Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Ðe Gbetakpɔxɔ ƒe tata siwo do nyitsɔ laa xexlẽ do dzidzɔ na wòa? Ke kpɔe ɖa be yeate ŋu aɖo biabia siwo gbɔna ŋu hã:

Todzimawunyaa ŋuti ɖoɖo kae nàte ŋu azã le tenɔnɔ ɖe nuteɖeamedzi nu me?

Gbesiagbe la, àte ŋu axlẽ Yesu ƒe nufiafia vevi siwo dze le mawunya ma me alo le teƒe bubu le Nyanyuigbalẽawo me la dometɔ ɖeka. To ŋugbledede le nufiafia mawo ŋu kple tɔwò sinua wɔwɔ be yeazã wo le yeƒe agbenɔnɔ me la, àte ŋu akpɔe adze sii be yeƒe dzidzɔkpɔkpɔ dzi ɖe edzi, eye yeƒe nuteɖeamedziwo dzi ɖe kpɔtɔ.12/15, axa 12-14.

Susu nyui etɔ̃ kawo tae hamemegãwo naa hehe subɔsubɔdɔwɔlawo be woatsɔ agbanɔamedzi bubuwo?

Le alesi Yehowa Ðasefowo ƒe xexlẽme le dzidzim ɖe edzii ta la, wohiã ŋutsu siwo ate ŋu awɔ dzikpɔkpɔdɔwo be woakpe ɖe nyɔnyrɔxɔla yeyewo ŋu be woawɔ ŋgɔyiyi. Tsitsi alo lãmesẽkuxiwo ɖe nusi hamemegã tsitsiwo ate ŋu awɔ la dzi kpɔtɔ. Eye hamemegã bibi aɖewo le agbanɔamedzi bubu siwo menye hame siwo me wole tɔ ɖeɖeko o la tsɔm, eyata ɖewohĩ womate ŋu awɔ geɖe le woƒe hamea me abe alesi wowɔna tsã ene o.—1/1, axa 29.

Aleke amewo xɔ mawu siwo menye nu ŋutɔŋutɔwo o la dzi see?

Amewo dea ta agu na woƒe subɔsubɔha ƒe mawuwo, gake nusiawo ate ŋu anye mawu siwo me agbe mele o siwo mate ŋu axɔ na ame o abe alesi wònɔ le Baal gome le Eliya ŋɔli ene. (Fiawo I, 18:26, 29; Psalmo 135:15-17) Ame bubuwo dea bubu modzakaɖela alo kamedefefe wɔla xɔŋkɔwo ŋu, amesiwo mate ŋu ana etsɔmemɔkpɔkpɔ gobii aɖeke wo o. To vovo na ema la, Yehowa ya li ŋutɔŋutɔ eye wòwɔna ɖe eƒe tameɖoɖowo dzi.1/15, axa 3-5.

Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso alesi Kain wɔ nu ɖe Mawu ƒe nuxlɔ̃ame ŋu me?

Mawu na mí tiatiawɔblɔɖe, eye míate ŋu atia be míawɔ nu nyui tsɔ wu be míagbe ewɔwɔ, abe alesi Kain wɔ nue ene. Biblia ƒe nuŋlɔɖiwo hã ɖee fia be Yehowa hea ʋɔnudɔdrɔ̃ vaa amesiwo gbea dzime tɔtrɔ la dzi.1/15, axa 22-3.

Nukatae dzadzɛnyenye le vevie ŋutɔ fifia?

Agbenɔnɔ ƒe tɔtrɔ va wɔe be ame geɖe megazãa ɣeyiɣi geɖe ɖe woƒe aƒewo me dzadzraɖo ŋu abe alesi wònɔ tsã ene o. Abe alesi wòle le nuɖuɖu kple tsi gomee ene la, aɖabaŋeŋe ƒu dzadzɛnyenye dzi ate ŋu ana be nu nagblẽ le wò lãmesẽ ŋu vevie. Tsɔ kpe ɖe ŋutilã me dzadzɛnyenye ŋu la, Biblia te gbe ɖe dzadzɛnɔnɔ le gbɔgbɔ me, le agbenɔnɔ me, kple le susu me dzi vevie.2/1, axa 3-6.

