Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Tsɔ Mawu Ƒe Gɔmeɖosewo Kplɔ Ðokuiwòe

Tsɔ Mawu Ƒe Gɔmeɖosewo Kplɔ Ðokuiwòe

Tsɔ Mawu Ƒe Gɔmeɖosewo Kplɔ Ðokuiwòe

“[Yehowa fiaa] nusi nyo na wò la wò.”—YESAYA 48:17.

1. Aleke Wɔla la fiaa mɔ amegbetɔwoe?

ESI dzɔdzɔmeŋutinunyalawo le agbagba dzem be yewoake ɖe xexeame ŋuti nyaɣaɣlawo ŋu la, ŋusẽ gã si le xexe si ƒo xlã mí me wɔa nuku na wo ale gbegbe. Ŋusẽ si tsoa míaƒe ɣea—si nye ɣletivi si ƒe lolome le vedomesi—gbɔ sɔ kple “ŋusẽ si dona tsoa haidrodzinbɔmb biliɔn 100 siwo anɔ wowóm sekɛnd ɖesiaɖe me” la tɔ. Wɔla la ate ŋu atsɔ eƒe ŋusẽ mavɔ la aɖu dziƒonu gã mawo dzi ahafia mɔ wo. (Hiob 38:32; Yesaya 40:26) Ke mí amegbetɔ siwo wona tiatiawɔblɔɖe, agbenyuinɔnɔ ŋutete, tamebubu, kple gbɔgbɔmemenyenye ƒe ŋutetee ya ɖe? Mɔ ka nue mía Wɔla la kpɔe be esɔ be yeakplɔ mí le? Efiaa mɔ mí lɔlɔ̃tɔe to eƒe se deblibowo kple gɔmeɖose kɔkɔwo dzi, tsɔ kpe ɖe míaƒe dzitsinya si wona hehee nyuie ŋu.—Samuel II, 22:31; Romatɔwo 2:14, 15.

2, 3. Toɖoɖo ka ƒomevi ŋue Mawu kpɔa dzidzɔ ɖo?

2 Nuwɔwɔ nyanu siwo tiae be yewoaɖo to Mawu la ƒe nu dzɔa dzi nɛ. (Lododowo 27:11) Le esi teƒe be Yehowa nawɔ mí míabɔbɔ ɖe ete numanyamanyatɔe abe mɔ̃wo ene la, ena tiatiawɔblɔɖe mí ale be míate ŋu anɔ te ɖe nusi ŋu míebu nyuie dzi atso nya me be míawɔ nu nyui.—Hebritɔwo 5:14.

3 Yesu, amesi ɖe Fofoa ƒe nɔnɔmewo fia pɛpɛpɛ gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Miawoe nye xɔ̃nyewo, ne miewɔa nusiwo ƒe se mede na mi. Nyemagayɔ mi be dɔlawo o.” (Yohanes 15:14, 15) Le blemaɣeyiɣiwo me la, gome aɖeke mele dɔla si wu be woawɔ eƒe aƒetɔ ƒe gbe dzi o. Gake nɔnɔme siwo dzea ame ŋu ɖeɖe fia dzie wotona tua xɔlɔ̃dzedze ɖo. Míate ŋu ava zu Yehowa xɔlɔ̃wo. (Yakobo 2:23) Lɔlɔ̃ na ame nɔewo ye doa ŋusẽ xɔlɔ̃dzedze sia. Yesu de ƒomedodo toɖoɖo Mawu kple lɔlɔ̃ dome esime wògblɔ be: “Ne ame aɖe le lɔ̃yem la, alé nye nya la me ɖe asi, eye Fofonye alɔ̃ eyama.” (Yohanes 14:23) Le susu sia—kple be wòafia mɔ mí míanɔ dedie—ta la, Yehowa le mía kpem be míanɔ agbe ɖe yeƒe gɔmeɖosewo nu.

