Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dedienɔnɔ Fifia—Dedienɔnɔ Tegbee

Dedienɔnɔ Fifia—Dedienɔnɔ Tegbee

Dedienɔnɔ Fifia—Dedienɔnɔ Tegbee

NUKATAE dedienɔnɔ kpɔkpɔ sesẽ zi geɖe, eye ne wokpɔe hã, nukatae wònɔa anyi ɣeyiɣi kpui aɖe ko? Ðe wòanye be nususukpɔ dzie míetu nusi míesusu be dedienɔnɔ nye ɖoa—ɖe nusi dzro mí le susu me dzi tsɔ wu nusi ate ŋu asu ame si ŋutɔŋutɔ dzia? Woate ŋu ayɔ nususukpɔ sia be drɔ̃ekuku.

Nususukpɔ ɖea mɔ na susua wòdzona le alesi nuwo dzɔna le agbe me ŋutɔŋutɔ kple nuwo ƒe dediemanɔmanɔ dzi ɖagena ɖe dedienɔnɔ ƒe nɔnɔme dzeani aɖe me heɖea nusianu si ate ŋu agblẽ nusi susum kpɔ wòle me la ɖa. Gake, zi geɖe la, agbemekuxi ŋutɔŋutɔwo va ɖoa drɔ̃exexe sia me hekana nudzedziname ƒe susuawo hlẽna nublanuimakpɔmakpɔtɔe eye drɔ̃ekulaa nyɔna ɖe agbemenudzɔdzɔ ŋutɔŋutɔwo me.

Mina míade ŋugble le teƒe siwo amewo trɔna ɖo hena dedienɔnɔ kpɔkpɔ dometɔ ɖeka ŋu—si nye ʋuʋu ayi teƒe bubu. Le kpɔɖeŋu me, adze abe ɖe nuwo ade ame dzi wu le dugã me ene, dzidzɔdonuwo, fetu gãwo, kple aƒe nyui kpɔkpɔ anɔ eme anɔ ame ƒe susu me vam. Ẽ, ema ate ŋu adze abe afimae woakpɔ dedienɔnɔ si dim wòle ɣeyiɣi didi la le ene. Gake ɖe drɔ̃e sia ate ŋu ava emea?

Dugã mee Woakpɔe Lea—Alo Nususukpɔe?

Le dukɔ madeŋgɔwo me la, adzɔhawo ƒe boblododo si te ŋu naa susuwo nɔ tame vam na ame lae doa ʋuʋu yi dugã me ƒe dzodzroa ɖe ŋgɔ. Menye dedienɔnɔ koŋue le vevie na adzɔha siwo le megbe na boblododo siawo o, ke boŋ woƒe adzɔnuwo dzadzrae. Wogbea nuƒoƒo tso agbemekuxi siwo li ŋutɔŋutɔ la ŋu hedoa boblo nusiwo ɖea dzidzedzekpɔkpɔ fiana tsɔ nana dedienɔnɔ dzroa ame. Ale wɔ wòva dzena abe woƒe adzɔnu siwo wole boblo domee ƒeƒle kple dugã me nɔnɔe naa ame nɔa dedie ene.

De ŋugble le kpɔɖeŋu si gbɔna ŋu kpɔ. Ɣetoɖoƒe Afrika dugã aɖe dzikpɔlawo ɖi boblodoʋuƒo siwo ɖee fia kɔte be ɖeko atamanono le abe dzotɔtɔ ga si woku kutri kpɔ la ene. Ema nye afɔ siwo woɖe be yewoatsɔ axlɔ̃ nu dumeviwo tso atamanono ŋu ƒe akpa aɖe. Sigaretwɔhawo kple edzralawo hã va ɖi boblodoʋuƒo bubu siwo dzi wota atamanola siwo le dzidzɔ kpɔm eye nu dze edzi na wo la ɖo tsɔ tsi tre ɖe boblododo gbãtɔa ŋui. Gakpe ɖe eŋu la, sigaretwɔha aɖewo do awu kpeɖi na eƒe dɔwɔvi aɖewo hena woɖɔ baseball ƒolawo ƒe kukuwo eye woɖama sigaret na sɔhɛwo le mɔdodowo dzi henɔ dzi dem ƒo na wo be “woaɖɔe akpɔ.” Kɔƒeduwo mee sɔhɛ siawo dometɔ geɖe tso va, eye esi womenya naneke tso boblodolawo ƒe ayemɔwo ŋu o ta la, mɔ̃ sia ɖe wo. Wova zu amesiwo atamanono ma. Ðe sɔhɛ siawo tso kɔƒewo me va dugãa me be yewoava di dɔ awɔ atsɔ ado alɔ yewoƒe ƒometɔwoe alo akpɔ ga. Kaka woanyaa, wonɔ dzo tɔm ga si woazã ɖe nu ɖɔʋuwo ŋu ƒe akpa gãtɔ.

