Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mawu Kafukafu le Philippines Towo Dzi

Mawu Kafukafu le Philippines Towo Dzi

Mawu Kafukafu le Philippines Towo Dzi

Ne èbua Philippines be enye dukɔ si le ƒukpo dzi la, ke èbui nyuie. Gake enye dukɔ si me to kɔkɔwo hã le. Le Yehowa Ðasefowo gome la, gbeƒãɖeɖe le dugãawo kple nuto siwo me to mele o mesesẽ akpa o eye eɖea vi. Ke hã nya bubu kurae wònye le toduwo me.

DUKƆA ƒe to klitsuwo to vovo kura tso ƒukpoa ƒe gbadzaƒe siwo nye keƒutawo, adzakpowo, lãɖelawo ƒe kɔƒewo, kple du siwo me modzeanyi mele kura o la gbɔ. Toawo hã nye kplamatsedonu gã aɖe na gbeƒãɖeɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti ‘nyanyuia.’—Mateo 24:14.

Philippines-ƒukpoawo le afisi tome ƒe anyigbakɔwo ƒe agbakawo va lɔ wo nɔewo le. Anyigbaa ƒe ʋaʋã le afisia na teƒea ho ɖe dzi zu togbaka tsũewo le eƒe ƒukpo gãtɔwo dzi. Ƒukpo 7,100 kple edzivɔ siwo ƒo ƒu nye Philippines dukɔ la le Pasifik Dzotowo ƒe Nuto, afisi dzotowo wóna le wu, ƒe ɣetoɖoƒe gome. Ale dzotoawo wóna kɔna ɖe teƒe mawo, si hã na be teƒea zu tonuto dzekpodzeʋewo. Alesi teƒea nye to glidzaglidzawoe na be edzinɔlawo ɖe aga. Wo gbɔ ɖoɖo mele bɔbɔe kura o elabena teƒe siwo lɔrimɔ nyuiwo yi mesɔ gbɔ o.

Togbɔ be mɔxenu siawo li hã la, Yehowa Ðasefowo kpɔe be ehiã be yewoaɖo ‘ameƒomeviwo katã’ gbɔ. (Timoteo I, 2:4) Eyata Ðasefo siwo le Philippines wɔ dɔ wòsɔ ɖe Yesaya 42:11, 12 me nyawo nu be: “Agakpe dzi nɔlawo netso aseye, woado ɣli tso towo ƒe tsutsuẽƒe ke! Woade bubu Yehowa ŋu, eye woaɖe gbeƒã eƒe kafukafu le ƒukpowo dzi!”

Ƒe 50 kple edzivɔe nye esi va yi esime wote agbagbadzedze vevie be woaɖi ɖase na toawo dzi nɔlawo. Le Xexemeʋa II megbe la, dutanyanyuigblɔlawo wɔ akpa vevi aɖe le dɔa dodo ɖe ŋgɔ me. Dua me tɔ geɖe va xɔ Biblia ƒe nyateƒea, eye woawo hã wɔ akpa aɖe le nyateƒe sia tsɔtsɔ yi kɔƒe siwo le toawo tame ʋĩ me la me. Nu nyui geɖewo do tso esia me. Le kpɔɖeŋu me, nyanyuigbeƒãɖela siwo wu 6,000 ye le Titina Cordillera-to siwo le dziehe Luzon la dzi. Wo dometɔ akpa gãtɔ nye afima tɔ, siwo nye Ibaloi, Ifugao, kple Kalinga tɔwo.

Gake teƒe bubu gale toawo tame, siwo gbɔ ɖoɖo sesẽ ŋutɔ. Womeŋlɔ amesiwo le afimawo la be o. Aleke wowɔ ɖo wo dometɔ aɖewo gbɔ, eye aleke woxɔ nya lae?

Xɔse Vavãtɔ Xɔ Ðe Kɔnyinyi Teƒe

Tinggiatɔwo le to siwo le Abra-nutowo me le Luzon ƒe dziehe ƒukpo dzi. Ŋkɔ sia anya tso blema Malaygbe me nya tinggi, si gɔmee nye “to” la me. Ŋkɔ sia sɔ ŋutɔ! Teƒea nɔlawo gayɔa wo ɖokui kple gbe si wodona be Itneg. Woxɔ mawu aɖe si ŋkɔe nye Kabunian dzi se, eye aʋatsodzixɔsewo kpɔ ŋusẽ ɖe woƒe gbesiagbegbenɔnɔ dzi vevie. Le kpɔɖeŋu me, ne amesi wɔ ɖoɖo be yeayi afi aɖe nyè la, efia be dzɔgbevɔ̃e le eŋgɔ. Ele be wòalala gaƒoƒo aɖewo nava yi be dzɔgbevɔ̃ea nu nava yi.

