Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Veveseseɖeamenu—Enaa Woɖea Dɔmenyonyo Kple Dɔmekɔkɔ Fiana

Veveseseɖeamenu—Enaa Woɖea Dɔmenyonyo Kple Dɔmekɔkɔ Fiana

Veveseseɖeamenu—Enaa Woɖea Dɔmenyonyo Kple Dɔmekɔkɔ Fiana

HELEN KELLER ŋlɔ bena: “Zi alesi nàte ŋu aɖe ame bubu ƒe vevesese dzi akpɔtɔ ko la, ke mɔkpɔkpɔ le agbe ŋu.” Ðikeke mele eme o be Keller nya alesi nuteɖeamedzi ƒe vevesese le nyuie. Esime wòxɔ ɣleti 19 la, dɔléle aɖe na wòzu ŋkuagbãtɔ kple tokunɔ kura. Gake nufiala nublanuikpɔla aɖe fia ŋkunɔwo ƒe agbalẽ xexlẽ kple eŋɔŋlɔ Helen, eye emegbe wòfia nuƒoƒoe.

Ann Sullivan, si nye Keller ƒe nufiala la, nya alesi akɔkpekpe kple ŋutilã me nuwɔame aɖe nye nu sesẽe la nyuie. Eya ŋutɔ zu ŋkunɔ kloe. Gake Ann tsɔ dzigbɔɖi dze agbagba di mɔnu aɖe si dzi wòato aƒo nu kple Helen to ŋɔŋlɔdzesiwo “ŋɔŋlɔ” ɖe Helen ƒe asiƒome me. Helen ƒe nufialaa ƒe veveseseɖeamenu ʋãe wòtso nya me be yeatsɔ yeƒe agbe aɖo anyi akpe ɖe ŋkunɔwo kple tokunɔwo ŋu. Esi to kutrikuku geɖe mee wòte ŋu va ɖu eya ŋutɔ ƒe kuxia dzi ta la, eva sea veve ɖe amesiwo hã le nɔnɔme ma ƒomevi me nu vevie ŋutɔ. Edi be yeakpe ɖe wo ŋu.

Ðewohĩ ànya de dzesii be le ɖokuitɔdidi ƒe xexe sia me la, ele bɔbɔe be ‘woasẽ dzime ɖe ame ŋɔkukutɔe’ ahagbe ɖetsɔtsɔ le ame bubuwo ƒe nuhiahiãwo me. (Yohanes I, 3:17) Gake wode se na Kristotɔwo be woalɔ̃ wo haviwo eye woalɔ̃ wo nɔewo vevie. (Mateo 22:39; Petro I, 4:8) Gake ɖewohĩ nyateƒenya sia le nyanya na wò be: Togbɔ be míedina vevie be míalɔ̃ mía nɔewo hã la, míeŋea aɖaba ƒua mɔnukpɔkpɔ siwo ŋudɔ míawɔ aɖe ame bubuwo ƒe vevesese dzi akpɔtɔ la dzi zi geɖe. Nusi gbɔ ema ate ŋu atso enye be míenya woƒe nuhiahiãwo o. Veveseseɖeamenue akpe ɖe mía ŋu míaɖe dɔmenyonyo kple nublanuikpɔkpɔ afia.

Nukae Nye Veveseseɖeamenu?

Nyagɔmeɖegbalẽ aɖe gblɔ be veveseseɖeamenu nye “dzesidede ame bubu ƒe nɔnɔme, seselelãmewo, kple nukpɔsusuwo kpakple wo gɔmesese.” Woɖɔe hã be ame ɖokui tsɔtsɔ ade ame bubu ƒe nɔnɔme me ƒe ŋutete. Eyata nu gbãtɔ si veveseseɖeamenu bia enye be míase nɔnɔme si me ame aɖe le gɔme eye evelia míase seselelãme siwo nɔnɔme mawo nyɔna ɖe amea me la le mía ɖokui me. Ẽ, veveseseɖeamenu bia be míase veve si sem ame aɖe le la le míaƒe dzime.