Menye ɣesiaɣie boblododo siwo me woɖenɛ fiana le be agbe dzea edzi na ame le dugã me la tso asitsahawo gbɔ o. Woate ŋu atso amesiwo hã ʋu va dugãa me gake nuwo va trɔ bubui na wo evɔ womegadi be yewoagbugbɔ ayi woƒe kɔƒeduwo me o la ƒe nume. Esi womedi be wòadze le yewo ŋu be nu glo yewo o taa, woƒoa adegbe le ga kple nusiwo wobe yewote ŋu wɔ le dugãa me la ŋu. Gake ŋkuléle ɖe ɖoƒe si wobe yewole ŋu nyuie ɖenɛ fiana be menye ɖe nɔnɔme si me wole fifia nyo wu esi me wonɔ le kɔƒea me o; agbagba ko dzemee woawo hã le be asi nayi nugbɔ abe dugã me nɔla akpa gãtɔwo ke ene.

Dugãwo koŋ mee dedienɔnɔ dila yeyewo va zua ame gblẽkuwo le. Nukatae? Zi geɖe la, womekpɔ asinu di ame ɖɔʋu aɖeke dze xɔlɔ̃e o eye wole adzɔge ʋĩ tso woƒe ƒometɔwo gbɔ. Eyata aɖaŋuɖola aɖeke menɔa wo si si akpe ɖe wo ŋu woaƒo asa na dugã me gbegãnɔnɔ ƒe mɔ̃wo o.

Josué medze atamanono ƒe mɔ̃ me o. Gakpe ɖe eŋu la, eva kpɔe dze sii be nusi dugãmenɔnɔ bia gbɔ yeƒe ŋutete ŋu sasasã. Le eya gome la, eƒe dugã me gbagbadzedzewo katã zu dagbadagba ɖe yame. Ekpɔe dze sii be dedienɔnɔ vavãtɔ mesu ye si le dugãa me o; menye enɔƒee nye afima kura o. Eva nɔ esem le eɖokui me be yetsi ƒuƒlu, yemeɖi naneke o, eye yedo kpo nu, ale wɔ wòtsɔ ɖokuibɔbɔ gbugbɔ yi kɔƒea mee mlɔeba.

Enɔ vɔvɔm be amewo aɖe alɔme le ye ŋu. Gake eƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃ vavãwo xɔe alɔ eve va aƒee. Eƒe ƒomea me tɔwo ƒe vividoɖeameŋu, kɔƒea me ƒe teƒe nyanyɛwo, kple exɔlɔ̃ siwo le Kristo-hamea me ƒe lɔlɔ̃ ɖeɖefia wɔe be eteƒe medidi o ese le eɖokui me be yele dedie le kɔƒea me sasasã wu dugãa me, afisi ame geɖewo ƒe mɔkpɔkpɔ zua aɖukliɖuɖu le. Ewɔ nuku nɛ ŋutɔ esi wòkpɔe be ga si kpɔm yele le dɔ wɔwɔ kutrikukutɔe kple ye fofo le agble dzi me sɔ gbɔ sasasã wu esi toa yeƒe asime le dugãa me.

Ga—Nukae Nye Kuxi la Ŋutɔŋutɔ?