Mawumegɔmeɖosewo

4. Aleke nàɖe gɔmeɖose gɔmee?

4 Nukae nye gɔmeɖosewo? Woɖe gɔmeɖose gɔme be “nyateƒe matrɔmatrɔ alo esi dzi amesiame da asi ɖo: se, nufiafia, alo nukpɔsusu si dzi wotu se bubuwo ɖo alo si me woɖe wo tsoe.” (Webster’s Third New International Dictionary) Biblia sɔsrɔ̃ nyuie ɖee fia be míaƒe Dziƒofofoa naa mɔfiame veviwo mí tso nɔnɔme vovovo kple agbe ƒe akpa vovovowo ŋu. Viɖe mavɔ si wòanye na mí tae wòwɔa esia ɖo. Ema wɔ ɖeka kple nusi Fia nyanu Salomo ŋlɔ bena: “Vinye, see, eye naxɔ nye nyawo awɔ tɔwòe, ekema agbenɔƒe geɖe anɔ asiwò. Nunyamɔ fiam mele wò, eye mekplɔ wò to toƒe dzɔdzɔe.” (Lododowo 4:10, 11) Gɔmeɖose vevi siwo Yehowa na kpɔa ŋusẽ ɖe mía kplii dome ƒomedodo kpakple mía havi amegbetɔwo dome ƒomedodo, míaƒe tadedeagu, kple míaƒe gbesiagbegbenɔnɔ dzi. (Psalmo 1:1) Mina míadzro gɔmeɖose vevi siawo dometɔ aɖewo me.

5. Wɔ gɔmeɖose vevi aɖewo ƒe kpɔɖeŋu.

5 Yesu gblɔ le mía kple Yehowa dome ƒomedodo ŋu be: “Lɔ̃ Aƒetɔ, wò Mawu, kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kpakple wò tamesusu blibo.” (Mateo 22:37) Gakpe ɖe eŋu la, Mawu na gɔmeɖose siwo do ƒome kple alesi míawɔ nu kple mía havi amegbetɔwoe, si ƒe ɖee nye Sikasedede la, si gblɔ be: “Nusianu, si mielɔ̃na bena, amewo nawɔ na mi la, miawo hã miwɔ nenema ke na wo.” (Mateo 7:12; Galatiatɔwo 6:10; Tito 3:2) Le tadedeagu gome la, woxlɔ̃ nu mí be: “Míalé ŋku ɖe mía nɔewo ŋu, bena míade dzi ƒo na mía nɔewo le lɔlɔ̃ kple dɔ nyui wɔwɔ me, eye míagagblẽ mía ŋutɔwo míaƒe ƒuƒoƒewo ɖi . . . o.” (Hebritɔwo 10:24, 25) Le míaƒe gbesiagbegbenɔnɔ gome la, apostolo Paulo gblɔ be: “Ne miele nu ɖum alo miele nu nom alo miele dɔ aɖe wɔm la, miwɔ ye katã na Mawu ƒe kafukafu.” (Korintotɔwo I, 10:31) Gɔmeɖose bubu geɖewo gale Mawu ƒe Nya la me.

6. Aleke gɔmeɖosewo to vovo na sewoe?

6 Gɔmeɖosewo nye nyateƒe matrɔmatrɔ siwo wɔa dɔ, eye Kristotɔ nyanuwo dzea agbagba lɔ̃na be yewoawɔ wo ŋudɔ. Yehowa ʋã Salomo wòŋlɔ bena: “Lé to ɖe nye nyawo ŋu, eye naƒu to anyi ɖe nye nuƒoƒo ŋu. Womegate ɖa le ŋkuwò me o, dzra wo ɖo ɖe wò dzi ƒe gogloeaƒe. Elabena agbe wonye na amesiwo katã ƒe asi su wo dzi la, eye woyɔa dɔ woƒe ŋutilã blibo la.” (Lododowo 4:20-22) Aleke gɔmeɖosewo to vovo na sewoe? Gɔmeɖosewo dzie wotua sewo ɖo. Sewo, siwo le tẽ la, asɔ na ɣeyiɣi alo nɔnɔme aɖe koŋ, gake gɔmeɖosewo sɔna na ɣeyiɣiwo katã. (Psalmo 119:111) Mawumegɔmeɖosewo mezua tsigãdzinuwo alo wo nu va yina o. Nyagblɔɖila Yesaya ƒe nya siwo tso gbɔgbɔ me la nye nyateƒe be: “Gbe ƒuna, eye seƒoƒo yrɔna, ke mía Mawu ƒe nya anɔ anyi tegbee.”—Yesaya 40:8.