Nya “veveseseɖeamenu” medze le Biblia me o, gake Ŋɔŋlɔawo ƒo nu tso nɔnɔme sia ŋu le mɔ bubu nu. Apostolo Petro xlɔ̃ nu Kristotɔwo be ‘woakpɔ nublanui na wo nɔewo eye woaɖe nɔvilɔlɔ̃ kple dɔmetɔtrɔ afia wo nɔewo.’ (Petro I, 3:8) Helagbe me nya si gɔme woɖe be ‘amenuwɔnublanuiname’ fia le nyaa ŋutɔ nu tẽ be “woakpe fu ɖe ame bubu ti” alo “woakpɔ nublanui na ame.” Seselelãme siawo kee apostolo Paulo hã kafu esime wòxlɔ̃ nu ehati Kristotɔwo be ‘woadzɔ dzi kple amesiwo dzi le dzɔdzɔm, woafa avi kple amesiwo le avi fam.’ Paulo gblɔ kpee be: “Midi nu ɖeka ma ke hena mia nɔewo.” (Romatɔwo 12:15, 16) Eye ɖe mèlɔ̃ ɖe edzi be asesẽ be míalɔ̃ mía havi abe mía ɖokui ene ne míetsɔ mía ɖokui de nɔnɔme si me wòle me oa?

Le dzɔdzɔme nu la, amesiame kloe sea veve ɖe ame nu vaseɖe afi aɖe. Ameka dzie ɖevi siwo dɔ wu woɖi ku glãŋui alo sitsoƒedila siwo lé blanui kpɔkpɔ mewɔa dɔ ɖo o? Vidada lɔ̃ame kae agbe be yemade nu me na via si le avi fam o? Gake menye fukpekpewo katãe wokpɔna dzea sii enumake o. Aleke wòsesẽe nye si be woase amesi blanuiléle le fu ɖem na, amesi ŋu nane gblẽ le evɔ wòle ɣaɣla, alo amesi ŋu nu maɖumaɖu alo nu ɖuɖu fũ ƒe kuxiwo gɔ̃ hã le ƒe seselelãmewo gɔme—ne mía ŋutɔwo míeto kuxi ma tɔgbe me kpɔ o! Ke hã, Ŋɔŋlɔawo fia be míate ŋui eye ele be míadze agbagba ase veve ɖe amesiwo le nɔnɔme aɖewo siwo me tom míele o la nu.

Veveseseɖeamenu ƒe Kpɔɖeŋu Siwo Le Ŋɔŋlɔawo Me

Yehowae nye veveseseɖeamenu ƒe kpɔɖeŋuɖola gãtɔ kekeake. Togbɔ be eya ŋutɔ nye ame deblibo hã la, mekpɔa mɔ be míaƒe nuwɔnawo nade blibo o, “elabena enya míaƒe wɔwɔme, eɖoa ŋui be, kewɔ míenye.” (Psalmo 103:14; Romatɔwo 5:12) Gawu la, esi wònya míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ta la, ‘menaa mɔ be woate mí akpɔ awu alesi míate ŋui o.’ (Korintotɔwo I, 10:13) Etoa eƒe subɔlawo kple eƒe gbɔgbɔ dzi kpena ɖe mía ŋu míedona le eme.—Yeremya 25:4, 5; Dɔwɔwɔwo 5:32.

Yehowa ŋutɔ sea veve ne esubɔlawo le fu kpem. Egblɔ na Yudatɔ siwo trɔ gbɔ tso Babilon la bena: “Amesi ka asi mia ŋu la, eka asi [nye] ŋkuvi ŋu.” (Zaxarya 2:12) Esi Biblia-ŋlɔla Dawid nya be Mawu sea veve ɖe ame nu ta la, egblɔ nɛ be: ‘De nye aɖatsiwo wò goe me! Ðe mèŋlɔ wo ɖe wò agbalẽ me oa?’ (Psalmo 56:9) Aleke wòfaa akɔe nye si be míanya be Yehowa ɖoa ŋku aɖatsi si esubɔlawo fana esime wole ʋiʋlim be yewoalé yewoƒe nuteƒewɔwɔ me ɖe asi la dzi—abe agbalẽ aɖe mee woŋlɔ wo ɖo ene!

Yesu Kristo nya nu tso ame bubuwo ƒe seselelãmewo ŋu nyuie, abe Fofoa si le dziƒo la ke ene. Hafi wòayɔ dɔ tokunɔ aɖe la, eɖee le amewo dome, ɖewohĩ kple susu be ne yeda dɔ nɛ nukutɔe la, ŋu nagakpee alo dzidzi naƒoe madzemadzee o. (Marko 7:32-35) Ɣebubuɣi la, Yesu kpɔ ahosi aɖe si ƒe viŋutsuvi ɖekɛ wokɔ yina ɖiɖi ge. Enumake ekpɔ alesi nyɔnua nɔ veve semee la dze sii eye wòte ɖe ame kuku tsɔlawo ŋu hefɔ ɖekakpuivia ɖe tsitre.—Luka 7:11-16.

