28; Dɔwɔwɔwo 4:24.

10. Nukae nyɔnyrɔxɔxɔ ‘ɖe Vi la ƒe ŋkɔ me’ fia?

10 Be woanyrɔ ame ‘ɖe Vi la ƒe ŋkɔ me’ fia be woade bubu Yesu ƒe ɖoƒe kple tanyenye ŋu be enye Mawu ƒe Tenuvi. (Yohanes I, 4:9) Amesiwo dze na nyɔnyrɔxɔxɔ la xɔ Yesu be eya dzie Mawu to na ‘tafe ɖe ame geɖe ƒe xɔxɔ ta.’ (Mateo 20:28; Timoteo I, 2:5, 6) Ele be amesiwo le nyɔnyrɔ xɔ ge nalɔ̃ ɖe ‘ɖoƒe kɔkɔ’ si Mawu tsɔ Via ɖoe la dzi.—Filipitɔwo 2:8-11; Nyaɖeɖefia 19:16.

11. Nukae wòfia be woaxɔ nyɔnyrɔ ‘ɖe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe ŋkɔ me’?

11 Nukae nyɔnyrɔxɔxɔ ‘ɖe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe ŋkɔ me’ fia? Efia be amesiwo le nyɔnyrɔ xɔ ge la dze sii be gbɔgbɔ kɔkɔea nye Yehowa ƒe dɔwɔŋusẽ, eye wòzãnɛ le mɔ vovovo nu le ɖekawɔwɔ me kple eƒe tameɖoɖo. (Mose I, 1:2; Samuel II, 23:1, 2; Petro II, 1:21) Amesiwo dze na nyɔnyrɔxɔxɔ lɔ̃ ɖe edzi be gbɔgbɔ kɔkɔea kpena ɖe yewo ŋu yewosea “Mawu ƒe nu gogloawo me,” be yewote ŋu wɔa Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa, eye be ena yewoɖea gbɔgbɔa ƒe kutsetse siwo nye ‘lɔlɔ̃, dzidzɔ, ŋutifafa, dzigbɔgbɔ blewu, dɔmekɔkɔ, dɔmenyonyo, xɔse, dɔmefafa, kple ɖokuidziɖuɖu’ fiana.—Korintotɔwo I, 2:10; Galatiatɔwo 5:22, 23; Yoel 3:1, 2.

Dzimetɔtrɔ Kple Tɔtrɔwɔwɔ ƒe Vevienyenye

12. Aleke Kristotɔwo ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ do ƒome kple dzimetɔtrɔe?

12 Ne míeɖe Yesu, amesi menye nuvɔ̃me o ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ le eme la, nyɔnyrɔxɔxɔ nye dzimetɔtrɔ ƒe dzesi si dzi Mawu da asi ɖo. Ne míetrɔ dzime la, míesea veve, alo xaa nu, ɖe nane si míewɔ alo do kpo wɔwɔ ta. Ele na ƒe alafa gbãtɔ me Yudatɔ siwo di be yewoadze Mawu ŋu be woatrɔ dzime tso nuvɔ̃ siwo wowɔ ɖe Kristo ŋu me. (Dɔwɔwɔwo 3:11-19) Trɔ̃subɔdukɔ me tɔ siwo nye xɔsetɔwo le Korinto trɔ dzime tso matrewɔwɔ, ahasiwɔwɔ, trɔ̃subɔsubɔ, fififi, kple nuvɔ̃ gã bubuwo me. Le woƒe dzimetɔtrɔ ta la, “wole tsi” na wo le Yesu ƒe ʋu me; ‘wokɔ wo ŋu,’ alo ɖe wo ɖe vovo, na Mawu ƒe subɔsubɔdɔ wɔwɔ; eye woto Mawu ƒe gbɔgbɔ dzi ‘bu wo ame dzɔdzɔewoe’ le Kristo ƒe ŋkɔ me. (Korintotɔwo I, 6:9-11) Dzimetɔtrɔ nye afɔ vevi aɖe ɖeɖe bene dzitsinya nyui kple gbɔdzɔe si Mawu na wokpɔna tso nuvɔ̃ ƒe fɔɖiɖi me nasu ame si.—Petro I, 3:21.