Ðe ga ana nàse le ɖokuiwò me be yele dediea? Liz, si tso Canada, gblɔ be: “Esime menye sɔhɛ la, mesusu be ga naa wovona tsoa dzimaɖitsitsi me.” Ŋutsu hotsuitɔ aɖe ƒe nu va lé dzi nɛ. Eteƒe medidi o, woɖe wo nɔewo. Ðe wòse le eɖokui me be yele dediea? Liz yi edzi be: “Esime meɖe srɔ̃ la, aƒe dzeani aɖe kple ʋu eve nɔ mía si, eye ganyawo de mía dzi ale gbegbe be míekpɔa gome le ŋutilãmenu ɖesiaɖe kloe me, míezɔa mɔ, míeɖea modzaka. Nukutɔe la, megatsia dzi le ga ŋu kokoko.” Eɖe nusi gbɔ wòtso me ale: “Nu gbogbo aɖewo li siwo míedi be woato mía ŋu o. Edze abe aleke kee nu ɖasɔ gbɔ ɖe asiwòe o, meɖia ƒo na ame o ene. Ga mena míevo tso zãdomadɔlɔ̃e kple dzimaɖitsitsi me o.”

Ne èse le ɖokuiwò me be ga geɖe mele ye si si ana yeanɔ dedie o la, bia ɖokuiwò be, ‘Nuka koŋue nye kuxia? Ga manɔamesie loo alo ga mazãmazã nyuie yea?’ Esi Liz de ŋugble le woƒe tsãgbenɔnɔ ŋu la, egblɔ be: “Fifia mekpɔe be nusi gbɔ míaƒe ƒomea ƒe kuxiwo tso esime menye ɖevi enye ga mazãmazã nyuie. Míedoa nugbana, eyata fe nɔa mía ŋu míenɔ xexem ɣesiaɣi. Esia na míetsia dzimaɖi.”

Gake egbea la, togbɔ be ga mele Liz kple srɔ̃a si zã o hã la, wose le wo ɖokui me be yewole dedie wu. Esime wosrɔ̃ Mawu ƒe Nya ŋuti nyateƒea la, wodzudzɔ toɖoɖo nya siwo naa wokplɔa ga ɖo megbemakpɔmakpɔe la sese hete toɖoɖo Mawu ƒe nunya, si me nya siawo le be: “Amesi ɖoa tom la, anɔ anyi bɔkɔɔ, eye dzɔgbevɔ̃e ƒe ŋɔdzidoname maɖe dzi le eƒo o.” (Lododowo 1:33) Wodi be yewoakpɔ dzidzeme si de ŋgɔ wu esi ga gbogbo ƒe amesinɔnɔ nana. Fifia si Liz kple srɔ̃a nye dutanyanyuigblɔlawo le dutanyigba aɖe dzi la, wole nu fiam kesinɔtɔwo kple ame dahewo siaa be eteƒe madidi o Yehowa Mawu ana dedienɔnɔ vavã naxɔ anyigba blibo la katã dzi. Dɔ sia naa dzidzeme kple dedienɔnɔ deto si tsoa taɖodzinu si de ŋgɔ wu kple gɔmeɖose siwo ɖɔʋu wu ƒe ŋusẽkpɔkpɔ ɖe ame dzi me, ke metsoa nusi ga ate ŋu awɔ me o.

Ðo ŋku nyateƒenya vevi sia dzi be: Kesinɔtɔnyenye le Mawu gbɔ xɔ asi sasasã wu ŋutilãmekesinɔnuwo ƒe amesinɔnɔ. Le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo katã me la, wote gbe ɖe tenɔnɔ nyui ƒe amesinɔnɔ le Yehowa gbɔ, si me míate ŋu alé ɖe asi to Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ɣesiaɣi le xɔse me dzi la dzi, ke menye ŋutilãmekesinɔnuwo ƒe amesinɔnɔ o. Kristo Yesu de dzi ƒo na mí be ‘míanye kesinɔtɔwo le Mawu gome’ eye be ‘míadzra kesinɔnuwo ɖo ɖe dziƒo.’—Luka 12:21, 33.

Ðoƒe—Afika Yim Nèle?

Ne ewɔna na wò be ameŋkuta zuzu le hadomee naa wonɔa dedie la, ke bia ɖokuiwò be: ‘Ðoƒe kɔkɔ nɔla ka sie dedienɔnɔ vavã su? Aleke wòle be nye ɖoƒea nakɔkɔe hafi manɔ dedie?’ Dɔ aɖe si le edzi dzem na ame ate ŋu ana wòabu vodadatɔe be yele dedie, eye mlɔeba wòava tsi akpo dzi, alo esi vɔ̃ɖi wu la, wòadze anyi kura.