Na Gɔmeɖosewo Nakpɔ Ŋusẽ ɖe Wò Tamebubu Kple Nuwɔna Dzi

7. Aleke Mawu ƒe Nya de dzi ƒo na mí be míabu tame ahawɔ nu ɖe gɔmeɖosewo nui?

7 Enuenu la, “mía Mawu ƒe nya” dea dzi ƒo na mí be míabu tame ahawɔ nu wòasɔ ɖe gɔmeɖosewo nu. Esi wobia Yesu be wòato Sea ɖe eme la, egblɔ nya kpui eve—ɖeka te gbe ɖe Yehowa lɔlɔ̃ dzi, eye evelia te gbe ɖe havilɔlɔ̃ dzi. (Mateo 22:37-40) Le esia wɔwɔ me la, Yesu yɔ nya tso Mose ƒe Sea me gɔmeɖose vevi siwo woto ɖe eme va yi la me, si gblɔ le Mose V, 6:4, 5 be: “Yehowa, mía Mawu la, Yehowa ɖeka koe! Eyata tsɔ wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kpakple wò ŋusẽ katã lɔ̃ Yehowa, wò Mawu la.” Anɔ eme be mɔfiafia si Mawu na le Mose III, 19:18 hã nɔ susu me na Yesu. Le Nyagblɔla ƒe agbalẽa taƒonya siwo me kɔ, hele kpokploe, eye ŋusẽ le eŋu me la, Fia Salomo ƒe nyawo to Mawu ƒe se geɖe ɖe eme be: “Mina míase nyaawo katã ƒe taƒonya be: Vɔ̃ Mawu, eye nalé eƒe seawo me ɖe asi; elabena esia nye amegbetɔwo katã tɔ! Elabena Mawu le nuwɔwɔwo katã, siwo ɣla la, he ge ava ʋɔnui, eɖanye nyui alo vɔ̃ o.”—Nyagblɔla 12:13, 14; Mixa 6:8.

8. Nukatae Biblia ƒe gɔmeɖose veviwo gɔme sese nyuie nyea ametakpɔkpɔ?

8 Gɔmeɖose vevi siawo gɔme sese nyuie ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míase mɔfiame siwo le tẽ la gɔme ahawɔ wo ŋudɔ. Gakpe ɖe eŋu la, ne míese gɔmeɖose vevi siawo gɔme tututu helɔ̃ ɖe wo dzi o la, míate ŋu awɔ nyametsotso nyuiwo o eye míaƒe xɔse ate ŋu aʋuʋu bɔbɔe. (Efesotɔwo 4:14) Ne míexɔ gɔmeɖose siawo de míaƒe susu kple dzi me la, míate ŋu awɔ wo ŋudɔ bɔbɔe le nyametsotsowo wɔwɔ me. Ne míewɔ wo ŋudɔ nugɔmesesetɔe la, ena wokpɔ dzidzedze.—Yosua 1:8; Lododowo 4:1-9.

9. Nukatae menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi be woakpɔ Biblia ƒe gɔmeɖosewo adze sii ahawɔ wo ŋudɔ o?