13. Tɔtrɔ kawo wɔwɔe hiã le nyɔnyrɔxɔxɔ gome?

13 Ele be míawɔ tɔtrɔ hafi woanyrɔ mí míazu Yehowa ƒe Ðasefowo. Tɔtrɔwɔwɔ nye lɔlɔ̃nu faa nuwɔna si amesi ɖoe tso dzi blibo me be yeadze Kristo Yesu yome la wɔna le eɖokui si. Amesiawo gbea nu le woƒe tsã gbenɔnɔ manyomanyowo gbɔ eye woɖonɛ kplikpaa be yewoawɔ nusi nyo le Mawu ŋkume. Hebri kple Hela gbe me dɔwɔnya siwo wozã le Ŋɔŋlɔawo me na tɔtrɔwɔwɔ fia be woagbugbɔ, atrɔ megbe. Afɔɖeɖe sia fia be woatrɔ tso mɔ gbegblẽ dzi ava Mawu gbɔ. (Fiawo I, 8:33, 34) Tɔtrɔwɔwɔ bia “dɔ, siwo dze dzimetɔtrɔ” wɔwɔ. (Dɔwɔwɔwo 26:20) Ebia be míaɖe asi le alakpasubɔsubɔ ŋu, awɔ nu wòasɔ kple Mawu ƒe sededewo, eye míasubɔ Yehowa ɖeɖe ko. (Mose V, 30:2, 8-10; Samuel I, 7:3) Tɔtrɔwɔwɔ na míetrɔa míaƒe tamebubu, taɖodzinuwo, kple amenyenye. (Xezekiel 18:31) Ne amenyenye yeyea va le xɔxɔm ɖe mawumavɔ̃mavɔ̃ ƒe nɔnɔmewo teƒe la, ke efia be ‘míegbugbɔ.’—Dɔwɔwɔwo 3:19; Efesotɔwo 4:20-24; Kolosetɔwo 3:5-14.

Adzɔgbeɖeɖe tso Dzi Blibo me Le Vevie

14. Nukae Yesu yomedzelawo ƒe adzɔgbeɖeɖe fia?

14 Ele hã be adzɔgbeɖeɖe si tso dzi blibo me na Mawu nado ŋgɔ na Yesu yomedzelawo ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ. Adzɔgbeɖeɖe fia be woaɖe nane ɖe vovo na taɖodzinu kɔkɔe aɖe. Afɔɖeɖe sia le vevie ale gbegbe be ele be míaɖe alesi míedi be míasubɔ Yehowa ɖeɖeko tegbee la agblɔ nɛ le gbedodoɖa me. (Mose V, 5:9) Gake menye dɔ aɖe wɔwɔ alo amegbetɔ aɖee míetsɔ mía ɖokui ɖe adzɔgbe na o ke Mawu ŋutɔ boŋue.

15. Nukatae wonyrɔa amesiwo dze na nyɔnyrɔxɔxɔ la ɖe tsi me?

15 Ne míeto Kristo dzi tsɔ mía ɖokui ɖe adzɔgbe na Mawu la, efia be míeɖoe kplikpaa be míawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu si woɖe fia le Ŋɔŋlɔawo me le míaƒe agbenɔnɔ me. Wonyrɔa amesiwo dze na nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe tsi me wònyea woƒe adzɔgbeɖeɖea ƒe dzesi, abe alesi wonyrɔ Yesu ɖe Yordan-tɔsisia me wòtsɔ ɖe eɖokui tsɔtsɔ na Mawu fia ene. (Mateo 3:13) Anyo be míade dzesii be Yesu nɔ gbe dom ɖa le gaƒoƒo vevi ma dzi.—Luka 3:21, 22.