Paulo gblɔ le ɖasefo siwo nɔ anyi do ŋgɔ na Kristotɔwo ŋu be womegawɔ wo ‘blibo yewo manɔmee o.’ Le mɔ ka nu? (Hebritɔwo 11:40)

Le Ƒe Akpe Ðeka ƒe Dziɖuɖu si gbɔna me la, Kristo kple nɔvia amesiamina siwo anye fiawo kple nunɔlawo le dziƒo la ana viɖe siwo ado tso tafea me nasu amesiwo wofɔ ɖe tsitre la si. Abe alesi wode dzesii le Hebritɔwo ta 11 ene la, woawɔ ame wɔnuteƒe mawo ‘woade blibo.’2/1, axa 23.

Nya ka gblɔm Paulo nɔ esime wògblɔ na Hebritɔwo be: ‘Miekpɔ tsi tre sesĩe yiɖase ɖe ʋu me haɖe o’? (Hebritɔwo 12:4)

Nusi fiam wònɔe nye tsitrenɔnɔ sesĩe aɖase ɖe ku me. Blema kpɔɖeŋu aɖewo ɖee fia be ame aɖewo wɔ nuteƒe vaseɖe ku me ke. Togbɔ be womedo Hebritɔ siwo Paulo ŋlɔ agbalẽa na kpɔ ɖo afima o hã la, ehiã be woawɔ ŋgɔyiyi aɖo tsitsi gbɔ, woatu woƒe xɔse ɖo be woate ŋu ado dzi le nɔnɔme ɖesiaɖe si ava wo dzi la me.2/15, axa 29.

Nukatae wòasɔ wu be míadzudzɔ gbɔgblɔ be Yehowa ƒe nublanuikpɔkpɔ ɖea eƒe dzɔdzɔenyenye dzi kpɔtɔna?

Le gbegbɔgblɔ aɖewo me la, be “woaɖe nu dzi akpɔtɔ” ate ŋu afia be woabɔbɔ eme alo atsi enu. Yehowa nye dzɔdzɔenyenye kple nublanuikpɔkpɔ siaa ƒe Mawu, eye ne ele nɔnɔme eve mawo ɖem fia la, wowɔa dɔ aduadu. (Mose II, 34:6, 7; Mose V, 32:4; Psalmo 116:5; 145:9) Mehiã be nublanuikpɔkpɔ nabɔbɔ Yehowa ƒe dzɔdzɔenyenye me alo aɖe edzi akpɔtɔ o.3/1, axa 30.

Ðe wòsɔ be Kristotɔ nana woasi atike na eƒe ƒometɔ si kua?

Atike sisi na ame kuku nye nusi wowɔna tsɔ kpɔa eta be magagblẽ kaba o. Blematɔ aɖewo wɔe le subɔsubɔ kɔnuwo ta. Manɔ nenema le tadeagula vavãwo gome o. (Nyagblɔla 9:5; Dɔwɔwɔwo 24:15) Ðeko atike sisi na ame kukua ahe ŋutilã la ƒe tɔtrɔ agazu anyi, si nu womate ŋu axe mɔ ɖo keŋkeŋ o, ɖe megbe vie. (Mose I, 3:19) Gake mahiã be woatsi dzi ne sewo bia be woasi atike na ame kukua, ƒometɔ aɖewo dii nenema, alo ehiã elabena ame aɖewo atso didiƒe ava kua teƒe ta o.3/15, axa 29-31.

Biblia me kpɔɖeŋu kawoe fia mí be Mawu xɔa dukɔwo katã me tɔwo?

Yehowa dɔ nyagblɔɖila Yona be wòaxlɔ̃ nu Niniwetɔwo, eye Mawu ƒoe ɖe Yona nu be woalɔ̃ ɖe woƒe dzimetɔtrɔa dzi. To nya kple kpɔɖeŋu me la, Yesu de dzi ƒo be woaɖe lɔlɔ̃ afia Samariatɔwo. Apostolo Petro kple apostolo Paulo siaa wɔ akpa aɖe le nyanyuia tsɔtsɔ yi na amesiwo menye Yudatɔwo o me. To kpɔɖeŋu mawo me la, míate ŋu ade dzesi alesi wòhiã be míadze agbagba akpe ɖe ameƒomevi ɖesiaɖe ŋui.4/1, axa 21-4.