Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ɣeyiɣi Si Nunya Le Eme Be Woasi Adzo

Ɣeyiɣi Si Nunya Le Eme Be Woasi Adzo

Ɣeyiɣi Si Nunya Le Eme Be Woasi Adzo

KALẼWƆWƆ kple nyahehe ƒe gbɔgbɔ alo ŋgɔdzedze tetekpɔ nye nɔnɔme siwo bɔ ɖe egbexexeame zi geɖe. Wobua amesi si le nɔnɔme aɖe nu la be egbɔdzɔ alo be enye vɔvɔ̃nɔtɔ. Wote ŋu ɖua fewu gɔ̃ hã le eŋu.

Gake Biblia gblɔe eme kɔ be ɣeaɖewoɣi la, be woasi adzo nye nusi me nunya le, eye enye dzinɔameƒo ɖeɖefia. Hafi Yesu Kristo naɖo eƒe nusrɔ̃lawo ɖe subɔsubɔdɔa me la, eɖo kpe nya sia ƒe nyateƒenyenye dzi esime wògblɔ na wo be: “Ne woti mia yome le du sia me la, misi yi ɖe bubu aɖe me.” (Mateo 10:23) Ẽ, ele na Yesu ƒe nusrɔ̃lawo be woadze agbagba asi le wo yometilawo nu. Mele be woaho aʋa aɖeke abe atitsogaʋa tɔgbe ene, anɔ agbagba dzem be yewoatrɔ amewo akpa sesẽe o. Ŋutifafa gbedasie wolé ɖe asi. (Mateo 10:11-14; Dɔwɔwɔwo 10:34-37) Eyata le esi teƒe be woado dziku la, ele na Kristotɔwo be woasi, woaɖe wo ɖokui ɖa kura le afisi tsom dzikua le. Le mɔ sia nu la, dzitsinya nyui nɔa wo si eye ƒomedodo xɔasi si le woa kple Yehowa dome hã nɔa anyi.—Korintotɔwo II, 4:1, 2.

Kpɔɖeŋu si to vovo na esia dze le Biblia ƒe agbalẽ si nye Lododowo me. Egblɔ le ɖekakpui aɖe ŋu be, le esi teƒe be wòasi le tetekpɔ nu la, ekplɔ gbolo aɖe ɖo “abe nyitsu, si yina ɖe ewuƒe ene.” Nukae nye emetsonu? Afɔkue dzɔ ɖe edzi le esi wòna tetekpɔ si lɔ eya ŋutɔ ƒe agbe ɖe eme ɖu edzi la ta.—Lododowo 7:5-8, 21-23.

Ke ne èdze ŋgɔ gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ alo nɔnɔme bubu aɖe si me afɔku ate ŋu anɔ ƒe tetekpɔ ɖe? Le nya si Mawu ƒe Nya gblɔ nu la, nusi nyo ŋutɔ nàte ŋu awɔe nye be nàsi, nàde afɔ du me, asi le nɔnɔmea nu enumake.—Lododowo 4:14, 15; Korintotɔwo I, 6:18; Timoteo II, 2:22.