Esi Yesu ɖe eɖokui fia Saul le eƒe tsitretsitsi megbe le Damasko-mɔa dzi la, ena Saul nya alesi eƒe nusrɔ̃lawo yome si tim wònɔ ŋutasesẽtɔe la te ɖe edzii. Egblɔ nɛ be: “Nyee nye Yesu, amesi yome tim nèle.” (Dɔwɔwɔwo 9:3-5) Yesu ŋutɔ se veve esime eƒe nusrɔ̃lawo nɔ fu kpem abe vidada si sea veve ɖe via si le dɔ lém nu ene. Nenema ke esi Yesu nye míaƒe Nunɔlagã si le dziƒo ta la, ‘enya míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo na mí,’ alo abe alesi Rotherham ƒe gɔmeɖeɖea gblɔe ene la, esea “veve ɖe mía nu le míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo me.”—Hebritɔwo 4:15.

Apostolo Paulo srɔ̃ alesi wòatsɔ ɖe le ame bubuwo ƒe fukpekpe kple seselelãmewo mee. Ebia be: “Amekae gbɔdzɔ, eye nye megbɔdzɔ oa? Ameka nu woɖia, eye nye mefiã oa?” (Korintotɔwo II, 11:29) Esi mawudɔla aɖe va ɖe ga Paulo kple Sila le Filipitɔwo ƒe gaxɔ me nukutɔe la, nu gbãtɔ si va Paulo ƒe susu me wòwɔe nye gbɔgblɔ na gaxɔdzikpɔla be yewo dometɔ aɖeke mesi o. Ese le eɖokui me veveseseɖeamenutɔe be gaxɔdzikpɔlaa ate ŋu awu eɖokui. Paulo nya alesi Romatɔwo ahe to na gaxɔdzikpɔla aɖe vevie ne gamenɔla aɖe si—vevietɔ ne wogblɔ nɛ be wòadzɔ eŋu nyuie. (Dɔwɔwɔwo 16:24-28) Dɔmenyonu sia si Paulo wɔ tsɔ xɔ gaxɔdzikpɔlaa ɖe agbe la wɔ dɔ ɖe edzi ale gbegbe, eye woa kple eƒe aƒemetɔwo wɔ afɔɖeɖe va zu Kristotɔwo.—Dɔwɔwɔwo 16:30-34.

Alesi Woaɖe Veveseseɖeamenu Afia Geɖe Wu

Ŋɔŋlɔawo de dzi ƒo na mí edziedzi be míasrɔ̃ míaƒe Dziƒofofoa, kple Via Yesu Kristo, eyata veveseseɖeamenu nye nɔnɔme si wòle be míatu ɖo. Aleke míate ŋu awɔ esiae? Mɔ etɔ̃ koŋ li siwo dzi míate ŋu ato ana alesi míesena le mía ɖokui me ɖe ame bubuwo ƒe nuhiahiãwo kple seselelãmewo ŋu la nu nagasẽ ɖe edzi: to toléle ɖe nya ŋu, ŋkuléle ɖe nu ŋu, kple nɔnɔmea kpɔkpɔ le susume me.

Lé to ɖe nya ŋu. Toléle ɖe nya ŋu nyuie ana míanya kuxi siwo me tom amewo le. Eye zi alesi míeléa to ɖe amewo ƒe nyawo ŋu nyuie la, zi nenemae wòate ŋu adzɔe be woaɖe woƒe dɔmenyawo kple seselelãmewo agblɔ faae. Miriam ɖe nu me be: “Mate ŋu agblɔ nye nyawo na hamemegã aɖe ne meka ɖe edzi be aɖo tom. Medina be manya be ese nye kuxiwo gɔme tututu. Nye kaka ɖe eyama dzi me sẽna ɖe edzi ne wòbia nya aɖewom be yeakpɔ nye susu, si ɖenɛ fiana be elé to ɖe nya si megblɔ nɛ ŋu nyuie.”

Lé ŋku ɖe nu ŋu. Menye amesiamee ake nu agblɔ eƒe seselelãme alo nusi me tom wòle na mí tẽ o. Gake amesi léa ŋku ɖe nu ŋu nyuie ade dzesii ne hati Kristotɔ lé blanui, ne ƒewuivi megaɖoa dze o, alo ne dzo megale subɔla si me dzo nɔ tsã la me o. Ŋutete sia be woade dzesi kuxi aɖe le eƒe gɔmedzedzea me ke la hiã na dzilawo vevie. Marie gblɔ be “danye te ŋu nyaa nye seselelãme hafi mekea nu le nyaa dzi nɛ, eyata enɔa bɔbɔe nam be maɖe nye kuxiwo agblɔ nɛ faa.”