9 Biblia ƒe gɔmeɖosewo gɔme sese kple wo ŋudɔ wɔwɔ mele bɔbɔe abe sewo dzi wɔwɔ ene o. Esi míenye amegbetɔ madeblibowo ta la, ɖewohĩ míaƒo asa na agbagbadzedze si wòbia be woade ŋugble le gɔmeɖosewo ŋu la. Ne nyametsotso aɖe alo kuxi sesẽ aɖe dze ŋgɔ mí la, ɖewohĩ míadi be nɔnɔmea ŋuti se gobi aɖe nanɔ anyi. Ɣeaɖewoɣi la, míadi mɔfiame tso Kristotɔ tsitsi aɖe—ɖewohĩ hamemegã aɖe—gbɔ ahanɔ mɔ kpɔm be wòagblɔ míaƒe nɔnɔmea ŋuti se gobi aɖe na mí. Ke hã se si le tẽ manɔ Biblia alo Biblia-srɔ̃gbalẽwo me o, eye ne ɖe li gɔ̃ hã la, manye esi ŋudɔ woawɔ le ɣeyiɣiawo katã kple nɔnɔmewo katã me o. Àɖo ŋku edzi be ŋutsu aɖe bia Yesu be: “Nufiala, gblɔ na nɔvinye be, wòamã domenyinyi la me kplim.” Le esi teƒe be Yesu natsɔ dzitsitsi awɔ se si woatsɔ akpɔ nɔviwo dome nyaʋiʋli gbɔe la, egblɔ gɔmeɖose si le gbadzaa wu nɛ be: “Mikpɔ nyuie, eye milé be na mia ɖokui le ŋukeklẽ ŋuti.” Eyata Yesu na mɔfiame si ŋu viɖe nɔ ɣemaɣi eye viɖe gakpɔtɔ le eŋu egbea.—Luka 12:13-15.

10. Aleke míaƒe agbenɔnɔ ɖe gɔmeɖosewo nu ɖea míaƒe dzimesusuwo fianae?

10 Ðewohĩ èkpɔ ame aɖewo siwo wɔna ɖe se dzi ɖewoɖewoe, le vɔvɔ̃ na tohehe ta. Bubudede gɔmeɖosewo ŋu xea mɔ na nɔnɔme sia. Nɔnɔme si me gɔmeɖosewo nɔna ʋãa amesiwo nɔa agbe ɖe wo nu be woawɔ ɖe wo dzi tso dzi me. Le nyateƒe me la, tohehe kpata meli na amesiwo da le gɔmeɖose akpa gãtɔ dzi la o. Esia naa mɔnukpɔkpɔ mí be míaɖe nusitae míeɖoa to Yehowa kple alesi míaƒe dzi ʋãa mí afia. Míakpɔ eƒe kpɔɖeŋu le nusi Yosef wɔ esime Potifar srɔ̃ nɔ agbegbegblẽnɔnɔ dom ɖe egbɔ la me. Togbɔ be Yehowa mena woŋlɔ ahasiwɔwɔ ŋuti se aɖeke ɖi o eye womegblɔ to si woahe ɖe ame bubu srɔ̃ gbɔ dɔdɔ ta o hã la, Yosef nya nu tso Mawu ƒe gɔmeɖose siwo ku ɖe nuteƒewɔwɔ le srɔ̃ɖeɖe me ŋu. (Mose I, 2:24; 12:18-20) Míate ŋu akpɔe le eƒe ŋuɖoɖoa me be gɔmeɖose siawo kpɔ ŋusẽ ɖe edzi vevie: “Aleke gɔ̃ mawɔ vɔ̃ gã sia, eye mada vo ɖe Mawu ŋuti mahã?”—Mose I, 39:9.

11. Nukawo mee Kristotɔwo adi be Yehowa ƒe gɔmeɖosewo nafia mɔ yewo le?

11 Egbea, Kristotɔwo dina be Yehowa ƒe gɔmeɖosewo nafia mɔ yewo le ame ŋutɔ ƒe nyawo, abe amesiwo woade ha kplii, modzakaɖeɖe, hadzidzi, kple agbalẽ si woaxlẽ ene, tiatia me. (Korintotɔwo I, 15:33; Filipitɔwo 4:8) Ne míele tsitsim le sidzedze, nugɔmesese, kple asixɔxɔ dede Yehowa kple eƒe dzidzenuwo ŋu me la, míaƒe dzitsinya, kple míaƒe agbenyuinɔnɔ ŋutete akpe ɖe mía ŋu be míatsɔ Mawumegɔmeɖosewo awɔ dɔe le nɔnɔme ɖesiaɖe si míadze ŋgɔe me, le ame ŋutɔ ƒe nyawo gɔ̃ hã me. Ne Biblia ƒe gɔmeɖosewo le mɔ fiam mí la, míanɔ sitsoƒe dim le Mawu ƒe sewo me o; eye míasrɔ̃ amesiwo tena kpɔ be yewoawɔ nusiwo ŋu se meɖe mɔ ɖo o aɖo afi aɖe evɔ yewomada se aɖeke dzi o la o. Míekpɔnɛ dzea sii be tamebubu alea medea ame dzi o eye wògblẽa nu le ame ŋu.—Yakobo 1:22-25.