Nuteƒekpɔkpɔ ŋutɔŋutɔwo ɖee fia be ŋkɔ nyui ƒe amesinɔnɔ le Mawu gbɔ naa wonɔa dedie wu ŋkɔxɔxɔ le amegbetɔwo gbɔ. Yehowa koe ate ŋu ana agbe mavɔ ƒe nunana amegbetɔwo. Ema bia míaƒe ŋkɔ ŋɔŋlɔ ɖe Mawu ƒe agbegbalẽ me, ke menye ɖe ameŋkutawo dome o.—Mose II, 32:32; Nyaɖeɖefia 3:5.

Ne èda nudzroame nukpɔsusuwo ɖe akpa la, aleke nèdaa wò fifi nɔnɔmewo kpɔnae, eye nukae nàte ŋu akpɔ mɔ na nyateƒe le etsɔme? Nusianu mele ame aɖeke si o. Abe alesi Kristotɔ nyanu aɖe gblɔe ene la, “Ehiã be masrɔ̃e be agbe menye nusi KPLE ekemɛ ƒe amesinɔnɔ gbeɖe o, ke boŋ esi ALO ekemɛ ƒe amesinɔnɔe.” Tɔ vie nàxlẽ aɖaka si nye “Wogblɔe le Benin.”

Azɔ ɖo biabia siawo ŋu: Nukae nye nye taɖodzinu vevitɔ le agbe me? Mɔ si le tẽ wu kae mato aɖo afima? Ðe wòanye be mɔtatra legbe aɖe si mele dedie o dzie melea, eye ɖe mɔ aɖe li si dzi mate ŋu ato ake ɖe nusi tututu dim mele la ŋu bɔbɔea?

Esi Yesu ɖo aɖaŋu le asixɔxɔ sue si le ŋutilãmenuwo ŋu ne wotsɔe sɔ kple asixɔxɔ si le gbɔgbɔmenuwo ŋu megbe la, egblɔ be míana míaƒe ŋkuwo ‘dzi nadza’ alo míana “wòanɔ nu ɖeka ŋu.” (Mateo 6:22; NW ƒe etenuŋɔŋlɔ) Ena eme kɔ ƒã be nu vevitɔwo le agbe me enye gbɔgbɔ me nu xɔasi kple taɖodzinu siwo wotu ɖe Mawu ƒe ŋkɔ kple eƒe Fiaɖuƒea dzi. (Mateo 6:9, 10) Nu bubuwo mele vevie fũ o, alo míagblɔe be womenye nusiwo dzi míada susu ɖo o.

Egbe fotoɖemɔ̃ geɖe te ŋu trɔna ɖe didiƒe kple kpuiƒe nuwo ŋu le wo ɖokui si. Nenemae nèdina be yeanɔa? Nusianu kloe ŋue nètrɔa “susu ɖo”—be ele vevie, viɖe le eŋu, eye wòdzroa wò be nàbu eŋu, wò asi nasu edzia? Ne esia le alea le mɔ aɖewo nu gɔ̃ hã la, Kristotɔwo ƒe nu vevitɔ, si nye Fiaɖuƒea, ate ŋu abu ɖe nu gbogbo bubu siwo hã nɔa míaƒe susu hem la dome bɔbɔe. Nuxlɔ̃ame sẽŋu si Yesu na enye be: “Midi mawufiaɖuƒe la kple eƒe dzɔdzɔenyenye gbãgbiagbã, eye woatsɔ nusiawo katã akpe ɖe eŋuti na mi.”—Mateo 6:33.