16. Aleke wòasɔ be míaɖe míaƒe dzidzɔ afia ne míekpɔ amewo le nyɔnyrɔ xɔm?

16 Yesu ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ nye ŋkubiã ƒe wɔna aɖe gake enye dzidzɔnuwɔna hã. Nenemae egbegbe Kristotɔwo ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ hã le. Ne míekpɔ eteƒe amewo le woƒe adzɔgbeɖeɖe na Mawu ɖem fia la, míate ŋu aɖe míaƒe dzidzɔ afia to akpesisi bubutɔe kple wo kafukafu vividodoɖeameŋutɔe me. Gake míeƒoa asa na dzidzɔɣlidodo bobobo, akulialia, kple nu mawo tɔgbe wɔwɔ le esi míedea bubu xɔse nuwɔna sia ƒe kɔkɔenyenye ŋu ta. Míeɖea míaƒe dzidzɔ fiana le bubumɔ nu.

17, 18. Nukae wɔnɛ be wonyana nenye be amewo dze na nyɔnyrɔxɔxɔ?

17 Yehowa Ðasefowo mezia ame aɖeke dzi wòxɔa nyɔnyrɔ gbeɖe abe alesi amesiwo hlẽa tsi ɖe vidzĩwo dzi alo zia ameha siwo mese Ŋɔŋlɔawo gɔme o dzi be woaxɔ nyɔnyrɔ la wɔnɛ ene o. Le nyateƒe me la, womenyrɔa amesiwo medze le ŋɔŋlɔawo ƒe nudidiwo nu o. Hafi ame nazu nyanyuigbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ gɔ̃ hã la, Kristotɔ hamemegãwo kpɔa egbɔ be amea se Biblia ƒe gɔmedzenufiafiawo gɔme, ele agbe nɔm ɖe wo nu, eye eɖoa nya ŋu kple kakaɖedzi ne wobia nya sia ƒomevii be, “Ðe nèdi ŋutɔŋutɔ be yeazu Yehowa Ðasefoa?”

18 Zi geɖe la, ne amewo kpɔa gome le Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa me wòɖe dzesi eye wogblɔ be yewodi be yewoaxɔ nyɔnyrɔ ko hafi Kristotɔ hamemegãwo dzroa nu me kple wo be yewoaka ɖe edzi be wonye xɔsetɔ siwo ɖe adzɔgbe na Yehowa eye woɖo nudidi siwo Mawu ɖo na nyɔnyrɔxɔxɔ gbɔ. (Dɔwɔwɔwo 4:4; 18:8) Ŋuɖoɖo siwo ameawo ŋutɔ ana ne wobia biabia 100 kple edzivɔ wo tso Biblia ƒe nufiafiawo ŋu kpena ɖe hamemegãawo ŋu wonyana ne nyaawo ŋu ɖolawo ɖo Ŋɔŋlɔawo ƒe nudidiwo gbɔ hena nyɔnyrɔxɔxɔɖetsime. Ame aɖewo medzena o eyata womedaa asi ɖe wo dzi na Kristotɔwo ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ o.

Ðe Nane Le Mɔ Xem na Wòa?

19. Le Yohanes 6:44 ƒe nyawo nu la, amekawoe anye Yesu ƒe hatidziɖulawo?

19 Ðewohĩ wogblɔ na ameha hoo siwo dzi wozi woxɔ nyɔnyrɔ be woayi dziƒo ne woku. Gake Yesu gblɔ le eƒe afɔtoƒezɔlawo ŋu be: “Ame aɖeke mate ŋu ava gbɔnye o, ne menye Fofo, si dɔm ɖa lae hee vɛ o.” (Yohanes 6:44) Yehowa he ame 144,000 siwo anye hatidziɖulawo kple Yesu le Dziƒofiaɖuƒea me va Kristo gbɔ. Amewo dzi zizi be woaxɔ nyɔnyrɔ mekɔ ame aɖeke ŋu be wòdze na ɖoƒe kɔkɔe ma le Mawu ƒe ɖoɖoa me kpɔ o.—Romatɔwo 8:14-17; Tesalonikatɔwo II, 2:13; Nyaɖeɖefia 14:1.