12. Nukae naa wonɔa agbe ɖe Mawu ƒe gɔmeɖosewo nu?

12 Kristotɔ tsitsiwo kpɔnɛ dzea sii be nu vevi si naa ame wɔna ɖe mawumegɔmeɖosewo dzi enye didi be woanya alesi Yehowa sena le eɖokui me le nya aɖe ŋui. Hakpala la xlɔ̃ nu be: “Mi amesiwo lɔ̃a Yehowa la, milé fu vɔ̃!” (Psalmo 97:10) Esi Lododowo 6:16-19 nɔ nusiwo Mawu abu nuvɔ̃e dometɔ aɖewo yɔm la, egblɔ be: “Nu ade Yehowa lé fui, eye adadrelia nye ŋunyɔ na eƒe luʋɔ: dadaŋkuwo, aʋatsoɖe kple asi, siwo kɔa ʋu maɖifɔ ɖi, dzi, si ɖoa tame gbegblẽ, afɔ, siwo tsɔna ɖe vɔ̃ ŋu, amesi ɖua aʋatsoɖasefo hedaa alakpa, kpakple amesi dea dzre nɔviwo dome.” Ne míedina be míade ŋugble le alesi Yehowa bua nu vevi siawoe ŋu le míaƒe agbe me la, agbenɔnɔ ɖe gɔmeɖosewo nu va zua numame na mí.—Yeremya 22:16.

Nukpɔsusu Nyui Hiã

13. Nukpɔsusu ka ƒomevi dzie Yesu te gbe ɖo le eƒe Todzimawunyaa me?

13 Gɔmeɖosewo nyanya kple wo ŋudɔ wɔwɔ hã kpɔa mía ta tso gotagome subɔsubɔ tsɔtsɔna ƒe mɔ̃ me. Vovototo le gɔmeɖosewo ŋudɔ wɔwɔ kple se kpaɖiwo dzi wɔwɔ dome. Yesu ɖe esia fia nyuie le Todzimawunyaa me. (Mateo 5:17-48) Ðo ŋku edzi be Yudatɔwoe nɔ Yesu ƒe nyawo sem, eyata Mose ƒe Sea dzie wòle be woazɔ ɖo. Gake le nyateƒe me la, nukpɔsusu totroe nɔ wo si ku ɖe Sea ŋuti. Sea dzi wɔwɔ tẽ nɔ vevie na wo wu gɔmesese si nɔ eŋu zazã. Eye wotea gbe ɖe woƒe kɔnyinyiwo dzi hetsɔa wo ɖoa ŋgɔ na Mawu ƒe nufiafia. (Mateo 12:9-12; 15:1-9) Esia wɔe be womefia ameawo be woabu nuwo ŋu abe alesi gɔmeɖosewo fia ene o.

14. Aleke Yesu kpe ɖe eƒe nyaselawo ŋui be woatu woƒe tamebubu ɖe gɔmeɖosewo dzi?

14 To vovo na esia la, Yesu ƒo nu tso agbenɔnɔ ƒe akpa atɔ̃ ŋuti gɔmeɖosewo ŋu le Todzimawunyaa me: woawoe nye dziku, srɔ̃ɖeɖe kple srɔ̃gbegbe, ŋugbedodowo, hlɔ̃biabia, kple lɔlɔ̃ kple fuléle. Le wo dometɔ ɖesiaɖe me la, Yesu ɖe viɖe si le gɔmeɖose aɖe dzi wɔwɔ me fia. Yesu to ema me na agbenɔnɔ ŋuti dzidzenu kɔkɔ eyomedzelawo. Le kpɔɖeŋu me, le ahasiwɔwɔ gome la, ena gɔmeɖose aɖe mí si menye míaƒe nuwɔnawo koe wòfiaa mɔe o ke boŋ míaƒe tamesusuwo kple dzodzrowo hã be: ‘Amesiame, si nɔa nyɔnu aɖe kpɔkpɔ dzi be wòdzroe la, ewɔ ahasi kplii xoxo le eƒe dzi me.’—Mateo 5:28.