Dedienɔnɔ Fifia Ahayi ɖe Mavɔmavɔ Me

Mí katã míete ŋu susua nu nyuiwo na mía ɖokui kple míaƒe lɔlɔ̃tɔwo. Gake nyateƒe si wònye be míenye ame madeblibowo, hele xexe madeblibo me, eye míaƒe agbenɔƒe le kpuie la zinɛ ɖe mía dzi be míaɖe nusiwo míate ŋu akpɔ mɔ na be woasu mía si la dzi akpɔtɔ. Biblia-ŋlɔla aɖe ɖe nu me ƒe akpe geɖe siwo va yi be: “Eye megakpɔ le ɣea te be, duƒuƒu mele afɔ ɖablae me o, aʋawɔwɔ mele kalẽ me o, nuɖuɖukpɔkpɔ mele nunya me o, kesinɔnu mele ayedzedze me o, eye ŋudzedzekpɔkpɔ mele nugɔmesese me o, ke boŋ azãgbe kple nuɖiɖeame li na wo katã.”—Nyagblɔla 9:11.

Ɣeaɖewoɣi la, gbesiagbe hloloetsotsowo xɔa míaƒe susu me ale gbegbe be míeŋlɔa nu vevitɔ si nye be míanya amesi míenye kple nusi tututu míehiã be míase le mía ɖokui me be míele dedie ŋutɔŋutɔ la be. De ŋugbe le blemanya siawo siwo me nunya le la ŋu kpɔ: “Amesi lɔ̃a ga la, ga maɖi ƒo nɛ o, eye amesi lɔ̃a kesinɔnu la, viɖe aɖeke matso eme nɛ o. Esia hã toflokoe. Dɔwɔla ɖaɖu nu ʋɛ o, eɖaɖu nu geɖe o, alɔ̃ vivina nɛ; ke kesinɔtɔ ƒe nu gbogboawo menana wòdɔa alɔ̃ o.” (Nyagblɔla 5:9, 11) Ẽ, nukae ana nànɔ dedie?

Ne wò nɔnɔmea de sɔsɔ ge kple alesi Josué bu nuwo ŋu madzemadzee la, ɖe nàte ŋu atrɔ wò ɖoɖowoa? Amesiwo lɔ̃ wò tso dzime la akpe ɖe ŋuwò abe alesi Josué ƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo le Kristo-hamea me wɔe ene. Ànɔ dedie le kɔƒedu me le amesiwo lɔ̃ wò la dome wu le dugã me le amesiwo adze agbagba be yewoazã wò madzemadzee la dome.

Ne nu geɖe le asiwò xoxo abe Liz kple srɔ̃a ene la, ɖe nàte ŋu atrɔ asi le wò agbenɔnɔ ŋu be nàte ŋu azã ɣeyiɣi kple ŋusẽ geɖe ɖe kpekpeɖeŋu nana amewo ŋu, woɖanye kesinɔtɔwo alo hiãtɔwo o, be woasrɔ̃ nu tso Fiaɖuƒea, si nye nusi dzi woato akpɔ dedienɔnɔ vavãtɔ la ŋua?

Ne èle agbagba dzem be ɖoƒe kɔkɔ aɖe nasu ye si le hadome alo le dɔwɔƒe la, anyo be nàbu nusi le ʋãwòm la ŋu anukwareɖiɖitɔe. Ele eme be nanewo siwo ade dziwò ana nàse vivi le agbe me ya. Ke hã, ɖe wò susu te ŋu nɔa Fiaɖuƒea—si nye mɔ vavãtɔ si dzi míato akpɔ dedienɔnɔ si nɔa anyi ɖaa la—dzia? Ðo ŋku Yesu ƒe nya siawo dzi be: ‘Dzidzɔ geɖe le nana me wu xɔxɔ.’ (Dɔwɔwɔwo 20:35) Ne èƒo ɖokuiwò ɖe Kristo-hamea me dɔ vovovowo me la, àkpɔ dedienɔnɔ si me viɖe geɖe le.

Amesiwo ɖoa ŋu ɖe Yehowa kple eƒe Fiaɖuƒea ŋu bliboe sea vivi na dedienɔnɔ si me dzidzɔ le egbea hekpɔa mɔ na dedienɔnɔ deblibo le etsɔ si gbɔna me. Hakpala la gblɔ be: “Metsɔa Yehowa ɖoa ŋkunye me ɖaa; ne ele nye nuɖusi me la, ke maɖe le tenye o. Eyata nye dzi le dzidzɔ kpɔm, eye nye bubu le aseye tsom, nye ŋutilã hã anɔ anyi dedie.”—Psalmo 16:8, 9.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 6]

Wogblɔe le Benin

Wogblɔ ŋutinya sia zi akpe nanewo le mɔ vovovowo nu. Nyitsɔ laa la, ŋutsu tsitsi aɖe si le kɔƒedu aɖe me le Benin, le Ɣetoɖoƒe Afrika la gbugbɔ ŋutinya sia gblɔ na sɔhɛ aɖewo.