20. Nukae ate ŋu akpe ɖe amesiwo mexɔ nyɔnyrɔ haɖe o dometɔ aɖewo ŋu?

20 Vevietɔ tso ƒe 1930-awo ƒe domedome la, ameha gbogbo aɖewo siwo le mɔ kpɔm be yewoatsi agbe le “xaxa gã” la me eye be yewoanɔ agbe le anyigba dzi tegbee la va zu Yesu ƒe “alẽ bubuwo” me tɔwo. (Nyaɖeɖefia 7:9, 14; Yohanes 10:16) Wodze na nyɔnyrɔxɔxɔ le esi wotrɔ woƒe agbenɔnɔ wòsɔ ɖe Mawu ƒe Nyaa nu eye wolɔ̃e kple ‘woƒe dzi, luʋɔ, ŋusẽ, kple tamesusu blibo’ ta. (Luka 10:25-28) Togbɔ be ame aɖewo kpɔe be Yehowa Ðasefowo ‘subɔa Mawu le gbɔgbɔ kple nyateƒe me’ hã la, womesrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋu heɖe woƒe lɔlɔ̃ akuakua kple wo ɖokui tsɔtsɔ na Yehowa bliboe fia le gaglãgbe hexɔ nyɔnyrɔ kpɔ haɖe o. (Yohanes 4:23, 24; Mose V, 4:24; Marko 1:9-11) Ðewohĩ gbedodoɖa moveviɖoɖotɔe tso afɔɖeɖe vevi sia ŋu tẽ koe ahiã be wòaʋã wo ahade dzi ƒo na wo be woawɔ nu ɖe Mawu ƒe Nyaa nu bliboe, bene woatsɔ wo ɖokui aɖe adzɔgbe na Yehowa Mawu megbe makpɔmakpɔe, eye woaxɔ nyɔnyrɔ.

21, 22. Susu kawo tae ame aɖewo hena ɖe megbe le adzɔgbeɖeɖe kple nyɔnyrɔxɔxɔ ŋu?

21 Ame aɖewo hena ɖe megbe le adzɔgbeɖeɖe kple nyɔnyrɔxɔxɔ ŋu elabena wonyrɔ wo ɖokui ɖe xexeame ƒe nyawo me vĩ alo ɖe kesinɔnuwo didi me ale gbegbe be ɣeyiɣi boo aɖeke mele wo si na gbɔgbɔmenuwo o. (Mateo 13:22; Yohanes I, 2:15-17) Dzi adzɔ wo ale gbegbe ne ɖe woatrɔ woƒe nukpɔsusu kple taɖodzinuwo! Tete ɖe Yehowa ŋu ado wo ɖe ŋgɔ le gbɔgbɔ me, akpe ɖe wo ŋu woaɖe dzimaɖitsitsi dzi akpɔtɔ, eye wòana woakpɔ ŋutifafa kple dzidzeme si tsoa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ me.—Psalmo 16:11; 40:9; Lododowo 10:22; Filipitɔwo 4:6, 7.

22 Ame aɖewo gblɔna be yewolɔ̃ Yehowa evɔ womeɖea adzɔgbe xɔa nyɔnyrɔ o le esi wosusui be ema wɔwɔe ana womabia akɔnta yewo o ta. Gake mía dometɔ ɖesiaɖe abu akɔnta na Mawu. Esime míese Yehowa ƒe nya la teti koe agba va le mía dzi. (Xezekiel 33:7-9; Romatɔwo 14:12) Esi blema Israel-viwo nye ‘ame tiatiawo’ ta la, wodzi wo de dukɔ si ɖe adzɔgbe na Yehowa me eyata enye agba nɔ wo dzi be woasubɔe nuteƒewɔwɔtɔe wòasɔ ɖe eƒe sededewo nu. (Mose V, 7:6, 11) Womedzi ame aɖeke ɖe dukɔ aɖeke me nenema egbea o, gake ne míexɔ Ŋɔŋlɔawo me nufiame vavãtɔ ko la, ele be míawɔ nu le xɔse me.