Le ƒe 1572 me la, Spaintɔwo tsɔ Katoliko subɔsubɔ yi afima, gake wodo kpo Kristotɔnyenye vavãtɔ fiafia Tinggiatɔwo. Amesiwo va zu Katolikotɔwo kpɔtɔ lé Kabunian dzixɔsewo me ɖe asi hewɔa wo gbɔ kɔnuwo. Ƒe 1930-awo mee Biblia me sidzedze vavãtɔ ɖo amesiawo gbɔ zi gbãtɔ, esime Yehowa Ðasefowo te Fiaɖuƒegbedasia tsɔtsɔ yi to mawo dzii. Tso ɣemaɣi la, Tinggiatɔ dzianukwaretɔ geɖe te Yehowa kafukafu “tso towo ƒe tsutsuẽƒe ke.”

Le kpɔɖeŋu me, Lingbaoan nye nuto aɖe ƒe fia tsã, amesi ŋu wodea bubui vevie. Eƒo eɖokui ɖe Tinggiatɔwo ƒe kɔnuwo me vevie. “Melé Tinggiatɔwo ƒe kɔnyinyiwo me ɖe asi sesĩe. Ne wowu ame aɖe la, míeƒoa ʋu ɖua ɣe le eɖiɖi vɔ megbe, eye míeƒoa gakokoewo. Míeléa lãwo saa vɔe hã. Míexɔ Kabunian dzi se, eye nyemenya Biblia ƒe Mawu la o.” Aleae nyaa nɔ togbɔ be etɔ ŋkɔ be yenye Katolikotɔ hã.

Yehowa Ðasefowo ƒe subɔlawo va ɖe gbeƒã le nuto ma me. Wodo go Lingbaoan eye wode dzi ƒo nɛ be wòaxlẽ Biblia. Egblɔ be: “Bibliae na mekpɔe dze sii be Yehowae nye nyateƒe Mawu la.” Emegbe Ðasefo aɖe srɔ̃ Biblia kple Lingbaoan, eye wòtso nya me be yeasubɔ nyateƒe Mawu la. Eɖe asi le eƒe tsã nuwɔnawo ŋu, hekpe ɖe nutoametɔwo ƒe fia si wònye la hã ŋu, eye dzi ku Lingbaoan ƒe xɔlɔ̃ xoxowo kple nunɔla si le afima la vevie ɖe eƒe afɔɖeɖea ŋu. Gake Lingbaoan ɖoe kplikpaa be yeazɔ ɖe nyateƒe si yekpɔ le Biblia me la dzi. Enye hamemegã fifia.

Ŋkeke Adre Zã Ade

Togbɔ be nyanyuia ɖoa amewo gbɔ edziedzi le Abra ƒe akpa aɖewo fifia hã la, teƒe aɖewo sa ɖe aga ŋutɔ eye ƒã hafi woɖia ɖase le afimawo. Ɣeaɖeɣi va yi la, woɖe afɔ aɖe be woaɖo teƒe siawo dometɔ ɖeka. Ðasefo 35 ƒo ƒu dze mɔ be yewoaɖaɖi ɖase le anyigbamama si womede asi na ame aɖeke o, si nye Tineg, Abra, afisi womegade kpɔ o ƒe 27 sɔŋ enye ma la me.

Ŋkeke adre sɔŋ ye wozɔ afɔ hafi yi ɖaɖe gbeƒã le afisia. Bu eŋu kpɔ be nàtsɔ wò agbawo ɖe ta atsɔ anɔ tɔdzisasrã siwo wotsi ɖe yame dzi zɔm ahanɔ tɔsisi goglowo tsom, anɔ afɔ zɔm gaƒoƒo geɖe ahanɔ to siwo tame le tsutsɔẽ liam—kple susu be yeaɖe gbeƒã nyanyui na amesiwo gbɔ nyaa meɖona o la! Le mɔzɔɣia ƒe zã adeawo me la, wotsi xexe dɔ zã ene le toa dzi.