Tɔƒodelaa le eƒe akro me tso tɔdzi gbɔ va aƒeme eye asitsadɔŋunyala bibi aɖe si tso duta va le dɔ wɔm le dukɔ madeŋgɔ sia me va do goe. Ŋutsua bia tɔƒodela la be nukatae wògbɔ kaba nenema hã. Eɖo eŋu be yeate ŋu anɔ tɔa dzi wòadidi wu ema hafi gake lã si yeɖe la sɔ gbɔ ade na yeƒe ƒomea.

Ŋutsua biae be: “Ke nukae nètsɔa wò ɣeyiɣiwo katã wɔnɛ fifia?”

Tɔƒodelaa ɖo eŋu be: “Meyia tɔƒo vie. Meɖea modzaka kple vinyewo. Ne ŋdɔ le ʋuʋum la, mí katã míeɖina ɖe eme. Le fiẽ la, míeɖua fiẽnu ɖekae. Emegbe mía kple xɔ̃nyewo míeƒoa ƒu sea ha, kple bubuawo.”

Asitsadɔŋunyalaa xɔ nya le enu be: “Kpɔ ɖa, mewu yunivɛsiti nu xɔ dzeside eye mesrɔ̃ nu tso nya siawo ŋu. Medi be makpe ɖe ŋuwò. Ele be nànɔ tɔa dzi wòadidi vie wu esia. Àkpɔ ga geɖe eye eteƒe madidi o àte ŋu aƒle tɔdziʋu si lolo wu akro sia. Ne tɔdziʋu si lolo wu le asiwò la, àkpɔ ga geɖe eye eteƒe madidi o àte ŋu aƒle ɖɔkplɔʋuwo.”

Tɔƒodelaa bia be, “Ekema nuka?”

“Ekema le esi teƒe be nànɔ lãa dzram to ƒlekaƒletɔ aɖe dzi la, àte ŋu awɔ ɖoɖo kple lãdzradɔwɔƒea tẽ alo wò ŋutɔ àte ŋu aɖo lãdzrãdɔwɔƒe na ɖokuiwò. Àte ŋu aʋu le kɔƒea me aɖanɔ Cotonou, alo Paris, alo New York ahakpɔ dɔ bliboa dzi le afima. Àte ŋu adoe ɖe amewo gbɔ be woade ga wò dɔa me gɔ̃ hã si ana nava kpɔ ga geɖe.”

Tɔƒodelaa bia be: “Ɣeyiɣi didi kae emawo katã axɔ?”

Ŋutsua ɖo eŋu be: “Ðewohĩ tso ƒe 15 va ɖo 20.”

Tɔƒodelaa yi edzi be: “Emegbe nuka?”

Ŋutsua ɖe nu me be: “Ɣemaɣie agbea vivina. Ekema àte ŋu adzudzɔ ɖokuiwò. Àte ŋu aʋu le dugãa me hloloetsotsoawo katã me aɖanɔ kɔƒe aɖe me dzaa.”

Tɔƒodelaa bia be: “Eye ekema nuka?”

“Ekema ɣemaɣie nàzã ɣeyiɣi sue aɖe ɖe tɔƒodede ŋu, aɖe modzaka kple viwòwo, aɖi ɖe eme ne ŋdɔ le ʋuʋum, aɖu fiẽnu kple wò ƒomea, eye mia kple xɔ̃wòwo miaƒo ƒu ase ha.”

[Nɔnɔmetata siwo le axa 7]

Ŋgɔyiyi le dɔwɔƒe ye hea dedienɔnɔ vɛa?

[Nɔnɔmetata siwo le axa 8]

Nɔviwò Kristotɔwo tsɔ ɖe le wò dedienɔnɔ me ŋutɔŋutɔ