Kpɔ nɔnɔmea le susu me. Mɔ nyuitɔ kekeake si dzi woato atu veveseseɖeamenu ɖo enye ame ɖokui biabia be: ‘Ne nyee le nɔnɔme sia me ɖe, aleke mase le ɖokuinye me? Aleke mawɔ nui? Nukae mahiã?’ Hiob ƒe yeaɖi akɔfalawo ƒe nuwɔna ɖee fia be womete ŋu tsɔ wo ɖokui de eƒe nɔnɔmea me o. Ena wobu fɔe ɖe nuvɔ̃ si wosusu be wòanya wɔ la ta.

Zi geɖe la, enɔa bɔbɔe na amegbetɔ madebliwo be woatso ɖe vodadawo ŋu tsɔ wu be woase seselelãmewo gɔme. Gake ne míedze agbagba vevie be míakpɔ vevesese si me tom fukpela aɖe le le susu me la, akpe ɖe mía ŋu míase veve ɖe amea ti tsɔ wu be míabu fɔe. Hamemegã kpɔnuteƒe aɖe si ŋkɔe nye Juan gblɔ be: “Meɖoa aɖaŋu wònyona wu ne melé to ɖe amea ƒe nyawo ŋu nyuie hedze agbagba be mase nɔnɔmea katã me hafi te aɖaŋua ɖoɖo.”

Agbalẽ siwo Yehowa Ðasefowo mana kpe ɖe ame geɖewo ŋu le go sia me. Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazineawo ƒo nu tso kuxi sesẽwo abe blanuiléle kple ŋlɔmiwɔwɔ le ɖeviwo ŋu ene ŋu. Nyatakaka siawo siwo sɔ ɖe ɣeyiɣia nu la kpena ɖe exlẽlawo ŋu be woatsɔ ɖe le amesiwo le fu kpem le mɔ siawo nu la ƒe seselelãmewo me wu. Nenema ke agbalẽ si nye Questions Young People Ask—Answers That Work la kpe ɖe dzila geɖe ŋu wonya alesi woawɔ nu ɖe wo viwo ƒe kuxiwo ŋui.

Veveseseɖeamenu Ðea Vi le Kristotɔwo ƒe Dɔwɔnawo Me

Mía dometɔ ʋɛ aɖewo ko sie nuɖuɖu anɔ wòakpɔ ɖevi aɖe si dɔ le wuwum eye wòagbe enanae. Ne míesea veve ɖe ame nu la, míakpɔ nɔnɔme si me ame aɖe le le gbɔgbɔ me hã adze sii. Biblia gblɔ le Yesu ŋu be: “Esi wòkpɔ amehawo la, eƒe dɔme trɔ ɖe wo ŋuti; elabena woƒe lãme gbɔdzɔ, eye woka hlẽ abe alẽ, siwo kplɔla meli na o la ene.” (Mateo 9:36) Ame miliɔn geɖe le gbɔgbɔmenɔnɔme ma tɔgbe me egbea, eye wohiã kpekpeɖeŋu.

Abe alesi wònɔ le Yesu ŋɔli ene la, ahiã be míaɖu nazãbubu alo kɔnyinyi si ƒo ke ɖe mía me vevie la dzi bena míate ŋu aɖo ame aɖewo ƒe dzi gbɔ. Subɔla veveseɖeamenula dzea agbagba dia nya aɖe si dzi woa kple eƒe nyaselawo alɔ̃ ɖo alo ƒoa nu tsoa nyati aɖe si le fu ɖem na amewo ƒe susu la ŋu be wòana eƒe gbedasia nalé aɖe wu. (Dɔwɔwɔwo 17:22, 23; Korintotɔwo I, 9:20-23) Dɔmenyonu siwo veveseseɖeamenu ʋã mí míewɔ hã ate ŋu ana míaƒe nyaselawo naxɔ Fiaɖuƒegbedasia, abe alesi wònɔ le Filipi-gaxɔdzikpɔlaa gome ene.

Veveseseɖeamenu nye nɔnɔme vevi aɖe si kpena ɖe mía ŋu míeŋea aɖaba ƒua ame bubuwo ƒe vodadawo dzi le hamea me. Ne míedze agbagba be míase nɔvi aɖe si da vo ɖe mía ŋu ƒe seselelãmewo gɔme la, ɖikeke mele eme o be anɔ bɔbɔe wu na mí be míatsɔe akee. Ðewohĩ nenema ke míawo hã míawɔ nui ne nɔnɔme si me wònɔ kple nusiwo me tom wòlee dze ŋgɔ mí. Yehowa ƒe veveseseɖeamenu ʋãnɛ be ‘wòɖoa ŋui be kewɔ míenye,’ eyata ɖe mele be míaƒe veveseseɖeamenu naʋã mí míaɖe mɔ ɖe ame bubuwo ƒe blibomademadewo ŋu ‘ahatsɔ ake wo faa oa?’—Psalmo 103:14; Kolosetɔwo 3:13.