23, 24. Vɔvɔ̃ kawoe mele be wòahe amewo ɖe megbe tso nyɔnyrɔxɔxɔ gbɔ o?

23 Vɔvɔ̃ be sidzedze sɔgbɔ mesu yewo si o hea ame aɖewo hã ɖe megbe tso nyɔnyrɔxɔxɔ ŋu. Ke hã nu geɖe li mí katã míagasrɔ̃ elabena ‘amegbetɔ manya mɔnu le nusiwo Mawu wɔ ƒe agɔmegbɔ kple tagbɔ ŋu avɔ gbeɖe o.’ (Nyagblɔla 3:11) Bu Etiopiatɔ aƒedzikpɔla la ŋu kpɔ. Abe trɔ̃subɔla zu Yudatɔ ene la, Ŋɔŋlɔawo me sidzedze aɖe su esi, gake menye Mawu ƒe tameɖoɖo ɖesiaɖe ŋue wònya nu tsoe o. Gake esi aƒedzikpɔla la va nya nu tso xɔxɔ ƒe ɖoɖo si Yehowa wɔ to Yesu ƒe tafevɔsa dzi ko la, ena wonyrɔe enumake.—Dɔwɔwɔwo 8:26-38.

24 Le esi ame aɖewo vɔ̃na be yewoava do kpo nu tae wohea adzɔgbeɖeɖe na Mawu ɖe megbe. Monique si xɔ ƒe 17 gblɔ be: “Menɔ nyɔnyrɔxɔxɔ hem ɖe megbe le esi menɔa vɔvɔ̃m be nyemate ŋu anɔ agbe ɖe nye adzɔgbeɖeɖe nu o ta.” Gake ne míeɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me la, ‘ata mɔ na mí.’ Akpe ɖe mía ŋu be ‘míayi edzi azɔ le nyateƒea me’ abe esubɔla ɖeadzɔgbe wɔnuteƒewo ene.—Lododowo 3:5, 6; Yohanes III, 4.

25. Biabia ka mee wòle be míadzro azɔ?

25 Le ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu bliboe kple elɔlɔ̃ tso dzi blibo me ta la, ame akpe geɖe ƒe dzi ʋãa wo woɖea adzɔgbe xɔa nyɔnyrɔ ƒe sia ƒe. Eye ɖikeke mele eme o be Mawu subɔla ɖeadzɔgbewo katã di be yewoawɔ nuteƒe nɛ. Ke hã míele ɣeyiɣi sesẽwo me, eye míedzea ŋgɔ xɔse ƒe dodokpɔ vovovowo. (Timoteo II, 3:1-5) Nukae míate ŋu awɔ bene míate ŋu anɔ agbe ɖe míaƒe adzɔgbeɖeɖe nu na Yehowa? Míadzro nya sia me le nyati si kplɔe ɖo me.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 6 Esi nuvɔ̃ mele Yesu ŋu o ta la, menye dzimetɔtrɔ ɖeɖe fia ƒe nyɔnyrɔe wonae o. Eƒe nyɔnyrɔxɔxɔ fia be etsɔ eɖokui le Mawu nam be yeawɔ ye Fofo ƒe lɔlɔ̃nu.—Hebritɔwo 7:26; 10:5-10.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Aleke Kristotɔwo ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ nɔna?

• Sidzedze kae hiã hafi woaxɔ nyɔnyrɔ?

• Afɔ kawoe woɖena hafi Kristotɔ vavãwo xɔa nyɔnyrɔ?

• Nukatae ame aɖewo hena nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe megbe, gake nukae ate ŋu akpe ɖe wo ŋu?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata siwo le axa 14]

Ènya nusi wòfia be woaxɔ nyɔnyrɔ ‘ɖe Fofo la, Vi la, kple gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe ŋkɔ mea’?