Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Osɔfo Eve Siwo De Asixɔxɔ Russell Ƒe Agbalẽwo Ŋu

Osɔfo Eve Siwo De Asixɔxɔ Russell Ƒe Agbalẽwo Ŋu

Osɔfo Eve Siwo De Asixɔxɔ Russell Ƒe Agbalẽwo Ŋu

LE ƑE 1891 me la, Charles Taze Russell, amesi wɔ dɔ ɖedzesi aɖe le Yehowa subɔla nyateƒe Kristotɔwo dome la ɖi tsa yi Europa zi gbãtɔ. Nyatakaka aɖewo ɖee fia be esime Russell tɔ ɖe Pinerolo, Italy, la, edo go Nufialagã Daniele Rivoire, si nye subɔsubɔha aɖe si woyɔna be Waldotɔwo ƒe osɔfo tsã. * Togbɔ be kadodo kplikplikpli kpɔtɔ nɔ Rivoire kple Waldotɔwo dome le asiɖeɖe le osɔfodɔa ŋu megbe hã la, eʋu susu me hexlẽ agbalẽ geɖe siwo C. T. Russell ŋlɔ.

Le ƒe 1903 me la, Rivoire ɖe Russell ƒe agbalẽ si nye The Divine Plan of the Ages gɔme ɖe Italygbe me hetsɔ eya ŋutɔ ƒe ga tae. Eta esia xoxoxo hafi Habɔbɔa va tae ɖe Italygbe me. Rivoire ŋlɔ ɖe agbalẽa ƒe ŋgɔdonyawo me be: “Míetsɔ agbalẽ sia ƒe Italygbe me gɔmeɖeɖe gbãtɔ sia de Aƒetɔ la si me be wòakpɔ eta. Togbɔ be mede blibo o hã la, neva eme be wòayra ɖe edzi be wòawɔ akpa aɖe le eƒe ŋkɔ kɔkɔea dodoɖedzi me ahade dzi ƒo na via Italygbe dolawo be woatsɔ wo ɖokui akee geɖe wu. Neva eme be amesiwo to agbalẽ sia xexlẽ me kpɔ ŋudzedze ɖe Mawu ƒe ɖoɖo kple lɔlɔ̃ ƒe asixɔxɔ, nunya, kple sidzedze gbogboawo ŋu la ƒe dzi nada akpe na Mawu, amesi ƒe amenuveve tae wote ŋu ta agbalẽ sia ƒomevi ɖo la.”

Rivoire dze Zion’s Watchtower and Herald of Christ’s Presence hã gɔmeɖeɖe ɖe Italygbe me. Le ƒe 1903 me la, wota magazine sia, si wotsɔ dze Gbetakpɔxɔ tata gɔmee la, ɣleti ene ɖesiaɖe. Togbɔ be Nufialagã Rivoire meva zu Biblia Nusrɔ̃vi, si nye alesi woyɔa Yehowa Ðasefowo ɣemaɣii, o hã la, etsɔ ɖe le Biblia ƒe gbedasi si gɔme Biblia Nusrɔ̃viwo ɖe ɖe woƒe agbalẽwo me la kaka me vevie.

“Ewɔ abe Tsrowoe Ge tso Nye Ŋkuwo dzi Ene”

Waldo-sɔfo bubu si de asixɔxɔ Russell ƒe agbalẽwo ŋue nye Giuseppe Banchetti. Giuseppe fofo, amesi do le Katolikoha me lae na Waldotɔwo ƒe hehee. Le ƒe 1894 me la, Giuseppe va zu osɔfo hesubɔ le Waldotɔwo ƒe nuto vovovowo me le Apulia kple Abruzzi eye le Elba kple Sicily ƒukpowo dzi.

Habɔbɔa ŋutɔ ta Russell ƒe agbalẽ si nye Divine Plan of the Ages ɖe Italygbe me le ƒe 1905 me eye Banchetti tsɔ dzidzɔ ŋlɔ nu tso alesi wòkpɔ ŋudzedze ɖe eŋui la ŋu. Eƒe nuŋɔŋlɔa dze le Protestanttɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye La Rivista Cristiana me. Banchetti ŋlɔ bena Russell ƒe agbalẽa “nye mɔfianu nyuitɔ kekeake si ŋu kakaɖedzi le si Kristotɔ ɖesiaɖe ate ŋu akpɔ atsɔ asrɔ̃ Ŋɔŋlɔ Kɔkɔea wòaɖe vi nɛ . . . Esi menya xlẽe ko la, ewɔ abe tsrowoe ge tso nye ŋkuwo dzi ene, si na be mɔ si yi Mawu gbɔ dzɔ hele bɔbɔe wu. Nya siwo dze abe ɖe wotsi tre ɖe wo nɔewo ŋu ene gɔ̃ hã bu keŋ. Nufiafia siwo gɔmesese sẽ tsã va le bɔbɔe siwo woaxɔ ade eme bliboe. Nusiwo gɔme menya sena tsã o me va kɔ ƒã. Xexeame xɔxɔ ɖe agbe to Kristo dzi ƒe ɖoɖo wɔnuku la me va kɔ nam ale gbegbe be eƒoe ɖe nunye megblɔ sesĩe abe Apostolo la ene be: Oo, Mawu ƒe kesinɔnuwo kple nunya kple sidzedze me goglo loo!”—Romatɔwo 11:33.