Ne wòahiã be míaxlɔ̃ nu la, ɖewohĩ míawɔe dɔmenyotɔe wu ne míese agɔdzelaa ƒe seselelãmewo kple nuhiahiãwo gɔme. Kristotɔ hamemegã veveseɖeamenula ɖoa ŋku edzi na eɖokui be: ‘Nye hã mate ŋu awɔ vodada sia. Nusi dzɔ ɖe edzi ate ŋu adzɔ ɖe dzinye.’ Eyata Paulo kafui be: ‘Dze agbagba be yeaɖɔ nenem me sia ɖo le dɔmefafa ƒe gbɔgbɔ la me; eye nànɔ ɖokuiwò dzi kpɔm nyuie bene woagate wò hã akpɔ o.’—Galatiatɔwo 6:1.

Veveseseɖeamenu ate ŋu aʋã mí hã be míawɔ nu ŋutɔŋutɔ aɖewo atsɔ ana kpekpeɖeŋu hati Kristotɔ aɖe ne ŋutetea le mía ŋu, togbɔ be asesẽ nɛ be eya ŋutɔ nake nu abia hã. Apostolo Yohanes ŋlɔ bena: “Amesi ke xexemenuwo le esi, eye wòkpɔ nɔvia hiã tui, eye wòsẽ dzime ɖee heku ŋɔe la, ekema aleke Mawu ƒe lɔlɔ̃ la nɔa emee mahã? . . . Migana míatsɔ nya kple aɖe alɔ̃ amee o, ke boŋ míatsɔ nuwɔwɔ kple nyateƒe alɔ̃ amee.”—Yohanes I, 3:17, 18.

Be “míatsɔ nuwɔwɔ kple nyateƒe alɔ̃ amee” la, ehiã be míadze si nusi tututu mía nɔvia ƒe nuhiahiã nye gbã. Ðe míeléa ŋku ɖe ame bubuwo ƒe nuhiahiãwo ŋu nyuie kple susu be míakpe ɖe wo ŋua? Emae veveseseɖeamenu fia.

Tu Veveseseɖeamenu Ðo

Ðewohĩ veve sese ɖe amewo nu mema mí ya o, gake míate ŋu atu nɔnɔme sia ɖo. Ne míelé to ɖe nya ŋu nyuie wu, lé ŋku ɖe nu ŋu nyuie wu, eye míekpɔa mía ɖokuiwo le ame bubuwo ƒe nɔnɔme me le susu me edziedzi wu la, míaƒe veveseseɖeamenu adzi ɖe edzi. Ana wòaʋã mí be míaɖe lɔlɔ̃, dɔmenyonyo, kple nublanuikpɔkpɔ geɖe afia mía viwo, Kristotɔ bubuwo, kple mía haviwo.

Mègaɖe mɔ be ɖokuitɔdidi natsyɔ wò veveseseɖeamenu dzi gbeɖe o. Paulo ŋlɔ bena: “Mia dometɔ aɖeke nagabu ye ŋutɔ ɖeɖeko ƒe nyawo ŋu o, ke boŋ wòade ŋugble le ame bubu ƒe nuhiahiãwo hã ŋu.” (Filipitɔwo 2:4, Phillips) Míaƒe etsɔme mavɔ nɔ te ɖe Yehowa kple eƒe Nunɔlagã, Yesu Kristo ƒe veveseseɖeamenu dzi. Eyata enye agba le mía dzi be míatu nɔnɔme sia ɖo. Míaƒe veveseseɖeamenu ado ŋusẽ mí míanye subɔla kple dzila ɖɔʋuwo. Ƒo wo katã ta la, veveseseɖeamenu akpe ɖe mía ŋu míakpɔe adze sii be ‘dzidzɔ geɖe le nana me wu xɔxɔ.’—Dɔwɔwɔwo 20:35.

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Veveseseɖeamenu bia be míalé ŋku ɖe ame bubuwo ƒe nuhiahiãwo ŋu nyuie kple susu be míakpe ɖe wo ŋu

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Ðe míate ŋu asrɔ̃ veveseseɖeamenu abe alesi vidada lɔ̃ame senɛ ɖe via nui enea?