Togbɔ be Ðasefo kutrikula siwo nɔ mɔa zɔm tsɔ nuɖuɖu ɖe asi hã la, womete ŋu tsɔ esi woazã le mɔzɔzɔa katã me o. Gake esia menye kuxi kura o, elabena enye dzidzɔ na ameawo ŋutɔ be yewoatsɔ nuɖuɖu axɔ Biblia-srɔ̃gbalẽwoe. Ðasefoawo xɔ agblemenu, tɔmelã, kple sãdelã geɖe. Togbɔ be fuɖenamenu aɖewo nɔ anyi hã la, ƒuƒoƒoa gblɔ be: “Dzidzɔ gbago si su mía si la nye míaƒe agbagbadzedzewo ŋuti teƒeɖoɖo.”

Le ŋkeke adreawo me la, subɔla siawo ɖi ɖase le kɔƒe ewo me, wona agbalẽ 60, magazine 186, agbalẽ gbadza 50, kple trakt geɖe. Wowɔ Biblia sɔsrɔ̃ ƒe kpɔɖeŋu fia amewo ƒe ƒuƒoƒo 74 sɔŋ. Le du si nye Tineg me la, dumegãwo kple dumevi ŋkuta aɖewo bia be woawɔ hamea ƒe kpekpewo afia yewo, eye ame 78 ye va. Vavalawo ƒe akpa gãtɔ nye nufialawo kple kpovitɔwo. Míele mɔ kpɔm be Tinggiatɔ bubu geɖe ava kpe ɖe amesiwo le ‘ɣli dom’ le Yehowa kafum tso towo tame la ŋu.

Nane si Xɔ Asi Wu Sika

Le Philippines ƒe anyiehe ʋĩ la, ƒukpo aɖewo li siwo dzi Spaintɔwo ke ɖe sika ŋu le. Esia he ŋkɔ Mindoro, si woɖe tso Spaingbe me nya mina de oro, alo “sikakuƒe,” me vɛ. Gake wole kekem ɖe nane si nyo wu sika ŋu le ƒukpo mawo dzi fifia—eyae nye amesiwo di be yewoasubɔ Yehowa, nyateƒe Mawu la.

Amesiwo ade 125,000 siwo nye nutoametɔ akuakuawo, siwo woyɔna be Mangyantɔwo, lae le ave siwo sa ɖe aga ʋĩ la me le Mindoro ƒe nu totroawo me. Wonɔa agbe tsɛ, eye kadodo boo menɔa woa kple ame bubuwo dome o, eye gbe le wo si woawo ɖeɖe wodona. Trɔ̃wo kple mawu bubu geɖewo li wo dometɔ akpa gãtɔ subɔna, eye woxɔ gbɔgbɔ vovovowo dzi se.

Ɣeaɖewoɣi ne nuɖuɖu alo nuzazã bubuwo meli o la, Mangyantɔ aɖewo ɖina vaa ƒuta nutowo me va dia dɔ wɔna. Aleae Pailing, amesi nye Mangyantɔwo ƒe to bubu aɖe si woyɔna be Batangan me tɔ la wɔ. Wo detɔwo domee wònɔ tsi le aveawo me le toawo dzi, eye Batangan-dzixɔsewoe nɔ esi eye woƒe nuwɔnawoe wòwɔna. Avɔ koe wolɔ̃a sasa ɖe ali. Be agblemenuwo nanyo na wo la, Batangan kɔnyinyi bia be tadeagulawo nawu koklo eye esime wole gbe dom ɖa la, woana eƒe ʋu natsyɔ ɖe tsi me.

Pailing dzudzɔ kɔ mawo nyinyi. Nukatae? Esime wòdzo le toa dzi va abume la, ekpɔ dɔ le Yehowa Ðasefowo ƒe ƒomewo gbɔ. Ƒome siawo dometɔ ɖeka zã mɔnukpɔkpɔ sia tsɔ do Biblia ƒe nyateƒea ɖe Pailing gbɔ. Exɔ nyaa nyuie hede asixɔxɔ nusɔsrɔ̃ tso tameɖoɖo si le Yehowa si na amegbetɔwo kple anyigbaa la ŋu vevie. Wowɔ ɖoɖo nɛ be wòayi gɔmedzesuku, ahanɔ Biblia hã srɔ̃m. Pailing xɔ nyɔnyrɔ va zu Yehowa Ðasefo esime wòxɔ ƒe 24. Esi wòxɔ ƒe 30 la, enɔ ƒe evelia me le sekɛndri suku, eye etsɔ sukua wɔ eƒe anyigbamama si me wòɖea gbeƒã le. Fifia woyɔnɛ be Rolando (si nye ŋkɔ si toa gɔme nɔlawo tsɔna).

