Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Ðe wòsɔ be woado gbe ɖa na Mawu eye womagblɔ be “le Yesu ƒe ŋkɔ me” oa?

Biblia ɖee fia be ele be Kristotɔ siwo di be yewoate ɖe Yehowa ŋu le gbedodoɖa me la nate ɖe eŋu le Yesu ƒe ŋkɔ me. Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Ame aɖeke mevaa Fofo la gbɔ o, negbe to dzinye ko.” Egblɔ kpee be: “Nusi ke miabia le nye ŋkɔa dzi la, nu ma ke mawɔ, bena woakɔ Fofo la ŋuti le Via me. Ne miabia nane le nye ŋkɔa dzi la, nye la mawɔe.”—Yohanes 14:6, 13, 14.

Cyclopedia of Biblical, Theological, and Ecclesiastical Literature gblɔ tso ɖoƒe tɔxɛ si Yesu le ŋu be: “Ele be gbedodoɖa nayi na Mawu ɖeɖeko to Domenɔla Yesu Kristo dzi. Eyata gbe siwo katã wodona ɖa na ame kɔkɔewo alo mawudɔlawo la, menye ɖe wonye nu dzro ko o, ke wonye busunu wɔwɔ hã. Subɔsubɔ ƒomevi ɖesiaɖe tsɔtsɔ na nuwɔwɔ nye trɔ̃subɔsubɔ, aleke ke nuwɔwɔa le kɔkɔe o, eye enye nusi dzi womeda asi ɖo kura le Mawu ƒe se kɔkɔeawo me o.”

Ke ne ame aɖe to nɔnɔme dodzidzɔname aɖe me eye wògblɔ be, “Yehowa, akpe lo” eye megblɔ be “le Yesu ƒe ŋkɔ me” o ɖe? Ðe nane gblẽ le esia ŋua? Manye nenema kokoko o. Tsɔe be afɔku kpata aɖe dzɔ ɖe Kristotɔ aɖe dzi eye wòdo ɣli be: “Kpe ɖe ŋunye, Yehowa!” Asesẽ ŋutɔ na Mawu be wòagbe kpekpeɖeŋu nana esubɔla ɖeadzɔgbe la le esi megblɔ be “le Yesu ƒe ŋkɔ me” o ta.

Gake ele be míanya hã be nu keke agblɔ nya aɖe na Mawu ɖeɖe dzaa mefia gbedodoɖa kokoko o. Le kpɔɖeŋu me, esime Yehowa drɔ̃ ʋɔnu Kain le nɔvia Habel wuwu vɔ megbe la, Kain gblɔ be: “Nye vodada la kpe wu nye tsɔtsɔ. Wòe nyãm egbe tso agbledenyigba la dzi; madzo le wò ŋkuta anye tsatsala kple godzela le anyigba dzi, eye ava me bena, amesiame, si akpɔm la, awum.” (Mose I, 4:13, 14) Togbɔ be Kain gblɔ nya siwo nɔ dzime nɛ na Yehowa hã la, eƒe seselelãme siwo wòɖe gblɔ la nye nuvɔ̃ si wòwɔ me tsonu vɔ̃ɖi la ŋuti nyatoƒoetoto.

Biblia gblɔ na mí be: “Mawu tsia tre ɖe dadalawo ŋuti; ke evea ɖokuibɔbɔlawo nu.” Nuƒoƒo kple Dziƒoʋĩtɔ la abe ke amegbetɔ ko wònye ene aɖee afia godoo be míebɔbɔ mía ɖokui o. (Yakobo 4:6; Psalmo 47:3; Nyaɖeɖefia 14:7) Anye ame mabumabu hã be míanya nusi Mawu ƒe Nya gblɔ tso Yesu ƒe ɖoƒe ŋu, eye míaɖoe koŋ ado gbe ɖa ahagbe asidada ɖe Yesu Kristo ƒe ɖoƒea dzi.—Luka 1:32, 33.

Menye ɖe míele gbɔgblɔm be Yehowa kpɔa mɔ be míawɔ gbedodoɖamɔnu gobi aɖe alo nya ɖoɖi tɔxɛ aɖe ŋudɔ ne míele gbe dom ɖa o. Nu vevitɔe nye ame ƒe dzi ƒe nɔnɔme. (Samuel I, 16:7, 8) Le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me la, Roma-srafomegã si ŋkɔe nye Kornelio ‘do gbe ɖa na Mawu edziedzi.’ Kornelio nye Trɔ̃subɔdukɔ me tɔ aʋamatsomatsotɔ si meɖe adzɔgbe na Yehowa o. Togbɔ be edze abe medoa gbe ɖa le Yesu ƒe ŋkɔ me o hã la, eƒe gbedodoɖawo “yi dzi le Mawu ŋku me hena ŋkuɖoɖodzi.” Nukatae? Elabena ‘amesi doa dziwo kpɔna’ la kpɔe be Kornelio nye “mawumeme, eye wòvɔ̃a Mawu.” (Dɔwɔwɔwo 10:2, 4; Lododowo 17:3) Esi sidzedze su Kornelio si ku ɖe “Yesu, Nazaretetɔ la” ŋu la, exɔ gbɔgbɔ kɔkɔea, eye wòva zu Yesu ƒe nusrɔ̃la xɔnyɔnyrɔ.—Dɔwɔwɔwo 10:30-48.

Mlɔeba la, menye amegbetɔwoe awɔ gbedodoɖa siwo Mawu aɖo toe ŋuti nyametsotso o. Ne le ɣeyiɣi aɖe me Kristotɔ gblɔ nya aɖe na Mawu evɔ wòŋlɔ nyagbɔgblɔ “le Yesu ƒe ŋkɔ me” zazã be la, mahiã be wòanɔ fɔ bum eɖokui o. Yehowa nya míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo nyuie eye wòdi be yeakpe ɖe mía ŋu. (Psalmo 103:12-14) Míate ŋu aka ɖe edzi be ne míexɔ ‘Mawuvi la dzi se eye míebia nane le eƒe lɔlɔ̃nu me la, aɖo to mí.’ (Yohanes I, 5:13, 14) Gake vevietɔ ne Kristotɔ vavãwo le amewo teƒe le gbe dom ɖa le dutoƒo la, wolɔ̃na ɖe ɖoƒe si Ŋɔŋlɔawo gblɔ be Yesu le le Yehowa ƒe tameɖoɖo me la dzi. Eye wodzea agbagba dea bubu Yesu ŋu to gbe siwo wodona ɖa na Mawu la tsɔtsɔ to edzi me.