15. Aleke míate ŋu aƒo asa na se me léle ɖe asi kpaɖii ƒe nɔnɔme ɖesiaɖee?

15 Kpɔɖeŋu sia ɖee fia be mele be míaŋe aɖaba aƒu tameɖoɖo kple susu si le Yehowa ƒe gɔmeɖosewo ŋu dzi gbeɖe o. Mele be míate kpɔ be míato gotagome nuwɔna me axɔ Mawu ƒe ŋudzedzekpɔɖeameŋu o. Yesu ɖee fia be nɔnɔme sia nye ameɖokuibeble esime wòƒo nu tso Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ kple lɔlɔ̃ ŋu. (Mateo 12:7; Luka 6:1-11) Ne míewɔa Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi la, míaƒo asa na agbagbadzedze be míanɔ agbe (alo adi tso ame bubuwo si be woanɔ agbe) ɖe nusi ame nawɔ kple esi mawɔ o ƒe se kpaɖii siwo mewɔ ɖeka kple Biblia ƒe nufiafia o la nu. Míatsi dzi ɖe lɔlɔ̃ kple toɖoɖo Mawu ƒe gɔmeɖosewo ŋu wu gotagome subɔsubɔ dzro ko.—Luka 11:42.

Emetsonu Dodzidzɔnamewo

16. Wɔ gɔmeɖose siwo le Biblia ƒe mɔfiafia aɖewo ŋu la ƒe kpɔɖeŋu.

16 Esi míele agbagba dzem be míaɖo to Yehowa la, ele vevie be míanya be gɔmeɖose veviwo dzie wòtu eƒe sewo ɖo. Le kpɔɖeŋu me, ele be Kristotɔwo naƒo asa na trɔ̃subɔsubɔ, gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ, kple ʋu zazã ɖe mɔ gbegblẽ nu. (Dɔwɔwɔwo 15:28, 29) Nuka dzie Kristotɔa nɔ te ɖo wɔ nya mawo ŋuti nyametsotso? Mawu ɖeɖekoe dze axɔ míaƒe tadedeagu; ele be míaɖi anukware na mía srɔ̃; eye Yehowae nye Agbenala. (Mose I, 2:24; Mose II, 20:5; Psalmo 36:10) Gɔmeɖose vevi siawo gɔmesese wɔnɛ be wònɔa bɔbɔe be míalɔ̃ ɖe se siwo do ƒome kplii dzi ahawɔ ɖe wo dzi.

17. Nu nyui kawoe ate ŋu ado tso Biblia ƒe gɔmeɖosewo gɔme sese kple wo ŋudɔ wɔwɔ me?

17 Ne míese gɔmeɖose veviwo gɔme hewɔ wo ŋudɔ la, míekpɔnɛ be míaƒe nyonyo tae wòli ɖo. Viɖe ŋutɔŋutɔwo kpena ɖe gbɔgbɔmeyayra siwo Mawu ƒe amewo kpɔna ŋu zi geɖe. Le kpɔɖeŋu me, amesiwo tsria atamanono, amesiwo nɔa agbe nyui, kple amesiwo dea bubu ʋu ƒe kɔkɔenyenye ŋu la ƒoa asa na dɔléle aɖewo xɔxɔ. Nenema ke agbenɔnɔ ɖe Biblia me nyateƒea nu ate ŋu aɖe vi na mí le ganyawo, hadomegbenɔnɔ, alo ƒomegbenɔnɔ me. Viɖe ŋutɔŋutɔ siawo dometɔ ɖesiaɖe ɖoa kpe asixɔxɔ si le Yehowa ƒe gɔmeɖosewo ŋu dzi, be wonyo nyateƒe. Gake menye viɖe ŋutɔŋutɔ siawo kpɔkpɔe nye susu vevi si ta wòle be míawɔ Mawu ƒe gɔmeɖosewo dzi ɖo o. Kristotɔ vavãwo ɖoa to Yehowa elabena wolɔ̃e, elabena eyae dze woasubɔ, eye be nusiae nye nu nyuitɔ si wòle be woawɔ.—Nyaɖeɖefia 4:11.