Abe alesi Remigio Cuminetti gblɔe le ƒe 1925 me ene la, Banchetti ɖe “ŋudzedzekpɔkpɔ geɖe” fia ɖe Biblia Nusrɔ̃viawo ƒe dɔwɔwɔ ŋu eye “wòxɔ” nusiwo fiam wole la “dzi se blibloe.” Banchetti to mɔ aɖewo nu le eɖokuisi dze agbagba hã be yeana amewo nanya nufiafia mawo.

Eɖe dzesi le Banchetti ƒe nuŋɔŋlɔwo me be exɔ se, abe Yehowa Ðasefowo ene be woafɔ amewo ɖe tsitre ava anyigba dzi, abe alesi wofiae le Ŋɔŋlɔawo me ene. Azɔ elɔ̃ ɖe Biblia Nusrɔ̃viawo ƒe nufiafiaa dzi esime wòɖe nu me be woɖo ƒe si me Yesu ku la ɖi eye Mawu ɖee fia le Daniel ƒe kwasiɖa 70 ƒe nyagblɔɖia me. (Daniel 9:24-27) Egblɔ wu zi ɖeka, eye wòʋli nya le sɔlemehaa ƒe nufiafiawo ŋuti gaglãa be ele be woaɖu Yesu Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzizãa zi ɖeka ko ƒe sia ƒe, “le ŋkeke si tututu dzi azãa dze la dzi.” (Luka 22:19, 20) Etsi tre ɖe Darwin ƒe nɔnɔmetɔtrɔ nufiafiaa ŋu eye wòte tɔ ɖe edzi be mele be Kristotɔ vavãwo nawɔ ŋutilãmeʋa o.—Yesaya 2:4.

Gbeɖeka Banchetti nɔ Russell ƒe agbalẽwo me dzrom kple ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye J. Campbell Wall. Le Wall ƒe tsitretsiɖeŋunyawo ŋu ɖoɖo me la, Banchetti gblɔ be: “Meka ɖe edzi be ne èxlẽ Russell ƒe agbalẽ babla adeawo la, dzi adzɔ wò agbɔ eme, eye àda akpe nam tso dzime ke. Nyemetsɔ nufiafiaa le adegbe ƒomee o; gake mexlẽ agbalẽ mawo ƒe wuiɖekɛ enye siwo va yi, eye medaa akpe na Mawu gbesiagbe be wòna mekpɔ kekeli kple akɔfafa sia gbegbe to agbalẽ aɖewo siwo ƒe akpa sia akpa wotu ɖe Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo dzi sesĩe la dzi.”

“Miɖo To, Miɖo To, Miɖo To”

Eɖe dzesi be Waldo-sɔfo eve siawo—Daniele Rivoire kple Giuseppe Banchetti—kpɔ ŋudzedze ɖe alesi Russell ɖe Biblia mee ŋu. Banchetti ŋlɔ bena: “Megblɔna be mí Protestanttɔwo dometɔ aɖeke, míaƒe sɔfowo alo mawunyafialagãwo gɔ̃ hã, menya nusianu o, ame aɖeke menya nusianu o. Kpao, nu bubu geɖewo li míasrɔ̃. . . . [Ele na mí be] . . . míanɔ anyi aɖo to, míaganɔ susum be míenya nusianu o, eye mele be míagbe nusi wotsɔ na mí be míadzro eme akpɔ o. Ke boŋ la, miɖo to, miɖo to, miɖo to.”

Ƒe sia ƒe la, ame akpe geɖe ɖoa to Fiaɖuƒegbedasi si Yehowa Ðasefowo tsɔna vaa woƒe aƒewo mee. Le teƒe sia teƒe la, amesiwo ʋua susu me siwo Biblia ƒe nyateƒea ƒe tsikɔ le wuwum la le Yesu ƒe amekpekpea xɔm be: ‘Miva nɔ yonyeme.’—Marko 10:17-21; Nyaɖeɖefia 22:17.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 2 Pierre Vaudès, alo Peter Waldo, si nye ƒe alafa 12 lia me sitsala si nɔ Lyons, France, ƒe ŋkɔe wotsɔ nɛ. Wonya Waldo le Katolikohaa me le eƒe dzixɔsewo ta. Kpɔ nyati si nye “Waldotɔwo—Tso Tsitretsiɖeŋu me Va Protestanttɔnyenye Me” le March 15, 2002 ƒe Gbetakpɔxɔ me hena Waldotɔwo ŋu nyatakaka bubuwo.

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

Nufialagã Daniele Rivoire

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

Giuseppe Banchetti

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Banchetti: La Luce, April 14, 1926