Fifia ne èdo go Rolando la, àkpɔe be enye subɔla nukomoɖola aɖe si dzrana ɖo nyuie, eye wònye ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖela kple subɔsubɔdɔwɔla le Mindoro-hamewo dometɔ ɖeka me. Nyitsɔ laa la, Rolando trɔ yi toawo dzi, menye be yeaɖawɔ ɖeka kple Batangantɔwo le woƒe kɔnyinyiwo me o, ke be yeagblɔ nyateƒenya siwo naa agbe la na wo tso Biblia me.

Wodi Vevie be Fiaɖuƒe Akpata Nanɔ Yewo Si

Bukidnon-nuto—si gɔmee nye “Todzitɔwo,” siwo le Cebuano—la le Mindanao ƒe anyiehe ƒukpoa dzi. Towo, agado gãwo, tɔsisi siwo to baliwo me, kple to siwo tame sɔ ye le nuto sia me. Nuku siwo ƒe agble wodena le anyigba wɔnu sia dzie nye atɔtɔ, bli, kɔfi, mɔlu, kple akɔɖu. Todzinɔlawo ƒe to siwo nye Talaandig kple Higaonon me tɔwoe le afima. Ehiã be amesiawo hã nasrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu. Nyitsɔ laa le du si nye Talakag gbɔ la, mɔnukpɔkpɔ sia ʋu le mɔ dodzidzɔname ŋutɔ aɖe nu.

Ðasefo siwo yia toawo dzi kpɔnɛ be yame fa le afima ŋutɔ gake ameawo xɔa ame vividoɖeameŋutɔe. Nutoa me tɔwo be Mawu ŋusẽkatãtɔ, Fofo la, dzie yewoxɔ se, gake womenya eƒe ŋkɔ o. Esi wònye avea me koe wonɔna wu ta la, esiae nye zi gbãtɔ wodo go Yehowa Ðasefowo kpɔ. Wofia Mawu ƒe ŋkɔ kple tameɖoɖo nyui si le esi, si do ƒome kple Fiaɖuƒea la wo. Dzi dzɔ ameawo ŋutɔ, eyata woɖoe be woanɔ wo gbɔ yim le woƒe kɔƒea me.

Sasrãkpɔ geɖe kplɔe ɖo. Esia na be kɔƒea me tɔwo na teƒe be woatu Yehowa Ðasefowo ƒe “xɔ” ɖo. Ðasefoawo xɔ nunanaa kple dzidzɔ. Togbɛ kɔkɔtɔ kekea si le nutoa me tamee teƒea le, afisi mɔdodoa dzena le nyuie. Wotsɔ ati, pampro, kple deʋayawo tu xɔ lae. Ɣleti etɔ̃ kple ŋkeke ewo ye wotsɔ tu xɔa wu enui. Woŋlɔ dzesi si nye “Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpata” ɖe xɔa ŋkume gaglãa. Bu eŋu kpɔ ko, wotu Fiaɖuƒe Akpata hafi va ɖo hame!

Tso ɣemaɣi la, hamemegã aɖe si nye ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla ʋu yi afima, eye subɔsubɔdɔwɔla aɖe hã ʋu yi. Woa kple Ðasefo siwo le nuto siwo ƒo xlã wo me dze agbagba vevie be woaɖo hame ɖe afima. Esia va eme le August ƒe 1998 me. Fifia hame sue aɖe le Fiaɖuƒe Akpata sia ŋudɔ wɔm nyuie, le kpekpem ɖe todzinɔlaawo ŋu be woasrɔ̃ Biblia ƒe nyateƒea.

Vavãe, Yehowa do ŋusẽ esubɔla siwo le Philippines la vevie be wokaka Fiaɖuƒea ŋuti nyateƒea le to siwo dzi yiyi mele bɔbɔe o gɔ̃ hã dzi. Ena míeɖo ŋku Yesaya 52:7 me nyawo dzi be: “Du nyui xɔla ƒe afɔwo nyo le towo dzi loo!”

[Anyigbatata siwo le axa 11]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

ABRA

MINDORO

BUKIDNON

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Globe: Mountain High Maps® Copyright © 1997 Digital Wisdom, Inc.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 10]

Gbeƒãɖeɖe le toawo dzi bia to glidzaglidzawo lialia kutrikukutɔe gaƒoƒo geɖe

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Nyɔnyrɔ nana amewo le tɔsisi aɖe si le toa dzi me