18. Ne míedi be míanye Kristotɔ kpɔdzidzedzewo la, nukae wòle be wòafia mɔ míaƒe agbe?

18 Agbenɔnɔ ɖe Biblia ƒe gɔmeɖose nu nana míenɔa agbe ɖɔʋu, si ate ŋu ahe ame bubuwo ava Mawu ƒe mɔ dzii. Vevietɔ wu la, agbe si míenɔna la dea bubu Yehowa ŋu. Míekpɔnɛ dzea sii be Yehowa nye Mawu lɔ̃ame si dia nyui na mí nyateƒe. Ne míewɔ nyametsotsowo wòsɔ ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo nu hekpɔ alesi Yehowa le mía yramee la, míesena le mía ɖokui me be míete ɖe eŋu kplikplikpli wu. Ẽ, enana ƒomedodo si me lɔlɔ̃ le ɖoa mía kple míaƒe Dziƒofofoa dome.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Nukae nye gɔmeɖose?

• Aleke gɔmeɖosewo to vovo na sewoe?

• Nukatae viɖe le eŋu be míabu tame ahawɔ nu ɖe gɔmeɖosewo nu?

[Biabiawo]

[Aɖaka si le axa 20]

Wona nyanya Wilson, si nye Kristotɔ si tso Ghana, be woaɖe asi le eŋu le dɔ me le ŋkeke ʋɛ aɖe megbe. Le eƒe dɔwɔwɔ ƒe ŋkeke mamlɛa dzi la, wodɔe be woaklɔ eƒe dɔmemegã ƒe ʋu. Esi Wilson fɔ ga home aɖe le ʋua me la, eƒe dɔmemegã gblɔ nɛ be Mawue ɖo gaa ɖee elabena ɖeko wole asi ɖe ge le eŋu gbemagbe enye ma. Gake Wilson wɔ Biblia ƒe gɔmeɖose si ku ɖe anukwareɖiɖi ŋu dzi hetrɔ gaa na dɔtɔa. Nuwɔna sia wɔ nuku na dɔtɔa hewɔ dɔ ɖe edzi si na wòna Wilson zu ɣeyiɣiawo katã ƒe dɔwɔla enumake eye wòdoe ɖe ŋgɔ hã wòzu dɔwɔƒea ƒe akametiwo dometɔ ɖeka.—Efesotɔwo 4:28.

[Aɖaka si le axa 21]

Rukia nye Albania-nyɔnu aɖe si le eƒe ƒe 60-awo me. Le ƒome me masɔmasɔ aɖe ta la, megaƒoa nu na nɔviaŋutsu o ƒe 17 kple edzivɔ. Yehowa Ðasefowo te Biblia sɔsrɔ̃ kplii eye wòkpɔe be ele be Kristotɔ vavãwo nanɔ ŋutifafa me kple ame bubuwo, mele be woalé nya ɖe dɔme o. Edo gbe ɖa zã bliboa, eye eƒe dzi nɔ tsotsom wòzɔ yi nɔviaŋutsua ƒe aƒeme. Tasiayɔvie va ʋu ʋɔa nɛ. Ewɔ nuku nɛ wòbia Rukia be: “Amekae ku? Nukae kplɔ wò va afisiae?” Rukia bia be yeakpɔ ye nɔviŋutsua. Eɖe nu me tufafatɔe be nusi srɔ̃m yele ku ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo kple Yehowa ŋu ʋã ye be yeava wɔ ŋutifafa kple ye nɔviŋutsua. Le dzidzɔvifafa kple asikplakɔnamewo megbe la, wokpɔ dzidzɔ ɖe ɖekawɔwɔ tɔxɛ sia ŋu!—Romatɔwo 12:17, 18.

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Mateo 5:27, 28

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Mateo 5:3

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Mateo 5:24

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

“Ke esi wòkpɔ ameha geɖewo la, elia to la; eye esi wòbɔbɔ nɔ anyi la, eƒe nusrɔ̃lawo te va egbɔ, eye wòke nu, fia nu wo gblɔ bena.”MATEO 5:1, 2